Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpekpeɖeŋu Hena Asiɖeɖe le Ðeviwo ƒe Aglãdzedze Ŋu

Kpekpeɖeŋu Hena Asiɖeɖe le Ðeviwo ƒe Aglãdzedze Ŋu

Kpekpeɖeŋu Hena Asiɖeɖe le Ðeviwo ƒe Aglãdzedze Ŋu

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE FRANCE GBƆ

NYITSƆ laa ƒe nudzɔdzɔwo ɖe alesi se kple ɖoɖodziwɔwɔ le to yim kabakaba le France ƒe dugãwo ƒe nuto siwo wogblẽ ɖi me fia. Franseawo ƒe magazine si nye L’Express gblɔ be “dugã me ŋutasẽnuwɔnawo dzi ɖe edzi zi gbɔ zi atɔ̃ sɔŋ le ƒe ade me.” Gawu la, ƒewuivi siwo kpɔa gome le ŋutasẽnuvlowɔwɔ me ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi nukutɔe.

Tsɔ kpe ɖe aglãdzelawo ƒe nudomegbegblẽ, atikevɔ̃ɖisitsatsa, akpasesẽnuxɔxɔ, dzotɔtɔ amewo ƒe nuwo, kple fififi ŋu la, wotɔa ŋku dziɖuɖumegãwo koŋ. Wodzea kpovitɔwo, dzotsilawo, kple dukɔa ƒe ʋu me dɔwɔlawo, kpakple ame bubuwo dzi ŋutasesẽtɔe zi geɖe.

Nukatae ŋutasesẽ bɔ alea? Hadomegbenɔnɔŋutinunyala eve ɖe nu me be “ƒomea ƒe gbagbãe hea aglãdzedze ɖe dziɖuŋusẽ ɖesiaɖe ŋu vɛ.” Woƒo nu tso “[sɔhɛawo ƒe] sese le wo ɖokui me be dziɖuɖuwo gblẽ yewo ɖi” kple alesi “mɔkpɔkpɔ aɖeke mele wo si na etsɔme ɖɔʋu aɖeke ŋu o” hã ŋu.

Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã Biblia ƒe mɔkpɔkpɔgbedasi na amewo le nuto siwo me aglãdzedze bɔ ɖo la ɣesiaɣi. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe gblɔ le Franseawo ƒe television dzi wɔna aɖe me nyitsɔ laa be: “Yehowa Ðasefowo tsana le du kple nuto siwo wogblẽ ɖi katã me zi gbɔ zi geɖe—nuto siwo ɣeaɖewoɣi wòdzena abe hadomekpekpeɖeŋunalawo, kpovitɔwo, kple dziɖuɖua gblẽ ɖi ene. Woƒoa nu na amewo le aƒewo me kple le ablɔ dzi le teƒe siawo eye woɖoa to sea ameawo hã ƒe nya.” Woƒe dɔa kpɔ ŋusẽ nyui ɖe amewo dzi, abe alesi lɛta sia si tso sɔhɛ aɖe si xlẽa Nyɔ! gbɔ me nyawo gblɔe ene.

“Medi be mada akpe na mi tso dzi blibo me ɖe miaƒe agbalẽwo ta. Menye nye ŋutɔ ŋu koe miekpe ɖo o, ke boŋ miena mía kple dzinyelawo dome hã va nyo ɖe edzi. Ƒe 16 koe mexɔ eye menye Moslemtɔ.

“Nusi medi be magblɔe nye be miete ŋu na medzudzɔ aglãdzedze. Eye esia wɔe be meva le agbe nɔm le ɖekawɔwɔ me kple nye subɔsubɔdzixɔsewo nyuie wu, gake mexlẽa Biblia hã. Miena be megava le nye sukudede hã dzi yim. Gawu la, miekpe ɖe ɖevi geɖe ŋu wodzudzɔ aglãdzedze le nye nutoa me to miaƒe magazinewo—siwo meɣena na wo ɣleti ɖesiaɖe dzi. Meda akpe na mi eye mekpɔ be miedze na kafukafu ŋutɔ.”