Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbagbadzedze be Woaɖe Vatican Ða le Dukɔ Ƒoƒuawo Me

Agbagbadzedze be Woaɖe Vatican Ða le Dukɔ Ƒoƒuawo Me

Agbagbadzedze be Woaɖe Vatican Ða le Dukɔ Ƒoƒuawo Me

NYADZƆDZƆDƆWƆƑE si le Rome, si nye Inter Press Service (IPS) ka nya ta be “dukɔwo dome habɔbɔ siwo mele dziɖuɖuwo te o ƒe ƒuƒoƒo si me tɔwo wu 70 dze nyaʋiʋli gɔme le xexeame godoo be woaɖe Vatican ɖa le Dukɔ Ƒoƒuawo me.” Fifia la, nuteƒekpɔla ko Vatican nye ɖaa, alo mele dukɔ siwo le Dukɔ Ƒoƒuawo me la dome o. Ðoƒe ma su Vatican si tso keke ƒe 1964 me ke.

Nukatae habɔbɔ nɔɖokuisi siawo, siwo ƒe xexlẽme ɖo 100 le xexeame katã le ƒe si va yi ƒe April me le tsitre tsim ɖe ɖoƒe si Vatican le le Dukɔ Ƒoƒuawo dome ŋu? Elabena le habɔbɔ nɔɖokuisiawo ƒe nya nu la, subɔsubɔdziɖuhae Vatican nye, ke menye dunyahedukɔ o. Frances Kissling, si nye Katolikotɔ siwo dia Tiatiawɔblɔɖe ƒe zimenɔla gblɔ na IPS be menye gome si le Vatican si be wòagblɔ eƒe nukpɔsusuwo ŋue ƒuƒoƒoa tsi tre ɖo o, ke boŋ “gome si habɔbɔ sia kpɔ be wòanɔ dziɖuɖuwo ƒe nɔƒe ŋue nyaa ku ɖo.”

Anika Rahman, si nye Dukɔwo Dome Ðoɖowɔwɔ ƒe zimenɔla le Vidzidzi Ŋuti Sewo Kple Ðoɖowɔƒe lɔ̃ ɖe edzi. IPS ka nya ta be egblɔ be “ne Dukɔ Ƒoƒuawo wɔa nu ɖe Papa ƒe Dziɖuƒe ŋu abe dukɔ ene, hena mɔnukpɔkpɔe be wòanye nuteƒekpɔla ɖaa le ŋusẽ si le esi le subɔsubɔnyawo gome ta la, ekema xexeme habɔbɔa le mɔ ʋum ɖi be subɔsubɔha bubuwo hã nabia ɖoƒe ma.” Egblɔ kpee be: “Be Dukɔ Ƒoƒuawo nagado subɔsubɔha ɖeka aɖe koŋ ɖe dzi o la, mele be wòaɖe mɔ na subɔsubɔhawo abe Roma Katoliko-ha la ene be wòakpɔ gome le takpekpe siawo me abe dukɔ si mekpe ɖe habɔbɔa ŋu ene o.”

Ke nya si amewo gblɔna be dukɔ nɔɖokuisie Vatican nye, eyata esɔ be woana mɔnukpɔkpɔ mae ya ɖe? Esi wobia Aƒenɔ Kissling la, eɖo eŋu be: “Enye nyagbɔgblɔ fluame si me mekɔ o. Míaƒe nukpɔsusue nye be dukɔnyenye ƒe numeɖeɖe si nɔ amewo si le ƒe alafa 15 lia me kee nye ma, eye be le nyateƒe me la, subɔsubɔha dziɖuƒee Papa ƒe Dziɖuƒea nye.” Egblɔ kpee be nya “Vatican” kple “Papa ƒe Dziɖuƒe” nye “nya bubu siwo wozãna na Roma Katoliko Sɔlemehaa.”

Nusi gbɔ habɔbɔ nɔɖokuisi siawo ƒe dzikua akpa gãtɔ tsoe nye nukpɔsusu si le Vatican si fifia ku ɖe amewo ƒe agbɔsɔsɔ nyawo ŋu si Vatican la tsɔ le Dukɔ Ƒoƒuawo mee. Le kpɔɖeŋu me, Vatican zã Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe takpekpewo abe Dukɔwo Dome Takpekpe ku ɖe Amewo ƒe Agbɔsɔsɔ Kple Ŋgɔyinyawo Ŋu si wowɔ le 1994 me le Cairo, kple Nyɔnuwo ƒe Takpekpe si wowɔ le Beijing, le ƒe 1995 me ene tsɔ gblɔ eƒe nukpɔsusu siwo nu sẽ tsi tre ɖe ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu ŋuti. IPS gblɔ be, “esi wònye ɖe amewo ƒe susu wɔa ɖeka hafi Dukɔ Ƒoƒuawo tsoa nya me ta la, nukpɔsusu siwo to vovo, abe Vatican tɔ ene gblẽ numedzodzro siwo wowɔ le nya siwo ku ɖe amewo ƒe agbɔsɔsɔ, mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu, nyɔnuwo ƒe gomenɔamesi kple vidzidzi me lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu la dome.”

Le Aƒenɔ Kissling ƒe nya nu la, “Vatican ƒe ɖoƒe si sɔe nye be woabui be enye habɔbɔ nɔɖokuisi—abe alesi wobua Moslemtɔwo, Hindutɔwo, Buddhatɔwo, Bahaitɔwo kple subɔsubɔha bubuwo be wonye habɔbɔ nɔɖokuisiwo ene.” Ƒuƒoƒoa di be Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã, Kofi Annan, kple vevietɔ Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Aɖaŋudehagã nagbugbɔ alé ŋku ɖe ɖoƒe si le Vatican si le xexeame ƒe dunyaheha gãtɔ kekeake me la ŋu.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Vatican megã le nu ƒom na Dukɔ Ƒoƒuawo me tɔwo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

UN/DPI Photo by Sophie Paris

UN photo 143-936/J. Isaac