Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Olympic La Ðo Afɔku Me

Olympic La Ðo Afɔku Me

Olympic La Ðo Afɔku Me

ESIME Baron Pierre de Coubertin do susu ɖa be woagaɖo Olympic kamedefefewo anyi la, egblɔ taɖodzinu ɖɔʋu aɖewo siwo gbɔ woaɖo. Le nyateƒe me la, egbegbe Olympic ƒe taɖodzifianya si wobe Coubertin gblɔ la gblɔ be: “Menye dziɖuɖu ye nye nu vevitɔ le Olympic Kamedefefeawo me o, ke boŋ gomekpɔkpɔ le eme ye . . . Menye nu vevitɔe nye be nàkpe ame aɖe dzi o, ke boŋ be nàʋli ho nyuie.”

Coubertin xɔe se be gomekpɔkpɔ le hoʋiʋli ɖɔʋu me ate ŋu ana woatu nɔnɔme nyui ɖo, ana woawɔ nu dzɔdzɔe, eye wòana woanɔ agbe nyui. Eƒo nu tso ‘kamedefefe subɔsubɔ’ gɔ̃ hã ŋu. Esusui be Olympic fefeawo ate ŋu afia nu amewo be woanɔ anyi le ŋutifafa me.

Gake kaka Coubertin naku le ƒe 1937 me la, mɔkpɔkpɔ siawo katã bu. Xexemeʋa ɖeka wɔe be fefeawo mete ŋu dze edzi o zi ɖeka xoxo, eye woganɔ dzadzram ɖo ɖe aʋa gã bubu ŋu. Egbea Olympic fefea ƒe taɖodzinuwo gaɖo afɔku siwo lolo wu me. Nukatae?

Olympic Kamedefefeawo Kple Atikezazã

Ƒe bla nanewoe nye sia si kamedefefewɔlawo zãa atike siwo ado ŋusẽ wo be woaɖu dzi, eye wozãa atike gblẽnu siawo le Olympic Kamedefefeawo me hã. Le nyateƒe me le ƒe 25 megbe tso esime wodze kamedefefewɔlawo dodo kpɔ gɔme be wozã atike siawo hã la, atike siwo nu wode se ɖo zazã kpɔtɔ nye kuxi le Olympic kamedefefewɔlawo gome.

Kamedefefewɔla aɖewo zãa atike si nye steroids be yewoaɖu dzi. Bubuwo zãa atike siwo ado ŋusẽ wo ko. Du sesẽ ƒulawo kple lãmesẽfefewɔla bubu geɖe zãa atike siwo naa woƒe lãmenugbagbeviwo tsina kabakaba, elabena ekpena ɖe wo ŋu be ŋusẽ gaɖoa wo ŋu le kamedede sẽŋuwo wɔwɔ vɔ megbe kaba, eye ena ŋusẽ ɖoa lãmekawo ŋu. Du legbe ƒulawo, tsiƒulawo, kple sno dzi du legbe ƒula geɖe zãa atike si nye erythropoietin, si ŋu wotrɔ asi le be wòawɔ dɔ ɖe domenyiŋusẽmenugbagbeviwo dzi be wòadzi ʋumenugbagbevidzĩ geɖe.

Eme kɔ be Ðk. Robert Voy, si nye United States ƒe Olympic Kɔmiti ƒe atikedokpɔlawo ƒe tatɔ yɔ kamedefefewɔlawo be “nudokpɔƒe si le azɔli dzi.” Egblɔ kpee be: “Olympic fefewɔƒewo va zu atikedokpɔƒe na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo, atikedokpɔlawo, kple ɖɔkta maɖɔʋuwo.” Ke atikewo dodokpɔ ya ɖe? Ðk. Donald Catlin, si nye dɔdzikpɔla le nudokpɔƒe aɖe le United States gblɔ be: “Kamedefefewɔla dzeaɖaŋu si di be yeazã atikevɔ̃ɖi la dze atike siwo míate ŋu ade dzesi o zazã.”

Zãnuxɔxɔ Kple Nufitifitiwɔwɔ

Esi wònye dugã ʋɛ aɖewo ko ŋue ŋutete le be woawɔ Olympic fefeawo le wo me ta la, ame aɖewo wɔa nusianu si wòabia be fefeawo nava wo de. Ƒe eve kloe enye si va yi la, ŋukpenya aɖe dzɔ ɖe Dukɔwo Dome Olympic Kɔmiti (IOC) la dzi. Nutsotso si nye be woxe zãnu si ade dɔlar 400,000 na IOC la me tɔwo hafi wona gome Salt Lake City be woawɔ ƒe 2002 Vuvɔŋɔli me Fefeawo le afima la na ɖikeke va le amesiwo wɔ tiatia la ƒe anukwareɖiɖi ŋu.

Vovototo dede amedzrowɔwɔ kple zãnuxɔxɔ gaglã dome va sesẽna le esi dugã siwo me tɔwo le biabiam be woana gome yewo la naa nu gbogbowo amesiwo atia teƒea ta. Nya va ku ɖe IOC la me tɔ siwo ade 20 ŋu le Salt Lake City ŋukpenya la me, eye mlɔeba wonya wo dometɔ 6. Le ƒe 2000 ƒe Olympic Kamedefefe si woawɔ le Australia gome la, agbagba siwo katã wodze be ŋkɔ gbegblẽ aɖeke nagaɖi le wo ŋu o la zu dzodzro esime Australiatɔwo ƒe Olympic Kɔmiti ƒe dɔnunɔla lɔ̃ ɖe edzi be: “Menye alesi dugã la me nya kpɔe kple kamedefefewɔƒe siwo le mía si ɖeɖekoe na be wona [gome] mí o.”

Agbe kɔkɔ si IOC la me metsitsi aɖewo nɔna gana ame geɖe mekana ɖe wo dzi o. Dukɔwo Dome Tɔdzikamedefefewɔha ƒe tatɔ Tommy Keller; enye Switzerlandtɔ si megali o, gblɔ kpɔ be le yeƒe nukpɔkpɔ nu la, kamedefefedɔwɔmegã aɖewo bua Olympic fefeawo be enye mɔnu si yewoazã “atsɔ adi wo ɖokui tɔ ko.” Egblɔ kpee be edze abe nusi ʋãa wo koŋue nye “gadidi kple kɔɖiɖi na woa ŋutɔwo ƒe dzodzrowo.”

Asi Gã Tsatsa

Ame aɖeke mate ŋu ake ɖi o be Olympic fefeawo wɔwɔ bia ga geɖe. Zi geɖe la, ena television kpɔkpɔ kple boblododowo dzina ɖe dzi, si wɔe be fexexe ɖe fefeawo ta va zu asitsamɔnu gã aɖe.

Bu ƒe 1988 Olympic fefea, si me dukɔwo dome adzɔha asieke xe ga home si wu dɔlar miliɔn 100 na IOC la be woato edzi adzra woƒe nuwo le xexeame katã ŋu kpɔ. Woxe ga home si nye dɔlar miliɔn 400 ɖe Dzomeŋɔli Fefe si wowɔ le Atlanta le ƒe 1996 me ta hena taɖodzinu ma ke. Ga siwo television dɔwɔƒewo xe mele eme o. Amerikatɔwo ƒe television dɔwɔƒe aɖe xe ga si wu dɔlar biliɔn 3.5 be woana gomee ne wòaɖe Olympic Fefe siwo woawɔ tso ƒe 2000 vaseɖe 2008, eye woka nya ta be le ƒe ene me la, ahiã be adzɔha 11 siwo axe fe ɖe fefeawo ta la dometɔ ɖesiaɖe naxe dɔlar miliɔn 84. Eyata ame aɖewo gblɔ be togbɔ be tsã amegbetɔwo ƒe nu deŋgɔ wɔwɔ ye nye Olympic la ƒe taɖodzinu hã la, egbea fefeawo va zu gadidi mɔnu si amegbetɔwo tsɔ ɖia kɔ na woƒe ŋukeklẽe.

Nukae Gblẽ?

Eŋutinunyala aɖewo gblɔ be nudzɔdzɔ vevi eve siwo dze egɔme le ƒe 1980 ƒeawo me gbɔe Olympic la ƒe kuxiawo tso. Gbãtɔe nye nyametsotso si wowɔ be woana gome dukɔwo dome kamedefefedɔdzikpɔƒewo be woatia kamedefefewɔla siwo dze akpɔ gome le Olympic fefeawo me. Le esime IOC la wɔe wònye se tsã be amesiwo wɔa kamedefefe hena modzakaɖeɖe koe akpɔ gome le fefeawo me la, dukɔwo ƒe dɔdzikpɔƒewo va dze mɔɖeɖe na amesiwo wɔnɛ ɖe ga ta be woaʋli ho le Olympic fefeawo me. Gake kamedefefewɔla siwo wɔnɛ ɖe ga ta la he kuxi aɖewo vɛ. ‘Hoʋiʋli nyuie’ ɖeɖe mena woxea ga na amewo be woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe adzɔnuwo ŋu o, eye eteƒe medidi hafi dziɖuɖu va zu nu vevitɔ kekeake o. Mewɔ nuku o be wòva dzi ŋusẽdoametikewo zazã ɖe edzi.

Nu vevitɔ evelia dzɔ le ƒe 1983 me, esime IOC la di mɔnu si dzi wòato azã nusi eƒe asitsatsa ŋutinunyala bibi aɖe yɔ be “dzesidenu xɔasitɔ kekeake si wometsɔ dia gae o le xexeame”—si nye Olympic gaviawo. Esia na wova dze Olympic ƒe dzesidenu sia tsɔtsɔ di gae le mɔ ɖesiaɖe nu. Jason Zengerle gblɔ be: “Togbɔ be woƒoa nu geɖe tso ŋutifafa dodoɖeŋgɔ kple xexeametɔwo nu ƒoƒo ƒu ŋu hã la, . . . ne míagblɔe tututu la, Olympic la meto vovo . . . tso kamedefefe bubu ɖesiaɖe si do kpo nu le taɖodzinu sia gbɔ ɖoɖo me gbɔ o.” Gake ɖe esia fia be taɖodzinu siwo Olympic fefea ɖolawo tsɔ ɖoe anyi la gbɔ manya ɖo oa?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 21]

OLYMPIC LA ŊUTI NYATEƑENYAWO

→ Olympic dzesia nye gavi atɔ̃ siwo tsi tre ɖi na anyigbagã siwo nye Afrika, Asia, Australia, Europa, kple Dziehe kpakple Anyiehe Amerika. Wotsɔe ku wo nɔewo be wòanye dzesi na amewo katã ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ.

→ Olympic mɔfiamenya ye nye Citius, Altius, Fortius—efia be “woawɔe wòatsɔ wu, ayi ŋgɔ wu, awɔ kalẽ wu” le Latingbe me. Fransetɔ nufiala aɖe ɖe egɔme bubui be “woawɔe wòatsɔ wu, ayi ŋgɔ wu, asesẽ wu.”

→ Olympic dzo la, wosinɛ le Zeus ƒe vɔsamlekpui dzi le blema fefeawo me. Egbea wozãa ɣe la ƒe bibi sia kakati le Olympia, eye wotsɔnɛ yia afisi wole fefeawo wɔ ge le.

→ Olympic la wɔwɔ xɔ ƒe akpe nanewo. Wowɔ Olympic Kamedefefe gbãtɔ si ŋu woŋlɔ nu tsoe le ƒe 776 D.M.Ŋ. me, gake ame geɖe gblɔna be wodze fefeawo wɔwɔ gɔme ne mede ɖeke o la, ƒe alafa atɔ̃ do ŋgɔ na ɣemaɣi.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AP Photo/Eric Draper

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22]

SYDNEY ƑE OLYMPIC FEFEWƆƑEA

TSO September 1993 me, esime wona gome Sydney be woawɔ ƒe 2000 Olympic Fefeawo le afima la, wole dzadzram ɖo vevie hena amedzro akpe nanewo xɔxɔ. Wowɔ dɔ geɖe tsɔ dzra teƒea ɖo, wotu nɔƒe dzeaniwo, eye wotrɔ aɖukpo xoxowo wozu anyigba wɔnuwo, abɔwo, kple tsitoƒewo, le teƒe si ade agbleka 1,900.

Sydney Olympic Kɔƒedu si wotu be kamedefefewɔlawo kple amegãwo nanɔ lae nye kɔƒedu gãtɔ kekeake si me wozãa ɣe ƒe ŋusẽ tsɔ wɔ elektrikŋusẽ le. SuperDome—si nye kamedefefewɔƒe kple modzakaɖeƒe gãtɔ kekeake si wotu hegba edzi le Xexeame ƒe Anyigbe gome—ye mɔ̃ si wotsɔ trɔa ɣe ƒe ŋusẽ wɔa elektrikŋusẽ si menye dziɖuɖua tɔ o gãtɔ kekeake le le Australia, eye ezãa ŋusẽ si menaa aɖiya boo o.

Olympic Kamedefefewɔƒea ƒe dzisasrã siwo kɔ kpo dze ʋe kple daɖedziti siwo tso ga wo nɔewo dzena le SuperDome la tame. Etutu xɔ ga dɔlar 435,000,000 eye wònye Olympic kamedefefewɔƒe gãtɔ kekeake le xexeame, si me ame 110,000 ate ŋu anɔ. Yameʋu gã Boeing 747 ene ate ŋu atɔ ɖe wo nɔewo gbɔ le gbadzaƒe si le kamedefefewɔƒea! Xɔgbanu siwo me kekeli te ŋu tona si wotsɔ gbae la kpɔa nukpɔlawo ta be ŋdɔkutsu nagaɖu wo o. Alan Patching, si nye kamedefefewɔƒea ƒe tatɔ gblɔ be: “Le ƒe 2000 ƒe ŋkeke aɖewo me la, teƒe siae anye vevitɔ kekeake le Australia.” Eye wòdo ŋugbe be: “Emegbe ava zu dzesidenu, abe alesi Opera-ƒeme le ene.”

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Baron Pierre de Coubertin

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Culver Pictures

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 23]

AP Photo/ACOG, HO