Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbagba Siwo Medze be Mawɔ Tiatia Siwo me Nunya Le

Agbagba Siwo Medze be Mawɔ Tiatia Siwo me Nunya Le

Agbagba Siwo Medze be Mawɔ Tiatia Siwo me Nunya Le

ABE ALESI GUSTAVO SISSON GBLƆE ENE

Esi mexɔ ƒe 12 la, togbɔ be meƒo ɖokuinye ɖe tsiƒuƒu me ale gbegbe hã la, metso nya me be mava zu ɖɔkta. Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme, eye ewɔe be medi be mava zu subɔla. Nukae va dzɔ ɖe nye taɖodzinu kple didi vovovoawo dzi? Ðe wowɔ ɖeka kple wo nɔewoa?

LE ƑE 1961 me la, Olive Springate, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔla le Brazil, dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kpakple mía kple Dada. Esi Papa, amesi nye ɖɔkta si wobuna le Pôrto Alegre, tsi tre ɖe mía ŋu ta la, míedzudzɔ nua sɔsrɔ̃. Ke hã Olive yi edzi ƒoa nu kpli mí, eye mlɔeba meva de dzesii be nyateƒeae nye ma srɔ̃m menɔ. Gake ɣemaɣi la, tsiƒuƒu si me meƒo ɖokuinye ɖo la he nye susu ɖa le gbɔgbɔmenuwo ŋu.

Esi mexɔ ƒe 19 la, medo go nyɔnuvi dzetugbe aɖe si ŋkɔe nye Vera Lúcia le afisi meƒua tsi le, eye míete zɔzɔ. Dada ƒo nu nɛ tso míaƒe dzixɔsewo ŋu, eye wòdze eŋu. Eyata medi Olive yome mɔ, eye wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kpli mí, togbɔ be Vera Lúcia fofo tsia tre ɖe mía ŋu hã.

Vera Lúcia yi nusɔsrɔ̃a dzi, eye wòyi ŋgɔ le Biblia me sidzedze me. Edze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple dɔwɔla siwo le afisi meƒua tsi le gɔ̃ hã. Le ɣeyiɣi ma ke me la, nye ŋku biã ɖe dzadzraɖo hena dukɔa ƒe tsiƒuƒu hoʋiʋli si gbɔna ŋu.

Le míaƒe nusɔsrɔ̃ kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ƒe ɖeka kple edzivɔ megbe la, Vera Lúcia fofo de dzesii be nane nɔ dzɔdzɔm. Gbeɖeka esi míetso kpekpe gbɔ la, enɔ lalam eye wòbia be afika míetso hã. Meɖo eŋu be míetso Kristotɔwo ƒe kpekpe, hegblɔ kpee be togbɔ be ɖewohĩ mawusubɔsubɔ mele vevie na eya o hã la, enye ku kple agbe ƒe nya na míawo ya. Eɖe hũ eye wògblɔ be: “Nenye ku kple agbe ƒe nyae wònye la, ke nya aɖeke mele asinye o.” Tso gbemagbe la, eƒe nuwɔna trɔ, eye togbɔ be meva zu Yehowa Ðasefo gbeɖe o hã la, eva zu xɔlɔ̃ kplikplikpli, kple zɔhɛ le hiãɣiwo me.

Tiatiawo Wɔwɔ

Meɖoe do ŋgɔ be madzudzɔ tsiƒuƒuhoʋiʋliwo le dukɔa ƒe hoʋiʋliawo megbe, gake tsiƒuƒu mɔnu si amesiame di si me meɖu dzi le zi eve, kple meta 400 kpakple 1,500 ƒe tsiƒuƒu si meƒu le ɣeyiɣi kpui aɖe me, wònye zi gbãtɔ le Brazil, na wokpem be makpɔ gome le Pan Amerika Hoʋiʋliawo me le Cali, Colombia, le ƒe 1970 me. Togbɔ be Vera Lúcia melɔ̃ ɖe edzi be mayi o hã la, medze hehexɔxɔ gɔme na hoʋiʋlia.

Esi meƒu tsi nyuie le Cali ta la, hehenalawo biam ne malɔ̃ axɔ hehe hena Olympic-hoʋiʋliawo. Mebu tame le atikewɔwɔ nusɔsrɔ̃ si nu nyemekpɔ wu haɖe o kple nyateƒe wɔnuku siwo srɔ̃m menɔ ku ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖowo ŋu la ŋuti, eye meɖe asi le tsiƒuƒu tsɔtsɔ ɖo dɔe ŋu keŋkeŋ. Tso ɣemaɣi la, mewɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi kabakaba. Le ƒe 1972, si nye ƒe si me wowɔ Olympic Hoʋiʋliawo le Munich, Germany, la, mía kple Vera Lúcia míexɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me tsɔ ɖo kpe míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzii. Esia de dzi ƒo na Dada be wògadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eya hã va xɔ nyɔnyrɔ.

Le Dada ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, Papa ƒe tsitretsiɖeŋua nu gava sẽ ɖe dzi. Mlɔeba míaƒe ƒomea va gbã, eye esi wònye mekpɔtɔ nɔ yunivɛsiti ɣemaɣi ta la, dada ƒe dzudzɔxɔxɔledɔmefetu sue si wòxɔna kple ga si míekpɔ tso míaƒe aƒe si míedzra me koe míetsɔ kpɔa mía ɖokui dzii. Ewɔe be mía kple Vera míetutu míaƒe srɔ̃ɖeɖe yi ŋgɔe. Le nyateƒe me la, nufiame nyui siwo mexɔ tso Papa gbɔe kpe ɖe ŋunye be mewɔ nyametsotso siwo mewɔ la. Egblɔna zi geɖe be: “Mègavɔ̃ be yeato vovo o,” kple “Menye ɣesiaɣie ame gbogbotɔ ƒe nya nyea nyuitɔ o.” Nya siwo wòlɔ̃a gbɔgblɔ dometɔ ɖekae nye be: “Nusi ame te ŋu wɔna na ame bubuwoe wotsɔ dzidzea eƒe asixɔxɔe.”

Esi menye Yehowa Ðasefo ta la, mete ŋu tsɔ Papa ƒe aɖaŋuɖoɖo nyuiawo de dɔwɔna me. Menɔ eƒe abati gbɔ esime wòku le ƒe 1986 me. Míegava zu xɔ̃wo eye míedea bubu mía nɔewo ŋu. Mexɔe se be ekpɔa dzidzɔ ɖe ŋunye, le esi meva zu ɖɔkta abe eya ŋutɔ ene ta.

Do ŋgɔ na ema la, medo le atikesɔsrɔ̃suku le ƒe 1974 me. Meɖoe be manye atikewɔla ko, gake emegbe esi mebu nyaa ŋu yi ŋgɔ la, metso nya me be mate ŋu akpe ɖe nɔvinye Kristotɔwo ŋu geɖe wu ne mezu amekola. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Eyata metso nya me eye mezã ƒe etɔ̃ siwo kplɔe ɖo tsɔ xɔ hehe be mava zu amekola.

Nyahehe Sesẽ Aɖe

Nublanuinya aɖe si dzɔ helɔm ɖe emee nye Ðasefo nyɔnuvi ƒe 15 vi aɖe si ʋu nɔ ɖuɖum ɖe lãme na. Efu kpii eye ʋu menɔ lãme nɛ o, gake eƒe susu le te eye wòɖoe kplikpaa be yemaxɔ ʋu o. Esi mena eƒe ʋu sɔ gbɔ ɖe edzi megbe la, mewɔ dɔ le eƒe ʋuka ŋu eye mezã dzetsi fafɛ tsɔ klɔ teƒea be ʋua nadzudzɔ dodo le eŋu. Gbã la, eka ɖe eme, gake le gaƒoƒo 36 megbe esime wònɔ dɔléle sesẽwo gbɔkpɔƒe la, ʋua ganɔ dodom le vome. Togbɔ be ɖɔkta si nɔ egbɔ ɣemaɣi dze agbagba vevie hã la, mete ŋu tɔ te ʋua ƒe dodo o, eye nyɔnuvia ku.

Esi wòdzɔ nenema la, dɔwɔsewo ƒe kɔmiti ɖo asi dzinye be magawɔ dɔ o, eye wotsɔ nye nyaa na nutoa me atikewɔwɔ dɔdzikpɔƒea. Wotso nunye be meda le atikewɔse etɔ̃ dzi, si wɔe be woate ŋu axɔ nye atikewɔwɔ ŋuti mɔɖegbalẽvi le asinye eye nye dɔwɔɖui hã nagblẽ.

Kɔmitia nam ŋkeke 30 be matsɔ aŋlɔ ɖokuinyenuɖenya vɛ. Nye senyalawo dzra ɖo ɖe sea kple dukplɔse siwo matsɔ aɖe ɖokuinye nui ŋu, eye afima Kɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmitia me tɔ, siwo nye Yehowa Ðasefo siwo dina be yewoana kɔdziwo kple dɔnɔwo nawɔ nu aduadu la kpe ɖe ŋunye medzra ɖo ɖe atikewɔwɔ ƒe se siwo de dzinye ŋu. Le nyaa drɔ̃ƒe la, ɖoɖodzikpɔkɔmitia bia gbem koŋ ku ɖe nye ɖɔktanyenye kple Yehowa Ðasefo nyenye ŋu. Gake metu ɖokuinyenuɖenyawo ɖe atikewɔwɔ kple dzɔdzɔmeŋutinunya me sewo koŋ kple nyatakaka siwo amekola xɔŋkɔwo na dzi.

Ðaseɖinya siwo mena ɖo kpe edzi be dɔnɔa gbe be woagado ʋu na ye o eye be nyemewɔ naneke be matsɔ akpɔ ŋusẽ ɖe edzi le nyametsotso ma wɔwɔ me o. Eva dze le nyadɔdrɔ̃a me hã be le ɖɔkta ene siwo gbɔ wòde me la, nye ɖeka koe dze atike si wɔ ɖeka kple dɔnɔa ƒe didi eye wòsɔ ɖe eƒe nɔnɔmea nu la wɔwɔ gɔme nɛ.

Emegbe wotsɔ nye nyaa de asi na kɔmiti si awɔ nyametsotso. Meƒo nu aɖabaƒoƒo ewo tsɔ ʋli ɖokuinye tae, eye abe alesi mewɔe le ɖokuinyenuɖenya siwo meŋlɔ do ŋgɔ me ene la, atikewɔse siwo de dzinye ŋu koŋue meƒo nu tsoe. Esi meƒo nu vɔ la, kɔmitia me tɔ eve gblɔ be togbɔ be nyemedo ʋu nɛ o hã la, atike siwo mewɔ la sɔ ɖe atikewɔsewo nu. Ðɔkta bubu te gbe ɖe edzi be atikewɔwɔ ʋumazãmazãe wɔa dɔ, eye amewo tsia agbe le eme wu. Kɔmitia me tɔ mamlɛtɔ gblɔ be menye nya lae nye be ʋudodo na ame nyo alo menyo o. Nya lae nye ɖe wònyo be ɖɔkta nazi atikewɔwɔ si dɔnɔa medi o ɖe edzi hã, eye wògblɔ be gome ma mele ɖɔkta si o. Ewɔe be esi woda akɔ ɖe nyaa dzi la, ame 12 le kɔmitia me lɔ̃ ɖe edzi, eye ame 2 gbe be womate fli ɖe nutsotsoawo katã me o, si wɔe be ŋunye va kɔ.

Dɔnɔ ƒe Gomenɔamesiwo Taʋiʋli

Kɔdzi aɖewo xɔa gbeɖeɖe tso ʋɔnudrɔ̃ƒewo be woazi dɔnɔ siwo nye Ðasefowo dzi ne woaxɔ ʋu, eye ɣeaɖewoɣi la, meʋlia nya le ʋɔnu wotrɔa gbeɖeɖe mawo. Nya mawo dometɔ ɖeka ku ɖe Ðasefo aɖe si ƒe ʋuka te le eƒe vehlo me, si wɔnɛ be ʋu ɖuɖuna ɖe dɔme na ame ŋu. Ɣeyiɣi si me woxɔe ɖe kɔdzi la, ʋu vɔ le lãme nɛ xoxo—eƒe ʋumenugbagbevidzĩ me nuwo nɔ gram 4.7 le desilita ɖesiaɖe me. * Gbã la, womezi edzi be wòaxɔ ʋu o, eye vevesesenutsitikewo ko wowɔ nɛ.

Emegbe le dɔnɔa ƒe kɔdzi nɔnɔ kwasiɖa ɖeka megbe la, eƒe mo wɔ yaa esi ʋɔnudrɔ̃ƒedɔwɔla aɖe va egbɔ be ʋɔnudrɔ̃ƒe ɖe gbe be woado ʋu nɛ. Ɣemaɣi la, eƒe ʋumenugbagbevidzĩ me nuwo yi dzi ɖo gram 6.4 le desilita ɖeka me eye eƒe nɔnɔmea ka ɖe eme. Edze abe ʋumenugbagbevidzĩ me nu ƒe agbɔsɔsɔ gbãtɔ dzie ʋɔnudrɔ̃laa nɔ te ɖo wɔ eƒe nyametsotsoa, ke menye evelia si yi dzi wu la o.

Kɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmitia bia be yewoakpe ɖe ŋunye. Dɔnɔa bia be mado ye kpɔ. Medoe kpɔ eye emegbe mete ŋu kpɔ kɔdzi si woalɔ̃ awɔ atike nɛ ʋumanɔmee. Le ɣeyiɣi ma ke me la, eƒe senyalawo ʋli nya tsi tre ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe gbeɖeɖe be woado ʋu na dɔnɔa ŋu.

Woyɔm yi ʋɔnudrɔ̃laa ŋkume le ʋɔnu, eye wòbia gbem ku ɖe dɔnɔa ƒe nɔnɔme ŋu. Le nyaa dɔdrɔ̃ me la, eɖe gbe nam be mayi atikewɔwɔ na dɔnɔa dzi esime wokpɔtɔ le nya hem le gbe si ʋɔnudrɔ̃ƒea ɖe ŋu. Kaka ɣeyiɣi nade be míagayi ʋɔnua la, dɔnɔa ƒe lãme ka ɖe eme eye woɖe asi le eŋu. Esi wogayɔm be maɖi ɖase la, kɔdzia ƒe senyala tɔ gbem be maɖo kpe edzi be atike si mewɔ na dɔnɔa sɔ. Mehe atikewɔwɔ magazine aɖe si kɔdzi si teƒe wònɔ ŋutɔ ta la me nyati aɖe si kafu atikewɔmɔnu ma la fiae wòzu ŋukpe nɛ!

Esi wotso nya me la, dzi dzɔ mí esi míese be woda asi ɖe míaƒe nyametsotso be míawɔ atike ʋumanɔmee la dzi. Woɖe gbe na kɔdzia be wòaxe fewo katã, kple ʋɔnu nugblẽfewo. Togbɔ be kɔdzia bia be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ hã la, egadze wo dzi ake.

Míaƒe Ƒomea Dzi Kpɔkpɔ

Tso esime meva zu Ðasefo la, Vera Lúcia kpea asi ɖe ŋunye bliboe eye wònye zɔhɛ lɔ̃ame kple srɔ̃nyɔnu zazɛ̃, kpakple vidada si ɖoa kpɔɖeŋu na mía viwo. Aleke wòwɔ te ŋu nɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu, nɔ míaƒe aƒea dzi kpɔm henɔ asi kpem ɖe ɖeviawo, siwo nye sɔhɛ siwo me dzo le fifia la hehe ŋu? Ete ŋu wɔ esia le lɔlɔ̃ deto si le esi na Yehowa kple Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ta.

Mí dzilawo míefia Biblia me nufiafiawo kple gɔmeɖosewo mía viwo tso ɖevime ke. Togbɔ be míevona o hã la, míedzea agbagba be míawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzinu ʋɛ aɖewo le ƒea me. Eye míedzea agbagba ɖesiaɖe be míazɔ ɖe ɖoɖowɔɖia dzi, si ƒe akpa aɖee nye Biblia xexlẽ edziedzi, mawunyakpukpui aɖe me dzodzro gbesiagbe, kple míaƒe dzixɔsewo gbɔgblɔ na amewo le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me. Le nyitsɔ laa ɣeyiɣiwo me la, míaƒe ƒomea wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo ade 12 kwasiɖa ɖesiaɖe kple amesiwo menye Ðasefowo o.

Mía kple Vera Lúcia míedzea agbagba hã be míana mía viŋutsuwo nakpɔ gome le míaƒe dɔwɔnawo me, gake le ɣeyiɣi ma ke me la, míedea bubu woawo ŋutɔ ƒe didiwo ŋu. Míexɔe se be nu vevi etɔ̃e hiã be dzilawo nate ŋu akpɔ woƒe ƒomea dzi nyuie. Gbãtɔe nye nufiafia nyuitɔ si wotu ɖe Mawu ƒe Nya Biblia dzi. Eveliae nye kpɔɖeŋu nyuitɔ si anye kpeɖodzi na ɖeviawo be yewo dzilawo vɔ̃a Mawu alesi dze. Etɔ̃liae nye hadede nyuitɔ kple Kristotɔ siwo xɔ ƒe vovovowo eye wotso teƒe vovovowo, siwo ate ŋu aƒã nɔnɔme kple ŋutete vovovowo ɖe ƒomea me tɔwo me. Míeɖoe míaƒe taɖodzinu be míana nusiawo míaƒe ƒomea.

Ne mía kple srɔ̃nye míenyè kɔ kpɔ ƒe 30 kloe siwo míetsɔ subɔ Yehowae la, míate ŋu agblɔe ɖikekemanɔmee be ena nu nyuitɔwo kekeake le agbe me mí eye wòna dzidzɔ kple yayra geɖe mí. Togbɔ be nyemeyi ŋgɔ ɖo Olympics hoʋiʋliawo me o hã la, megalɔ̃a tsiƒuƒu kilometa geɖe kwasiɖa ɖesiaɖe. Nyateƒee, nye ɖɔktanyenye kple Yehowa Ðasefo nyenye wɔe be megaxaxa wu ya, gake meva kpɔe be viɖe geɖe le eme be makpe ɖe nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu Kristotɔwo ŋu be woado dzi le Mawu subɔsubɔ me le dodokpɔ ɣeyiɣiwo me.

Zi geɖe amewo biaam ne eɖea fu nam be dɔ maganɔ asinye ne Mawu ƒe nuɖoanyi yeyea va eye dɔléle megali o. Meɖoa eŋu be nyee anye ame gbãtɔ ati kpo kple dzidzɔ ne ‘xɔdrɔ̃wo ti kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe tso aseye’ eye ‘duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.’—Yesaya 33:24; 35:6.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 21 Ame tsitsi si le lãmesẽ me ƒe ʋumenugbagbevidzĩ me nu nɔa gram 15 le desilita ɖesiaɖe me.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Dɔwɔwɔ na dɔnɔ aɖe

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Mía kple Vera Lúcia, kple míaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ wɔwɔ