Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusita Wòle be Nàtsri Gbɔgbɔyɔyɔ

Nusita Wòle be Nàtsri Gbɔgbɔyɔyɔ

Nusita Wòle be Nàtsri Gbɔgbɔyɔyɔ

NE WOGBLƆ na wò be gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi aɖewo nye mɔ siwo dzi wotona kena ɖe gbɔgbɔ nyuiwo ŋu la, ke nusi Biblia gblɔ le gbɔgbɔyɔyɔ ŋu awɔ nuku na wò. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be: ‘Migayi ŋɔliyɔlawo gbɔ o, eye migabia nu le bokɔnɔwo gbɔ o, bena miagaƒo ɖi o.’Mose III, 19:31; 20:6, 27.

Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ le amesi yɔa gbɔgbɔ ŋu be “ŋunyɔnu wònye na Yehowa.” (Mose V, 18:11, 12) Nukatae? Ŋkuléle ɖe nusi Biblia gblɔ tso gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔna vevi aɖe—si nye nuƒoƒo kple ame kuku—ŋu nyuie akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖoa.

Ðe Ame Kukuwo Le Agbea?

Mawu ƒe Nya, Biblia, fia nu be amewo mate ŋu aƒo nu kple woƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku o, si nye nusi to vovo na alesi ame geɖe bunɛ. Nukatae? Enye nyateƒe be hafi ame aɖe nate ŋu aƒo nu kple ame kuku la, ke ele be ame kukua nanɔ agbe ŋutɔŋutɔ. Ele be woƒe akpa aɖe nayi edzi anɔ agbe le ku megbe. Ame aɖewo gblɔna be luʋɔ la yia edzi nɔa agbe le ŋutilã la ƒe kuku megbe. Nyateƒee wònyea?

Nusi Biblia gblɔ le amegbetɔ wɔwɔ ŋue nye be: ‘Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.’ (Mose I, 2:7) Ðe esia meɖee fia be amea ŋutɔe nye luʋɔ, eye be luʋɔ makumaku aɖeke mele esi si yia edzi nɔa agbe le ŋutilãa ƒe kuku megbe oa? Le nyateƒe me la, Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.” (Xezekiel 18:4) “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o . . . Nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe o,” afimae nye ameƒomea ƒe yɔdo.—Nyagblɔla 9:5, 10.

Eyata le Biblia ƒe nya nu la, luʋɔ la menye nu si yia edzi nɔa agbe le ŋutilã la ƒe kuku megbe si ame gbagbewo ate ŋu aƒo nu kplii o. Biblia-nyala bibi eve aɖewo siwo ƒo nya ta be luʋɔ la kuna ƒe numenyawoe nye si. Canadatɔ mawunyaŋutinunyala Clark H. Pinnock gblɔ be: “Nukpɔsusu sia [si nye be amegbetɔ ƒe luʋɔ mekuna o] kpɔ ŋusẽ ɖe mawunyafiafia dzi ɣeyiɣi didi ŋutɔ, gake menye Biblia mee wòtso o. Biblia mefia nu be luʋɔ makumaku le mía si tso dzɔdzɔme o.” Nenema ke Britaintɔ agbalẽnyala John R. W. Stott gblɔ be: “Nukpɔsusu si nye luʋɔ makumaku—si fia be womate ŋu atsrɔ̃e o—la dzɔ tso Helatɔwo gbɔ ke menye tso Biblia me o.”

Gake amewo xɔa gbedasiwo eye wosea gbeɖiɖi siwo dze abe ɖe wotso ame kukuwo gbɔ ene. Ke amekawo tututue le nua ƒom?

Amekae Woƒoa Nu Kplii?

Biblia gblɔ be gbɔgbɔmeme makpɔmakpɔ aɖe zã da aɖe abe alesi ayetɔ aɖe awɔ abe nu maƒonu aɖe si le egbɔe le nu ƒom ene tsɔ ƒo nu kple nyɔnu gbãtɔ, Xawa, eye wòna wòdze aglã ɖe Mawu ŋu. (Mose I, 3:1-5) Biblia yɔ gbɔgbɔmeme, alo mawudɔla sia be “da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela.” (Nyaɖeɖefia 12:9) Satana sia te ŋu ble mawudɔla bubuwo hã wodze aglã. (Yuda 6) Woyɔa mawudɔla vɔ̃ɖi siawo be gbɔgbɔ vɔ̃wo eye Mawu ƒe futɔwoe wonye.

Biblia ɖee fia be gbɔgbɔ vɔ̃wo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo dzi. (Luka 8:26-34) Eyata mewɔ nuku o be Mawu ƒe Sea gblɔ be: “Nukala kple ŋɔliyɔla aɖeke meganɔ dowòme o. Amesiame, si le nusia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.” (Mose V, 18:10-12) Afɔku kawoe le se sia dzi mawɔmawɔ me?

Fia Saul si nɔ anyi le blema Israel ƒe agbemenuteƒekpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ aɖe ɖo biabia ma ŋu. Le Fia Saul ƒe vɔvɔ̃ na eƒe futɔwo ta, eyi va bia nu le nyɔnu ŋɔliyɔla aɖe gbɔ. Ebia tso nyɔnua si be wòayɔ nyagblɔɖila Samuel si ku la na ye. Esi Saul se alesi ŋɔliyɔlaa ɖɔ amesi wòkpɔ si nye amegãɖeɖi aɖee vɔ la, etsɔe be Samuel ye ŋɔli sia nye. Eye gbedasi kae Saul xɔ? Eyae nye be woatsɔ Israel ade asi na futɔwo, eye Saul kple viaŋutsuwo ava “Samuel” gbɔ, si fia be woaku. (Samuel I, 28:4-19) Aleke Mawu se le eɖokui mee esi Saul va bia nu ŋɔliyɔla la? Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be: ‘Saul ku le eƒe nuteƒemawɔmawɔ kple le esi wòde ŋɔliyɔlawo hã gbɔ ɖabia nu ta.’ (Kronika I, 10:13) Emetsonu vɔ̃ɖi ka gbegbee nye si!

Nenema ke egbea hã, amesiwo yɔa gbɔgbɔ le wo ɖokui dem afɔku gã aɖe me. Biblia xlɔ̃ nu be “afakalawo” aku “ku evelia [alo, ku mavɔ].” (Nyaɖeɖefia 21:8; 22:15) Eyata eme kɔ ƒã be nunyanu si míawɔ akpɔ míaƒe agbe tae nye be míatsri gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi ɖesiaɖe.

Alesi Nàtsi Tre Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃ɖiwo Ŋui

Ke ne ènye gbɔgbɔyɔla xoxo ɖe? Ekema anyo be nàɖe afɔ aɖewo kaba atsɔ akpɔ ɖokuiwò kple wò ƒomea ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nuveviwɔame me. Afɔɖeɖe kawoe? Le kpɔɖeŋu me: Aleke wowɔna kpɔa ame ƒe aƒeme kple ƒomea ta tso nugbagbeviwo si mee? Ne amea ɖe wo ɖa le eƒe aƒeme vɔ la, eɖea nusiwo hea nugbagbeviawo vɛ hã ɖa. Exea glia ƒe gbagbãƒe siwo nye woƒe toƒewo eye wògatrɔa asi le glia ŋu be wòaxe mɔ na nugbagbeviawo ƒe vava ake, eye ne nugbagbeviawo gbe dzodzo la, abia kpekpeɖeŋu tso eŋutinunyalawo gbɔ atsɔ ɖe wo ɖae.

Afɔ siawo tɔgbe ɖeɖe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtsi tre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo ŋu ado le woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te. Bu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Efeso siwo nye gbɔgbɔyɔlawo hafi va zu Kristotɔwo ŋu kpɔ. Esi woɖoe be yewoadzudzɔ gbɔgbɔyɔyɔ la, woɖe afɔ etɔ̃ aɖewo tsɔ kpɔ wo ɖokui ta tso gbɔgbɔ vɔ̃ɖi siwo le abe nugbagbeviawo ene ƒe amedzidzedze me. Nukae wowɔ?

Afɔɖeɖe Gbãtɔ

Biblia gblɔ be: “Ame geɖe, siwo ka afa la, wotsɔ woƒe agbalẽwo va ƒo ƒu, eye wotɔ dzo wo le wo katã ƒe ŋku me.” (Dɔwɔwɔwo 19:19) Esi Kristotɔ yeye mawo tɔ dzo woƒe gbɔgbɔyɔgbalẽwo la, woɖo kpɔɖeŋu ɖi na amesiwo katã di egbea be yewoatsi tre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu. Tsɔ nusianu si do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ ƒu gbe. Nusiawo ƒe ɖewoe nye agbalẽwo, magazinewo, nukokoedonamegbalẽwo, videowo, nuŋɔŋlɔ alo nutatawo, nusianu si le elektrɔnik-mɔ̃wo dzi, kple hadzidzi siwo wolé ɖe agba alo kasɛt dzi si do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ, kpakple atiblɛwo alo nu bubu siwo wodona alo wotsina ɖe ŋui be “woakpɔ ame ta.”—Mose V, 7:25, 26; Korintotɔwo I, 10:21.

Ŋutsu aɖe si nye gbɔgbɔyɔla le Anyiehe Amerika dukɔ aɖe me ƒe geɖe tsɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia wɔ dɔe. Egblɔ be “gbeɖeka meƒo nye gbɔgbɔyɔnuwo katã nu ƒu ɖe nye aƒe ŋkume, eye metsɔ fia fli wo kakɛkakɛe.” Emegbe etɔ dzo nusianu vaseɖe esime wofia keŋkeŋ. Ema megbe la, ewɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyuiwo eye eteƒe medidi o eva zu subɔla dovevienu aɖe le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me.

Gake afɔ gbãtɔ sia ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Nukatae? Nya lae nye be ƒe geɖe le Efeso Kristotɔ mawo ƒe dzotɔtɔ woƒe akunyawɔgbalẽawo vɔ megbe gɔ̃ hã la, apostolo Paulo ŋlɔ be: ‘Míele kame tem kple vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔwo.’ (Efesotɔwo 6:12) Gbɔgbɔ vɔ̃awo mena ta o. Woganɔ agbagba dzem kokoko be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. Nu bubu kae gahiã be Kristotɔ mawo nawɔ?

Afɔfɔɖeɖe Evelia

Paulo xlɔ̃ nu ƒe alafa gbãtɔ me Efesotɔawo be: “Mido Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu.” (Efesotɔwo 6:11) Aɖaŋuɖoɖo ma sɔ na mí egbea hã. Abe alesi ko amesi le agbagba dzem be yeaɖe nugbagbeviwo ɖa le eƒeme agatrɔ asi le gliawo ŋu atsɔ axe mɔ na nugbagbeviawo ƒe vava akee ene la, nenema ke wòle be Kristotɔwo nabla akpa wu tsãe be gbɔgbɔ vɔ̃wo nagakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o. Nukae afɔ evelia sia ɖeɖe bia?

Paulo te gbe ɖe edzi be: ‘Hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la milé xɔse ƒe akpoxɔnu, si miate ŋu atsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe atsurɔ bibiawo la me ɖe asi.’ (Efesotɔwo 6:16) Akpoxɔnu sia hiã ŋutɔ. Alesi wò xɔse sẽ ŋui la, nenemae nàte ŋu atsi tre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋui.—Mateo 17:20.

Ke aleke nàwɔ abla akpa ɖe wo ŋu wu tsã? To alesi nàyi edzi asrɔ̃ Biblia mee. Mɔ ka nue Biblia sɔsrɔ̃ do ƒome kple xɔse le? Abe alesi gli ƒe sesẽ nɔ te ɖe eƒe gɔmeɖokpe ƒe sesẽme dzii ene la, nenema ke ame ƒe xɔse ƒe sesẽ nɔ te ɖe nusi dzi wònɔ te ɖo ƒe sesẽme dzii. Nukae nye gɔmeɖokpe ma?

Eyae nye Mawu ƒe Nya ƒe sidzedze vavãtɔ. Apostolo Paulo ɖe nu me be: “Xɔse la tsoa nusi wose la me. Eye nusi wose la to nya si tso Kristo ŋuti la me.” (Romatɔwo 10:17, NW) Míele kpewòm be nàna Yehowa Ðasefowo nava srɔ̃ Biblia kpli wò femaxee, le ɣeyiɣi si asɔ na wò me kple le afisi asɔ na wò. Nusɔsrɔ̃ ma ado ŋusẽ wò xɔse. (Romatɔwo 1:11, 12; Kolosetɔwo 2:6, 7) Nukae anye emetsonu? Madidi o wò xɔse azu glikpɔ si anye akpoxɔnu na wò ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu.—Psalmo 91:4; Yohanes I, 5:5.

Nukae nye afɔ etɔ̃lia si Kristotɔ siwo nɔ Efeso ɖe?

Afɔɖeɖe Etɔ̃lia

Le blema Efeso la, xɔsetɔ yeye mawo ɖe afɔ tsi tre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu, gake Kristotɔ mawo kpɔtɔ nɔ du si me gbɔgbɔvɔ̃subɔsubɔ bɔ ɖo me. Wogahiã ametakpɔkpɔ bubu. Eyata esi apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na haxɔsetɔawo la, egblɔ nusi woawɔ la na wo be: “Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le Gbɔgbɔ me, eye eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, ne mianɔ kukuɖeɖewo dzi ɖaahe ɖe ame kɔkɔewo katã ta.”—Efesotɔwo 6:18.

Nyateƒee, gbedodoɖa vevie ɣesiaɣi abia Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ nye afɔɖeɖe vevi aɖe si hiã le ametakpɔkpɔ tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me le ɣemaɣi kple fifia siaa. Eye efaa akɔ na ame be nànya be Yehowa aɖo kuku siwo nàɖe tso dzi me ŋu ahakpɔ tawò, eye takpɔkpɔ sia ƒe ɖee nye mawudɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu si wonana. (Psalmo 34:8; 91:2, 3, 11, 14; 145:19) Eyata ele vevie be míado gbe ɖa na Mawu madzudzɔmadzudzɔe be, “Ðe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me!”—Mateo 6:13; Yohanes I, 5:18, 19.

Antônio si nye gbɔgbɔyɔla tsã le Brazil va kpɔ gbedodoɖa ƒe vevienyenye dze sii. Esi wòlɔ̃ wosrɔ̃ Biblia kplii eye wònya Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa la, edo gbe ɖa na Yehowa Mawu vevie biae be wòakpe ɖe ye ŋu yeadzudzɔ gbɔgbɔyɔyɔ. Esi wòtrɔ kpɔ megbe la, egblɔ be: “Gbedodoɖa na Yehowa zu sitsoƒe na mía kple ame bubu siwo nye kluviwo na gbɔgbɔ vɔ̃wo tsã.”—Lododowo 18:10.

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzedze

Le Yehowa nyanya vɔ megbe la, ele vevie be nàɖo ŋu ɖe eŋu bliboe, abɔbɔ ɖe eƒe ŋusẽ te, eye nàwɔ eƒe sewo dzi. Ne èwɔ esia la, akpɔ tawò ne èbia kpekpeɖeŋui hezã eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ. Antônio kpɔ takpɔkpɔ ma tɔgbe. Egbea enye Kristotɔ hamemegã le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me le São Paulo eye edzɔ dzi nɛ be yeva ke ɖe nyateƒe si na ablɔɖe ye ŋu.—Yohanes 8:32.

Abe Antônio kple ame akpe bubu geɖe siwo nye gbɔgbɔyɔlawo tsã eye fifia wole Yehowa Mawu subɔm ene la, wò hã àte ŋu adzudzɔ gbɔgbɔyɔyɔ dzidzedzetɔe. Eyata ɖe nusiwo katã do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ ɖa, srɔ̃ Biblia be wò xɔse nasẽ ŋu, eye nàdo gbe ɖa abia Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ. Ðe afɔ siawo—wò agbe nɔ te ɖe wo dzi!

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Biblia gblɔ be, agbagbeawo mate ŋu aƒo nu kple kukuawo o

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

1. Ðe nusiwo katã do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ ɖa

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

2. Yi Biblia sɔsrɔ̃ dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

3. Do gbe ɖa vevie ɣesiaɣi