Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèkpɔa Nu Yia Ŋgɔ Wu Nusi Wò Ŋku Te Ŋu Kpɔna?

Ðe Nèkpɔa Nu Yia Ŋgɔ Wu Nusi Wò Ŋku Te Ŋu Kpɔna?

Ðe Nèkpɔa Nu Yia Ŋgɔ Wu Nusi Wò Ŋku Te Ŋu Kpɔna?

ƲUKULAWO mate ŋu akpɔ nusi le lɔrimɔ ƒe akpa si mele dzedzem o eye wòxa la le eɖokuisi o. Gake ne woda ahuhɔ̃e ɖe akpa ma la, ate ŋu ana wòakpɔ ʋu si gbɔna eye wòaƒo asa na afɔku. Nenema ke amegbetɔwo mate ŋu akpɔ Wɔla makpɔmakpɔ la o. Ke ɖe mɔ aɖe li si dzi woato anya ne Ame aɖe li nenemaa?

Ƒe alafa gbãtɔ me nuŋlɔla aɖe gblɔ alesi míawɔ ate ŋu adze si nusi míate ŋu akpɔ kple ŋku o. Eŋlɔ be: “Tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa [Mawu ƒe] numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me, bena taflatsedodo aɖeke naganɔ wo si o.”—Romatɔwo 1:20.

Bu nya mawo ŋu kpɔ. Ðe nèkpɔ be nunya dzena le nusiwo ƒo xlã mí siwo amegbetɔwo mate ŋu awɔ o la mea? Ðe nu mawo kpe ɖe ŋuwò nèkpɔe kple ‘wò nugɔmesese ƒe ŋkuwo’ be ame aɖe li si de ŋgɔ wu amegbetɔa? Mina míade ŋugble le kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.—Efesotɔwo 1:18.

Nusɔsrɔ̃ tso Xexemenuwɔwɔ Me

Ðe yamenuto si me ɣletiviwo yɔ fũ le zã si me ɣleti mele ɖiɖim le o ƒe atsyɔ̃ɖoɖo deŋgɔa wɔ nuku na wò, eye nèkpɔe be Wɔla Gã aɖe anya nɔ anyia? Blematɔ aɖe si léa ŋku ɖe nu ŋu gblɔ be: “Dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia, eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwɔwɔ.” Ŋutsu sia yi ŋugble me gblɔ be, “Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo nèwɔ la, nuka nye amegbetɔ, be nèɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be nèléa ŋku ɖe eŋu?”—Psalmo 8:4, 5; 19:2.

Ele dzɔdzɔme nu be nuwɔwɔ siwo wɔ nuku ale gbegbe be amegbetɔwo mate ŋu agbugbɔ awɔ wo o la nawɔ nuku na mí. Hakpanya xɔŋkɔ aɖe me nya aɖewo gblɔ be: “Mawu ɖeka koe ate ŋu awɔ ati.” Gake vidzĩ ƒe wɔwɔme si me dzilawo ƒe mɔfiame aɖeke menɔna o gawɔ nuku wu sasasã. Ne vifofo ƒe tsinyenye va wɔ ɖeka kple vidada ƒe azi la, ezua lãmenugbagbevi, eye ɖoɖowɔwɔwo dzea egɔme enumake le DNA alo domenyiŋusẽfianu si le lãmenugbagbevi yeyea me la me be woava zu vi. Wogblɔ le nyatakaka siwo le DNA me ŋu be “ne woŋlɔ wo ɖe agbalẽ me la, axɔ axa 600-gbalẽ ɖekaɖeka 1,000 sɔŋ.”

Ke hã nya la ƒe gɔmedzedzea koe nye ma. Lãmenugbagbevi gbãtɔ sia va mana zua eve, emegbe ezua ene, eye emegbe enyi, eye wòyia edzi nɔa mamam nenema. Anɔ abe ŋkeke 270 ene megbe la, wodzia vidzĩ si me lãmenugbagbevi miliɔn akpe teƒe akpe geɖe le, eye wonyea lãmenugbagbevi ƒomevi vovovo siwo awu 200. Eye ne èbu eŋuti kpɔ la, lãmenugbagbevi gbãtɔ ɖeka ma mee nyatakaka siwo katã hiã woatsɔ awɔ lãmenugbagbevi bubu ƒomevi vovovoawo ɖe ɣeyiɣi si sɔ tututu dzi le! Ðe wò dzi ʋãa wò be nàtsɔ kafukafu ana mía Wɔlaa? De dzesi kafukafu si hakpala la tsɔ nɛ, esi wòŋlɔ be: “Wòe wɔ nye ayikuwo, eye nèkpɔ tanye le danye ƒe dɔme. Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta.”—Psalmo 139:13-16.

Amesiwo srɔ̃ nu tso “nukunu” siawo ŋu tsɔa kafukafu naa nuawo wɔla le vɔvɔ̃ kple bubu me. Ðk. James H. Hutton si nye tatɔ na Chicago kple Illinois ƒe Atikewɔnyawo Gbɔkpɔhawo tsã gblɔ be lãmenugbagbeviawo ƒe “ŋutete wɔnuku si le wo si be wote ŋu tsɔa nyatakaka siwo le wo me naa lãmenugbagbevi bubu siwo xɔna ɖe wo teƒe wɔa nuku nam ale gbegbe. Ewɔ nuku ŋutɔ be míaƒe dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo kua nu me te ŋu srɔ̃ nu tso nusiawo ŋu. Gake Dziƒome Nyanu aɖe kokokoe anya wɔ ɖoɖo ɖe nu wɔnuku siawo ŋu.”

Ðk. Hutton yi edzi be: “Mesrɔ̃ nu tso lãmetsiŋutinunya ŋu yi ŋgɔ ʋɛ, eye nusɔsrɔ̃ le lãmetsiwo ƒe dɔwɔwɔ kple ŋutinu siwo wɔa wo ƒe dɔlélewo ŋu gana mekpɔe kɔte be Dziƒome Ŋusẽtɔ aɖee atrɔ asi le ŋutinu wɔnuku manyatana siawo kple alesi wowɔa dɔe la ŋu.” Eƒo nya ta be: “Ŋugbledede le nukunu siawo ŋu dze nam be eyae nye susu si ta wòle be woaxɔe ase be ame aɖe si ƒe ŋusẽ seɖoƒe meli na o eye wònye nuwo katã nyala ye wɔ ɖoɖo ɖe xexeame godoo ŋu, eyae na nuwo dze dɔwɔwɔ gɔme le eme eye wònye edziɖula.”

Esi Ðk. Hutton gblɔ nya siawo vɔ la, ebia be: “Mawu si nye Ame ŋutɔŋutɔ si léa ŋku ɖe atsutsurɔe ɖesiaɖe ƒe gege ŋue wònyea?” Eɖo eŋu be: “Le mɔ aɖe nu la, nyemeka ɖe edzi o. Eye nyemebui be etsɔa ɖeke le nye gbesiagbe nuwɔna siwo meɖi naneke le eŋkume o la me ŋutɔŋutɔ hã o.”

Nukatae ame geɖe lɔ̃ ɖe edzi be nunya dze le alesi wowɔ nuwɔwɔwo wonye “nukunui” la me gake wogakea ɖi le Mawu si nye ame ŋutɔŋutɔ si tsɔa ɖe le eme na ameƒomea ƒe anyinɔnɔ ŋu?

Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?

Ame geɖe bunɛ be ne Mawu aɖe li la, maɖe mɔ be amegbetɔwo nakpe fu alea gbegbe o. Nya si ame geɖe lɔ̃a biabiae nye be, “Afikae Mawu nɔ esime míenɔ eƒe kpekpeɖeŋu hiãm?” Fukpekpe siwo teƒe ame aɖe si tsi agbe le ame miliɔn geɖe siwo Nazitɔwo wu le Xexemeʋa II me kpɔ la na wòxa nu ŋutɔ hegblɔ be: “Ne ɖe wò aɖe ate ŋu aka nye dzi ŋu la, anye ne eƒe aɖi asi wò.”

Eyata kuxi sesẽe wònye na ame geɖe. Abe alesi blema ŋkuléɖenuŋula si ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ gblɔe ene la, Wɔla ƒe anyinɔnɔ ƒe kpeɖodziwo dze ƒã ne míelé ŋku ɖe alesi wowɔ nuwo ɖe ɖoɖo nui kple alesi wowɔ wo le aɖaŋu me nukutɔe ŋu. Gake ne Mawu si tsɔa ɖe le eme na mí ye wònye la, aleke wɔ Wòaɖe mɔ ɖe fukpekpe dziŋɔ siawo gbegbe ŋu? Be míanya amesi Mawu nye eye míasubɔe le mɔ nyuitɔ nu la, ke ele be míakpɔ ŋuɖoɖo si me kɔ na nyabiabia vevi ma. Afikae míakpɔe le?

Míele edom ɖe gbɔwò be nàdi agbalẽ gbadza si nye Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? ƒe mɔ. Àte ŋu akpɔ alesi nàwɔ ɖeka nasu asiwò le Nyɔ! sia ƒe axa 32 lia. Míebui be eƒe akpa siwo ƒo nu tso “Nusitae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo” kple “Nukae Do Tso Aglãdzedze La Me?” ana ŋuɖoɖo siwo kɔ nu me la wò.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Ðe nusiawo na nèkpɔe be Wɔla aɖe anɔ anyia?