Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Akpɔ Dzidzedze le Nye Dutanɔnɔ Me?

Aleke Mawɔ Akpɔ Dzidzedze le Nye Dutanɔnɔ Me?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Akpɔ Dzidzedze le Nye Dutanɔnɔ Me?

“Esi meva ɖo yameʋudzeƒea la, nusi dzrom koe nye be matrɔ ayi aƒe! . . . Didi si nɔ menye be makpɔ nu yeyewo kple dzidzɔ si menɔ mɔ kpɔm na la katã bu ɖem. Kpuie ko la, aƒe dzrom wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe si va yi.”—Uta.

VƆVƆ̃ nɔa eme be woatsi akogo le dzronyigba dzi. Gake abe alesi nyati si do ŋgɔ le nyati sia siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu me ɖee fia ene la, sɔhɛ geɖe va le etiam be yewoanɔ duta hena ɣeyiɣi aɖe. Ame aɖewo va dea suku alo va xɔa hehe tɔxɛwo. Ame aɖewo di be yewoasrɔ̃ gbegbɔgblɔ aɖe. Ame aɖewo ya yi be woava di ga ko. Gake ame bubuwo hã ʋu yi duta dukɔ siwo me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le.

Ne míatsɔe be taɖodzinu nyuiwo tae nèdi be yeava nɔ duta ɖo—taɖodzinu siwo akpɔ wò gbɔgbɔme nuhiahiãwo kple taɖodzinuwo gbɔ *—la, nukae nàte ŋu awɔ bene nàkpɔ dzidzedze le wò afima nɔnɔ me?

Ðoe Kplikpaa be Yeatrɔ ɖe Nɔnɔmeawo Ŋu

Gbã, ele be nàlɔ̃ faa atrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu. Ema mefia be nàɖe asi le Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo alo wò gbɔgbɔme ɖoɖowɔɖiwo ŋu o. Gake ate ŋu abia be nàsrɔ̃ nu yeyewo ɖuɖu, asrɔ̃ hadomegbenɔnɔ ŋuti se yeyewo, alo ate nuwɔwɔ mɔnu yeyewo kpɔ. Ðewohĩ kɔnu yeye siawo ato vovo kura tso alesi nèwɔnɛ le mia de gbɔ. Gake míate ŋu awɔ Yesu ƒe sedede be ‘migadrɔ̃ ʋɔnu o’ ŋudɔ le afisia wòasɔ. (Mateo 7:1) Le nyateƒe me la, ame ƒomevi aɖeke mekpɔ mɔ agblɔ be yewonyo wu ame bubuwo o. (Dɔwɔwɔwo 17:26) Abe alesi ko wòle be ame tsitsiwo natsri sɔhɛ siwo nɔ anyi le blemaɣeyiɣiwo me tsɔtsɔ sɔ kple esiwo li egbea madzemadzee ene la, nenema ke wòle be sɔhɛwo hã natsri duta dukɔwo tsɔtsɔ sɔ kple wo de dukɔ madzemadzee. (Nyagblɔla 7:10) Wò susu nenɔ nu nyui siwo le dukɔ yeye ma me nàte ŋu asrɔ̃ ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, ne èsrɔ̃ dukɔ ma ƒe gbegbɔgblɔ kaba la, wò dzi adze eme kaba wu.

Apostolo Paulo te ŋu trɔ ɖe ameƒomevi vovovo ƒe nɔnɔmewo ŋu le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me elabena elɔ̃ faa be yeazu ‘nusianu na amewo katã.’ (Korintotɔwo I, 9:22) Nɔnɔme ma ƒomevi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàtrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu. Adrianne nye gbɔvi si wɔa aƒemedɔ na ƒome aɖe le Germany, bene woanɛ xɔdɔme kple nuɖuɖu. Eɖe nu me be: “Ehiã be matrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu elabena nyemate ŋu akpɔ mɔ be amewo natrɔ ɖe nye didiwo nu o.”

‘Aƒe le Dzroyem!’

Le kwasiɖa ʋɛ gbãtɔawo me la, ebɔ be woalé blanui eye aƒe nanɔ ame dzrom. Biblia ɖee fia be ‘aƒe dzro’ Yakob ‘vevie,’ togbɔ be Yakob nɔ dzronyigba dzi wu ƒe 20 hã! (Mose I, 31:30) Eyata megawɔ nuku na wò ne èléa blanui ɣeaɖewoɣi o. Gake ne wò susu nɔa nusiwo gbɔ nèdzo le ŋu ɣesiaɣi la, ɖeko nàgalé blanui ɖe edzi. (Mose IV, 11:4, 5) Mɔ nyuitɔ kekeake si dzi nàto aɖu wò akogotsitsia dzi enye be nàsrɔ̃ alesi nàtrɔ ɖe wò ɖoɖo kple nɔnɔme yeyeawo ŋui. Togbɔ be enyo be nàŋlɔ lɛta alo aƒo ka ana ƒometɔwo nase ŋkɔwò hã la, kaƒoƒo yi aƒeme geɖe akpa ate ŋu axe mɔ na wò be wò nɔƒe yeyea nagama wò o.

Kristotɔ sɔhɛ geɖe de dzesii be gomekpɔkpɔ le gbɔgbɔme dɔwɔnawo mee nye nu nyuitɔ kekeake si ɖua akogotsitsi dzi. (Filipitɔwo 3:16) Amber ɖo ŋku kwasiɖa gbãtɔ siwo wòtsɔ nɔ dutae dzi be: “Esesẽna nam le fiẽsiwo, esime naneke meli mawɔ o, eyata medzea agbagba be masrɔ̃ nu bubuwo alo axlẽ agbalẽ.” Rachel si nye ɖetugbi Britaintɔ si ɖi tsa yi Germany ƒo nu tso eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ me heɖo aɖaŋu be: “Wɔ ɖeka kple hamea enumake. Dze kpekpewo dede kaba.” Le gɔmedzedzea me la, ɖewohĩ àhiã kpekpeɖeŋu be nàte ŋu ayi kpekpeawo. Gake le Kristo-hamea me la, àte ŋu akpɔ xɔlɔ̃ ɖɔʋu siwo ate ŋu azu abe “nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kpakple dada” ene.—Marko 10:29, 30.

Gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa me hã nye gbɔgbɔme ƒe ɖoɖowɔɖi nyui ƒe akpa aɖe. Menye ɖeko gbeƒãɖeɖe aɖe vi na wò le gbɔgbɔme o, ke akpe ɖe ŋuwò be nàtrɔ ɖe kɔnuwo kple gbegbɔgblɔ yeyea ŋu hã.

Mlɔeba gbedodoɖa kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ nezu numame na wò. Wole vevie bene nàkpɔtɔ anɔ gbɔgbɔmelãmesẽ me. (Romatɔwo 12:12; Timoteo I, 4:15) Eyata Adrianne, si míeyɔ va yi kpɔ egbɔ be yetsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe asi le ye degbe me.

Ƒome si Gbɔ Nànɔ

Kristotɔ sɔhɛ aɖewo wɔ ɖoɖo be yewoanɔ ƒome siwo nye xɔsetɔwo gbɔ ne yewozɔ mɔ yi duta. Togbɔ be womate ŋu akpɔ mɔ be ƒome si gbɔ nàdze natrɔ zu dziwòlawo o hã la, woate ŋu anye ame nyui siwo nàde ha kplii eye woade dzi ƒo na wò le gbɔgbɔme.—Lododowo 27:17.

Togbɔ be ele nenema hã la, dzeɖoɖo faa kple ƒome si gbɔ nàdze le vevie bene ƒomedodo nyui nakpɔtɔ anɔ mia dome. (Lododowo 15:22; 20:5; 25:11) Amber gblɔ be: “Ele be nusi wòle be nàwɔ me nakɔ na wò le susume. Ele be nànya nusi amesiwo gbɔ nèdze la anɔ mɔ kpɔm na tso gbɔwò. Eye ele be woanya nusiwo nèle mɔ kpɔm na tso wo gbɔ.” Bia nànya se siwo le ƒomea si le aƒea me kple aƒemedɔ siwo wòle be nàwɔ. Ele be miadzro nya mawo me tsitotsito.

Wò nɔnɔmea aɖe fu ŋutɔ, ne le kpɔɖeŋu me, ƒome si gbɔ nèdze hele dɔ wɔm na la ƒe dzixɔsewo to vovo na tɔwò. Esi wònye ɖewohĩ ƒomea mase nu gɔme na wò le wò Biblia me gɔmeɖosewo gome o ta la, àte ŋu aɖo nɔnɔme sesẽwo me. (Lododowo 13:20) Aƒemedɔ siwo woabia tso asiwò be nàwɔ la ate ŋu axɔ ɣeyiɣi si nàzã ɖe gbɔgbɔmedɔwo ŋu, abe Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ene. Eyata ne nɔnɔme siwo ŋu màte ŋu awɔ naneke le o zi dziwò be nèva dze ƒome si ƒe dzixɔsewo to vovo na tɔwò gbɔ la, ekema ahiã be nàɖe afɔ aɖewo do ŋgɔ.

Rachel kafui be: “Kpɔ egbɔ be nèna wonya be Kristotɔ yenye. Enyo wu be nàgblɔe na wo anukwareɖiɖitɔe enumake.” Numeɖeɖe na wo ku ɖe wò subɔsubɔ kple agbenyuinɔnɔ gome dzidzenuwo ŋu anye ametakpɔnu. Gakpe ɖe eŋu la, ele be nàgblɔ alesi Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple gbeƒãɖeɖedɔa le vevie na wòe la na wò aƒetɔwo eme nakɔ. Mlɔeba nunya le eme be nàkpɔ egbɔ be mieŋlɔ nya veviwo abe gaƒoƒo siwo nàwɔ dɔ, ɣeyiɣi siwo màwɔ dɔ o, kple fetu si nàxɔ la ɖe agbalẽ dzi hafi nàdze dɔa gɔme. Esia ate ŋu axe mɔ na kuxiwo emegbe.

Kuxiwo Gbɔkpɔkpɔ

Le agbagba vevitɔ kekeake siwo nàdze megbe hã la, kuxi ate ŋu ado mo ɖa. Le kpɔɖeŋu me, ne ƒome si gbɔ nèdze bia be nàdzo le woƒe aƒeme ɖe? Esia ate ŋu atɔtɔ ame ŋutɔ. Ne masɔmasɔ aɖe do mo ɖa la, ele be nàte kpɔ aƒo nu tso eŋu kpli wò aƒetɔwo le dzigbɔɖeanyi kple bubudedeameŋu me. (Lododowo 15:1) Lɔ̃ faa nàxɔ vodada ɖesiaɖe si nèwɔ la de eme. Ðewohĩ woatrɔ woƒe susu. Ne mele nenema o la, ahiã be nàdi xɔ bubu.

Kuxi bubuwo abia be nàbia kpekpeɖeŋu tso ame bubu gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu aɖo gakuxi me, alo adze dɔ. Esi ɖewohĩ nèle vɔvɔ̃m be ne ye dzilawo nya nu tso eŋu la, woava kplɔ ye yi aƒee ta la, màdi be yeana woanya nusi le dzɔdzɔm o. Gakpe ɖe eŋu la, wole adzɔge ʋĩ, eye womanya alesi woakpɔ kuxi ma gbɔe le duta dukɔ me o. Gake anɔ eme be nuteƒekpɔkpɔ su hame si le mia gbɔ ƒe hamemegãwo si le kuxi mawo gbɔ kpɔkpɔ me, eye woate ŋu aɖo aɖaŋu nyuiwo na wò. Woate ŋu akpe ɖe ŋuwò hã be nànya nenye be enye nya si wòle be nàna dziwòlawo nanya nu tso eŋu.

Tɔtrɔ Yi Aƒe

Togbɔ be kuxiwo kple gbetɔamewo anɔ eme hã la, duta nɔnɔ ɣeyiɣi aɖe ate ŋu aɖe vi, vevietɔ nenye be gbɔgbɔmenuwo tae nèyi ɖo. Gake ɣeyiɣia ade be nàtrɔ ayi aƒe. Andreas gblɔ be: “Nu nyui geɖe siwo va xɔa susua me ta la—madidi hafi nàŋlɔ manyomanyoawo be o—dzodzo sesẽ nam ŋutɔ.” Togbɔ be ele nenema hã la, megakpɔ mɔ be xɔ̃wòwo kple ƒometɔwo natrɔ woƒe nuwɔnawo zi ɖeka le esi nèva srɔ̃ nu yeyewo le duta tsɔ gbɔe ta o. Gakpe ɖe eŋu la, mèganɔ alesi wowɔa nuwoe le teƒe bubu gblɔm na wo edziedzi atsɔ nɔ dziku dom na woe o. Le dzɔdzɔme nu la, àdi be yeagblɔ yeƒe nuteƒekpɔkpɔwo na amesiame, gake megate ɖe dziwò ne ame aɖewo mekpɔ dzidzɔ ɖe wò nyawo ŋu o.

Eme kɔ ƒã be ele be nàbu nyametsotso si nàwɔ be yeava nɔ duta hena ɣeyiɣi aɖe la ŋkubiãnyae. Nenye be le nyaa me dzodzro kple dziwòlawo vɔ megbe, nètso nya me be anyo be yeazɔ mɔa la, dzra ɖo be nàkpe akɔ kple nɔnɔme sesẽ siwo nàdo goe. Abe alesi wòle le nyametsotso vevi ɖesiaɖe si nàwɔ le agbe me gome ene la, nunya anɔ eme be nàbu eŋu kɔnta gbã.—Luka 14:28-30.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Ðe Wòle Be Mava Nɔ Dukɔ Bubu Mea?” si dze le July 8, 2000, ƒe tata me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 26]

Dedienɔnɔ Ŋu Ðaŋuɖoɖowo

● Dzra wò mɔzɔgbalẽ, ga, kple yameʋuɖotikiti ɖe afisi le dedie.

● Wɔ wò mɔzɔgbalẽ, dukɔmenɔnɔ ƒe mɔɖegbalẽ, yameʋuɖotikiti si nàtsɔ ɖo ʋu atrɔ gbɔ, kple agbalẽ vevi bubuwo ƒe fotokɔpiwo. Dzra agbalẽ mawo ƒe ɖeka ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ, eye nàɖo woƒe ɖeka ɖe dziwòlawo alo xɔlɔ̃wo le mia de.

● Dziwòlawo alo xɔ̃wò siwo le mia de kple ƒome si gbɔ nèdze ƒe telefon xexlẽdzesi nenɔ ŋuwò ɣesiaɣi.

● Mia kple amesiwo ƒe vidzinu to vovo na tɔwò dome gbenɔnɔ nenɔ dzadzɛ ɣesiaɣi, woɖale ƒome si gbɔ nèdze me, le suku, dɔwɔƒe, alo teƒe bubuwo o.

● Srɔ̃ gɔmedzenya kple nyagbɔgblɔ tsɛwo ya teti le dukɔ si me nèyi la ƒe gbegbɔgblɔ me.

● Yi kɔdzi ne woado wò akpɔ hafi nàdze mɔ. Kpɔ egbɔ be atike ɖesiaɖe si ahiã ƒe agbɔsɔsɔme si sɔ le asiwò.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Ne masɔmasɔwo do mo ɖa le mia kple ƒome si gbɔ nèdze dome la, miƒo nu tso eŋu le dzigbɔɖeanyi me