Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuxaxa—Ðe Wòle Be Woaɖee Afia?

Nuxaxa—Ðe Wòle Be Woaɖee Afia?

Nuxaxa—Ðe Wòle Be Woaɖee Afia?

ÐƆKTA Elisabeth Kübler-Ross gblɔ le eƒe agbalẽ si nye On Children and Death (Le Ðeviwo Kple Ku Ŋu) me be: “Ame tsitsi geɖe ŋutɔ sea veve le esi womedzudzɔ nuxaxa le nya gbãdziname siwo dzɔ ɖe wo dzi le ɖevime ŋu o ta. Eyata ehiã be woaɖe mɔ na ɖeviwo be woaxa nu eye woagayɔ ŋkɔwo abe avigo alo nyɔnugbɔvi ene na wo o, eye mele be woaɖe ɖeklemi wo agblɔ be ‘Ŋutsu mefaa avi o.’”

Nya sia mewɔ ɖeka kple alesi wowɔa nui le dukɔ aɖewo me o, si nye be mele be woaɖe mɔ nusi nye ame ƒe seselelãme nadze o.

Amekukudzraɖola aɖe ƒe Nuteƒekpɔkpɔ

Robert Gallagher si nye amekukudzraɖola le New York, amesi Nyɔ! bia gbee, ƒe nyawo ɖe vovototo sia fia. Wobiae be ekpɔ vovototo aɖe le alesi Amerika-vidzidziwo xaa nui kple amedzro siwo ʋu tso Latin-Amerika dukɔwo me va tɔ dome hã.

“Mekpɔ vovototo gã aɖe le wo dome. Esi medze dɔ sia gɔme le ƒe 1950-awo me la, Italytɔ siwo ʋu va tsi dukɔa me ƒe dzidzimevi gbãtɔwo ƒe ƒome geɖe nɔ míaƒe nutoa me. Nu wɔa dɔ ɖe wo dzi ŋutɔ. Fifia wo viwo kple tɔgbuiyɔvi kpakple mamayɔviwo ƒe kunyawo gbɔe míekpɔna, eye nu megawɔa dɔ ɖe wo dzi ale o. Womegaɖea woƒe nuxaxa fiana nenema gbegbe o.”

Hebritɔ siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ɖea woƒe nuxaxa kple seselelãmewo fiana. Kpɔ alesi Biblia ƒo nu tso nusi Yakob wɔ ŋu esime wona wòbu be lã wɔadã aɖee vuvu via Yosef ɖa: ‘Yakob dze eƒe awu, sa papahũ ɖe ali, eye wòfa konyi na via ɣeyiɣi didi aɖe. Viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo katã fa akɔ nɛ ʋuu do kpoe. Ke egblɔ bena: “Matsɔ konyifafa ayi vinye gbɔe le tsiẽƒe boŋ.” Eye fofoa fa nɛ.’ (Mose I, 37:34, 35) Ẽ, mekpe ŋu na Yakob be wòafa avi le via si bu nɛ ta o.

Dukɔ Vovovo Kple Nuwɔna Vovovo

Nyateƒee, dukɔ vovovo kple woƒe nuwɔna vovovowoe li. Le kpɔɖeŋu me, le Nigeria ƒe akpa geɖe la, togbɔ be ƒomewo dzia vi geɖe eye ku bɔ le dɔléle vovovowo ta hã la, agbalẽŋlɔla aɖe si kpɔ nuteƒe ƒe 20 sɔŋ le Afrika gblɔ be: “Ne ɖevi ku la, wofaa konyi ŋutɔ, vevietɔ ne vi gbãtɔ wònye eye woxaa nu vevie wu ne enye ŋutsuvi. Vovototoae nye be le Nigeria la, woxaa nu vevie ŋutɔ gake mexɔa ɣeyiɣi didi o. Womexaa nu ɣleti geɖe alo ƒewo o.”

Le Mediterranea alo Latin-Amerika dukɔwo me la, wonyi amewo le nuto siwo me wobua seselelãmewo ɖeɖefia faa le be enye nusi le dzɔdzɔme nu. Le dukɔ mawo me la, woɖea dzidzɔ kple blanuiléle fiana le dutoƒo. Gbedoname mesena ɖe asinana ame nɔewo ko dzi o; wowɔa atuu na wo nɔewo vividodoɖeameŋutɔe hã. Nenema ke zi geɖe la, wofaa avi eye wofaa konyi le dutoƒo tsɔ ɖea nuxaxa fianae.

Agbalẽŋlɔla Katherine Fair Donnelly gblɔ be vifofo si ƒe vi ku “sea veve menye le alesi via ƒe ku na wòtɔtɔ le susu me ɖeɖeko ta o ke be woava bu ye be menye ŋutsue yenye o le esi yeɖe yeƒe nuxaxa fia le dutoƒo hã ta.” Gake eɖe nu me be, “ame ƒe vi ƒe ku nye nya gã ale gbegbe be se siwo ku ɖe alesi woaɖe ame ƒe seselelãme afiae ŋu mekpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. Nuxaxa anukwaretɔe ƒe aɖatsi si tso seselelãme ememetɔ me si ɖea vevesese ɖa le luʋɔ la me sɔ kple ŋutilã ƒe akpa aɖe sisi be dɔlékui si le afima nado go.”

Eyata le nuxaxa gome la, woɖenɛ fiana le dukɔ aɖewo me wu bubuwo me. Gake mele be woabu nuxaxa kple avifafa be wonye gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi o. Yesu Kristo gɔ̃ hã “fa avi” esi exɔlɔ̃ Lazaro ku, togbɔ be Yesu nya be madidi o yeafɔe ɖe tsitre hã.—Yohanes 11:35.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]

Mekpe ŋu na Yakob be wòafa avi le via si bu nɛ ta o