Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Ɣletiviwo Nakpɔ Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzia?

Ðe Wòle Be Ɣletiviwo Nakpɔ Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzia?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wòle Be Ɣletiviwo Nakpɔ Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzia?

“SƆHƐWO KPLE AME TSITSIWO NƆA ANYI ƔESIAƔI SIWO DIA NUSI AVA DZƆ ÐE WO DZI ƑE DZESIWO LE ƔLETIVIWO ME.”—PAPA JOHN PAUL II.

GBEBIAME aɖe si wowɔ ɖee fia be Amerikatɔ 1 le 4 ɖesiaɖe me zãa ɣletivimefakaka le nyametsotsowo wɔwɔ me. Gake menye xexeame ƒe akpa ma koe wokaa ɣletivimefa le o. Le xexeame godoo la, wotrɔna ɖe ɣletiviwo ŋu le ganyawo, mɔzɔɖoɖowo, dɔwɔnawo, srɔ̃ɖeŋkeke tiatia, kple aʋawɔɖaŋuwo me. Wogblɔna be ame ƒe dzesi si dzena le ɣletivi me te ŋu fiaa amesi woaɖe kple amesiwo masɔ na wo nɔewo o gɔ̃ hã. Tso Ɣedzeƒe yi Ɣetoɖoƒe la, ame geɖe tsia dzi ɖe ɣletivimefakaka ŋu. Gake afikae ɣletivimefakaka dzɔ tso?

Eƒe Ŋutinya

Ŋkuʋuʋu ƒe gɔmedzedze kee ɣletivimefakaka ƒomevi vovovowo dze egɔme. Biblia gɔ̃ hã ƒo nu tso “ɣletiviwo” ŋu. (Fiawo II, 23:5) Edze ƒã be Hindutɔwo kple Chinatɔwo, Egiptetɔwo, Helatɔwo, kpakple ame bubuwo kaa ɣletivimefa le blemaɣeyiɣiwo me. Gake blema Babilon ye woyɔ be wodi dzesiwo le ɣletiviwo me le zi gbãtɔ.

Babilontɔwo to ɣletivimefakaka vɛ be yewoate ŋu axɔ nyatakaka ku ɖe etsɔme ŋu. Esi wode dzesii be ɖe dziƒonuwo zɔna la, wota woƒe nɔnɔme vovovowo ɖe ɖoɖo nu. Woto esiawo dzi gblɔa amegbetɔwo ƒe nudzɔdzɔwo kple dziƒonutome nudzɔdzɔwo ɖi. Zi geɖe la, womewɔa dunyahehe alo aʋawɔwɔ ŋuti nyametsotso aɖeke o, negbe ɖe woxɔ aɖaŋuɖoɖo tso ɣletivimefakalawo gbɔ hafi. Ewɔe be nunɔlawo ƒe ha si gblɔ be nunya tɔxɛ kple ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu le yewo si va kpɔ ŋusẽ geɖe ɖe amewo dzi. Le nyateƒe me la, ɣletivimefakanuwo nɔa Babilon ƒe gbedoxɔ veviwo katã me.

Le egbeɣeyiɣiwo me la, ɣletivimedzesiwo kpɔtɔ wɔa akpa vevi aɖe le ame geɖe ƒe agbe me. Amesiwo gblɔ be yewomexɔ ɣletivimefakaka dzi se o gɔ̃ hã tena ɖe ɣletivimefakalawo ŋu ɣeaɖewoɣi tsɔ ɖea modzakae alo le ŋkukeke ɖe nu me ta ko. Enye nyateƒe be ɣletivimefakalawo gblɔ nya aɖewo siwo va eme. Gake ɖe wòfia be dzesiwo didi le ɣletivi me ɖea via? Le nyateƒe me la, aleke Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema bua ɣletivimefakakae?

Afɔku Ɣaɣlawo

To vovo na Babilontɔwo la, Yudatɔ nuteƒewɔlawo mekaa ɣletivimefa o—eye susu nyui aɖe tae. Mawu xlɔ̃ nu wo eme kɔ be: ‘Ame aɖeke meganɔ dowòme, si anye bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ, busudoamela, adzetɔ, nukala, kple ŋɔliyɔla o. Amesiame, si le nusia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.’ *Mose V, 18:10-12.

Mawu subɔlawo tsri afakaka keŋkeŋ. Le kpɔɖeŋu me, Fia Yosiya ‘ɖe amesiwo doa dzudzɔ na Baal kple ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kpakple dziƒonuwo katã’ ɖa. Wogblɔ be Yosiya ƒe nuwɔna “nyo le Yehowa ŋku me,” eye Mawu yrae ɖe eta. (Fiawo II, 22:2; 23:5) Gake amewo abia be, ‘Ðe ɣletivimefakalawo ƒe nya aɖewo mevaa eme oa?’

Nukutɔe la, le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, míexlẽ nu tso nyɔnuvi aɖe si “nana eƒe aƒetɔwo kpɔa viɖe geɖe to nukaka me” ŋu. Edze ƒã be nusiwo nyɔnuvi sia gblɔna la dometɔ aɖewo vaa eme, elabena eƒe aƒetɔwo kpɔa viɖe tso ŋusẽ si nɔ esi la me. Gake afikae nyɔnuvi sia ƒe etsɔmegbɔgblɔɖi ƒe ŋutetea tso? Biblia gblɔ be “afakakagbɔgbɔ” ye nɔ eme.—Dɔwɔwɔwo 16:16.

Biblia ɖee fia be “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ,” si nye Satana Abosam “la me.” (Yohanes I, 5:19) Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo to ayemenuwɔwɔ be nya siwo wogblɔ ƒe ɖewo nava eme dzi lé ame miliɔn geɖe ƒe susu.

Nyateƒea koe nye be “Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo” dometɔ ɖeka koe ɣletivimefakaka nye, eye ezãnɛ tsɔ léa amewo hekpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi be woawɔ eƒe tameɖoɖowo dzi. Eyata mewɔ nuku o be Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woanɔ te sesĩe’ ɖe Satana ƒe ayemɔwo ŋu—si me ɣletivimefakaka hã le. (Efesotɔwo 6:11) Gake ɖe esia fia be etsɔme nyanya ŋuti mɔfiame aɖeke mele mía si oa?

Biblia—Mɔfiamegbalẽ si Ŋu Kakaɖedzi Le

Ame miliɔn geɖe va kpɔe be Biblia nye mɔfiamegbalẽ si ŋu kakaɖedzi le hena nyametsotso wɔwɔ. Abe alesi hakpala Dawid gblɔe ene la, “Yehowa ƒe ɖaseɖiɖi le eteƒe, enana bometsilawo dzea nunya.” (Psalmo 19:8; 119:105) Esia mefia be Biblia gblɔ nusi tututu ame nawɔ le nɔnɔme ɖesiaɖe me ɖi o. Gake gɔmeɖosewo le Mawu ƒe Nya la me siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míana hehe míaƒe sidzedze ŋutetewo. Esia akpe ɖe mía ŋu be míade vovototo nyui kple vɔ̃ dome, ale be míawɔ nyametsotso nyuiwo.—Hebritɔwo 5:14.

Eyata esɔ be Kristotɔwo meyia ɣletivimefakalawo gbɔ o, ne eganye ɖe modzakaɖeɖe alo ŋkukeke ɖe nu me ta ko hã o. Ðe eteƒe la, wowɔna ɖe nuxlɔ̃ame siwo dze le Mawu ƒe Nya la me ku ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ame dzi ɖesiaɖe kple esiwo menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o gɔ̃ hã dzi nunyatɔe. Ne èna Biblia, ke menye ɣletiviwo o, kpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dzi la, àte ŋu axɔ Mawu ƒe yayrawo yi ɖe mavɔ me.—Psalmo 37:29, 38.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Afakaka lɔ nunyadidiwo katã ɖe eme, vevietɔ esi ku ɖe etsɔmenudzɔdzɔwo didi to vivimeŋusẽwo dzi ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ɣedzeƒeɣletiviwo

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ɣetoɖoƒeɣletiviwo