Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Magblɔ Nye Blanuiléle na Ame Aɖea?

Ðe Wòle Be Magblɔ Nye Blanuiléle na Ame Aɖea?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Ðe Wòle Be Magblɔ Nye Blanuiléle na Ame Aɖea?

“Ne melé blanui tsã la, nyemelɔ̃a egbɔgblɔ na ame aɖeke o elabena woava bum be meɖea fu na ame. Gake meva kpɔe be ehiã be maka eta na ame aɖe be wòakpe ɖe ŋunye.”—Alejandro, si xɔ ƒe 13.

“Ne melé blanui la, nyemedoa ta ɖe xɔ̃nyewo gbɔ o elabena mebui be womate ŋu akpe ɖe ŋunye o. Ðeko woaɖu fewu le ŋunye.”—Arturo, si xɔ ƒe 13.

AMESIAME kloe léa blanui ɣeaɖewoɣi. * Gake esi wònye mètsi o eye nuteƒekpɔkpɔ geɖe mesu asiwò o ta la, ele bɔbɔe be nàse le ɖokuiwò me be agbemenyaƒoɖeamenuwo wu tsɔtsɔ na ye. Nusiwo dziwòlawo, xɔ̃wòwo, kple nufialawo abia tso asiwò; ŋutilãme kple seselelãme tɔtrɔ siwo vana le sɔhɛmeɖoɣi; alo sese le ɖokuiwò me be yedo kpo nu le vodada sue aɖe ta—nusiawo katã ate ŋu ana nàlé blanui eye dzi madzɔ wò o.

Ne edzɔ nenema la, anyo be ame aɖe nanɔ asiwò si nàgblɔ wò nya veviwo na. Beatriz si nye ƒe 17 vi gblɔ be, “Ne nyemate ŋu aƒo nu tso nye kuxiwo ŋu na ame aɖeke o la, mebui be ava wu tsɔtsɔ nam.” Nublanuitɔe la, sɔhɛ geɖewo miaa nu ɖe woƒe kuxiwo dzi—eye zi geɖe la, mɔkpɔkpɔ va buna ɖe wo kura. María de Jesús Mardomingo, si nye nufialagã le Atikeŋutinusrɔ̃ƒe le Madrid, gblɔ be sɔhɛ siwo tsi akogo vevie lae va tena kpɔ be yewoawu yewo ɖokui. Sɔhɛ geɖe siwo te wo ɖokuiwuwu kpɔ gake wotsi agbe gblɔ be yewomete ŋu kpɔ ame tsitsi ɖeka hɔ̃ hã si dzi woate ŋu aka ɖo agblɔ yewoƒe dzimenyawo na o.

Ke wò ya ɖe? Ðe ame aɖe le asiwò si nègblɔa wò nya na ne nu te ɖe dziwòa? Ne ɖeke meli o la, ke ameka gbɔe nàte ŋu atrɔ ɖo?

Gblɔe na Dziwòlawo

Alejandro si míeyɔ le gɔmedzedzea, gblɔ nusi wòwɔna ne elé blanui: “Metena ɖe danye ŋu elabena tso nye ɖevime ke la, ekpena ɖe ŋunye eye wòdea dzi ƒo nam. Metena ɖe fofonye hã ŋu elabena eto nɔnɔme siwo tɔgbe me tom mele la me kpɔ. Ne melé blanui eye nyemegblɔe na ame aɖeke o la, ekema enu gasẽna ɖe edzi wu.” Rodolfo, si xɔ ƒe 11 ɖo ŋku edzi be: “Ɣeaɖewoɣi nufiala daam ɖe anyi eye wòbluna ɖe tanye si na meléa blanui vevie. Meyina ɖe aɖuɖɔɖɔƒea va faa avi. Emegbe megblɔe na danye, eye wòkpe ɖe ŋunye mekpɔ nye kuxia gbɔ. Ne menye ɖe meɖe edzi nɛ o la, anye ne magalé blanui wu.”

Èbu wò dzimenyawo gbɔgblɔ na dziwòlawo ŋua? Ðewohĩ èbui be womate ŋu ase wò kuxiwo me na wò o. Gake ɖe womate ŋu ase wo me o nyateƒea? Anɔ eme baa be womase nyaƒoɖeamenu siwo me sɔhɛwo tona le egbexexeame la katã me keŋkeŋ o ya; gake ɖe menye nyateƒe be wonya wò nyuie wu ame bubu ɖesiaɖe si le xexeame oa? Alejandro gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi esesẽna na dzinyelawo be woase veve ɖe nunye eye woanya alesi mesena le ɖokuinye me.” Ke hã elɔ̃ ɖe edzi be: “Menya be mate ŋu aɖe nye nyawo dzi na wo.” Ewɔa nuku na sɔhɛwo zi geɖe ne wokpɔ alesi gbegbe wo dzilawo te ŋu se woƒe kuxiwo mee! Esi wònye wotsi eye nuteƒekpɔkpɔ geɖe su wo si ta la, woate ŋu ana aɖaŋuɖoɖo nyuiwo—esia nyea nyateƒe vevietɔ ne wotsɔa Biblia me gɔmeɖosewo wɔa dɔe.

Beatriz si míeyɔ va yi gblɔ be, “Ne meka nye nyawo ta na dzinyelawo la, wodea dzi ƒo nam eye wonaam nye kuxiwo gbɔ kpɔnu siwo wɔa dɔ.” Eyata esɔ be Biblia ɖo aɖaŋu na sɔhɛwo be: “Vinye, dzra fofowò ƒe sedede ɖo, eye megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o. Ðo to fofowò, si dzi wò, eye megado vlo dawò, ne eku nyagã o!”—Lododowo 6:20; 23:22.

Nyateƒee, enyea nu sesẽ be nàgblɔ wò dzimenya na dziwòlawo ne mía kpli wo dome mele nyuie o. Le Ðk. Catalina González Forteza ƒe nya nu la, numekuku aɖe si wowɔ le kɔledziviwo dome ɖee fia be amesiwo gblɔ be yewote yewo ɖokuiwuwu kpɔ va yi se le wo ɖokui me be asixɔxɔ mele yewo ŋu o eye woa kpli wo dzilawo dome menɔ nyuie o. Gake zi geɖe sɔhɛ siwo mebua wo ɖokuiwuwu ŋu o nyea “esiwo woa kpli wo dzilawo dome ƒomedodo le nyuie.”

Eyata anyo be nàdze agbagba atu ƒomedodo nyui ɖo le mia kple dziwòlawo dome. Dze agbagba nàɖo dze kpli wo edziedzi. Gblɔ nusiwo me tom nèle le agbe me na wo. Bia nya wo. Dzeɖoɖo kpli wo faa nenema ana wòanɔ bɔbɔe be nàte ŋu aka kuxi sesẽ siwo ava dziwò la ta na wo.

Egbɔgblɔ na Xɔ̃wò

Gake ɖe manɔ bɔbɔe wu be nàtsɔ wò kuxiwo ayi hatiwò aɖe gbɔe oa? Enyo be xɔlɔ̃ siwo dzi nàte ŋu aka ɖo nanɔ asiwò. Lododowo 18:24 gblɔ be: “xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.” Gake togbɔ be hatiwo ate ŋu ase veve kpli wò eye woana kpekpeɖeŋu hã la, woƒe aɖaŋuɖoɖo manye nyuitɔ ɣesiaɣi o. Ne èbu eŋu kpɔ la, agbemenuteƒekpɔkpɔ boo aɖeke mele wo si o abe wò ke ene. Èɖo ŋku Rexabeam dzia? Fiae wònye le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Le esi teƒe be wòaxɔ ame tsitsi kpɔnuteƒewo ƒe aɖaŋu si woɖo nɛ la, eɖo to ehatiwo tɔ boŋ. Nukae nye emetsonu? Afɔkue! Rexabeam ƒe dukɔmevi akpa gãtɔ gbee eye Mawu hã mekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o.—Fiawo I, 12:8-19.

Ame ƒe nya veviwo gbɔgblɔ na hatiwo ƒe kuxi bubu lɔ gomaʋumaʋu nya ɖe eme. Arturo, si míeyɔ le gɔmedzedzea me, gblɔ be: “Ŋutsuvi siwo menya dometɔ akpa gãtɔ gblɔa woƒe nuteɖeamedziwo na wo xɔlɔ̃wo. Emegbe wo xɔlɔ̃awo ʋua go nya sia nya na amewo eye wokoa wo.” Nusia tɔgbe dzɔ ɖe Gabriela si xɔ ƒe 13 dzi. Egblɔ be: “Gbeɖeka meke ɖe xɔ̃nye ŋu wònɔ nye nya ɣaɣla gblɔm na exɔlɔ̃ aɖe, eyata nyemegagblɔa nye nya nɛ azɔ o. Ele eme baa be meɖoa dze kple hatinyewo ya, gake medzea agbagba be nyemagblɔ nya vevi siwo ate ŋu agblẽ nu le ŋunye ne wogblɔe na ame bubuwo la na wo o.” Eyata ne èhiã kpekpeɖeŋu la, ele vevie be nàdi amesi ‘meʋua go ame tutɔ ƒe nya ɣaɣla o.’ (Lododowo 25:9) Zi geɖe la, ame ma ƒomevi nyea amesi nye xoxo na wò.

Eyata ne le susu aɖewo ta mèkpɔ ŋusẽdoamela aɖeke le aƒeme o la, anyo be nàdi xɔlɔ̃ aɖe si nàto wò dzimenyawo na, gake kpɔ egbɔ be amea kpɔ nuteƒe le agbe me eye wònya Biblia me gɔmeɖosewo. Ðikeke mele eme o be àkpɔ amesiawo tɔgbe tututu le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le mia gbɔ la me. Liliana si xɔ ƒe 16 gblɔ be: “Megblɔ nye nya veviwo na nɔvinyenyɔnu Kristotɔ aɖewo, eye ede dzinye ale gbegbe. Esi wotsi wum ta la, woƒe aɖaŋuɖoɖowo nyo. Wova zu xɔ̃nyewo.”

Ke ne èle to yim le gbɔgbɔme hã ɖe? Ðewohĩ nèlé blanui ale gbegbe be mègadoa gbe ɖa alo xlẽa Biblia o. Biblia xlɔ̃ nu le Yakobo 5:14, 15 be: “Ne mia dome ame aɖe ƒe lãme gblẽ la, neyɔ hamemegãwo vɛ, ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me. Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ afɔe ɖe tsitre.” Ame tsitsi siwo si nuteƒekpɔkpɔ su le kpekpeɖeŋu nana amesiwo ƒo dzi ɖe le alo wodze dɔ le gbɔgbɔme me la le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le mia gbɔ me. Ðo dze kpli wo faa. Biblia gblɔ be ŋutsu siawo ate ŋu anɔ “abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu” ene.—Yesaya 32:2.

‘Mina Mawu Nanya Miaƒe Dzimedidiwo’

Gake kpekpeɖeŋutsoƒe nyuitɔ kekeakee nye “akɔfafawo katã ƒe Mawu la.” (Korintotɔwo II, 1:3) Ne nu te ɖe dziwò eye nèlé blanui la, tsɔ aɖaŋuɖoɖo si le Filipitɔwo 4:6, 7 la wɔ dɔe be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeaɖo to wò. (Psalmo 46:2; 77:2) Eye ɣeaɖewoɣi la, nusi ko nèhiã be wò susu nadze akɔ anyie nye gbedodoɖa.

Ne dzi medzɔa wò o eye nèléa blanui ɣeaɖewoɣi la, mègaŋlɔ be o be sɔhɛ bubu geɖewo hã se le wo ɖokui me nenema kpɔ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, seselelãme mawo nu ava yi. Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, wò ɖeka megakpe fua o. Na ame aɖe nanya be nèle veve sem. Lododowo 12:25 gblɔ be: “Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi; ke xɔlɔ̃nya doa dzidzɔ na ame.” Aleke nàwɔ axɔ “xɔlɔ̃nya” dedziƒoname ma? To egbɔgblɔ na ame aɖe—amesi si nuteƒekpɔkpɔ, sidzedze, kple mawumenunya le be wòana akɔfafa kple kpekpeɖeŋu si nèhiã la wò dzie.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Ne blanuilélea nu gbe yiyi la, ate ŋu afia be seselelãme alo ŋutilã me kuxi sesẽ aɖe le fu ɖem na amea. Anyo be woatso ɖe eŋutikewɔwɔ ŋu kpata. Kpɔ nyati si nye “Blanuiléle ƒe Aʋaa Dziɖuɖu” le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, si nye magazine sia ƒe kpeɖeŋutɔ, ƒe tata si nye March 1, 1990, tɔ me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

“Ne meka nye nyawo ta na dzinyelawo la, wodea dzi ƒo nam eye wonaam egbɔkpɔnu siwo wɔa dɔ”

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Zi geɖe la, dzila Mawu vɔ̃lawo ƒe aɖaŋuɖoɖowo nyona kura wu hatiwo tɔ