Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Nu Makpɔmakpɔwo Ŋu—Nukawoe Dze?

Ŋkuléle Ðe Nu Makpɔmakpɔwo Ŋu—Nukawoe Dze?

Ŋkuléle Ðe Nu Makpɔmakpɔwo Ŋu—Nukawoe Dze?

NUKAE dzɔna ne amegbetɔwo zã nutovɛ yeyewo tsɔ kpɔ nusiwo womete ŋu kpɔna tsã o? Ewɔnɛ be wonyaa nusi womenya tsã o la nyuie vaseɖe afi aɖe.—Kpɔ aɖaka si le ete.

Ɣeaɖeɣi va yi la, ame geɖe susui be anyigbae le xexeame ƒe domedome. Gake didiƒekpɔmɔ̃ zazã va ɖee fia be ɣletinyigbawo, si me anyigba hã le, le yame heƒoa xlã ɣea. Le nyitsɔ laa sia si wova wɔ nusuekpɔmɔ̃ sẽŋuwo la, amegbetɔwo te ŋu lé ŋku ɖe atɔm ŋutɔ ŋu, eye wova kpɔ alesi atɔm ƒomevi aɖewo wɔa ɖeka kple bubuwo hewɔa nusi woyɔna be molecule-wo.

Bu nu vovovo siwo ƒo ƒu hafi zu tsi si hiã vevie hena agbenɔnɔ la ƒe molecule ɖeka ŋu kpɔ. Le alesi wowɔ woe ta la, hydrogen (haidrodzin) ƒe atɔm eve wɔa ɖeka le mɔ tɔxɛ aɖe nu kple oxygen (ɔksidzin) ƒe atɔm ɖeka eye wòzua tsi molecule ɖeka—esiawo ƒe biliɔn geɖe ye nyea tsi ƒe gege toŋ ɖeka! Nukae míate ŋu asrɔ̃ ne míelé ŋku ɖe tsi ƒe molecule kple alesi wòtrɔna le nɔnɔme vovovo me la ŋu?

Tsi ƒe Nukunuwo

Togbɔ be tsi ƒe gege toŋtoŋ dzena nu tsɛ aɖe ŋutɔ hã la, enye nusi gɔmesese goglo ale gbegbe. Le nyateƒe me la, Ðk. John Emsley si nye dzɔdzɔmeŋutinunya ŋuti nuŋlɔla le Imperial College, le London, England, gblɔ be eyae nye “nusi ŋu wowɔ numekuku le wu, gake ekpɔtɔ nye nusi ŋu womenya nu geɖe le o wu.” New Scientist magazine gblɔ be: “Tsi ŋutɔŋutɔe nye nusi bɔ le tsinuwo dome le anyigba dzi wu, gake eya kee ganye nusiwo gɔme womese o wu dometɔ ɖeka.”

Ðk. Emsley ɖe nu me be togbɔ be tsi dze nu tsɛ aɖee hã la, “nu bubu aɖeke gɔmesese le alesi wòtrɔnae me meɖu ta na ame de enu o.” Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be: “Ele be H20 nanɔ ya ƒe nɔnɔme me hafi, . . . gake enye tsi. Gawu la, ne tsi bla . . . zu tsikpe la, enɔa tsi ŋgɔ, ke meyia to,” abe alesi wòle be wòanɔ hafi ene “o.” Ðk. Paul E. Klopsteg, si nye Amerikatɔwo ƒe Habɔbɔ Hena Dzɔdzɔmeŋutinunya Dodoɖeŋgɔ ƒe tatɔ va yi gblɔ le tsi ƒe tɔtrɔ sia si mesɔ ɖe alesi míakpɔ mɔe nu o ŋu be:

“Edze abe ɖe wotrɔ asi le eŋu alea etɔxɛe be wòalé tsimenugbagbewo abe tɔmelãwo ene ƒe agbe ɖe te ene. Bu nusi adzɔ ne ɖe tsi metrɔna abe alesi woƒo nu tso eŋu va yi ene ne ebla zu kpe o la ŋu kpɔ. Anye ne tsikpea anɔ kpe zuzu dzi ʋuu vaseɖe esime ta blibo nazu tsikpe eye tɔmelãwo katã natsrɔ̃.” Ðk. Klopsteg gblɔ be tsi ƒe tɔtrɔ sia si mesɔ ɖe alesi míakpɔ mɔe nu o la nye “kpeɖodzi be aɖaŋudzela si nye tameɖola gã aɖe le dɔ dzi le xexeame.”

New Scientist gblɔ be numekulawo susu be fifia yewonya nusita alesi tsi trɔnae to vovo na alesi wokpɔa mɔ be anɔ. Woto nufiafia gbãtɔ vɛ ku ɖe alesi tututu tsi wɔna ne ele kpe zum ŋu. Numekulaawo va kpɔe be: “Nya la gɔmesese nɔ te ɖe dometsotso si le ɔksidzin ƒe atɔm siwo le tsi kple tsikpe dome la dzi.”

Ðe mewɔ nuku oa? Nusi ƒe molecule ɖi nu tsɛ ale gbegbe la gɔme menya le sesem na amegbetɔ o. Eye gabu eŋu kpɔ be tsi ye sɔ gbɔ le amegbetɔ ƒe ŋutilã me wu! Ðe wò hã nèkpɔe le nukunu si dze le molecule si me nu vovovo eve ƒe atɔm etɔ̃ pɛ ko le la me be enye “kpeɖodzi be tameɖola gã aɖe le dɔ dzia”? Ke hã tsi ƒe molecule le sue ale gbegbe eye eme nuwo mesɔ gbɔ de molecule bubuwo nu kura o.

Molecule Siwo me Nuwo Sɔ Gbɔ

Dzɔdzɔmenu ɖekaɖeka nɔɖokuisi vovovo 88 siwo metsaka kple bubu aɖeke le anyigba dzi o dometɔ akpe nanewoe le molecule aɖewo me. Le kpɔɖeŋu me, dzɔdzɔmenu ɖekaɖeka nɔɖokuisi gbogbo aɖe ƒe miliɔn geɖe ate ŋu anɔ domenyiŋusẽfianu DNA (si nye deoxyribonucleic acid ƒe ŋɔŋlɔ kpuie le Eŋlisigbe me), si me alesi nu gbagbe ɖesiaɖe ava nɔ ŋuti domenyinyi nya ɣaɣlawo le, ƒe molecule me!

Togbɔ be nu gbogbo siawo le DNA ƒe molecule me hã la, eƒe kekeme katã koe nye milimeta 0.0000025 si le sue akpa be woakpɔ kple ŋku negbe ɖe wozã nusuekpɔmɔ̃ sẽŋu ko hafi. Ƒe 1944 me hafi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va kpɔe be DNA la mee alesi ame ava nɔ ŋu nyawo le. Nusia si ŋu wova ke ɖo la na wote numekuku detowo wɔwɔ le molecule deŋgɔ sia ŋu.

Ke hã DNA kple tsi nye molecule vovovo siwo wozãna le nuwo ƒe tutume la dometɔ eve ko. Eye esi wònye molecule geɖe le nusiwo me agbe le kple nusiwo me agbe mele o siaa me ta la, ɖe wòle be míaƒo nya ta be vovototo sue aɖe koe le nugbagbewo kple nusiwo me agbe mele o domea?

Nenemae ame geɖe susui ɣeyiɣi didi aɖe. Nugbagbevisuewo ŋutinunyala Michael Denton ɖe nu me be: “Agbalẽnyala geɖe gblɔe kaŋ le ƒe 1920 kple 1930 ƒeawo me be ne wova se alesi nuwo kple dzɔdzɔmenu siwo le wo me wɔa dɔe yi ŋgɔ me la, woava ɖe dometsotsoa ɖa.” Gake nuka ŋu wova ke ɖo mlɔeba?

Agbe Nye Nu Tɔxɛ si Ƒomevi Meli O

Togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nɔ mɔ kpɔm be yewoakpɔ alesi nusiwo me agbe mele o nanɔ tɔtrɔm vivivi azu nusiwo me agbe le hã la, Denton gblɔ be “wova kpɔ kpeɖodzi” be nuwo anɔ abe alesi wowɔ woe ene ɖaa “mlɔeba le tɔtrɔ gã siwo va le lãmenugbagbeviŋununya me le ƒe 1950 ƒeawo ƒe gɔmedzedze me.” Denton yi edzi gblɔ numeɖeɖe ɖedzesi aɖe si me va kɔ na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo fifia be:

“Menye dometsotso si le nugbagbewo kple nusiwo me agbe mele o dome koe míeva nya fifia o, ke boŋ be eyae nye dometsotso vevitɔ si wɔ nuku wu le dzɔdzɔme nudzɔdzɔwo katã me. Vovototo gã aɖe si le nugbagbeviwo kple nusiwo menye nugbagbewo o, siwo wowɔ le ɖoɖo deŋgɔ nu, abe kristalo alo snokpe ene la dome.”

Esia mefia be molecule wɔwɔ le bɔbɔe o. Agbalẽ si nye Molecules to Living Cells ɖe nu me be “atikemenu suesue siwo wɔa ɖeka zua molecule suewo la de ŋgɔ ale gbegbe.” Gake egblɔ kpee be molecule mawo wɔwɔ “le bɔbɔe ale gbegbe ne wotsɔe sɔ kple nusiwo wòle be woadzɔ ɖe eyome hafi woate ŋu awɔ lãmenugbagbevi si me agbe le.”

Lãmenugbagbeviwo te ŋu nyea nugbagbevi suesue siwo nɔa agbe le wo ɖokui si, alo wowɔa ɖeka kple nugbagbevi bubuwo abe alesi wòle le amegbetɔwo me ene. Ne wotsɔ lãmenugbagbevi 500 ƒo ƒui hafi wòade tɔtɔdzesi si le nyagbe sia ƒe nuwuwu nu. Eyata mewɔ nuku o be womate ŋu atsɔ ŋku gbɔlo akpɔ lãmenugbagbevi ƒe dɔwɔwɔ o. Ekema nuka ŋue woake ɖo ne wotsɔ nusuekpɔmɔ̃ lé ŋku ɖe lãmenugbagbevi siwo le amegbetɔ ƒe ŋutilã me la dometɔ ɖeka ŋu?

Lãmenugbagbevi—Ðe Wòdzɔ le Vome alo Ðe Wowɔe?

Gbã la, alesi lãmenugbagbevi siwo me agbe le me nuwo de ŋgɔe la wɔa nuku na ame ale gbegbe. Dzɔdzɔmeŋutinunya ŋuti nuŋlɔla aɖe gblɔ be: “Hafi lãmenugbagbevi si mede ŋgɔ kura o gɔ̃ hã natsi la, ebia be atikemenu akpe nanewo nawɔ ɖeka kple wo nɔewo le ɖoɖo tɔxɛ nu.” Ebia be: “Aleke wòate ŋu adzɔe be atikemenu 20,000 nawɔ dɔ ɖe ɖoɖo nu le lãmenugbagbevi sue ɖeka me le ɣeyiɣi ɖeka me?”

Michael Denton tsɔ lãmenugbagbevi suetɔ kekeake siwo me agbe le la sɔ kple “adzɔnuwɔƒe aɖe si le sue ŋutɔ si me wozãa mɔ̃ deŋgɔ siwo ŋu akpa vovovowo le hena molecule wɔwɔ, eye atɔm siwo ade biliɔn alafa ɖeka le eme, si wɔe be wòde ŋgɔ wu mɔ̃ ɖesiaɖe si amegbetɔ wɔ kpɔ, eye eƒomevi aɖeke meli le nusiwo me agbe mele o la dome o.”

Abe alesi February 15, 2000, ƒe The New York Times gblɔe ene la, alesi lãmenugbagbeviwo wɔ nukui la gɔmesese kpɔtɔ ɖea fu na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kokoko, eye wòyi edzi be: “Zi geɖe alesi agbeŋutinunyalawo se lãmenugbagbevi siwo me agbe le ƒe dɔwɔwɔ gɔmee la, zi geɖe nenemae alesi wowɔa dɔe la gɔmesese bliboe gasesẽna ɖe edzii na wo. Amegbetɔ ƒe lãmenugbagbevi akpa gãtɔ si le sue akpa be ŋku nakpɔ, gake ɣesiaɣi la, domenyiŋusẽfianu 100,000 siwo le eme la dometɔ 30,000 nɔa dɔ dzi vevie be woakpɔ lãmenugbagbevia ƒe nuhiahiãwo gbɔ, alo nɔa dɔ wɔm le nyatakaka siwo tso lãmenugbagbevi bubuwo gbɔ ŋu.”

Times la bia be: “Aleke woawɔ asrɔ̃ nu tso mɔ̃ si le sue nenema gbegbe evɔ eŋutinuwo sɔ gbɔ ŋutɔ la ŋu? Eye nenye be wote ŋu to nukumɔ aɖe dzi srɔ̃ nu tso amegbetɔ ƒe lãmenugbagbevi ɖeka ŋu hese egɔme bliboe gɔ̃ hã la, ne mede ɖeke o la, eƒomevi vovovo siwo ade 200 ya tetie le amegbetɔ ƒe ŋutilã me.”

Woka nya ta le Nature magazine me nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Nuwɔwɔ ƒe Mɔ̃wo Ŋutɔŋutɔ” me be mɔ̃ sue aɖewo le lãmenugbagbevi siwo le ŋutilã me la dometɔ ɖesiaɖe me. Mɔ̃ siawo ɖɔa li wo nɔewo wɔa ŋusẽdoamenu si woyɔna be adenosine triphosphate (ATP) si nye afisi lãmenugbagbeviwo xɔa ŋusẽdodo tsonɛ. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe gblɔ be: “Nukawo gbegbee míate ŋu awɔ ne míeva nya alesi míawɔ mɔ̃ siwo ate ŋu awɔ molecule wòde esi míeva kpɔ le lãmenugbagbeviwo me la nu?”

Bu nuwɔŋutete si le lãmenugbagbevi ŋuti la ŋu kpɔ ko! Nyatakaka siwo le míaƒe ŋutilã me lãmenugbagbevi ɖeka pɛ ko ƒe domenyiŋusẽfianu, DNA, me ade agbalẽ sia ƒe axa miliɔn ɖeka! Gawu la, ɣesiaɣi si lãmenugbagbevi me nama be bubu nava dzɔ la, wonaa nyatakaka siawo katã yeyea hã. Èsusu be aleke wòdzɔe be woɖo nyatakaka siawo ɖe ɖoɖo nu—de lãmenugbagbevi siawo dometɔ ɖesiaɖe—siwo ade triliɔn 100 le wò ŋutilã me la me? Ðe wòdzɔ le vomea, alo Nuwɔla Aɖaŋuwɔla Bibi aɖee wɔe?

Ðewohĩ wò nyataƒoƒo asɔ kple agbeŋutinunyala Russell Charles Artist tɔ. Egblɔ be: “Alesi míawɔ anya alesi [lãmenugbagbevi] wɔ va dzɔ, kple alesi wòyia edzi wɔa dɔe la gɔmesese sesẽ na mí, eye edze abe aglo mí gɔ̃ hã ene, negbe ɖe míelɔ̃ ɖe edzi nunyatɔe be nunyala aɖee wɔe.”

Nuwo ƒe Ðoɖo Nyui Nu Nɔnɔ

Ƒe aɖewo va yi la, Kirtley F. Mather, si nye anyigbaŋutinunyafiala le Harvard Yunivɛsiti ɣemaɣi la ƒo nya ta be: “Menye xexe si va dzɔ le vome, alo esi ŋu ɖoɖo aɖeke mele o mee míele o, ke boŋ esi ŋu Se kple Ðoɖo le mee. Nunya le Ðoɖo siwo kplɔnɛ la me eye edze be woade bubu deto eŋu. De ŋugble le dzɔdzɔmekɔntabuɖoɖo wɔnuku, si wɔnɛ be míete ŋu naa atɔm ƒe xexlẽdzesi siwo kplɔ wo nɔewo ɖo la nusianu si li ƒe atɔm ŋu kpɔ.”

Na míade ŋugble le “dzɔdzɔmekɔntabuɖoɖo wɔnuku” ma ŋu vie. Nusiwo * wonya le blema la dometɔ aɖewoe nye sika, klosalo, akɔbli, gaɣi, kple gayibɔ. Blema numekula siawo va de dzesi nu bubu siwo nye arsenic, bismuth, kple antimony le Titinaɣeyiɣiwo me, eye emegbe le ƒe 1700 ƒeawo me la, wova ke ɖe nu geɖe wu ŋu. Le ƒe 1863 me la, wozã kekelimamɔ̃ si te ŋu dea vovototo amadede tɔxɛ si dona tsoa tomenu ɖesiaɖe me tsɔ ke ɖe tomenu si nye indium ŋu, eye eyae nye nu 63 lia si ŋu woke ɖo.

Ɣemaɣi la, Russiatɔ atikedokpɔla Dmitry Ivanovich Mendeleyev gblɔ be gɔmedzenuawo meva dzɔ ɖoɖo aɖeke manɔŋui o. Mlɔeba le March 18, 1869, dzi la, woxlẽ eƒe nuƒogbalẽ si nye “Ðoɖo si Nu Gɔmedzenuwo Le” na Russiatɔwo ƒe Atikemenu Ŋutinunyalawo ƒe Habɔbɔ. Egblɔ le agbalẽa me be: ‘Medi be maɖee fia be menye nudzɔleɖokuisie wònye be nuwo le ɖoɖo nu o ke boŋ gɔmeɖose aɖe koŋ si wɔa dɔ ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ nue wole.’

Mendeleyev gblɔ le agbalẽ sia si xɔ ŋkɔ me be: “Ele be míakpɔtɔ anɔ mɔ kpɔm be woagake ɖe gɔmedzenu siwo naneke metsaka o siwo mele nyanya o geɖe ŋu; le kpɔɖeŋu me, esiwo aɖi aluminium kple silicon, siwo nye gɔmedzenu siwo me atɔm ƒe kpekpeme si anɔ 65 va ɖo 75 anɔ.” Mendeleyev gblẽ teƒe ƒuƒluwo ɖi na gɔmedzenu yeye 16. Esi wobiae be wòaɖo kpe nusiwo wògblɔ ɖi dzi la, egblɔ be: “Kpeɖodzi mehiãm o. Dzɔdzɔmesewo metrɔna abe alesi gbeŋutisewo trɔnae ene o.” Egblɔ kpee be: “Meka ɖe edzi be ne wova ke ɖe gɔmedzenu siwo míenya o siwo ŋu nya megblɔ ŋu la, ame geɖe aɖo to mí.”

Nenema tututue wòdzɔe! Encyclopedia Americana ɖe nu me be: “Le ƒe 15 siwo kplɔe ɖo me la, gɔmedzenu siwo nye gallium, scandium kple germanium, siwo ŋu wova ke ɖo, eye woɖi esiwo ƒe nya Mendeleyev gblɔ ɖi la ɖo kpe dzɔdzɔmesewo ƒe nuŋutɔŋutɔnyenye dzi eye wona amesi ŋlɔ nu tso wo ŋu ƒe ŋkɔ de du.” Va ɖo ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, woke ɖe gɔmedzenu siwo katã li ŋu.

Eme kɔ ƒã abe alesi atikedokpɔla Elmer W. Maurer gblɔe ene be, “ɖoɖo nyui sia mate ŋu adzɔ le vome o.” Atikewo dodokpɔ ŋuti nufialagã John Cleveland Cothran gblɔ le alesi wòate ŋu adzɔe be gɔmedzenuwo nanɔ ɖoɖo nyui nu le wo ɖokui si ŋuti be: “Gɔmedzenu siwo katã ŋu nya [Mendeleyev] gblɔ ɖi siwo ŋu wova ke ɖo emegbe, eye woƒe nɔnɔme sɔ tututu kloe kple nusiwo wògblɔ ɖi la te fli ɖe nukpɔsusu ma me keŋkeŋ. Womeyɔa gɔmeɖose si ŋu wòƒo nu tsoe la be ‘Nuwo ƒe Dzɔdzɔ le Vome’ gbeɖe o. Ke boŋ woyɔnɛ be ‘Nuwo ƒe Dzɔdzɔ le Ðoɖo Nu.’”

Nusɔsrɔ̃ deto tso gɔmedzenuwo kple alesi wowɔa ɖeka wɔa nusiwo katã le xexeame ŋu ʋã dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala xɔŋkɔ P.A.M. Dirac, si nye akɔntafiala le Cambridge Yunivɛsiti kpɔ wògblɔ be: “Míate ŋu aƒo nu tso nɔnɔmea ŋu agblɔ be akɔntanyala bibie Mawu nye, eye ezã akɔntabubu si de ŋgɔ ŋutɔ le xexeame wɔwɔ me.”

Le nyateƒe me la, edoa dzidzɔ na ame ŋutɔ be wòalé ŋku ɖe nu suetɔ kekeake siwo nye atɔm, molecule, kple lãmenugbagbevi siwo me agbe le kpakple ɣletivihatsotso gã siwo le adzɔge ʋĩ si ŋku gbɔlo mate ŋu akpɔ o siaa ŋu! Ewɔa dɔ ɖe ame dzi ale gbegbe be míakpɔ alesi míele tsɛe adze sii. Aleke wòwɔ dɔ ɖe dziwòe? Nukawoe dze le nusiawo me na wò? Ðe nèkpɔ nusiwo wò ŋku gbɔlo mate ŋu akpɔ oa?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 31 Esi míewɔnɛ enye nusiwo me atɔm ƒomevi ɖeka le. Gɔmedzenu 88 koe li le wo ɖokui si le anyigba dzi.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Etsɔ Akpa be Ŋku Nakpɔ

Esi wònye sɔ si le du sim ƒe afɔ tsɔna ŋutɔ ta la, ƒe alafa 19 lia me tɔwo he nya le nenye be ɣeaɖewoɣi eƒe afɔwo katã kɔna le anyigba zi ɖeka ŋu. Mlɔeba le ƒe 1872 me la, Eadweard Muybridge dze egɔme wɔ fotoɖeɖe ƒe dodokpɔ aɖewo si va kpɔ nyaʋiʋlia gbɔ emegbe. Eto mɔnu aɖe vɛ si nye sinima gbãtɔ si woɖe si me nuwo ɖe abla le kabakaba wu.

Muybridge ɖo fotoɖemɔ̃ ɖekaɖeka 24 ɖe fli me eye wòna dometsotso vi aɖe nɔ wo dome. Etsi ka ɖe fotoɖemɔ̃awo dometɔ ɖesiaɖe ƒe akpa si naa fotoa ɖena ŋu eye wohe kaawo me tsɔ tso ga mɔ si dzi sɔa le du si ge ato, ale be ne sɔa le du dzi va yina la, eƒe afɔ lɔna kaawo eye fotoawo ɖena. Ŋkuléle ɖe fotoawo ŋu tsitotsito ɖee fia be ɣeaɖewoɣi la, sɔa ƒe afɔwo katã kɔna le anyigba zi ɖeka.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy George Eastman House

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Nukatae tsikpe nɔa tsi ŋgɔ le esi teƒe be wòayi to?

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Milimeta 0.0000025 ƒe kakɛ ɖeka koe nye DNA “molecule” ƒe lolome, gake nyatakaka siwo le eme axɔ agbalẽ sia ƒe axa miliɔn ɖeka

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

DNA ƒe dzedzeme le kɔmpiuta dzi: Donald Struthers/Tony Stone Images

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Le lãmenugbagbevi ɖesiaɖe—wo katã ƒe xexlẽme anɔ triliɔn 100—me la, atikemenu akpe nanewo wɔa dɔ le ɖoɖo nu

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Copyright Dennis Kunkel, University of Hawaii

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Russiatɔ atikedokpɔla Mendeleyev gblɔ be menye ɖe tomenuwo va dzɔ le vome o

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy National Library of Medicine