Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Ðetsɔtsɔ Le Gbɔgbɔyɔyɔ me Va Bɔ Alea?

Nukatae Ðetsɔtsɔ Le Gbɔgbɔyɔyɔ me Va Bɔ Alea?

Nukatae Ðetsɔtsɔ Le Gbɔgbɔyɔyɔ me Va Bɔ Alea?

Woɖe nusi gbɔgbɔyɔyɔ nye gɔme be eyae nye “edzixɔxɔse be ne amegbetɔ ku la, eƒe gbɔgbɔ nɔa agbe le eƒe ŋutilã ƒe kuku megbe eye wòte ŋu ƒoa nu kple agbagbeawo, zi geɖe to amegbetɔ si nye gbɔgbɔyɔla dzi.”

LE ƑE 1998 me la, agbalẽ aɖe si ƒo nu tso alesi woawɔ ado ka kple ame kuku va dze ame geɖe ŋu le United States ale gbegbe be le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, exɔ nɔƒe gbãtɔ le agbalẽ siwo woƒlena wu le agbalẽ siwo katã ƒe ŋkɔ New York Times yɔ la dome.

Ƒe ʋɛ aɖewo va yi le Moscow la, dunyahelawo kple asitsalawo va ƒo wo ɖokui ɖe vivimeŋusẽwo yɔyɔ kple gbɔgbɔyɔyɔ takpekpewo dede me ŋutɔ, eye woxea ga gbogbowo be yewoaxɔ aɖaŋuɖoɖowo.

Le Brazil la, ame gbogbo aɖewo kpɔa fefewɔlawo ƒe gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔna siwo woɖena le television dzi.

Le amesiwo le Afrika kple Asia dometɔ geɖe gome la, gbɔgbɔyɔyɔ nye nuwɔna si bɔ abe alesi nudzadzra le asime bɔe ene.

Nusita Ame Geɖe Va Le Gbɔgbɔ Yɔm

Ame geɖe yɔa gbɔgbɔ kple susu be yewoakpɔ akɔfafa le yewoƒe lɔlɔ̃tɔwo ƒe ku megbe. Wote ŋu xɔa nyatakaka tɔxɛ siwo dzena abe ame kukua gbɔe wòtso ene to gbɔgbɔyɔlawo dzi. Esia na be amesiawo siwo ame ku na la xɔnɛ sena be yewoƒe lɔlɔ̃tɔawo le agbe eye be kadodo kple ame kukua akpe ɖe yewo ŋu yewoanɔ te ɖe yewoƒe nyadzɔɖeamedzia nu.

Ame bubuwo yɔa gbɔgbɔ elabena wogblɔ na wo be gbɔgbɔawo akpe ɖe wo ŋu be woakpɔ dɔyɔyɔ na dɔlélewo, woavo tso ahedada me, be amesi ƒe nu dze wo ŋu nalɔ̃ wo, woakpɔ srɔ̃ɖeɖemekuxiwo gbɔ, alo woakpɔ dɔwɔɖui. Eye ame bubu geɖewo hã yɔa gbɔgbɔ le esi wodi be yewoanya nusi wònye ko ta.

Gake susu bubu si eŋutinunyala bibi aɖe gblɔ be eya hã tae ame miliɔn geɖe yɔa gbɔgbɔe nye be wofia wo be gbɔgbɔyɔyɔ nye “subɔsubɔmɔnu bubu” si “kpe ɖe Kristotɔnyenye ŋu.” Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye subɔsubɔnuwɔna siwo yia edzi le Brazil.

Brazil ye Roma Katolikotɔwo sɔ gbɔ ɖo wu le le xexeame, gake abe alesi agbalẽŋlɔla Sol Biderman gblɔe ene la, “hamevi geɖe sia bosomikaɖi le vɔsamlekpui siwo wu ɖeka dzi eye wobui be [naneke] megblẽ le eŋu o.” Le nyateƒe me la, Brazil nyadzɔdzɔgbalẽ Veja ka nya ta be amesiwo dea gbɔgbɔyɔƒewo le Brazil dometɔ 80 le alafa me nye Katolikotɔ siwo de tsi ta siwo xɔa Misa hã. Ne ègabu alesi nunɔla aɖewo gɔ̃ hã dea gbɔgbɔyɔƒewoe hã ŋu la, ke nusita sɔlemedela geɖewo bui be Mawu da asi ɖe kadodo kple gbɔgbɔwo hena akɔfafa kpɔkpɔ kple mɔfiafia xɔxɔ dzi la me akɔ na wò. Gake ɖe wòda asi ɖe edzia?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 3]

Gbɔgbɔyɔyɔ Ƒomevi Vovovowo

Gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔna aɖewoe nye nubiabia le gbɔgbɔyɔlawo gbɔ, nubiabia ame kukuwo, alo afakadzesiwo didi. Gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi aɖe si bɔe nye afakaka—agbagbadzedze be woanya etsɔme alo nusiwo do viviti ɖe ame to gbɔgbɔwo ƒe kpekpeɖeŋu me. Afakaka ƒomevi aɖewoe nye ɣletivimefakaka, ahuhɔ̃emefakaka, drɔ̃e gɔmeɖeɖe, asiƒomefakaka, kple afakaka ƒe aɖidagbalẽviwo tsɔtsɔ gblɔ etsɔme ɖi.