Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Taɖodzinuawo gbɔ Ðoɖo

Taɖodzinuawo gbɔ Ðoɖo

Taɖodzinuawo gbɔ Ðoɖo

DUKƆWO dome nyuidiname, nɔvisiléle, ŋutifafa—amekae makafu taɖodzinu nyui mawo o? Baron Pierre de Coubertin, si gbugbɔ Olympic la ɖo anyi xɔe se be fefeawo ade bubu deto hoʋlilawo ŋu, metsɔ le woƒe ŋutigbalẽ, subɔsubɔ, alo ŋutsu alo nyɔnu nyenye me o, ale be woaɖu dukɔwo dome fuléle dzi. Esusui be “ame ɖekaɖeka siwo ɖɔʋu koe ate ŋu ahe xexe si nyo wu vɛ.” Gake ɖe kamedefefe ate ŋu ahe xexeame ƒe ŋutifafa vɛ vavãa? Ne míelé ŋku ɖe nusiwo dzɔ va yi ŋu la, míaɖo eŋu be ao.

Togbɔ be kamedefefe wɔa akpa aɖe hã la, Biblia me nufiame ye nye nu vevitɔ si ahe ŋutifafa vavãtɔ vɛ. Le nyateƒe me la, Biblia me gɔmeɖosewoe ate ŋu ana ‘amewo naɖɔʋu,’ abe alesi Coubertin gblɔe ene. Bu mawunyakpukpui aɖewo siwo hea ŋutifafa vaa amesiwo wɔa wo ŋudɔ dome, eɖanye dukɔ ka mee wotso o ŋu kpɔ.

“Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yohanes 13:35.

“Ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!”—Romatɔwo 12:18.

“Esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame.”—Galatiatɔwo 6:10.

“Migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natsɔ ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui.”—Filipitɔwo 2:3.

“Ŋutilã me veviedodo nyo na nu vi aɖe ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.”—Timoteo I, 4:8.

Ðe susu nyui siwo dze le mawunyakpukpui siawo me wɔa dɔ ŋutɔŋutɔa? Bu nusi dzɔ le Munich le Germany ŋu kpɔ. Le ƒe 1974 me, si nye ƒe eve pɛ tso esime ŋɔdzidoname kple amewuwu gblẽ Olympics Fefe si wowɔ le dugã ma me megbe la, Yehowa Ðasefowo wɔ dukɔwo dome takpekpe gã le Olympic Kamedefefewɔƒe ma ke. Vavalawo dometɔ aɖewo tso Greece kple Turkey—dukɔ siwo nɔ aʋa wɔm kple wo nɔewo. Le nyateƒe me le dzomeŋɔli ma me la, Greece kple Turkey srafowo nɔ aʋa wɔm ɖe ƒukpo si nye Cyprus ta. Ðe aʋa la akpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔ siwo va takpekpea dzia? Ao! Aleke gbegbe wòwɔ dɔ ɖe eteƒekpɔlawo dzii enye si be wokpɔ Greecetɔwo kple Turkeytɔwo wokpla asi kɔ na wo nɔewo hele wo nɔewo yɔm be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu!

Wonya Yehowa Ðasefowo le xexeame godoo be dukɔ si me wo tso, gbeɖekadodo, kple towo dome mamawo menyea mɔxenu na woƒe ŋutifafa o. Menye ɖe wole gbɔgblɔm be yewoɖo xexeame katã ƒe ɖekawɔwɔ gbɔ bliboe o. Abe ame bubu ɖesiaɖe ene la, ele be woadze agbagba vevie awɔ ɖe Kristotɔ apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi be: ‘Miɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa, eye miado ame yeye, si wowɔ yeye hena sidzedze le amesi wɔe la ƒe nɔnɔme nu.’ (Kolosetɔwo 3:9, 10) Ke hã woxɔe se vevie be Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu ‘woadi ŋutifafa, eye woati eyome.’—Petro I, 3:11.

Nublanuitɔe la, Olympic fefeawo—togbɔ be taɖodzinu kɔkɔwo le esi hã—na nɔnɔme vɔ̃ɖitɔ kekeake si le amewo me la dze. To vovo na ema la, Mawu ƒe Nya sẽŋu la naa amewo ɖea nɔnɔme nyuitɔ kekeake si le wo si fia, eye wòdoa dukɔwo dome nyuidiname kple ŋutifafa ɖe ŋgɔ.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Olympic fefeawo dea hoʋiʋli ƒe dzi ƒo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Aus dem Fundus der MÜNCHNER OLYMPIAPARK GMBH, München

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Biblia dea ŋutifafa ƒe dzi ƒo