Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Ɣeyiɣi De be Nàƒle Abati Yeyea?

Ðe Ɣeyiɣi De be Nàƒle Abati Yeyea?

Ðe Ɣeyiɣi De be Nàƒle Abati Yeyea?

Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Britain gbɔ

Ðe nètsia zãdomadɔlɔ̃e zi geɖe, henɔa tɔtrɔm le aba dzi be yeakpɔ dzidzemeteƒe aɖe amlɔ, eye kaka nàfɔ ŋdi la, wò lãme nalia ahanɔ vewòma? Ne nenemae la, ke anye wò abati gbɔe kuxia tso.

XƆMENU sia ate ŋu anye xɔ̃wò alo wò futɔ. Ne dukɔ si me wozãa abati le ye nèle la, anɔ eme be èzãa wò agbenɔɣi ƒe akpa etɔ̃lia le edzi, gake wò abati manɔ anyi ɖaa o. Ðe abati si zãm nèle fifia le dɔ nyui wɔm na wòa?

Ðe Nèhiã Abati Yeyea?

Zi geɖe la, anye ƒe ewoe woate ŋu azã abati wòade ame dzi. Ame lolo ate ŋu ana abati nagblẽ kaba wu. Azɔ hã nenɔ susu me na wò be wò hiahiãwo kple nusiwo dzea ŋuwò atrɔ ne èle tsitsim. Hafi nàtso nya me be ehiã be yeaƒle abati yeye loo alo mehiã o la, bia nya siawo ɖokuiwò. ‘Ðe nye kɔ liana alo mesea veve le dzimeƒuwo me ne mefɔa? Ðe nye aba la le sue akpaa? Ðe mesea gavi totroewo ŋkɔ le mattress alo belia me eye wodze kpo dze ʋea? Ne mele tɔtrɔm la, ɖe abatia nɔa toɣli ɖema? Ðe wòdzɔna be mía kple nye kpeɖeŋutɔ míemlina kpea mía nɔewo, esi menye ɖe míeɖoe oa? Ðe mattress la ƒe afɔde kɔ kpo dze ʋe alo xa gobaa? Ðe ŋusẽ vɔ le abatia ƒe afɔtiwo ŋua?’ Alesi nàɖo biabia siawo ŋue akpe ɖe ŋuwò nànya nenye be ɣeyiɣi de be nàƒle abati yeye.

Abati Ka Ƒomevie Nye Nyuitɔ?

Abati nyuitɔe nye esi sesẽ atsɔ wò eye wò dzi nadze eme, eye wòasɔ ɖe wò hiahiã tɔxɛwo kple didiwo nu. Mattress kple etsɔnuwoe wɔa abati akpa gãtɔ, gake mattress lae nye nu vevitɔ si ana dzidzeme wò. Nu vovovowoe le eme. Gbãtɔe nye avɔ alo nu titri si wotɔ ɖe eŋu, si blaa nuwo katã ƒoa ƒui. Esi kplɔe ɖoe nye avɔ titri siwo wobla de eme be mattress la nabɔbɔ eye be wòano fifia le ŋuwò. Nu etɔ̃lia si na ŋusẽ nɔa mattress la ŋue nye gavi totroe siwo sesẽ alo spring. Nusiwo wodea wo me be ŋusẽ nanɔ wo ŋu la le vovovo, gake míagblɔe gbadzaa ko be, ŋusẽ si anɔ mattress ŋu nɔ te ɖe gavi totroe agbɔsɔsɔme si wozã kple gavi siwo wotsɔ lé wo ƒe titrime dzi. Beli bubu ƒomevi si ame geɖe va le zazãm le ŋkeke siawo mee nye fom ƒe beli; ele wodzoe wu esi me wode gavi totroewoe.

Gake beli nyui awɔ eƒe dɔ nyuie ne nusi dzi wodae ɖo sɔ nɛ, zi geɖe la, ele be wòanye esi tututu wowɔ nɛ. Abati bubu aɖe li eye zi geɖe la, belia kple eƒe anyinɔae wodzrana. Alesi anyinɔa ƒe axawo keke eye wòle abe aɖakago ene ta la, ete ŋu léa nu kpekpewo ƒe ŋusẽ nu be belia te ŋu dzea eme gahona ale be wònɔa anyi ɣeyiɣi didi. Bubue nye abati si me wode atii. Zi geɖe la, wodea ati suesuewo eme be belia nanɔ edzi eye mɔ nɔa egɔme, ale be ya te ŋu dona le beli si sɔ nɛ me bɔbɔe. Ŋusẽ nɔa anyinɔa ŋu ne ati suesueawo tri, gake ne ati suesueawo bɔbɔ la, enɔa belibeli.

Abati Nyuitɔ Tiatia

Nukae le be wòanɔ susu me na wò ne èyi abati ƒle ge? Ame bubuwo ƒe fifia kple wo ŋu tsro te ŋu tsia aba si wozã kpɔ me eye nugbagbevi siwo lɔ̃a ɖi ate ŋu anɔ eme fũ siwo ate ŋu aho gbɔxi, klabi, alo dɔ bubuwo na wò. Eye ɖewohĩ masɔ ɖe wò lãmesẽ alo dedienɔnɔ dzidzenuwo nu o.

Hafi nàyi abati yeye ƒle ge la, aɖaŋuɖoɖoae nye be nànya nu vevitɔwo, abe eƒe asi ene, nàbu lãmesẽnyawo ŋu, alo eƒe lolome ŋu. Dze agbagba nàɖo ɣeyiɣi sɔgbɔ ɖi be nàyi fiase xɔŋkɔwo me, eye nàbia nya geɖe alesinu nàte ŋui tso mattress alo beli ɖesiaɖe ŋu. Esi abatiwo xɔa asi ta la, mègana woayɔ ʋu ɖe nuwò le tiatiawɔwɔ me o.

Ðewohĩ tiatia nyuitɔ wɔwɔ asesẽ na wò ne ɖeɖi te ŋuwò. Do awu siwo me nàvo le. Abatia dodo kpɔ megakpe ŋu na wò o. Ðe wò awudziwui kple afɔkpa nàmlɔ abaa dzi kpɔ hena ɣeyiɣi aɖe. Dze agbagba nàtrɔ amlɔ anyi ɖe nɔnɔme vovovo me nàkpɔ alesi wòatsɔ wò abɔta, aklito, kple alimee.—Kpɔ aɖaka si le ete.

Beléle na Wò Abati

Ne èléa be na wò abati nyuie la, anɔ anyi adidi godoo. Bia aɖaŋuɖoɖo tso edzralawo gbɔ, eye nàgbɔ dzi ɖi axlẽ ewɔla ƒe beléle mɔfiamewo. Ne ètsɔ wò abatia va aƒemee la, ɖe aŋe siwo wobla ɖe eŋu la le eŋu kaba ŋutɔ. Esia axe mɔ na fifiadzedze, si ate ŋu ana wòaƒo tsi, aƒo dza, ahagblẽ. Aɖaŋuɖoɖo bubu ʋɛ aɖewoe nye si.

● Trɔ mattress yeye si me wode gavi totrowoe la ƒe axa kemɛ kple eƒe tade yi afɔde kwasiɖa ɖesiaɖe alo kwasiɖa eve ɖesiaɖe le ɣleti gbãtɔ ʋɛawo me eye emegbe nàtrɔe nenema ɣleti etɔ̃ ɖesiaɖe. Esia awɔe be nusiwo wode eme la nasɔ eye be akpa ɖeka ko magblẽ o. Ne dzime vea wò la, anyo be nàte fom beli kpɔ, elabena mehiã be woanɔ eya trɔm enuenu o.

● Mègabi mattress, aŋlɔe nogoe, alo atroe o. Be màgavuvu avɔ si le eŋu o la, lé eƒe asiléƒewo nàtsɔ ahee ɖo enɔƒe ko, ke menye be nàtsɔ akɔ nu bliboa o.

● Ŋdi sia ŋdi la, fɔ abadzivɔawo ɖo akpa ɖeka aɖabaƒoƒo 20 ya teti be ya naƒo ɖe wò aba dzi eye be fafa nado le eme.

● Ðo abadzivɔ si woate ŋu anyã ɖe wò aba dzi bene wòanɔ dzadzɛ. Enuenu la, ɖe avɔmeɖi kple ʋuʋudedi le mattress la ŋu kple egɔme, eye ne nane ɖe ɖe edzi alo kɔ ɖe edzi la, enumake zã adzalẽ si nu mesẽ o kple tsi fafɛ nàtutui ɖa.

● Dze agbagba be màganɔ teƒe ɖeka ko nɔm le mattress la to ɣesiaɣi o. Mègaɖe mɔ ɖeviwo alo ame bubu aɖeke nadzo dze wò abati dzi o.

Menye ga ɖeɖe koe nèzã ɖe wò abati ŋu o. Wò agbenɔɣi ƒe akpa etɔ̃lia ŋue nèzã gaa ɖo—eye ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖedzesi ɖe akpa eve mamlɛawo dzi. Ne ètia xɔ̃wò si akɔ wò le nunya me eye nèlé be nɛ la, eya hã alé be na wò nyuie.

[Aɖaka si le axa 20]

Abati Kae Sɔ na Wò?

Dzidzeme kple ametsɔtsɔŋutete. Mehiã be beli nasesẽ abe ʋuƒo ene hafi wòanye esi nyo na wò o. Le nyateƒe me la, wogblɔ be aba si dzi sesẽ akpa ate ŋu adzi wò dzimedɔ ɖe edzi. Na wò ametia nagblɔ esi nye nyuitɔ na wò. Dze ŋe. Ne àte ŋu ade asi do si le wò dzime me wòaɖo eme nyuie eye nàte ŋu atrɔ ɖe axa dzi bɔbɔe la, ke mattress la sesẽ na wò nyuie. Ele be beli si nyo na wò nana wò dzimeƒu nadzɔ ne èmlɔ wò axa dzi. Amesi kpena ahiã abati si sesẽ wu.

Lolome. Tia aba si ana nàte ŋu atrɔ faa. Ne ame evee amlɔ abatia dzi la, nenɔ susu me na wò be ne ame eve mlɔ abati gã si wowɔ na ame eve dzi la, teƒe si ame ɖeka akpɔ la sɔ kple vidzĩ si mlɔ vidzĩbati me tɔ.

Abatiŋunu siwo sɔ. Ne anya wɔ la, ƒle beli kple eƒe anyinɔ si sɔ nɛ wònye esi wowɔ kpe ɖe eŋu be wòatsɔ wò ana nàvo. Beli ƒe anyinɔ si do xoxo ate ŋu agblẽ beli yeye eye wòagblẽ edzadzraɖo ƒe ŋugbe si edzralawo do dome.

Asixɔxɔ. Zi geɖe la, nusi ƒe fe nèxee woana wò, eyata ƒle abati nyuitɔ kekeake si nu wò ga ade.

Nɔƒe. Ne nɔƒe meli o la, anyo be nàbu abati si woate ŋu afɔ ɖe Tsitrenu. Bubue nye kuntru titri ƒomevi si woate ŋu aɖo ɖe anyigba le zã me. Wote ŋu wɔa kuntrubawo na zikpui lɔbɔwo, eye ati suesuewo kpena ɖe wo ŋu siwo woate ŋu aɖe agade.

Lãmegbegblẽnyawo. Ne wò dzi medzea eme le abati si bɔ dzi o la, ke abati si wotrɔna ɖe nɔnɔme vovovo me ate ŋu ana nàmlɔ anyi ɖe nɔnɔme vovovo me. Aŋeba si me wodea tsii te ŋu tsɔa ameti bliboa ƒe akpa sia akpa le eƒe kpekpeme nu, eye anyo na amesiwo sea veve ne woƒe ʋuka nu mia.

Amesiwo nanewo hoa dɔ na. Ne ènye amesi ʋuʋudedi alo nu suesue bubuwo hoa dɔ na la, ke beli si me wode nu wɔwɔewoe alo fom anyo na wò. Anyo be nàde dzesii hã be nusiwo hoa dɔ na ame metsia abati si me wode ati suesuewoe alo aŋeba si wodea tsii me bɔbɔe o.

Amegãɖeɖiwo kple nyagãɖeɖiwo. Kpɔ egbɔ be yeƒe afɔƒome ka anyigba ne ènɔ anyi ɖe wò abati nu. Abati si ƒe kɔtoe sesẽ ana nàte ŋu atso anyinɔƒe sia aɖo aba dzi alo atso ɖe tsitre bɔbɔe.

[Aɖaka si le axa 21]

Dedienɔnɔ Ŋu Ðaŋuɖoɖowo

▪ Do anyimlɔwu siwo te ŋu nɔa te ɖe dzobibi nu.

▪ Kpɔ egbɔ be abaɖonuwo le adzɔge kura tso dzo kple tsivenuwo gbɔ.

▪ Enuenu la, lé ŋku ɖe elɛktrikkuntruwo ŋu be avɔ vu le wo ŋu, wo tugu, dzobiteƒewo le eŋu, eye be elɛktrikkawo do xoxo le wo ŋu hã. Mègazã kuntrua ne eƒo tsi gbeɖe o, ke siae ne wòaƒu le eɖokui si. Mègada nu kpekpewo ɖe abatia dzi ne èle elɛktrikkuntru zãm o.

▪ Mègakɔ tsi si le fiefiẽm ɖe tsidzodzoego me o, eye mègazã wo kple elɛktrikkuntru hã o. Ðee ɖa hafi ɖevi nade abaa dzi.

[Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 21]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Eŋuvɔ, alo avɔ titri

Tɔtɔ ŋkugã

Tɔtɔ ŋkusue

Kɔsasa

Avɔ titri bablawo

Emedenu siwo naa ŋusẽe

Fom

Gavi totroewo

Gavi gɔdɔ̃gɔdɔ̃wo

Gavi siwo ŋu wotɔ nu ɖo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Reproduced by courtesy of the Sleep Council

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 19]

Reproduced by courtesy of the Sleep Council