Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Atikewɔmɔnu Bubuwo Ŋu

Ŋkuléle Ðe Atikewɔmɔnu Bubuwo Ŋu

Ŋkuléle Ðe Atikewɔmɔnu Bubuwo Ŋu

“Kadodo si anɔ atikewɔlawo kple atikewɔmɔnu bubu wɔlawo dome le vevie be amesiwo atia atikewɔwɔ bubuwo nanɔ lãmesẽ si nyo wu me.”

WOTA nya ma ɖe The Journal of the American Medical Association (JAMA), November 11, 1998, ƒe tata me. Nyatia gblɔ be: “Ele be woakpɔ mɔ be [kadodo] sia nadzi ɖe edzi le esi ame geɖe va le atikewɔmɔnu bubuwo zãm, eye vevietɔ le esi nugblẽfexedɔwɔƒewo va le wo dem woƒe kpekpeɖeŋuɖoɖowo me ta.”

Dɔnɔ geɖe va le atikewɔmɔnu bubuwo zãm, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wole atike nyanyɛwo hã zãm. Gake ame aɖewo megblɔa atike siwo zãm wole na woƒe ɖɔkta o. Eyata Tufts University Health & Nutrition Letter si wota le April 2000 me xlɔ̃ nu be: “Ele be nàwɔ nu aduadu kple wò ɖɔkta be wòaɖe vi na wò tsɔ wu be nàwɔe le bebeme.” Egblɔ kpee be: “Eda asi ɖe atike si zãm nèle dzi alo meda asi ɖe edzi o, aɖe vi na wò kokoko be nàƒo nu tso eŋu nɛ.”

Afɔku siwo ate ŋu ado mo ɖa ne wotsɔ gbetike aɖewo tsaka kple yevutikewo tae wogblɔ esia ɖo. Esi lãmesẽdɔwɔla geɖe va de dzesii be yewoƒe dɔnɔ geɖe va le atikewɔmɔnu bubuwo tiam ta la, wodzea agbagba be woagana woawo ŋutɔ ƒe nukpɔsusu le lãmesẽnyawo ŋu naxe mɔ na wo be woagawɔ nu aduadu kple atikewɔmɔnu bubu wɔlawo be wòaɖe vi na dɔnɔawo o.

Be míaƒe nuxlẽlawo nanya nu tso atikewɔmɔnu bubu siwo ame geɖe va le zazãm le dukɔ geɖe me ŋu la, míaƒo nu tso wo dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu kpuie. Gake taflatse mide dzesii be Nyɔ! meda megbe na mɔnu siawo alo atikewɔmɔnu bubu aɖeke o.

Gbetikewo

Ðewohĩ mɔnu siae nye atikewɔmɔnu bubu si wozãna wu. Togbɔ be wozãa gbewo tsɔ wɔa atikee le ƒe alafa siwo va yi me hã la, numiemie ʋɛ aɖewo ko ŋue dzɔdzɔmeŋutinunyalawo te ŋu srɔ̃ nu tsoe tsitotsito. Numiemie kple wo me nu xexlẽme siwo ŋu wosrɔ̃ nu tsoe tsitotsito heŋlɔ nu tso woƒe dedienɔnɔ kple woƒe dɔwɔwɔ ŋu ƒe xexlẽme gaɖiɖi wu kura. Gbe siwo wozã tso blema ƒe nuteƒekpɔkpɔwo dzie wotu gbeawo ŋuti nyatakaka akpa gãtɔ ɖo.

Gake le nyitsɔ laa ƒewo me la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo wɔ numekuku geɖe si fia viɖe siwo le gbe aɖewo ŋu le nɔnɔmewo abe blanuiléle, nuŋɔŋlɔbe le tsitsi ta, kple ŋutsu ƒe tsinyegoe si dze tete la dada me ŋuti. Wosrɔ̃ nu tso gbe aɖe si woyɔna be black cohosh, si wogayɔna be black snakeroot, bugbane, alo rattleroot. Amerika Indiatɔwo ɖaa eƒe ke tsɔ kpɔa gbɔtotsitsi kple vidzidzi me kuxiwo gbɔe. Le Harvard Women’s Health Watch ƒe April 2000, tɔ ƒe nya nu la, numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be Germanytɔwo ƒe black cohosh si wowɔ dzrana me nu aɖe nyo na “gbɔtotsotso me kuxiwo nutsitsi.”

Edze abe alesi amewo tsi dzi ɖe gbetike mawo zazã ŋui la tso nukpɔsusu si nye be wo zazã le dedie wu yevutikewo la gbɔ ene. Togbɔ be esia anye nyateƒe hã la, wode dzesii be gbetike aɖewo gblẽa nu le ame ŋu, vevietɔ ne wozã wo tsaka kple yevutikewo. Le kpɔɖeŋu me, gbe aɖe si xɔ ŋkɔ be edaa ŋɔtimexexe, eye wònana woduna ate ŋu ana ʋu kple dzi ƒe dɔwɔwɔ nayi dzi.

Gbe aɖewo hã li si naa ʋu ɖuɖuna le dɔnɔ ŋu geɖe wu. Ne wozã gbetike siawo kple “ʋutrɔtikewo” tsaka la, ate ŋu ahe kuxi sesẽwo vɛ. Ele be amesiwo ŋu dɔmavɔleameŋuwo abe suklidɔ alo ʋusɔgbɔdɔ ene le, alo amesiwo le atike bubuwo zãm nakpɔ nyuie le gbetikewo zazã ŋu.—Kpɔ aɖaka si kpe ɖe eŋu.

Nu ɖefuname bubu si le gbetikewo ŋue nye alesi kakaɖedzi aɖeke meli be wowɔ wo wòsɔ ɖe dzidzenu si sɔ nu ɖaa o. Le nyitsɔ laa ƒewo me la, woka nya ta ku ɖe atike siwo me wokpɔ tomenuwo kple aɖinu bubuwo le ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, wode dzesii be gbe siwo woŋlɔ ɖe atikegoeawo ŋu be woawoe wozã tsɔ wɔ atikeae ƒe sue aɖe koe wozã alo womezã wo dometɔ aɖeke le ewɔwɔ me o. Kpɔɖeŋu siawo te gbe ɖe alesi wòhiã be woaƒle gbetikewo kple atike bubuwo tso dɔwɔƒe siwo xɔ ŋkɔ eye kakaɖedzi le wo ŋu ko gbɔ la dzi.

Nuɖuɖutikewo

Woka nya ta be nuɖuɖutikewo, abe vitamin-wo kple ŋutilãtuɖonuwo ene ɖe vi le mɔxexe ɖe dɔléle aɖewo abe ʋuvɔlelãmename kple ƒumasẽmasẽdɔ ene me—kple le mɔxexe ɖe vidzidzi me kuxi aɖewo nu me gɔ̃ hã. Wobua vitamin kple ŋutilãtuɖonuwo ƒe agbɔsɔsɔme si dziɖuɖua kafu be woazã gbesiagbe la be enyo eye wòɖea vi.

Gake agbɔsɔsɔme gbogbo si wogblɔna be woazã le dɔléle aɖewo dada me ate ŋu agblẽ nu le lãmesẽ ŋu. Woate ŋu agblẽ nu le ŋutilãa ƒe nunyiame bubuwo xɔxɔ ŋu eye woate ŋu agblẽ nu bubuwo le ame ŋu vevie hã. Mele be woaŋe aɖaba aƒu afɔku sia kple kpeɖodzi siwo ŋu kakaɖedzi le si meli ku ɖe vitamin siwo wobe enu sẽ ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ ŋu o la dzi o.

Homeopathy

Ƒe 1700 ƒeawo mee woto homeopathy, si nye dɔdamɔnu si me wonaa atike sue aɖe dɔnɔa be wòana dɔléle aɖe ƒe dzesiwo nadze ʋɛ, eye wobui be ele bɔbɔe eye vevesese mele eme de dɔdamɔnu siwo bɔ nu o. Gɔmeɖose si nye “nusi sɔ na dɔléle la kee danɛ” kple atike suetɔ kekeake nono ƒe dzixɔse dzie wotu homeopathy tikewɔwɔ ɖo. Le homeopathy tikewɔwɔ me la, wotɔa tsi atikea kakaka—ɣeaɖewoɣi wotɔa tsii ʋuu vaseɖe esime atike si wozã la me nu suetɔ kekeake gɔ̃ hã megadzena le eme o.

Gake ne wotsɔe sɔ kple hayahaya si metso atike gbɔ o la, wokpɔe be homeopathy tikewo wɔ dɔ wu le dɔlélewo abe gbɔxi, dɔhonamewo, kple ɖeviwo ƒe mitsinyenye ene dada me. Wobua homeopathy tikewo be wole dedie, le esi wotɔa tsii geɖe ta. Nyati aɖe si wota ɖe March 4, 1998, ƒe JAMA me gblɔ be: “Le dɔnɔ geɖe gome la, ne dɔmavɔleameŋu si nu womenya ta le o le ame ŋu la, homeopathy ate ŋu anye dɔdamɔnu vevi si akpe ɖe amea ŋu. Ne wozãe wòsɔ la, homeopathy ate ŋu akpe ɖe atikewɔmɔnu nyanyɛ siwo li egbea ŋu anye ‘dɔwɔnu bubu si anɔ akplo me.’” Gake ne nɔnɔmea ɖo ku kple agbe dome la, nunya anɔ eme wu be woazã atikewɔmɔnu nyanyɛwo.

Dzimeƒudɔdada

Atikewɔmɔnu bubu geɖe li siwo me wotrɔa asi le ŋutilã ƒe akpa aɖewo ŋu le. Dzimeƒudɔdada nye atikewɔmɔnu bubu siwo wozãna wu la dometɔ ɖeka, vevietɔ le United States. Wotui ɖe nukpɔsusu sia dzi be woate ŋu ada dɔ na ame ne woɖɔ eƒe dzimeƒu ƒe akpa si ŋu tɔtɔ ɖo la ɖo. Esia tae dzimeƒudɔdalawo bi ɖe dzimeƒua ŋudɔwɔwɔ me be woaɖɔe ɖo na woƒe dɔnɔwo.

Atikewɔmɔnu nyanyɛwo mete ŋu naa gbɔdzɔe amesiwo ŋu alidɔwo le ɣesiaɣi o. Gake dɔnɔ siwo wozã dzimeƒudɔdamɔnu na dometɔ aɖewo gblɔ be ewɔ dɔ na yewo ŋutɔ. Kpeɖodzi siwo fia be wozã dzimeƒudɔdamɔnu tsɔ da dɔ bubuwo tsɔ wu vevesese mebɔ o.

Eɖe dzesi be mebɔ be dzimeƒudɔdamɔnu si amesi bi ɖe eme wɔ la nagblẽ nu le ame ŋu o. Ke hã le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be wòanɔ susu me na ame be kuxi sesẽwo ate ŋu ado tso kɔ totro me, si ƒe ɖewoe nye gbagbadɔ kple tutudɔ. Be woaɖe afɔkuawo dzi akpɔtɔ la, eŋutinunyala aɖewo kafui be amea nawɔ dodokpɔwo tsitotsito akpɔ be asitɔtrɔ le ƒuawo ŋu ƒe mɔnu tɔxɛ aɖe li si aɖe vi nɛ hã.

Lãme Hehe

Wode dzesi viɖe si le lãmehehe ŋu le dukɔ ɖesiaɖe kloe me. Woƒo nu tso ezazã ŋu le Biblia me gɔ̃ hã. (Ester 2:12) British Medical Journal (BMJ) ƒe November 6, 1999, tɔ gblɔ be: “Lãmehehe mɔnuwo wɔa akpa vevi aɖe le Chinatɔwo kple Indiatɔwo ƒe atikewɔwɔ me. Ƒe alafa 19 lia mee Per Henrik Ling to lãmehehe mɔnu si wozãna le Europa vɛ, eye eyae to mɔnu si woyɔna fifia be Swedentɔwo ƒe lãmehehe vɛ.”

Wogblɔ be lãmehehe naa lãmekawo nɔna nyuie, enaa ʋu sina nyuie wu, eye wòɖea aɖinu siwo bla ɖe ʋukawo me ɖa. Fifia ɖɔktawo kafua lãmehehe le dɔlélewo abe dzimeve, taɖuame, kple atsidɔdɔ ene dada me. Ame geɖe siwo wohe lãme na ƒoa nu tso vi siwo wòɖe na wo ŋu. Ðk Sandra McLanahan gblɔ be “nuteɖeamedzi gbɔe dɔlélewo memama 80 le alafa me tsona, eye lãmehehe naa nuteɖeamedzi dzi ɖena kpɔtɔna.”

BMJ ka nya ta be: “Lãmehehemɔnu geɖe megblẽa nu le ame ŋu ale o. Zi geɖe la, nunya ŋudɔwɔwɔ awɔe be woagahe teƒe aɖewo o, (kpɔɖeŋue nye be, woaƒo asa na teƒe si fiã alo woagahe ŋutilã ƒe akpa si ʋu bla ɖo o) . . . Kpeɖodzi aɖeke meli be lãmehehe na dɔnɔ siwo ŋu kansa le naa dɔlékuia kakana ɖe lãme nɛ o.”

E. Houston LeBrun, si nye Amerikatɔwo ƒe Lãmehelawo ƒe Habɔbɔ ƒe zimenɔla tsã gblɔ be: “Esi lãmehehe va le bɔbɔm la, dɔnɔwo va le dzi tsim ɖe lãmehelawo ƒe dzedze ŋu eye esɔ nenema.” BMJ ɖo aɖaŋu be, ne woaƒo asa na amesiwo mebi ɖe eme o ƒe nuwɔna la, “ele be dɔnɔwo nakpɔ egbɔ be wode lãmehelaa agbalẽ me le dɔdzikpɔƒe si sɔ.” Nyatakaka aɖe si do le ƒe si va yi me gblɔ be wonaa lãmehehe ɖaseɖigbalẽ amewo le United States ƒe nuto 28 me.

Abuitɔtɔamedɔdada

Abuitɔtɔamedɔdada nye atikewɔmɔnu si va bɔ le xexeame godoo. Togbɔ be nya “abuitɔtɔamedɔdada” lɔ dɔdamɔnu geɖe ɖe eme hã la, zi geɖe efia abui si ŋu kɔ tsɔtsɔ atɔ ŋutilã ƒe akpa tɔxɛ aɖewo be wòada dɔ na amea. Numekuku siwo wowɔ le ƒe geɖe siwo va yi me ɖee fia be abuitɔtɔamedɔdada ate ŋu awɔ dɔ le nɔnɔme aɖewo me ne ena lãmenuwo abe tsi si tsia vevesese nu ene ɖo ahɔhɔ̃a gbɔ, eye ete ŋu tsia vevesese kple dzoʋuame nu.

Numekuku aɖewo ɖee fia be abuitɔtɔamedɔdada ate ŋu aɖe vi le dɔléle geɖe dada me, eye be enyo wu amededealɔ̃me. Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ da asi ɖe abuitɔtɔamedɔdada zazã atsɔ da dɔléle 104 dzi. Azɔ kɔmiti aɖe si United States Dukɔa ƒe Lãmesẽŋutinusrɔ̃ƒe tia la gblɔ kpeɖodzi siwo fia be woate ŋu azã abuitɔtɔamedɔdada le dɔwɔwɔname megbe vevesese, lãmeka me vevesese, gbɔtotsitsi me vevesese, dzigbɔtsɔame kple xeɖeɖe si tso atikewo zazã alo fufɔfɔ gbɔ me.

Togbɔ be abuitɔtɔamedɔdada megblẽa nu le ame ŋu ale o hã la, woate ŋu ase veve le teƒe si wotɔ abuiawoe, teƒea naku, alo wòanɔ ame fiẽm. Ne woɖa abuiawo nyuie alo zãa abui ɖeka na ame ɖeka ko la, ate ŋu aɖe dɔxɔxɔ dzi akpɔtɔ. Abuitɔtɔamedɔdala geɖe mexɔ hehe le atikewɔwɔ me ate ŋu ado dɔlélewo kpɔ nyuie ahakafu dɔdamɔnu si dze o. Nunya manɔ eme be woaŋe aɖaba aƒu hehe sia si womexɔ o la dzi o, vevietɔ ne wole abuitɔtɔamedɔdada tiam be woatsɔ akpɔ dɔmavɔleameŋu gbɔe.

Tiatiawo Sɔ Gbɔ

Atikewɔmɔnu bubu siwo wozãna le teƒe geɖe dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye esiwo míeyɔ. Anɔ eme be le etsɔme la, woabu esiawo, kple bubu siwo ŋu míeƒo nu tsoe le afisia o de atikewɔmɔnu nyanyɛwo me, abe alesi wòle le xexeame ƒe akpa aɖewo xoxo ene. Ate ŋu adzɔ hã be wo dometɔ aɖewo nu nayi alo woatsi tre ɖe wo ŋu gɔ̃ hã.

Nublanuitɔe la, vevesese kple dɔléle va bɔ ɖe amegbetɔwo dome ale gbegbe abe alesi Biblia gblɔe wòsɔ ene be: “Míenyae bena, nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.” (Romatɔwo 8:22) Esɔ be woakpɔ mɔ be amegbetɔwo nadi dɔdada. Gake afikae míatrɔ ɖo? Taflatse de ŋugble le nusiwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le wò atikewɔmɔnu tiatia me la ŋu kpɔ.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8]

Gbetikewo Kple Yevutikewo Tsakatsaka—AFƆKU KAWOE LE EME?

Zi geɖe la, woxlɔ̃a nu amewo tsi tre ɖe ahamuame zazã ne wole atike aɖewo zãm alo etsɔtsɔ atsaka ahamuamee ŋu. Ðe afɔku aɖe le gbetike aɖewo koŋ kple yevutikewo zazã le ɣeyiɣi ɖeka me hã mea? Aleke gbegbe nuwɔna sia bɔe?

The Journal of the American Medical Association me nyati aɖe ƒo nu tso “yevutikewo kple gbetikewo zazã le ɣeyiɣi ɖeka me ŋu.” Egblɔ be: “Le ame tsitsi 44 le alafa me siwo gblɔ be yewozãa yevutike dome la, ame 1 (18.4%) le ame 5 ɖesiaɖe me kloe gblɔ be yewole gbetike ɖeka ya teti, si me nunyiame geɖe le hã zãm, alo le wo kple evea siaa zãm tsaka.” Ele vevie be woanya nu tso afɔku siwo ate ŋu ado tso nuwɔna ma me ŋu.

Ele be amesiwo le gbetikewo zãm nakpɔ nyuie hã ne wole atikewɔwɔ si abia be woade wo alɔ̃ me zãm. Ðk. John Neeld, si nye Amerikatɔwo ƒe Amededealɔ̃meha ƒe zimenɔla ɖe nu me be: “Amewo ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be gbe nyanyɛ aɖewo, si ƒe ɖewoe nye ginseng kple St. John’s wort-gbe te ŋu na ʋu ƒe dɔwɔwɔ tɔtɔna kura. Ema ate ŋu agblẽ nu ŋutɔ ne wode amea alɔ̃ me.”

Ðɔkta sia gblɔ kpee be: “Gbe bubuwo abe ginkgo biloba, agumetaku, kple feverfew ene te ŋu ɖea fu na ʋu ƒe babla, si gblẽa nu koŋ ne wodo vevesesenutsitike ɖe dzimeƒua me—ne ʋu do le amea ŋu le teƒe si te ɖe dzimeƒua ŋu la, ate ŋu ana amea natu atsi teƒe ɖeka. St. John’s wort-gbe ate ŋu ana vevesesenutsitike alo alɔ̃dɔtike aɖewo nu nagasẽ ɖe edzi hã.”

Eme kɔ be ele vevie be woanya afɔku siwo ate ŋu ado tso gbetike aɖewo koŋ kple yevutikewo tsakatsaka ŋu. Ele be nyɔnu funɔwo kple vinɔ nonalawo koŋ nanya nusiwo gbetike aɖewo tsakatsaka kple yevutike ate ŋu agblẽ le wo viwo ŋuti. Eyata ele be dɔnɔwo nagblɔ atike siwo zãm wole na woƒe atikewɔla, woɖanye atike nyanyɛwo alo atikewɔmɔnu bubuwo o.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Gbe aɖewo ɖe vi le dɔléle aɖewo dada me

“Black cohosh”

“Saint-John’s-wort”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Bill Johnson/Visuals Unlimited

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ehiã be dɔnɔwo kple lãmesẽdɔwɔlawo nawɔ nu aduadu be wòaɖe vi nyuitɔ kekeake