Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Foŋfoŋ—Aƒla Dzɔtsu Aɖe

Foŋfoŋ—Aƒla Dzɔtsu Aɖe

Foŋfoŋ—Aƒla Dzɔtsu Aɖe

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE AUSTRALIA GBƆ

NUKAE míawɔ ne ɖe sukli meli o? Anye vividodoɖenuŋu akpa ne míegblɔ be awɔe be nuwo maɖe zɔ le xexeame o—gake anye ne ahiã be woawɔ tɔtrɔ gãwo le nuɖuɖu geɖe me nenye ɖe sukli meli o. Ẽ, sukli zazã va zu gbesiagbenuwɔna le xexeame ƒe akpa gãtɔ egbea, si wɔe be sukli wɔwɔ va zu dɔ si wowɔna le xexeame godoo.

Ame miliɔn geɖe, tso Cuba yi India, kple tso Brazil yi Afrika, dea foŋfoŋgble. Le nyateƒe me ɣeyiɣi aɖe va yi la, sukliwɔwɔe nye dɔ si wowɔna eye wòɖea vi geɖe wu le xexeame. Woate ŋu agblɔe wòasɔ be foŋfoŋ kpɔ ŋusẽ ɖe xexeame dzi wu numiemie geɖe.

Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso numiemie wɔnuku sia ŋua? Ekema wɔ ɖeka kpli mí míazɔ mɔ ayi nuto aɖe me le Queensland, Australia, afisi wodea foŋfoŋgble le. Togbɔ be foŋfoŋgbledeƒe sue aɖe ko teƒe sia nye hã la, agbledemɔnu kple sukliwɔwɔ mɔnu deŋgɔ si le afima wɔe be wònye teƒe siwo wowɔa sukli le ɖona ɖe duta wu le xexeame la dometɔ ɖeka.

Foŋfoŋ Dukɔ Sasrãkpɔ

Ya la xɔ dzo eye tsi le yame. Ŋdɔkutsu xɔdzoa bina ɖe agble si me foŋfoŋ tsitsiwo le la dzi. Mɔ̃ gã aɖe si ɖi esi wotsɔ xaa lui zɔna toa foŋfoŋ kɔkɔawo me blewuu, henɔa foŋfoŋua tsom kɔna ɖe agbatsɔʋu si le axadzi la me. Suklitsi dona tso foŋfoŋ siwo wotso la me, eye ʋeʋẽ lilili aɖe xɔa yame. Tsi vevi sia si do tso aƒla ɖedzesi sia me la dze mɔ tso gbeme gbɔna wò agba me le aƒeme.

Medidi boo o la, ɖe wokpea fu zãa asi tsoa foŋfoŋ le Australia afisia abe alesi wokpɔtɔ wɔnɛ le dukɔ geɖe siwo me wotsoa foŋfoŋ le ene. Kpɔe ɖa le susu me. Dɔwɔlawo le foŋfoŋ tsom kple asi. Foŋfoŋ tsolawo dze fifia le fli me hele zɔ ɖem blewuu le wo tsom. Dɔwɔlaawo tsɔa asi ɖeka léa foŋfoti siwo dzɔ la ƒoa ƒui pɛpɛpɛ abe asrafowo ene, eye wobia wo ɖe akpa ɖeka be woƒe gɔme nadze. Wodaa yia ƒiaŋ wòlãnɛ! Ƒiaŋ, wòlãnɛ! Dɔwɔlaawo daa yia kple alɔkame sesẽ wòlãa wo gɔme tututu. Ne woƒo wo nu ƒu ɖe ɖoɖo nyui nu vɔ la, woyia foŋfoŋ ho bubu gbɔ. Nɔnɔme sia le tɔtrɔm vivivi le xexeame godoo esi dukɔ geɖe va le tɔtrɔm ɖe mɔ̃wo zazã ŋu.

Australia ƒe nuto siwo koŋ me wodea foŋfoŋgble le enye eƒe ƒuta godzi, si ƒe didime anɔ kilometa 2,100, eye eya kple Great Barrier Reef, si xɔ ŋkɔ la koŋ ye le akasa nu. (Kpɔ nyati si nye “A visit to the Great Barrier Reef,” [Tsaɖiɖi Yi Great Barrier Reef] si dze le June 8, 1991, Eŋlisigbe me Nyɔ! me.) Alesi yame xɔa dzo eye tsi nɔa yame ƒe bliboa katã le afisia wɔnɛ be foŋfoŋ wɔna nyuie, eye agblea dela siwo ade 6,500 siwo nye ƒome vovovowo la ƒe agblewo kaka ɖe ƒua ta abe weintsetse le weinka ŋu ene eye wonɔa agbe ɖe eŋu.

Le ʋukuku ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, míekpɔ Bundaberg, si nye du si me wowɔa sukli le le adzɔge ɖaa le Queensland ƒe titina ƒuta. Esi míenɔ abu ɖim tso togbɛ sue aɖe dzi la, míekpɔ nu dodzidzɔname aɖe—míekpɔ foŋfoŋgble gbadza si me ya nɔ ƒoƒom to! Amadede vovovo kawoe nye si! Foŋfoŋ siwo le agblea me ƒe tsitsime le vovovo, eyata amadede siwo nye gbemu, aŋutiɖiɖi, kple teƒe siwo zu gbe ƒuƒuwo le esi womede wo ƒe sia me o, alo wotsi ƒuƒlu le ƒe siwo va yi me ƒe amadedewo tsaka wònya kpɔ.

July ye nye dzinu si me fana wu le ƒea me, eye ɣemaɣie wodzea foŋfoŋ la tsotso kple wo fiafia gɔme. Esia yia edzi vaseɖe December me, ne hatsotso vovovoawo le tsitsim. Azɔ míedi be míasrã foŋfoŋfiaƒe aɖe akpɔ alesi wowɔa foŋfoŋ siwo wotso lae. Gake woɖo aɖaŋu be hafi míayi la, anyo be míasrɔ̃ nane tso foŋfoŋ ŋu gbã. Eyata míeɖoe be míatɔ ɖe sukliŋutinusrɔ̃ƒe aɖe si woɖo ɖe nutoa me gbã. Le afisia la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo wɔa foŋfoŋ yeye ƒomeviwo eye wowɔa numekuku be woana foŋfoŋgbledede nanyo ɖe edzi.

Eƒe Dzɔtsoƒe Kple Eƒe Agbledede

Le sukliŋutinusrɔ̃ƒea la, agbledede kple lãwutikewo ŋuti nunyala lɔ̃ame aɖe lɔ̃ faa be yeafia nu mí ku ɖe foŋfoŋ ŋutɔ kple alesi wodonɛ ŋu. Anyieheɣetoɖoƒe Asia kple New Guinea, ƒe ave siwo me tsi dzana le fũ ye wokpɔ foŋfoŋ le gbã, eye wònye aƒla dzɔtsu aɖe, si ƒomevi bubuwoe nye gbe tsrala siwo wodona ɖe abɔ me, lutiwo, kple pampro siwo ɖi ati. Numiemie siawo katã wɔa sukli ɖe woƒe aŋgbawo me to mɔ si dzi numiemiewo tona wɔa woƒe nuɖuɖu dzi. Gake foŋfoŋ to vovo na wo, elabena eya ƒe suklia sɔa gbɔ ŋutɔ, eye wòdzranɛ ɖo wònyea tsi vivi nɔa atia me.

Foŋfoŋgbledede bɔ le blema India. Le ƒe 327 D.Ŋ.M. me la, agbalẽfiala siwo nɔ Aleksanda Gãtɔ ƒe asrafo siwo xɔ anyigba yi afima dome gblɔ be afimatɔwo nɔ “ati wɔnuku aɖe si wɔa anyitsi ƒomevi aɖe, anyiwo ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee ɖum.” Esi nu yeyewo didi le xexeame kple ŋgɔyiyi nɔ edzi yim le ƒe alafa 15 lia me la, foŋfoŋgbledede va keke ta kabakaba ŋutɔ. Egbea, foŋfoŋ ƒomevi siwo li la de akpe nanewo, eye agbɔsɔsɔme si ade ton biliɔn ɖeka si wotsona ƒe sia ƒe la tso dukɔ siwo wu 80 me.

Le xexeame ƒe akpa gãtɔ la, asie wotsɔ dea agbleae. Wotsoa foŋfoŋ si tsi la eƒe didime nɔa abe sentimeta 40 ene eye wodonɛ ɖe ʋe siwo wodze wòdidi tso wo nɔewo gbɔ abe meta 1.5 ene me. Tsotsoe ɖesiaɖe si wodo la va dzena alɔ abe 8 va ɖo 12 ene, eye woxɔna tso dzinu 12 va ɖo 16 hafi tsina. Zɔzɔ to foŋfoŋ tsitsi siwo dome xe ƒe ho me ɖia vɔvɔ̃ ŋutɔ. Foŋfoŋuawo kple aŋgbawo kɔkɔna dea meta 4. Ðe nusi le tetem xaa gbɔna la anye yaƒoƒo dzro ko loo alo ɖewohĩ da, alo lã aɖeea? Ale be nàte ŋu asi du ayi kɔkɔeƒe hena ɖokuiwò takpɔkpɔ!

Wole numekukuwo wɔm be woadi mɔ siwo dzi woato atsi nudzodzoe kple dɔléle siwo ɖea fu na foŋfoŋ nu. Agbagbadzedze siawo dometɔ geɖe kpɔ dzidzedze, togbɔ be menye wo katãe o hã. Le kpɔɖeŋu me, le agbagbadzedze be woatsrɔ̃ adoŋgo siwo ɖua foŋfoŋ ɖa me la, dziɖuɖua lɔ akpɔkplɔ ƒomevi aɖe tso Hawaii va Queensland ƒe dziehe nutome le ƒe 1935 me. Nublanuitɔe la, akpɔkplɔawo lɔ̃ nuɖuɖu bubu siwo bɔ la ɖuɖu wu adoŋgo siwo ɖua foŋfoŋuawo, si wɔe be woawo ŋutɔ boŋ wova dzi kpaŋkpaŋ, eye wova zu lã gblẽnuwo le Australia ƒe dziehe nutowo me katã.

Mietɔa Dzoe Hafi Tsonɛa?

Emegbe le zãme la, ewɔ mo yaa na mí esi míekpɔ agbledela aɖe wòtɔ dzo eƒe foŋfoŋgble si tsi vɔ la. Kasia agble sue la nɔ bibim vlavlavla, eye dzoƒaɖewo de yame bobobo le zãa me. Ne wotɔ dzo foŋfoŋuawo la, efiaa aŋgbawo kple nu bubu siwo aɖe fu le wo tsotso kple wo fiafia me. Gake le ŋkeke siawo me la, wova le wo tsom esi womatɔ dzo wo hafi o. Woyɔa mɔnu sia be foŋfoŋ tsotso mumui. Menye ɖeko esia naa sukli si wokpɔna tso eme la nyona wu o, ke enaa anyigbaa dea akpa, si kpɔa nunyiamewo ta, ale be ewɔnɛ be nunyiame kpɔtɔ nɔa kea me eye metoa gbe wuwlui hã o.

Togbɔ be asie wozãna le foŋfoŋ tsotso me le dukɔ geɖe siwo me wodea foŋfoŋgble le egbea hã la, dukɔ geɖe va le foŋfoŋtsomɔ̃ gãwo zãm. Mɔ̃ gã siawo zɔna toa foŋfoŋ kɔkɔawo me, tsonɛ helãa tagbɔ nɛ eye wòƒlɔa aŋgbawo ɖa, emegbe wòlãna wo kpuikpui, ale be wòasu te hena fiafia. Le esime woate ŋu azã asi si me fukpekpe le atso foŋfoŋ ton 5 ŋkeke ɖeka le mama dedie nu la, foŋfoŋtsomɔ̃wo ate ŋu awɔ ton 300 ŋudɔ gbeɖeka fukpekpe manɔmee. Wote ŋu tsoa foŋfoŋuawo zi ɖeka le ƒe ɖeka me hena ƒe geɖe hafi sukliwɔŋutete navɔ le eme eye wòahiã be woado bubu ɖe eteƒe.

Ne wonya tso foŋfoŋ la vɔ ko la, ehiã be woawɔ eŋudɔwo alɔtsɔtsɔe, elabena sukli si le foŋfoŋ si wotso me gblẽna kabakaba. Be woate ŋu atsɔe ayi efiaƒe kaba la, wodo gakpomɔ si ƒe didime anɔ kilometa 4,100 si dzi ʋu si woyɔna be tram tona to Queensland ƒe nuto siwo me wodoa foŋfoŋ le me. Ʋu sue siawo siwo zɔna to gakpomɔ siawo dzi nya kpɔna ale gbegbe ne wole kɔƒenutoawo me tom, hele tasiaɖam siwo me wodo foŋfoŋgba ɖo wòyɔ la hem.

Wo Fiafia

Tsaɖidi le sukliwɔƒea doa dzidzɔ na ame ale gbegbe. Nu gbãtɔ si nàkpɔe nye tasiaɖam siwo me foŋfoŋ yɔ, siwo le lalam be woaɖe agbaawo. Wozãa nufiãmɔ̃ gãwo tsɔ fiãa foŋfoŋuawoe, heɖea suklitsia tso eme. Wosiaa foŋfoŋdutuawo woƒuna, eye wozãnɛ tsɔ doa dzoe le dɔwɔƒea katã. Wodzraa esiwo tsi anyi na pepa kple xɔtunu wɔlawo be woazã le woƒe adzɔnuwo wɔwɔ me.

Azɔ woɖea ɖi le suklitsia me, wòsusɔa tsi si me dza ɖeɖe. Wozãa nu ƒoɖi siwo woɖe le tsia me, si woyɔna be ɖinuwo la le anyigbanyonu wɔwɔ me. Wozãa nu bubu si wogaɖena tso eme, si nye molasis tsɔ wɔa lãwo ƒe nuɖuɖu alo wotsɔnɛ ɖaa aha si nye rum, kple ahamuamewo dzrana. Alesi wote ŋu zãa foŋfoŋ le mɔ geɖe nu kple mɔ deŋgɔ siwo dzi wotona wɔa eŋudɔ la wɔa dɔ ɖe ame dzi ale gbegbe.

Emegbe woɖaa suklitsia wòblana eye wodea sukliwɔtike suesuewo eme. Atikeawo hona vaseɖe esime woɖo lolome si wodi. Emegbe woɖea wo le tsia me hesiana. Eva zua sukli ɖeɖe si le hẽ. Wogakɔa suklia me wòva zua sukli ɣi si nɔa ame geɖe ƒe nuɖukplɔ̃ dzi.

Ðewohĩ wò tii alo kɔfi agavivi ɖe dzi le tsaɖiɖi yi foŋfoŋnyigba sia si kɔ nu me la dzi megbe. Gake ne suklidɔ le ŋuwò la, ke ahiã be nàtsri sukli, adi nu bubu ɖo eteƒe.

Ðikekemanɔmee la, Amesi wɔ numiemie wɔnuku sia, si nye foŋfoŋ—wònye aƒla dzɔtsu, si wote ŋu zãna le mɔ geɖe nu kple eƒe nunya wɔ dɔ ɖe mía dzi vavã!

[Aɖaka si le axa 16]

Beet Ye loo alo Foŋfoŋue

Agblemenu eve siwo bɔ ɖe xexeame mee wowɔa sukli tsoe. Teƒe xɔdzowoe wodoa foŋfoŋ le, eye eyae wotsɔ wɔa sukli si wowɔna le xexeame la ƒe alafa memama 65 ya teti. Wowɔa alafa memama 35 mamlɛa tso numiemie si nye beet ƒe ɖoɖo me, eye wodea woƒe agble le teƒe siwo fa wu, abe Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe Europa kple Dziehe Amerika ene. Sukliawo ɖia wo nɔewo.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Dzotɔtɔ foŋfoŋ do ŋgɔ na wo tsotso

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Foŋfoŋtsomɔ̃. Agbleŋlɔʋu le tasiaɖam hem

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 15]

Nɔnɔmetata siwo katã le axa 15-18: Queensland Sugar Corporation