Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amegbetɔ Ƒe Ŋutasesẽ—Enu Ava Yi Gbaɖegbea?

Amegbetɔ Ƒe Ŋutasesẽ—Enu Ava Yi Gbaɖegbea?

Amegbetɔ Ƒe Ŋutasesẽ—Enu Ava Yi Gbaɖegbea?

Wotsɔ March 8, 2000, ƒe Nyɔ! si ƒo nu tso kluvinyenye ƒe kuxi ɖefunamea, si nublanuitɔe la, wokpɔtɔ lé eme ɖe asi le xexeame ƒe akpa aɖewo ŋu, ɖeka na Livia Turco, si nye Dudɔnunɔla si kpɔa Italytɔwo ƒe Hadome Ðekawɔwɔ Nyawo gbɔ. Aƒenɔ sia gblɔ le lɛta aɖe si wòŋlɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Italy me be:

“Kluvinyenye siwo ƒomevi li egbea, siwo le nu gblẽm vevietɔ le nyɔnuwo kple ɖeviwo ŋu, nye ŋutasẽnuwɔna vɔ̃ɖi si ƒe fu ame miliɔn geɖe gakpɔtɔ le kpekpem si ŋu wòle be woatso ɖo kpata.” Eƒo nya ta be: “Nya ɖesiaɖe si amewo agblɔ atsɔ tsi tre ɖe nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ sia si mele se nu o ŋu la nye enutsitsi ƒe afɔɖeɖe vevi aɖe, eye ne eŋu nya kaka nenema gbegbe ɖo ame gbogbo siwo xlẽa [Nyɔ!] gbɔ la, egawɔa dɔ wu kura.”

Nyɔ! ƒe tata ɖesiaɖe si ƒe agbɔsɔsɔme wu miliɔn 20 si wotana ɖe gbegbɔgblɔ 82 me la wɔe be menye ɖeko wokaa nya ta na exlẽlawo ku ɖe egbe ƒe kuxiwo ŋu ko evɔ o, ke wogblɔa egbɔkpɔnu siwo wotu ɖe Biblia dzi hã na wo.

Gake biabiaa gakpɔtɔ li be, ne Mawu li vavã la, ke nukatae wòɖe mɔ ɖe ame maɖifɔwo ƒe fukpekpe dziŋɔ sia ŋu? Ame geɖe biaa wo ɖokui be, ‘Aleke malɔ̃ Wɔla si ƒe nunya ɖe dzesi ƒã le eƒe nuwɔwɔ wɔnukuawo me gake wòdze abe mesea veve aɖeke ɖe amewo nu egbea o lae?’ Woɖo biabia siawo tɔgbe ŋu eme kɔ nyuie le agbalẽ gbadza si nye Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? me. Ðeka ate ŋu asu asiwò ne èkpe nudɔgbalẽvi si kpe ɖe eŋu la ɖo eye nèɖoe ɖe adrɛs si dze le edzi alo nèzã adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.

□ Miɖo agbalẽ gbadza si nye Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? ɖem.

□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.