Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Atsyɔ̃ɖoɖo—Dadasɔ Hiã

Atsyɔ̃ɖoɖo—Dadasɔ Hiã

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Atsyɔ̃ɖoɖo—Dadasɔ Hiã

FRANSE fefeŋlɔla aɖe ŋlɔ be “Ðokuidodoɖedzie nye nusi gblẽa nu le nudzeamewɔwɔ ŋu.” Le nyateƒe me la, susu mele nu geɖe siwo amewo wɔ wo ɖokui yakatsyɔ le ƒe alafawo me le ɖokuidodoɖedzi ta la me o. Le kpɔɖeŋu me, esi ƒe alafa 19 lia me nyɔnuwo di be yewoƒe dɔme nanɔ sue ŋutɔ alesi yewoate ŋui la, wotsɔa nu blaa dɔme ale gbegbe be womegate ŋu gbɔna nyuie o. Wo dometɔ aɖewo gblɔ be yewoƒe alime ƒe kekeme koe nye sentimeta 32.5. Nyɔnu aɖewo do dɔmeblawui wòmia ale gbegbe be ena woƒe axaƒutiwo nyé ɖe woƒe aklã me eye woku.

Togbɔ be dzidzɔnyae wònye be atsyɔ̃ɖoɖonuwɔna ma si nɔ tsia dzi nu yi hã la, ɖokuidodoɖedzi si na wotoe vɛ ya gabɔ egbea abe alesi wònɔ ɣemaɣi ene. Ŋutsuwo kple nyɔnuwo gakpɔtɔ le nusiwo sẽ, eye afɔku le wo me gɔ̃ hã wɔm tsɔ le woƒe dzɔdzɔme dzedzeme trɔmee. Le kpɔɖeŋu me, nuŋɔŋlɔ ɖe ŋutilã ŋu kple ŋutilã ƒe akpa aɖewo ŋɔŋɔ ƒe dɔwɔƒe, si nye afisiwo ame dzegowo dena tsã, gava le bɔbɔm le asiƒleƒewo kple dugã ƒe golɔgoewo me. Le nyateƒe me, le ƒe siawo me la, nuŋɔŋlɔɖeŋuti va xɔ nɔƒe adelia le dɔwɔƒe sue siwo le dzidzim ɖe edzi kabakaba wu le United States la dome.

Atsyɔ̃ɖoɖo na ŋutilã ƒe mɔnu ƒomevi geɖe siwo gbɔ eme va le bɔbɔm, vevietɔ le sɔhɛwo dome. Ŋutilã ƒe akpa aɖewo—abe nonu, ŋɔti, aɖe, kple vidzinuwo gɔ̃ hã ene—ŋɔŋɔ si gbɔ eme ŋutɔ va le bɔbɔm. Le ame ʋɛ aɖewo gome la, wobu ŋutilãŋɔŋɔ ƒe nuwɔna gbɔme mawo xoxo be wole tsɛ akpa. Wole nuwɔna siwo gatɔ ŋku wu kura wɔm, siwo dometɔ aɖewoe nye ga dzodzoe tsɔtsɔ mè wo ɖokui, ameɖokuisisi, * kple ŋutilã sisi ade nuwo eme be woakɔ kpo adze ʋe atɔ ŋku.

Enɔ Anyi le Blema

Menye nu yeyee atsyɔ̃ɖoɖo alo asitɔtrɔ le ŋutilãa ŋu nye o. Le Afrika dukɔ aɖewo me la, wozãa ŋutilãsisi kple nuŋɔŋlɔɖeŋuti wònyea nusi dea dzesi hlɔ̃ alo dukɔ aɖe koŋ me tɔwo ƒe alafa geɖee nye sia. Gake egbea le dukɔ siawo dometɔ geɖe me la, woƒoa nu tsia tre ɖe nuwɔna mawo ŋu eye womegabɔ o.

Nuŋɔŋlɔɖeŋuti, ŋutilãŋɔŋɔ, kple ŋutilãsisi nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Zi geɖe la, trɔ̃subɔdukɔwoe wɔa wo wònyea woƒe mawusubɔsubɔ nuwɔna. Eyata eme kɔ be Yehowa de se na eƒe dukɔ Yudatɔwo be womagasrɔ̃ trɔ̃subɔla mawo o. (Mose III, 19:28) Esi Yudatɔwo nye Mawu ŋutɔ ƒe ‘dukɔ tɔxɛ’ ta la, woto se sia dzi kpɔ wo ta tso alakpasubɔsubɔ nuwɔna ɖigbɔwo me.—Mose V, 14:2.

Kristotɔwo ƒe Ablɔɖe

Kristotɔwo megale Mose ƒe Sea te o, togbɔ be gɔmeɖose aɖewo le eme siwo gawɔa dɔ le Kristotɔwo ƒe hamea me hã. (Kolosetɔwo 2:14) Eyata woate ŋu awɔ nusi wokpɔ be esɔ le lekewɔwɔ si ƒomevi woatia gome. (Galatiatɔwo 5:1; Timoteo I, 2:9, 10) Ke hã la, menye ablɔɖe gbadzae wona wo o.—Petro I, 2:16.

Paulo ŋlɔ le Korintotɔwo I, 6:12 be: “Woɖe nuwo katã ƒe mɔ nam, ke menye nuwo katãe nyona na ame o.” Paulo nyae be yeƒe Kristotɔnyenye ƒe ablɔɖe mena mɔ ye be yeawɔ nusianu si dze ye ŋu ame bubuwo ŋu mabumabui o. Lɔlɔ̃ na amewo kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe agbenɔnɔ dzi. (Galatiatɔwo 5:13) Exlɔ̃ nu be, ‘migakpɔ nusi nye mia ŋutɔ tɔ ko dzi o, ke boŋ mikpɔ nusi nye ame bubuwo tɔ hã dzi.’ (Filipitɔwo 2:4) Ðokuitɔmadimadi ƒe nukpɔsusu sia nye kpɔɖeŋu nyui na Kristotɔ ɖesiaɖe si le ŋutilã ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ƒomevi aɖe ŋu bum.

Biblia me Gɔmeɖose Siwo Ŋu Wòle Be Míabu

Se siwo wode na Kristotɔwo dometɔ ɖekae nye be woaɖe gbeƒã nyanyuia eye woafiae amewo. (Mateo 28:19, 20; Filipitɔwo 2:15) Kristotɔ maɖe mɔ naneke, siwo dome eƒe dzedzeme hã le, naxe mɔ na amewo be woagase gbedasi ma o.—Korintotɔwo II, 4:2.

Togbɔ be ɖewohĩ ŋutilãŋɔŋɔ alo nuŋɔŋlɔɖeŋuti ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mawo abɔ ɖe ame aɖewo dome hã la, ehiã be Kristotɔ nabia eɖokui be, ‘Aleke míaƒe nutoa me tɔwo awɔ nu ɖe atsyɔ̃ɖoɖo mawo ƒomevi ŋui? Ðe wòana woabum ɖe godzelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe me tɔwo domea? Ne nye dzitsinya ɖe mɔ nam le ŋutilãŋɔŋɔ alo nuŋɔŋlɔɖeŋuti ŋu gɔ̃ hã la, ŋusẽ kae wòakpɔ ɖe amesiwo le hamea me dzi? Ðe wòana woabui be “xexeme ƒe gbɔgbɔ” kpɔ ŋusẽ ɖe dzinyea? Alo ɖe wòana woabu be nyemegale “moxexi” oa?’—Korintotɔwo I, 2:12; 10:29-32; Tito 2:12.

Asitɔtrɔleameɖokuiŋu ƒomevi aɖewo gblẽa nu le ame ŋu vevie ŋutɔ. Wogblɔ be abui siwo ŋuti medza o zazã tsɔ ŋlɔ nu ɖe ŋutilãa ŋu hã le nusiwo kakaa aklãdɔléle kple HIV dɔlékui dome. Ɣeaɖewoɣi ŋutilãŋudɔléle aɖewo tsoa amadede siwo wozã tsɔ ŋlɔ nu ɖe ŋutilã ŋui gbɔ. Ŋutilãŋɔŋɔ ate ŋu axɔ ɣleti geɖe hafi abi si ɖo teƒea naku eye wòana woase veve le ɣeyiɣi mawo ƒe akpa gãtɔ me. Ate ŋu ana aɖi nage ɖe ʋu me na ame, ʋu naɖuɖu le ame ŋu, ʋukɔ nabla ɖe ame ƒe ʋuka me, ade abi ame ƒe lãmekawo ŋu, eye wòana woaxɔ dɔléle vɔ̃ɖiwo. Gakpe ɖe eŋu la, mɔnu siwo wozãna dometɔ aɖewo ɖɔɖɔɖo be wòaganɔ abe alesi ŋutilã la nɔ tsã ene menɔa bɔbɔe o. Le kpɔɖeŋu me, le alesi nusi woŋlɔ ɖe ŋuti ƒe lolome le kple le amadede si wozã nu la, ate ŋu ana woawɔ dɔ le teƒea ɖɔɖɔɖo ŋu zi geɖe si ana amea nase veve eye wòagblẽ ga geɖe. Ŋutilãŋɔŋɔ ate ŋu ana abiteƒeawo natsi anyi tegbee.

Be ame aɖe atso nya me be yeade ye ɖokui afɔku siawo me alo yemade ye ɖokuii o, nye amea ŋutɔ ƒe nya. Gake amesi di be yeadze Mawu ŋu la nya be Kristotɔ zuzu bia be yeatsɔ ye ɖokui asa vɔe na Mawu. Míaƒe ŋutilãwo nye vɔsasa gbagbe na Mawu ƒe ŋudɔwɔwɔ. (Romatɔwo 12:1) Eyata Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me mebua woƒe ŋutilã be enye yewo ŋutɔ tɔ si ŋu yewoate ŋu agblẽ nu le alo atsɔ awɔ nusianu si dze yewo ŋui o. Vevietɔ wonya amesiwo dze na agbanɔamedziwo tsɔtsɔ le hamea me be wonye ɖokuidziɖulawo, ame ɖɔŋuɖowo, kple amesiwo da sɔ.—Timoteo I, 3:2, 3.

Ne Kristotɔwo tu tamebubuŋutete si nɔ te ɖe Biblia dzi ɖo eye wozãe le nuwɔna me la, akpe ɖe wo ŋu be woatsri xexe sia si ŋu wɔna aɖeke mele o ‘eye wònye amedzro le Mawu ƒe agbe la gome’ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe funyafunyawɔwɔ ŋu ƒe nuwɔna siwo gbɔ eme. (Efesotɔwo 4:18) Woato esia wɔwɔ me ana amewo nakpɔe be yewonye amesiwo da sɔ.—Filipitɔwo 4:5.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Vovototo gã aɖe le amesisi le dɔdada me alo le atsyɔ̃ɖoɖo gɔ̃ hã ta kple alesi sɔhɛ geɖe, vevietɔ nyɔnuvi ƒewuiviwo, sẽa tame sia wo ɖokui alo lãa woawo ŋutɔ woƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe dome. Zi geɖe ame ɖokui sisi tamesesẽtɔe sia nyea nuteɖeamedzi si nu sẽ alo nugbegblẽ le ame ƒe seselelãme ŋu ƒe dzesi, si ahiã eŋutinunyala bibiwo ƒe kpekpeɖeŋu.