Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋugbledede si Ŋu Viɖe Le

Ŋugbledede si Ŋu Viɖe Le

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ŋugbledede si Ŋu Viɖe Le

“NYE NUMENYAWO KPLE NYE [DZIMEŊUGBLEDEDEWO] NEDZE ŊUWÒ, YEHOWA, NYE AGAKPE KPLE NYE XƆNAMETƆ!”—PSALMO 19:15.

NUKAE “ŋugbledede” fia na wò? Ne Ɣedzeƒesubɔsubɔ aɖewo ƒe nufiafiawoe nèsrɔ̃ la, àbui be ŋugbledede nye nane si naa ame ƒe tamesusu me kɔna ɖe edzi alo be eʋua susu me na ame etɔxɛe. Ŋugbledede si me Buddhatɔwo ƒoa wo ɖokui ɖo biana be woaɖe nusianu ɖa le ame ƒe susu me. Wogblɔ le ŋugbledede ƒe mɔnu bubuwo ŋu be ebiana be woana “nunya ŋuti nyateƒe deŋgɔwo” naxɔ susu me na ame.

Alesi Biblia ƒo nu tso ŋugbledede ŋui to vovo na esiawo. Le mɔ ka nu? Bu Biblia me kpɔɖeŋu si ku ɖe ŋutsu si ŋkɔe nye Isak, amesi esi wòxɔ ƒe 40 la, nu geɖe dze ŋgɔe si ŋu wòle be wòade ŋugble le, la ŋu kpɔ. Mose I, 24:63 gblɔ be: “Gbe ɖeka Isak yi gbe me le fiẽ, be [yeade ŋugble, NW].” Susu aɖeke meli si ta míabui be Isak ɖe nusianu ɖa le eƒe susu me alo be eƒo eɖokui ɖe ‘nunya ŋuti nyateƒe deŋgɔ’ aɖe si me mekɔ o ŋu bubu me o. Anɔ eme kokoko be nanewo koŋ nɔ anyi siwo ŋu Isak de ŋugble le, siwo ate ŋu anye eya ŋutɔ ƒe etsɔme, dadaa ƒe ku, alo amesi ava nye srɔ̃a ŋu bubu. Ezã eƒe vovoɣi aɖewo le fiẽ tsɔ de ŋugble, ɖewohĩ tso nya vevi siawo ŋu. Le Biblia me la, ŋugbledede bia nu geɖe wu susumetsaglãlatsatsa dzro ko.

Ŋugbledede Bia Nu Geɖe Wu

Bu hakpala Dawid ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Kuxi gbogbo siwo dze abe womate ŋu akpɔ ta na wo o ene dze ŋgɔe, eye enya nyuie be esi yenye ame madeblibo ta la, yehiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu be yeate ŋu awɔ nusi sɔ. Nukae do ŋusẽ Dawid le nɔnɔme sesẽwo me? Abe alesi woŋlɔe ɖe Psalmo 19:15 ene la, Dawid gblɔ be: “Nye numenyawo kple nye [dzimeŋugblededewo] nedze ŋuwò, Yehowa, nye agakpe kple nye xɔnametɔ!” Nusi Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le afisia be “ŋugbledede” fia le nyagbɔgblɔa ŋutɔ nue nye be “woaƒo nu na ame ɖokui.” Ẽ, Dawid “ƒo nu na eɖokui” le Yehowa, eƒe nuwɔwɔwo, eƒe asinudɔwɔwɔwo, eƒe sewo, kple eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu.—Psalmo 143:5.

Nenema ke Kristotɔ gbãtɔwo bu ɣeyiɣi aɖe ɖoɖo ɖi atsɔ ade ŋugble le gbɔgbɔmenuwo ŋu be enye yewoƒe nyateƒe tadedeagu la ƒe akpa aɖe. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔ aɖe li, eye ne kafukafu aɖe li la, misusu nusiawo ŋuti!” (Filipitɔwo 4:8) Gake hafi míate ŋu abu nya siwo tua ame ɖo ŋu la, ehiã be nusiawo siwo ŋu Paulo ƒo nu tsoe nage ɖe susu me na mí to mɔ aɖe nu. Aleke?

Hakpalaa ɖo eŋu na mí. Psalmo 1:1, 2 xlẽ be: “[Dzidzɔtɔe nye] amesi mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, . . . ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli.” Ẽ, hakpalaa xlẽ Mawu ƒe se ɣesiaɣi. Eyata ete ŋu de ŋugble le nusiwo wòsrɔ̃ tso Wɔla ŋu la ŋuti.

Ŋugbledede Egbea

Biblia xexlẽ hiã vevie ŋutɔ, gake le exexlẽ vɔ megbe la, ele be míade ŋugble, míabu nyawo ŋu vevie, alo “míaƒo nu na mía ɖokui” le nusi míexlẽ ŋu. Abe alesi wòhiã be nusi míeɖu nagbã hafi wòaɖe vi na míi ene la, nenema ke ŋugbledede hiãe ne míedi be nusi míexlẽ tso Biblia me nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi. Ŋugbledede si sɔ bia nu geɖe wu tamesusu manyomanyowo ɖeɖeɖa dzro ko. Ewɔnɛ hã be míebua aɖaŋuɖoɖo siwo nɔ te ɖe Biblia dzi ŋu le míaƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me. Ŋugbledede alea ate ŋu ana míanɔ te ɖe gbesiagbe dzimaɖitsitsiwo nu dzidzedzetɔe.—Mateo 6:25-32.

Hakpala Dawid kpɔ akpa vevi si ŋugbledede wɔna le Mawu ŋu dzedze me la dze sii. Egblɔ be: ‘Ame dzɔdzɔe ƒe nu gblɔa nunya kple gbe blewu.’ (Psalmo 37:30) Ẽ, ŋugbledede nye tadeagula wɔnuteƒe ƒe dzeside. Be Mawu nabu ame ame dzɔdzɔe enye yayra blibo, eye ehea gbɔgbɔmeviɖewo vɛ. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be “ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nɔa kɔkɔm ɖe edzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.” (Lododowo 4:18) Eyata Kristotɔ toɖola si ‘nu nunya dona le kple gbe blewu’ ate ŋu akpɔ mɔ be yeatsi le Biblia gɔmesese me.

Biblia gaxlɔ̃ nu Kristotɔwo be woade ŋugble le agbanɔamedzi siwo tso Ŋɔŋlɔawo me ŋu. Apostolo Paulo gblɔ na Timoteo be: ‘De ŋugble le nusiawo ŋu; ƒo ɖokuiwò ɖe wo me, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒã na amewo katã. Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.’ (Timoteo I, 4:15, 16) Ẽ, nya si míegblɔna kple nusi míewɔna ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi vevie ŋutɔ.

Eme kɔ ƒã be susu nyuiwo le mía si, siwo ta wòle be míayi ŋugble me ʋĩ le nusiwo le vevie ŋu. Ele vevie be míabu nusiwo teƒe míekpɔ va yi ŋu, ade ŋugble le nusiwo me tom míele fifia ŋu, eye míabu míaƒe etsɔme ŋu nyuie. Gake ƒo wo katã ta la, míaƒe ŋugbledede ana míaƒe nugɔmesese nade to wu ne míena míaƒe tamebubu nɔ te ɖe mía Wɔla, Yehowa Mawu, ƒe nunya dzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

“Tamebula la,” Rodin ƒe nukpakpɛ