Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbegbɔgblɔ—Eʋua Mɔ na Dzeɖoɖo Ganyea Eƒe Mɔxenu

Gbegbɔgblɔ—Eʋua Mɔ na Dzeɖoɖo Ganyea Eƒe Mɔxenu

Gbegbɔgblɔ—Eʋua Mɔ na Dzeɖoɖo Ganyea Eƒe Mɔxenu

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE MEXICO GBƆ

“Ŋutinya aɖeke mate ŋu ana míanya tɔtrɔ siwo tututu va le amewo ƒe ŋutinya, woƒe hadome ɖoɖowo, kple woƒe dzixɔsewo kpakple seselelãmewo me wu ŋkuléle ɖe woƒe gbegbɔgblɔ ŋu o.”—MARTÍN ALONSO.

LE ŊUTINYA katã me la, gbegbɔgblɔ—alesi wòwɔ va dzɔ, eƒe agbɔsɔsɔme, kple alesi wòtrɔnae—wɔa nuku na agbalẽnyalawo. Le nyateƒe me, woƒe seselelãme mawo tsi anyi vaseɖe egbe gɔ̃ hã—abe alesi wokpɔ blema nuŋlɔɖi akpa gãtɔ ta ene—eye gbegbɔgblɔ ŋutɔe na wòte ŋu dzɔ alea. Ðikekemanɔmee la, gbegbɔgblɔe nye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi amegbetɔwo tona ɖoa dze kple wo nɔewo.

Fifi laa la, gbegbɔgblɔŋutinunyala aɖewo bu akɔnta be wodoa gbe siwo ade 6,000 alo esi wu nenema le xexeame katã, gbetagbewo mele eme o. Gbe si wodona wu kura ye nye Chinatɔwo ƒe Mandaringbe, si amesiwo wu miliɔn 800 dona. Gbegbɔgblɔ ene siwo kplɔe ɖo, menye le ame agbɔsɔsɔme si donɛ ta kokoko o, ye nye Eŋlisigbe, Spaingbe, Hindigbe, kple Bengalgbe.

Nukae dzɔna ne amesiwo tso teƒe vovovowo va le teƒe ɖeka, eye woƒe gbegbɔgblɔwo va tsaka? Le go bubu me la, aleke amehawo ƒe ɖeɖe ɖe aga kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe gbegbɔgblɔ dzii? Mina míakpɔ alesi gbegbɔgblɔ hea dzeɖoɖo ƒe kadodo vɛ—kple alesi wògate ŋu xea mɔ nɛ ɖa.

Pidgin, Creole, Kple Gbe Siwo Bɔ

Dutadukɔwo ƒe amedziɖuɖu, dukɔwo dome sitsatsa, kple ame dede fuwɔamegaxɔ me gɔ̃ hã nye nɔnɔme siwo na amewo va kpɔe be ehiã be yewoadi mɔ aɖe si dzi yewoato aɖo dze le esi womese wo nɔewo ƒe gbewo gɔme o ta. Eyata wodze gbea dodo le mɔ si ɖiɖi ɖe anyi, alo le bɔbɔe gɔme. Woɖe asi le gbeŋutisewo ŋu, hezã nya ʋɛwo ko, eye wogblɔa nya siwo aɖe vi na akpa evea siaa ko. Aleae wowɔ kpaa gbewo dona eye woyɔnɛ be pidgin. Togbɔ be pidgin nye gbegbɔgblɔ si wobɔbɔ ɖe anyi hã la, enye gbegbɔgblɔ si ŋuti sewo le. Gake ne nusita wokpae ɖo megali o la, ate ŋu abu.

Ne pidgin va zu gbe si ame akpa gãtɔ dona le dukɔ aɖe me la, wokpea nya yeyewo ɖe eŋu, eye wova daa asi ɖe gbea ŋuti sewo dzi. Eva zua gbe si wokpa tso gbegbɔgblɔ vovovowo me eye woyɔnɛ be creole. To vovo na pidgin la, ameawo ƒe dekɔnuwo dzena le creole ya me. Egbea, wodoa gbe siwo wobɔbɔ ɖe anyi, pidgin, kple esi wokpa tso gbegbɔgblɔ vovovowo me, creole—siwo wotu ɖe Eŋlisigbe, Fransegbe, Portugalgbe, Swahiligbe, kple gbe bubuwo dzi—le xexeame. Wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã va zu gbe si ame akpa gãtɔ dona le dukɔ aɖewo me, abe Tok Pisin si wodona le Papua New Guinea, kple Bislama si wodona le Vanuatu ene.

Mɔnu bubu siwo dzi wotona ɖoa dze enye gbegbɔgblɔ si bɔ la dodo. Gbe si bɔ nye gbe si ameha siwo ƒe degbewo to vovo dona. Le kpɔɖeŋu me, le Central African Republic la, gbe vovovo dolawo te ŋu doa Sango tsɔ ɖoa dzee. Le agbalẽnyalawo dome la, Eŋlisigbe kple Fransegbe nye gbe bɔbɔ siwo wodona. Wobua pidgingbewo be wonye gbe bɔbɔ, eye woate ŋu abu creole hã nenema.

Nuto vovovo siwo le dukɔ aɖe me la me tɔwo ate ŋu ato gbegbɔgblɔ si wodona le dukɔa me ƒe mɔnu bubuwo vɛ, eye woyɔnɛ be gbetagbe. Alesi nutoa sa ɖe agae la, nenemae woƒe gbea hã ato vovoe. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, gbetagbe aɖewo va toa vovo tso gbe siwo me wodzɔ tso gbɔ ale gbegbe be wova zua gbegbɔgblɔ le wo ɖokui si. Le nɔnɔme aɖewo me la, menɔa bɔbɔe na gbegbɔgblɔŋutinunyalawo be woade vovototo gbegbɔgblɔ kple gbetagbe dome o. Azɔ hã, esi wònye gbegbɔgblɔwo nɔa tɔtrɔm ɖaa ta la, gbetagbewo buna ɣeaɖewoɣi le esi womegazãnɛ o ta, eye woƒe dekɔnuwo hã buna.

Mawu ƒe nunanae gbegbɔgblɔ nye. (Mose II, 4:11) Gbegbɔgblɔ ƒe tɔtrɔ nukutɔe alea ɖe alesi nunana sia te ŋu trɔna ɖe nɔnɔmewo nui fia. Míate ŋu asrɔ̃e le gbegbɔgblɔ ŋu hã be ameha aɖeke mexɔ asi wu nɔvia o, elabena gbegbɔgblɔ aɖeke meli míagblɔ be ebɔbɔɖeanyi wu o. Abe alesi wòle le Mawu ƒe nunana bubuwo gome ene la, amesiame doa gbe aɖe, eɖanye aleke ke woƒe dekɔnu le alo afisi wole o. Tso gɔmedzedzea me ke la, amesiame ƒe gbegbɔgblɔ nyo nɛ, eye wòɖoa eƒe taɖodzinu gbɔ. Edze be woade bubu ɖesiaɖe ŋu, metsɔ le ame xexlẽme si donɛ me o.

Ŋutinya me Kple Hadome Ŋusẽkpɔɖedzinuwo

Alesi ameƒomea dina le dzɔdzɔme nu be yeanɔ ameha aɖe me la dzena le gbegbɔgblɔ me. Ewɔe be ne ameha vovovowo wɔ ɖeka—si nye nusi bɔ—la, dzeside aɖe tsia anyi le ameha mawo ƒe gbegbɔgblɔwo me eye wònɔa anyi ɣeyiɣi didi.

Le kpɔɖeŋu me, esi wònye Arabgbe mee woɖe Spaingbe si wobuna be enye Latingbe si ŋu wotrɔ asi le la me nya geɖe tsoe ta la, Moslemtɔwo ƒe Spaintɔwo ƒe anyigba xɔxɔ le ƒe alafa enyilia me ŋuti nuŋlɔɖi geɖe tsi Spaingbe me. Woate ŋu akpɔ Helagbe, Fransegbe, Eŋlisigbe, kple gbegbɔgblɔ bubuwo hã ƒe dzesi le Spaingbe me. Gakpe ɖe eŋu la, gbe si amesiwo nɔ Amerika nyigbagãa dzi le blema dona la dzena le Spaingbe si wodona le afima me. Le kpɔɖeŋu me, Nahuatlgbe si wodona le Aztec Titina Amerika me nya geɖe dze le Spaingbe si wodona le afima me.

Alesi ko ame ƒe degbe ɖea dukɔ si me wòtso alo nuto si me wòtso gɔ̃ hã fianae la, gbe aɖe dodo ate ŋu aɖe ƒuƒoƒo si me amea le afia, abe dɔ si wòwɔna, asitsaha, dekɔnu alo kamedefefe si ƒomevi wòwɔna, alo nuvlowɔha gɔ̃ hã. Nusiwo wòwɔna la sɔ gbɔ. Gbeŋutinunyalawo yɔa nya vovovo siwo ameha siawo zãna be nyakpakpawo, alo gbetagbe gɔ̃ hã.

Gake ne fuléle le dukɔwo kple gbe vovovo dolawo alo amehawo dome la, gbegbɔgblɔ meganyea nusi tea amewo ƒoa ƒui o. Ate ŋu ava zu mɔxenu kpe ɖe nusiwo maa amewo dome ŋu.

Gbegbɔgblɔwo ƒe Etsɔme

Dzeɖoɖo wɔa dɔ geɖe. Le go ɖeka me la, wodina be woatsɔe aɖe gbegbɔgblɔ ƒe mɔxenuwo ɖa, vevietɔ to nyatakakamɔnu vovovowo dzi. Le Encyclopædia Britannica ƒe nya nu la, Eŋlisigbe nye ame 1 le 7 ɖesiaɖe me ƒe degbe alo esrɔ̃e dona. Eyata eyae nye gbe bɔbɔtɔ si wodona wu le xexeame. Alesi amewo zãnɛ ʋu mɔ be ame geɖe naɖo dze ahana nyatakaka wo nɔewo.

Le go bubu me la, dometsotso si gbegbɔgblɔwo he vɛ wɔ akpa aɖe le mama, fuléle, kple aʋawɔwɔwo hehe vɛ me. The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Ne amewo katã do gbe ɖeka la, . . . nyuidiname adzi ɖe dzi le dukɔwo dome.” Gake nyuidiname ma abia tɔtrɔ gãwo ŋutɔ wu gbegbɔgblɔ ɖeka si woazã ko. Gbegbɔgblɔwo Wɔla nunyala la koe ate ŋu ana amewo nado gbe ɖeka.

Biblia, si nye mɔnu si koŋ Mawu zãna tsɔ ƒoa nu na amegbetɔwo, ɖee fia kɔte be Mawu aɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ɖa kpuie eye wòatsɔ dziɖuɖu si aɖu dzi tso dziƒo—eƒe Fiaɖuƒea—aɖo eteƒe. (Daniel 2:44) Fiaɖuƒe ma ana ameƒomea katã nawɔ ɖeka le ŋutifafa ƒe dzɔdzɔenyenye nuɖoanyi yeye me le anyigba dzi afisia.—Mateo 6:9, 10; Petro II, 3:10-13.

Egbea gɔ̃ hã, gbegbɔgblɔ dzadzɛ—si nye Yehowa Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti nyateƒea—le ame miliɔn geɖe siwo tso gbegbɔgblɔwo, dukɔwo, kple subɔsubɔha siwo me wonɔ tsã me la tem ƒo ƒui. (Zefanya 3:9) Eyata nunya anɔ eme be le Mawu ƒe xexe yeyea me la, agate ŋu ana amewo awɔ ɖekae wu to alesi wòana woado gbe ɖekae dzi, be wòaɖe nusi wòwɔ le Babel la ɖa.

[Aɖaka si le axa 10]

Gbegbɔgblɔwo Dzɔtsoƒe

Yehowa Mawu si nye Wɔla nuwo katã nyala la wɔa gbegbɔgblɔ ŋudɔ le mawudɔla siwo le dziƒo gome. (Hiob 1:6-12; Korintotɔwo I, 13:1) Esi wòwɔ amegbetɔwo la, ede gbegbɔgblɔ kple ŋutete be woakekee ɖe nu wo me. Kpeɖodzi aɖeke meli be blemagbe aɖe li si me wonɔa gbe tem le o. To vovo na ema la, bu numeɖeɖe si Encyclopædia Britannica na le Sumergbe, si nye gbegbɔgblɔ xoxotɔ kekeake si wonya be woŋlɔ ŋu kpɔ: “Sumergbe me dɔwɔnya, . . . si woŋlɔa dzesi vovovowo ɖe egɔmedzedze, eme, kple le eƒe nuwuwu la wɔe be egɔme menya sena o.”

Le ƒe alafa 20 lia D.M.Ŋ. me la, amegbetɔwo dze agbagba be yewoaɖu ameƒomea dzi le Sinear Gbadzaƒe, le Mesopotamia, eye wodze Babel Mɔ la tutu hena subɔsubɔ gɔme, wònye tsitretsitsi ɖe Mawu ƒe sedede be woakaka ‘ayɔ anyigba dzi’ la ŋu. Gbegbɔgblɔ vovovowo va do esi Mawu tɔtɔ gbe ɖeka si wodona, eye wògblẽ tameɖoɖo vɔ̃ɖi gblẽnu si nɔ wo si la me.—Mose I, 1:28; 11:1-9.

Biblia me nuŋlɔɖia megblɔ be gbegbɔgblɔ gbãtɔ mee gbewo katã do tso o. Nusi Mawu wɔ le Sinear enye be eto nyagbe kple tamebubu mɔnu yeyewo vɛ, si na gbegbɔgblɔ vovovowo va do. Eyata agbagba siwo wodze be woanya gbegbɔgblɔ gbãtɔ si me bubuawo do tso la mekpɔ dzidzedze o.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Mawu tɔtɔ gbe na amegbetɔ dzeaglãwo le Babel