Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tso Olympia va ɖo Sydney

Tso Olympia va ɖo Sydney

Tso Olympia va ɖo Sydney

AME geɖe bua Olympic Kamedefefewo be eyae nye xexeame ƒe kamedefefe hoʋiʋli vevitɔ kekeake. The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Womegatsia dzi ɖe kamedefefe aɖeke ŋu de enu o. Ame miliɔn geɖe dea fefeawo wɔƒe, eye ame miliɔn alafa geɖe kpɔnɛ le television dzi le xexeame godoo.”

Eŋutinya Kpui Aɖe

Ƒe akpe nanewo enye sia tso esime woɖo Olympic Kamedefefeawo anyi. Esi blema Helatɔwo xɔe se be kamedefefe doa dzidzɔ na ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ ta la, woɖua dukɔa ƒe azã siwo me wotsakaa mawusubɔsubɔ kple kamedefefe le. Esia ƒe ɖewoe nye Isthmus, Nemea, Olympic, kple Pythia kamedefefewo. Le wo katã dome la, Olympic kamedefefewo ŋue wodea bubui wu, elabena eya dea bubu Zeus, si Helatɔwo buna be enye mawuwo ƒe fia la ŋu.

Edze ƒã be wɔna ɖeka si nye dulegbeƒuƒu koe nɔ Olympic gbãtɔwo me. Gake emegbe hoʋiʋli bubuwo abe tasiaɖam hoʋiʋli, kple esiwo bia dzidodo geɖe ene va kpe ɖe eŋu. Nukpɔlawo tsoa afisiafi vana. Be amewo nanɔ dedie la, wowɔa nubabla tsɔ xea mɔ ɖe aʋawɔwɔ nu do ŋgɔ na kamedefefeawo kple emegbe.

Esi Rome va xɔ ŋusẽ la, womegava doa vivi ɖe Olympic ŋu ale o. Le nyateƒe me la, Romatɔ geɖe nyɔa ŋu fefeawo. Fiagã Nero koe to vovo. Ekpɔ gome le fefeawo me le ƒe 67 M.Ŋ. me eye wòɖu dzi le hoʋiʋli ɖesiaɖe si me wòkpɔ gome le me. Edze abe ɖe hoʋlila bubuawo ɖe mɔ nɛ be wòaɖu dzi bene wòagado dziku ɖe yewo ŋu o ene! Ke hã kaka ƒe 394 M.Ŋ. naɖo la, wodzudzɔ Olympic hoʋiʋliawo wɔwɔ.

Olympic Kamedefefewo Gbugbɔgaɖoanyi

Ƒe alafa 15 aɖewo megbe la, nusiwo ŋu Germany tomenukulawo ke ɖo le blema Olympia ƒe tagba na amewo gava dze vividodo ɖe fefeawo ŋu. Ɣemaɣie Fransetɔ Baron Pierre de Coubertin, si xɔ ƒe 29, doe ɖa be woagaɖo fefeawo anyi. Eyata le ƒe 1896 me la, wowɔ egbeŋkekea me Olympic Kamedefefe gbãtɔ le Athens. Tso ƒe ma me la, wowɔa Olympic fefeawo ƒe ene ɖesiaɖe kloe.

Egbea ame geɖe kpɔa mɔ na fefeawo vevie. Le ƒe sia me la, woawɔ fefeawo le Sydney, Australia tso September 15 vaseɖe October 1. Nusiwo ayi edzi ƒe ɖewoe nye kamedefefe ƒomevi vovovo 28, hoʋiʋli 292, kple akpa vovovo 635, eye kamedefefewɔla siwo wu 10,300 akpɔ gome le wo me.

Gake le nyitsɔ laa ƒewo me la, nya ɖefuname geɖe dzɔ le Olympic fefeawo me. Ame geɖe gblɔna gɔ̃ hã be taɖodzinu siwo ta woɖo Olympic fefeawo la ɖo afɔku me. Ŋkuléle ɖe nusiwo medzena wokpɔna o ŋu ana míakpɔ nu nyuiwo kple nu ɖefunamewo siaa.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 19]

Scala/Art Resource, NY