Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Anɔ Te ɖe Gbɔdɔdɔ Tsɔtsɔ Ðe Fu Na Ame Nu?

Aleke Mawɔ Anɔ Te ɖe Gbɔdɔdɔ Tsɔtsɔ Ðe Fu Na Ame Nu?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Anɔ Te ɖe Gbɔdɔdɔ Tsɔtsɔ Ðe Fu Na Ame Nu?

“Ŋutsuviawo liaa aku hetoa mɔ aɖe nu be yewoahe wò susu ava yewo dzii.”—Carla, Ireland.

“Nyɔnuviawo ƒoa ka le telefon dzi zi geɖe. Wodina be yewoable nuwò nàlɔ̃ ɖe edzi na yewo.”—Jason, United States.

“Enɔ asi kam nye abɔ ŋu, nɔ didim be yealé nye asi.”—Yukiko, Japan.

“Nyɔnuviwo nɔa ahiãdinyawo gblɔm do ɖe gbɔnye.”—Alexander, Ireland.

“Ŋutsuvi ɖeka nɔa nu ƒom tso ŋunye ɣesiaɣi le suku bɔsua me. Menye ɖe wòdi be yeado kplim o. Fu ko ɖem wònɔ nam.”—Rosilyn, United States.

AHIÃŊKU tsɔtsɔ kpɔ amee, gbe ŋɔnɔe tsɔtsɔ “akafu” ame be wòanyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe eme, yakanyawo gbɔgblɔ atsɔ afee, asililiameŋu le dutoƒo—zi geɖe la, ne wowɔa nusiawo ɖe ame ŋu edziedzi, evɔ medzea amea ŋu o la, woyɔnɛ be gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame. Togbɔ be esesẽ be woabu akɔnta le eŋu le xexeame katã hã la, numekukuwo ɖee fia be edzɔna ɖe sukuvi geɖe dzi le United States.

Nuka koŋue nye gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame? Agbalẽ si nye Coping With Sexual Harassment and Gender Bias, si Ðk. Victoria Shaw ŋlɔ ɖe eme be enye “gbɔdɔdɔ nuwɔnawo tsɔtsɔ ɖe fu na amee . . . Ate ŋu anye asikaka ame ŋu (abe asilili amea ŋu be wòanyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe eme), nuƒoƒo (abe amea ƒe dzedzeme kafukafu madzemadzee), alo woawɔe numaƒomaƒoe.” Ɣeaɖewoɣi la, fuɖenamea te ŋu nyea gbegblẽnyawo zazã atsɔ adi ahiã amee.

Ðewohĩ hatiwòwo gbɔe fuɖename siwo nèdoa goe le suku la ƒe akpa gãtɔ tsona. Gake ɣeaɖewoɣi la, ame tsitsiwo, abe nufialawo ene ye wɔa nusiawo. Agbalẽ si nye Redbook me nyati aɖe gblɔ be nufiala ʋɛ siwo wobua fɔe le gbɔdɔdɔ nuwɔna gbegblẽwo ta la nye “ame gbogbo siwo wɔnɛ la dometɔ ʋɛ aɖewo ko.”

Wowɔ nu gbegblẽ mawo ƒomevi ɖe nyɔnuwo—kple ɣeaɖewoɣi ŋutsuwo ŋu—le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ke gɔ̃ hã. (Mose I, 39:7; Rut 2:8, 9, 15) Eye Biblia gblɔ nya ɖefuname sia ɖi be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena amewo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, . . . amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo.” (Timoteo II, 3:1-3) Eyata ele bɔbɔe, eye ate ŋu adzɔ gɔ̃ hã be woatsɔ gbɔdɔdɔ aɖe fu na wò ŋutɔ hã.

Mawu ƒe Nukpɔsusu

Míalɔ̃ ɖe edzi be menye sɔhɛwo katãe gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna manyomanyowo ɖea fu na o. Ame aɖewo abui modzakaɖenui—alo vividodoɖeameŋu dzro ko gɔ̃ hã. Numekuku ɖefuname aɖe si wowɔ le United States ɖee fia be le amesiwo wotsɔ gbɔdɔdɔ ɖe fu nae dome la, wo dometɔ 75 le alafa me lɔ̃ ɖe edzi be yewo ŋutɔ hã yewotsɔ gbɔdɔdɔ ɖe fu na ame bubuwo. Ame tsitsi aɖewo ate ŋu adzi kuxia ɖe edzi ne wowɔ nu wòfia be womebua gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame be enye ŋkubiãnya o, ke be ɖeviwo ƒe fefenuwɔna ko wònye. Gake alekee Mawu bunɛ?

Mawu ƒe Nya, Biblia, ƒo nu tsi tre ɖe gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame ƒomevi ɖesiaɖe ŋu eme kɔ ƒã. Egblɔ na mí be ‘míagaba ame aɖeke’ to gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna si medze o wɔwɔ ɖe eŋu me o. (Tesalonikatɔwo I, 4:3-8) Le nyateƒe me la, wode se na sɔhɛwo koŋ be woawɔ nu ɖe ‘ɖetugbiwo ŋu abe nɔvinyɔnuwo ene.’ (Timoteo I, 5:1, 2) Gakpe ɖe eŋu la, Biblia ƒo nu tsi tre ɖe “atsaƒoƒo siwo medze o” ŋu. (Efesotɔwo 5:3, 4) Eyata gome le asiwò be nàdo dziku, nu naɖe fu na wò, wò susu natɔtɔ, alo nàse le ɖokuiwò me be woɖi gbɔ ye gɔ̃ hã ne wotsɔ gbɔdɔdɔ ɖe fu na wò!

Nya Kae Magblɔ?

Ekema aleke nàwɔ nui ne ame aɖe tsɔ gbɔdɔdɔ ɖe fu na wò? Ɣeaɖewoɣi la, nuwɔwɔ ɖewoɖewoe ate ŋu ana fuɖenamelaa nagawɔe ɖe dzi. Biblia gblɔ na mí be esime Yosef ƒe aƒetɔ srɔ̃ nɔ ahiã dimee la, menye ɖeko wòŋe aɖaba ƒu edzi o. Ke boŋ egbe agbegbegblẽnɔnɔ ŋuti nuwɔna siwo katã wòdo ɖe egbɔ la kaŋ. (Mose I, 39:8, 9, 12) Egbea, nuwɔwɔ kaŋ eme nakɔ gakpɔtɔ nye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi woato ate gbɔdɔdɔ ƒe fuɖenamelawo ɖa le ameɖokui ŋu.

Nyateƒee, ɖewohĩ manye amesi le fua ɖem na wò ƒe susu be yeawɔ nu wòate ɖe dziwò o. Ate ŋu adzɔ be nusi nàbu be enye fuɖename la nye amea ƒe agbagbadzedze be yeahe wò susu ava eɖokui dzi, si me ŋuɖɔɖo mele o. Eyata mègasusui be ele be yeawɔ nu anyratɔe be yeatsɔ atsi nuwɔna si medze ŋuwò o la nui o. Nya siawo ƒomevi gbɔgblɔ abe, ‘Nyemedi be manɔ nya mawo ƒomevi sem o’ alo ‘Taflatse, meganɔ asi kam ŋunye o’ ate ŋu ana wò nukpɔsusu nadze. Nya kawoe nèɖazã o, megagblɔe ɖewoɖewoe o. Na wò o nanye o! Andrea, si nye ɖetugbi gblɔe ale: “Ne womese wò nuƒoƒo na wo bubutɔe me o la, ele be nagblɔe na wo tẽ. Zi geɖe eva hiãna be nàgblɔe kaŋ.” Gbɔgblɔ be ‘Dzudzɔ nu ma wɔwɔ!’ ate ŋu ana nuwɔnaa natɔ te.

Ne nɔnɔmea le gbegblẽm ɖe edzi la, mègadze agbagba be yeakpɔ nyaa gbɔ le ye ɖokui si o. Te kpɔ nàƒo nu tso eŋu na dziwòlawo alo ame tsitsi bibi bubuwo. Woate ŋu aɖo aɖaŋu nyui siwo nàtsɔ akpɔ nɔnɔmea gbɔe. Ne eglo la, woakpɔe be ehiã be yewoana suku dzikpɔlawo nanya nu tso eŋu. Togbɔ be ema wɔwɔ ana màvo le ɖokuiwò me o hã la, ate ŋu akpɔ tawò be woagawɔ bubuwo ɖe ŋuwò o.

Mɔxexe Ðe Fuɖenamewo Nu

Ne míagblɔe la, enyo wu be màgana woawɔe ɖe ŋuwò kura o. Nukae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le go sia me? Andrea ɖo aɖaŋu be: “Mègawɔ nu wòadze gbeɖe be ame aɖe ƒe nu nyo ŋuwò o. Amewo ase nu tso eŋu, eye woanɔ fu ɖem na wò.” Wò nudodowo ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe. Mara si nye ɖetugbi gblɔ be: “Nyemedoa awu abe nyagã ene o, gake metsria awu siwo ana nye ŋutilã nanɔ dzedzem dodo.” Ne ègbea gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo wɔwɔ gake nèdoa awu siwo hea susu yia gbɔdɔdɔ dzi la, amewo mase wò nuwɔnawo gɔme o. Biblia kafui be ‘woawɔ leke le ŋukpekpe’ me.—Timoteo I, 2:9.

Xɔlɔ̃ siwo nèzɔna kplii hã kpɔa ŋusẽ ɖe alesi wowɔa nu ɖe ŋuwòe dzi. (Lododowo 13:20) Rosilyn gblɔ be: “Ne nyɔnuvi siwo le ƒuƒoƒoa me dometɔ aɖewo dina be yewoahe ŋutsuviwo ƒe susu la, ŋutsuviawo atsɔe be edzea nyɔnuvi siwo katã le ƒuƒoƒoa me ŋu nenema.” Carla hã gblɔ nya ma ke be: “Ne èdea ha kple amesiwo lɔ̃na wogblɔa nya mawo ƒomevi na wo alo wòvivia wo nu ne ŋutsuviwo te ɖe wo ŋu la, ekema woaɖe fu na wò hã.”

Biblia ƒo nu tso ɖetugbi si ŋkɔe nye Dina si dea ha kple nyɔnuvi siwo tso Kana ŋu—afisi wonya be nyɔnuwo nɔa agbe gbegblẽ le. Esia na wodɔ egbɔ sesẽe. (Mose I, 34:1, 2) Biblia gblɔe wòsɔ be: “Mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene.” (Efesotɔwo 5:15) Ẽ, ne ‘èkpɔ nyuie’ le alesi nèwɔa lekee, alesi nèƒoa nui, kple le amesi nèdea hae me la, ate ŋu awɔ geɖe atsɔ akpɔ tawò be woagaɖe fu na wò o.

Gake le Kristotɔ sɔhɛwo gome la, mɔ nyuitɔ kekeake siwo dzi nàto be woagaɖe fu na wò o dometɔ ɖekae nye be nàna amewo nanya nu tso wò subɔsubɔ dzixɔsewo ŋu ko. Timon, si nye sɔhɛ Yehowa Ðasefo gblɔ be: “Ðeviawo nya be Ðasefoe menye, eyata etsi fuɖenamewo katã kloe nu.” Andrea gblɔ be: “Egbɔgblɔ na wo be Ðasefo yenye wɔa dɔ vevi aɖe. Woade dzesii be èto vovo tso yewo gbɔ le mɔ geɖe nu, eye be nèzɔna ɖe agbenyuinɔnɔ ŋuti gɔmeɖosewo dzi pɛpɛpɛ.”—Mateo 5:15, 16.

Ne Woɖe Fu na Wò

Aleke ke nàdze agbagbae hã la, màte ŋu asi le amesiwo wɔa nu madzemadze ɖigbɔwo ɖe ame ŋu la nu keŋkeŋ o. Gake ne woɖe fu na wò la, mehiã be nàtsɔ fɔbuameɖokui anɔ fu wɔm ɖokuiwò o—zi alesi nenya wɔ nu abe Kristotɔ ene ko. (Petro I, 3:16, 17) Ne nɔnɔmea ɖe fu na wò seselelãmewo la, ƒo nu kple dziwòlawo alo na ame tsitsi siwo le Kristo-hamea me nanya be woakpe ɖe ŋuwò. Rosilyn lɔ̃ ɖe edzi be esesẽna be nàkpɔ dzidzɔ ne wole fu ɖem na wò. Egblɔ be: “Hadede kple ame aɖe si nàte ŋu aƒo nu kplii kpena ɖe ame ŋu.” Ðo ŋku edzi hã be “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ la gbɔ.”—Psalmo 145:18, 19.

Tsitretsitsi ɖe fuɖename ŋu mele bɔbɔe o, gake eɖea vi. Le kpɔɖeŋu me, bu Sunem ɖetugbi si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ŋu kpɔ. Togbɔ be womeɖe fu nɛ ŋutɔŋutɔ abe alesi wòdzɔna egbea ene o hã la, Salomo, si nye Yuda Fia kesinɔtɔ ŋusẽtɔ la do ahiãdinya siwo medze eŋu o ɖe egbɔ. Esi ŋutsu bubu ƒe nu lé dzi nɛ ta la, egbe eƒe ahiãdinya mawo. Eyata ete ŋu gblɔ le eɖokui ŋu dadatɔe be, “gli menye.”—Hawo ƒe Ha 8:10.

Wò hã ɖe agbenyuinɔnɔ me ŋusẽ kple tameɖoɖo kplikpaa ma ƒomevi fia. Nɔ abe “gli” ene ne wotsɔ gbɔdɔdɔ le fu ɖem na wò. Gblɔ wò Kristotɔwo ƒe tenɔnɔ ŋu nya na amesiwo katã te ɖe ŋuwò eme nakɔ. Ne èwɔe alea la, àkpɔtɔ anye ‘mokaka manɔŋutɔ kple ame dzadzɛ’ eye kakaɖedzi anɔ asiwò be yewɔ nusi dze Mawu ŋu.—Filipitɔwo 2:15. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 27 Àte ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo bubuwo ku ɖe gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame ŋu le Nyɔ! ƒe tata siwo nye June 8, 1996; Eŋlisigbe me tɔ siwo nye August 22, 1995; kple May 22, 1991, me.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Nana be amesiame nanya nu tso wò Kristotɔwo ƒe dzixɔsewo ŋu ate ŋu anye ametakpɔkpɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ne mèdea ha kple ameha gbegblẽwo o la, ate ŋu axe mɔ ɖe fuɖename nu