Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Kamedefefe Siwo Gbɔ Eme”—Ðe Wòle Be Nàde Ðokuiwò Afɔkua Mea?

“Kamedefefe Siwo Gbɔ Eme”—Ðe Wòle Be Nàde Ðokuiwò Afɔkua Mea?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

“Kamedefefe Siwo Gbɔ Eme”—Ðe Wòle Be Nàde Ðokuiwò Afɔkua Mea?

“LE ŊKEKE SIAWO ME LA, MÍA DOMETƆ GEÐE MEGANYEA NUKPƆLA DZRO KO O, MÍETSƆA XEXIGOLOWO DZONA LE YAMEƲU ME, TSƆA KA ÐIÐIA MÍA ÐOKUI TO TOWO ƑE ABUWO ŊU, TSƆA TƆDZIƲU FLƆA TSITSETSEWO EYE MÍEƑUA TSI KPLE AGBLOLUIWO.”—NYADZƆDZƆGBALẼ SI NYE WILLOW GLEN RESIDENT.

NYA siawo ɖɔ nuwɔna siwo va le bɔbɔm le kamedefefewo me. Alesi nuwɔna siawo abe dzodzo tso yameʋu me le yame, tsikpewo lialia, dzodzo kple xexiʋu to yame, kple dzodzo tso nu kɔkɔwo tame * ene va xɔ ŋkɔe la ɖe alesi xexeame doa vivi ɖe ameɖokui dede afɔku me nuwɔnawo ŋui fia. Wozãa snodzizɔʋuƒowo, toliagasɔwo, ʋuƒokekeviwo, kple kekefɔkpa si wotsɔna ɖia abu tso agakpe kɔkɔwo dzi hedzona toa ʋe globowo tame hã. Abe alesi Time magazine gblɔe ene la, alesi “kamedefefe siwo gbɔ eme”—si nye kamedefefe siwo me gomekpɔlawo dea wo ɖokui afɔkunuwɔnawo me—va le ŋkɔ xɔmee la ɖe alesi ame miliɔn geɖe di vevie be yewoaƒo yewo ɖokui ɖe “afɔkunu dziŋɔtɔ kekeake wɔwɔ mee fia, nuwɔna siwo me amesiwo kpɔa gome le eme kwasiɖanuwuwuwo kple amesiwo tsɔe ɖo dɔe siaa toa afɔku, aɖaŋu kple vɔvɔ̃ ƒe nuwɔna ƒokpliwo me ʋlina be yewoawɔe wòawu tsãtɔwo.”

Gake zi alesi fefe gbɔme siawo le ŋkɔ xɔmee la, zi nenema ke wole nu gblẽm le amewo ŋui. Ame geɖe va le abi xɔm to kamedefefe siwo me afɔku mele boo o wɔwɔ wòagbɔ eme me. Le United States le ƒe 1997 me la, ʋuƒokekevi dola siwo nuvevi wɔ wòhiã be woakpɔ wo gbɔ kpata le kɔdzi dzi ɖe edzi wu alafa memama 33, sno dzi fefewɔlawo tɔ ɖo alafa memama 31, eye tolialawo tɔ nɔ alafa memama 20. Le kamedefefe bubuwo gome la, emetsonuawo gavloe wu kura, abe alesi wòdzena le kamedefefe si gbɔ eme wɔla siwo kuna ƒe xexlẽme si le dzidzim ɖe edzi me ene. Kamedefefe siawo dzidelawo nya nu tso emefɔkuwo ŋu. Nyɔnu aɖe si kpɔa gome le tsikpedzifefe gbɔmewo me gblɔ be: “Enɔa tame nam ɣesiaɣi be ku mee mele ɖokuinye demii.” Snodziʋuƒodola bibi aɖe gblɔe kpuie be ne “nuvevi mewɔa wò o la, ke mèle vevie dom nu abe alesi dze ene o.”

Le nyateƒe siawo ta la, aleke wòle be Kristotɔ nabu gomekpɔkpɔ le nuwɔna mawo tɔgbe mee? Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatso nya me le gomekpɔkpɔ le kamedefefe gbɔmewo ŋu? Ŋugbledede tso alesi Mawu bua agbe nu kɔkɔe ŋu ana míaɖo biabia siawo ŋu.

Alesi Mawu Bua Agbee

Biblia gblɔ na mí be Yehowa gbɔe “agbedzɔƒe le.” (Psalmo 36:10) Menye ɖeko wòwɔ mí ko o, ke ezã ŋuɖɔɖo blibo na nusiwo míehiã be míakpɔ dzidzɔ le agbe me hã mí. (Psalmo 139:14; Dɔwɔwɔwo 14:16, 17; 17:24-28) Eyata susu le eme be míaƒo nya ta be edi tso mía si be míalé be na nusi wòtsɔ na mí dɔmenyotɔe. Se kple gɔmeɖose siwo wòna Israel-dukɔa na míekpɔ esia dze sii.

Mose ƒe Sea bia be ame naɖe afɔ aɖewo atsɔ akpɔ ame bubuwo ƒe agbe tae. Ne womewɔ esia o eye ame aɖe ƒe agbe tsi eme la, woabu amesi ate ŋu axe mɔ na afɔkua hafi la ʋufɔɖilae. Le kpɔɖeŋu me, wobia tso xɔtɔ si be wòaɖo gli alo atɔ kpɔ kpui aɖe si nye xɔtaglikpɔ ɖe eƒe xɔ yeye tame. Ne mewɔe alea o eye ame aɖe ge tso xɔa tame heku la, eƒe aƒe aɖi ʋu fɔ. (Mose V, 22:8) Ne nyi aɖe tu dzo ame aɖe le vome wòku la, womabu fɔ nyia tɔ o. Gake ne wonya nyia be etua dzo ame, eye wogblɔe na nyia tɔ, gake mekpɔ edzi nyuie o, eye nyia tu dzo ame aɖe la, ekema nyia tɔ ɖi ʋu fɔ eye woate ŋu awui. (Mose II, 21:28, 29) Esi Yehowa bua agbe nu kɔkɔe ta la, eƒe Sea te gbe ɖe agbeléleɖete kple etakpɔkpɔ dzi vevie.

Mawu subɔla nuteƒewɔlawo nya be gɔmeɖose siawo ku ɖe ameɖokui dede afɔku me hã ŋu. Le Biblia me nudzɔdzɔ aɖe me la, Dawid gblɔ alesi ‘vudo si le Betlexem me tsi’ dzroe. Filistitɔwo tee Betlexem nɔ ɣemaɣi. Esi eƒe asrafowo se Dawid ƒe didia la, wo dometɔ etɔ̃ yi va ge ɖe Filistitɔwo ƒe asaɖa me, eye woku tsi le vudo, si le Betlexem la me vɛ na Dawid. Aleke Dawid wɔ nui? Meno tsia o ke boŋ ekɔe ɖe anyigba. Hegblɔ bena: “Nye Mawu nena esia wɔwɔ [nade] megbe xaa tso gbɔnye! Ðe mano ŋutsu siawo ƒe ʋu, si nye woƒe agbea? Elabena wotsɔ woƒe agbe ke hafi kui vɛ!” (Kronika I, 11:17-19) Dawid bui be mesɔ be ame nade eƒe agbe afɔku me le yeƒe dzidzemekpɔkpɔ ta o.

Yesu wɔ nusia tɔgbe, esi anye le ŋutega aɖe me la, Abosam tee kpɔ bia tso esi be wòadzo tso gbedoxɔ ƒe tsutsuẽƒe be mawudɔlawo axɔ nɛ be nuvevi mawɔe o hã. Yesu ɖo eŋu nɛ bena: “Megate Aƒetɔ, wò Mawu la, kpɔ o!” (Mateo 4:5-7) Ẽ, Dawid kple Yesu siaa kpɔe be mesɔ le Mawu ŋkume be woade ameɖokui afɔku si ate ŋu awui me madzemadzee o.

Esi kpɔɖeŋu siawo le susu me na mí la, míate ŋu abia be, ‘Aleke míawɔ ade dzesi kamedefefe si gbɔ eme alo esi me afɔku le? Esi wònye be woate ŋu awɔ modzakaɖenuwɔna bɔbɔ siwo me afɔku mele o gɔ̃ hã wòagbɔ eme ta la, aleke míawɔ anya afisi míakpɔ gome le wo me ase ɖo?’

Viɖe Kae Anɔ Afɔkunua Me?

Viɖe siwo anɔ fefe ɖesiaɖe si me míadi be míakpɔ gome le me dadakpɔ anukwareɖiɖitɔe ana míakpɔ ŋuɖoɖoa. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu abia mía ɖokui be, ‘Aleke gbegbe nuvevi wɔa amewo le kamedefefe sia mee? Ðe mexɔ hehe, alo nusiwo hiã be woatsɔ kpɔ ame ɖokui ta tso nuveviwɔame me le asinyea? Nukae adzɔ ne mege, nyemedzo nyuie o, alo ne ametakpɔnu si mazã do kpo nu? Ðe afɔkua magblẽ nu boo oa, alo ɖe wòate ŋu anye ŋkubiãnya alo ahe ku vɛa?’

Ame ɖokui dede modzakaɖeɖe si me afɔku le me madzemadzee ate ŋu agblẽ nu le Kristotɔ vavãtɔ kple Yehowa dome ƒomedodo xɔasi kpakple eƒe dzedze hena mɔnukpɔkpɔwo le hamea me ŋu. (Timoteo I, 3:2, 8-10; 4:12; Tito 2:6-8) Edze ƒã be, ne Kristotɔwo le gome kpɔm le modzakaɖewɔnawo me gɔ̃ hã la, anyo be woabu Wɔla la ƒe nukpɔsusu le agbe ƒe kɔkɔenyenye ŋu la ŋuti.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Wobu kamedefefe sia si me wodzona tso nu kɔkɔwo abe xɔwo, dzisasrãwo, kple kpo kɔkɔwo ene tame be afɔku le wo me ale gbegbe be United States Dukɔ ƒe Modzakaɖebɔ Dzikpɔdɔwɔƒe xe mɔ ɖe enu.