Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Anyigbaʋuʋu!

Anyigbaʋuʋu!

Anyigbaʋuʋu!

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE TAIWAN GBƆ

“Memlɔ anyi nɔ agbalẽ xlẽm le nye xɔ si le tuɖedzi asiekelia dzi me le Taipei, kasia akaɖiawo megava nɔ bibim nyuie o. Emegbe xɔa va nɔ ʋuʋum sesĩe. Ðeko wòwɔ abe ame dzɔtsu aɖee lé aƒe bliboa nɔ ʋuʋum ene. Mesi ge ɖe kplɔ̃ aɖe gɔme kaba elabena nusiwo nɔ gegem tso dzi nɔ anyigba dzem ƒe ɖiɖi na mevɔ̃ be dzisasrãa le ŋeŋe ge adze eme. Ðeko wòwɔ abe ɖe mele tɔtɔ ge o ene.”—Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe si le Taiwan.

ANYIGBAƲUƲU. Nya la ŋutɔ yɔyɔ ɖeɖe kura dea vɔvɔ̃ lãme na ame, eye ɖewohĩ èse nu tso alesi wòle dzɔdzɔm ŋɔdzitɔe le ŋkeke siawo me kabakaba ŋu. United States ƒe Anyigba Ŋuti Numekudɔwɔƒe ɖee fia be anyigbaʋuʋu gãwo dzɔ le ƒe 1999 me wòsɔ gbɔ wu xexlẽme si dzɔna wonya, eye amesiwo ku le wo me ƒe xexlẽme nye amesiwo kuna le mama dedie nu ƒe sia ƒe la ƒe teƒe eve.

Anyigbaʋuʋu gãtɔ kekeake si dzɔ le ƒe 1999 me la dzɔ le Taiwan, afisi anyigbagãwo ƒe agbakawo va do go le. Ne woƒo wo katã nu ƒu la, teƒe 51 ye wode dzesi be wonye afisiwo anyigba ƒe agbakawo gbã alo fe tso tome le le Taiwan. Eyata mewɔ nuku o be anyigbaʋuʋu sue siwo ade 15,000 sɔŋ dzɔna le afisia ƒe sia ƒe. Gake wo dometɔ akpa gãtɔ nu mesẽna kura o, si na be womesea wo ŋkɔ o.

September 21, 1999, tɔa ya menɔ nenema o. Le zã ga 1:47 me la, anyigbaʋuʋu gã aɖe dzɔ le Taiwan, si nu sẽ ale gbegbe be Dukplɔla Lee Teng-hui yɔe be “sesẽtɔ kekeake si dzɔ kpɔ le ƒukpoa dzi le ƒe alafa me.” Sɛkɛnd 30 koe wòxɔ gake esi wodzidzee le Richter ƒe anyigbaʋuʋudzidzemɔ̃ dzi la, eɖo dzidzenu si nye 7.6. * Anyigbaa ʋuʋu wòde to gbɔ kilometa ɖeka ŋu vie ko, eye eƒe tomademade alea wɔe be wòʋuʋu nuwo sesĩe. Liu Xiu-Xia, amesi ƒe aƒe gogo afisi anyigbaʋuʋua gblẽ nu le wu, gblɔ be: “Nuwo ƒe ʋuʋu sesĩe nyɔm tso alɔ̃ me. Xɔmetsyɔ̃ɖonuwo ge, eye akaɖi si le dzisasrãa ŋu gɔ̃ hã ge gbã. Nyemete ŋu do go o elabena nu gegeawo kple glass gbagbãwo xe ʋɔtrua nu.” Huang Shu-Hong, si nye nyɔnu aɖe si anyigbaʋuʋua na wòge tso abati dzi, hã to nɔnɔme sesẽ bubu me. Egblɔ be: “Elektrikŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ nu tso le vome, si wɔe be viviti do tsiɖitsiɖi. Mezɔ tukatuka do ɖe xexe va nɔ aƒelika siwo nɔ mɔ to gbɔ vaseɖe esime ŋu ke. Ðeko wòwɔ abe ɖe anyigba medzudzɔ ʋuʋu kpɔ o ene.”

Kpekpeɖeŋunana

Alesi gbegbe anyigbaʋuʋua gblẽ nui dze ƒã le fɔŋli me. Xɔ siwo ade 12,000 sɔŋ, tso anyigbaxɔwo dzi va ɖo dziƒoxɔ gã siwo ŋu xɔnu vovovo le dzi, gbã. Esi afɔkua ŋu nya kaka la, ameɖela bibiwo tso dukɔ 23 me va Taiwan va kpe ɖe nutoa me lɔlɔ̃nu faa kpekpeɖeŋunalawo ŋu. Ame aɖewo gakpɔtɔ nɔ xɔgbagbãwo gɔme ɣemaɣi.

Gaƒoƒo 72 gbãtɔ siwo kplɔa anyigbaʋuʋu ƒe dzɔdzɔ ɖo me koŋue wokpɔa agbetsilawo le, gake le nudzɔdzɔ sia me la, ameɖelaawo ke ɖe nu wɔnuku aɖewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wova ke ɖe ŋutsuvi ƒe ade vi aɖe ŋu le esi wòtsi xɔgbagbãwo gɔme gaƒoƒo 87 sɔŋ megbe. Eye le Taipei, esi dɔwɔlawo tsɔ mɔ̃ gãwo nɔ aƒe aɖe si nye tuɖedzi 12 ƒe xɔgbagbãawo lɔm ɖa la, kasia ɖekakpui aɖe do. Eya kple foa wotsi xɔgbagbãwo gɔme wòwu ŋkeke atɔ̃ eye wo ame evea siaa tsi agbe le nɔnɔme dziŋɔ sia me!

Gake nublanuitɔe la, menye amesiame ŋue wote ŋu ke ɖo o, eye ameɖelawo do go nu gbãdziname aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, kpekpeɖeŋunaha aɖe ƒe ŋgɔnɔla fa konyi be: “Míese ɖevi aɖe nɔ avi fam gaƒoƒo enyie nye si. Gake avia va tɔ te.” Mlɔeba la, amesiwo ku le Taiwan ƒe agbɔsɔsɔ gbɔ 2,300 ŋu, eye nuvevi wɔ amesiwo wu 8,500.

Tenɔnɔ Ðe Anyigbaʋuʋua Megbe Nudzɔdzɔwo Nu

Wodze agbagba vevie di dzeƒe na ame akpe alafa geɖe siwo anyigbaʋuʋua na wozu aƒemanɔsitɔwo. Gbã la, amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo medi be yewoagage ɖe xɔ me o. Gɔmesese le esia ŋu, elabena le ŋkeke ewo siwo kplɔ anyigbaʋuʋu gbãtɔa ɖo me la, anyigbaʋuʋu suesue siwo ade 10,000 kloe gadzɔ! Wodzidze wo dometɔ ɖeka le Richter ƒe anyigbaʋuʋudzidzemɔ̃ dzi be eɖo dzeside si nye 6.8, eye ewɔe be xɔ siwo gli xoxo la dometɔ geɖe mu.

Ke hã la, kpekpeɖeŋunadɔwo nɔ edzi yim. Ðokuisihabɔbɔ gbogbo aɖewo—siwo dome dutameɖehawo, Buddhatɔwo ƒe habɔbɔ si nye Tzu Chi, kple dzotsilawo nɔ—zã woƒe ɣeyiɣi kple aɖaŋu tsɔ wɔ kpekpeɖeŋunadɔae. Yehowa Ðasefowo hã wɔ kpekpeɖeŋunadɔa. Le Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si le Galatiatɔwo 6:10 dzi wɔwɔ me la, taɖodzinu evee nɔ wo si. Wodi be (1) yewoana kpekpeɖeŋu amesiwo nye woƒe haxɔsetɔwo eye (2) yewoawɔ nyui na amesiame, siwo dome amesiwo melé woƒe dzixɔsewo me ɖe asi o hã le.

Kaka ŋkeke gbãtɔa nava yi la, Yehowa Ðasefowo te nuɖuɖu, tsi, agbadɔwɔvɔwo, kple nuɖamɔ̃ siwo woate ŋu azã le xexe tsɔtsɔ vɛ. Esi wònye telefon meganɔ dɔ wɔm o ta la, hamemegã siwo tso hame adeawo me le nuto siwo ŋu nu gblẽ le me wɔ ɖoɖo wodi wo nɔvi Ðasefowo kple woƒe ƒometɔwo kpakple woƒe Biblia-nusrɔ̃viwo hekpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu. Wode dzi ƒo na Ðasefo siwo zu aƒemanɔsitɔwo be woaƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka be woate ŋu akpɔ wo katã ƒe hiahiãwo gbɔ eye woate ŋu ake ɖe wo ŋu bɔbɔe. Dzikpɔla mɔzɔlawo kple Taiwan Alɔdze Kɔmiti me tɔwo va srã ƒuƒoƒo kple hame ɖesiaɖe kpɔ eye wode dzi ƒo na wo.

Afɔ bubu si wogaɖee nye be wodzra aƒe kple Fiaɖuƒe Akpata siwo ŋu nu gblẽ le ɖo. Hame ɖesiaɖe ŋlɔ amesiwo hiã kpekpeɖeŋu ƒe ŋkɔwo. Eye le Nutome Xɔtukɔmiti ƒe mɔfiafia te la, woɖo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe hawo ɖa be woava gbugbɔ atrɔ asi le nuwo ŋu. Wowu dɔa nu le ɣleti ɖeka me le anyigbaʋuʋua megbe.

Yehowa Ðasefowo keke woƒe kpekpeɖeŋunanaa ɖe enu wòɖo wo havi siwo menye Ðasefowo o hã gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, Ðasefowo va srã amesiwo nɔ kɔdzi kple avɔgbadɔwo me kpɔ eye wofa akɔ na wo. Wowɔ nyati si nye “Dzɔdzɔmefɔkuwo—Kpekpeɖeŋu Nana Viwò be Wòanɔ Te Ðe Enu” si wota ɖe June 22, 1996, Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe kɔpiwo hã ma na amewo. Ame geɖe kpɔ ŋudzedze ɖe nyatakaka sia xɔxɔ ŋu eye wodze exexlẽ gɔme enumake. Esi wolɔ nuwo le ʋumɔwo dzi vɔ la, Yehowa Ðasefowo ɖo ʋu siwo wodo agba na kple nuhiahiãwo ɖe tonyigbanuto siwo me anyigbaʋuʋua gblẽ nu le vevie.

Amesiwo srɔ̃ Biblia nya be wogblɔe ɖi xoxoxo be “anyigbaʋuʋu ava teƒeteƒewo” wòanye dzesi na nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo. (Mateo 24:7) Gake Biblia na kakaɖedzi mí hã be eteƒe madidi o, le Mawu ƒe Fiaɖuƒe ƒe ŋutifafadziɖuɖua te la, ameƒomea maganɔ agbe le vɔvɔ̃ na dzɔdzɔmefɔkuwo me ake o. Le ɣemaɣi la, anyigba la anye paradiso ŋutɔŋutɔ.—Yesaya 65:17, 21, 23; Luka 23:43.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Gake wodzidze anyigbaʋuʋu dziŋɔ si dzɔ le Turkey le August 1999 me be eƒe sesẽme nye 7.4, ke hã ewu ame gbogbo siwo ne mede ɖeke o la, ade Taiwan tɔa ƒe teƒe adre ya teti.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]

Yehowa Ðasefowo wɔ woƒe kpekpewo esime wonɔ avɔgbadɔwo me

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Anyigbaʋuʋua gblẽ lɔrimɔ geɖewo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

San Hong R-C Picture Company

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 28]

San Hong R-C Picture Company

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 28]

Anyigbaʋuʋuwo ƒe sesẽme siwo wodzidze ŋlɔ ɖi le axa 26-8: Figure courtesy of the Berkeley Seismological Laboratory