Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpa Vevi si Dɔnɔdzikpɔlawo Wɔna

Akpa Vevi si Dɔnɔdzikpɔlawo Wɔna

Akpa Vevi si Dɔnɔdzikpɔlawo Wɔna

“Dɔnɔdzikpɔla nye amesi tua ame ɖo, léa be na ame, eye wòkpɔa ame ta—amesi tsɔ eɖokui na be yeakpɔ dɔnɔ, amesi nuvevi wɔ, kple ame tsitsi dzi.”—Nursing in Today’s World—Challenges, Issues, and Trends.

TOGBƆ be ɖokuitɔmadimadi nye nɔnɔme vevi aɖe hã la, eya ɖeɖe menaa wozua dɔnɔdzikpɔla bibi o. Dɔnɔdzikpɔla nyuiwo hiã hehexɔxɔ deŋgɔ kple nuteƒekpɔkpɔ geɖe hã. Nudidi vevi ɖekae nye be woasrɔ̃ nu eye woakpɔ gome le dɔa ŋutɔ wɔwɔ ƒe hehexɔxɔ me ƒe ɖeka va ɖo ene alo wòawu nenema. Gake nɔnɔme kawoe na wozua dɔnɔdzikpɔla nyui? Ŋuɖoɖo aɖewoe nye sia tso dɔnɔdzikpɔla kpɔnuteƒe siwo Nyɔ! bia gbee gbɔ.

“Ðɔkta daa dɔ, gake dɔnɔdzikpɔlae léa be na dɔnɔa. Esia bia dɔnɔ siwo xɔ abi le seselelãme kple ŋutilãme siaa tutuɖo, le kpɔɖeŋu me, ne wogblɔ na wo be woƒe dɔa nye dɔmavɔleameŋu alo be wole kuku ge kpuie. Ele be nàɖe vidada ƒe ɖetsɔleme afia dɔnɔa.”—Carmen Gilmartín, Spain.

“Ehiã be nàsrɔ̃ alesi woase veve eye woaxa nu ɖe dɔnɔa ti ahadi be yeakpe ɖe eŋu. Ehiã dɔmekɔkɔ kple dzigbɔgbɔ blewu. Ele be nàdi ɣesiaɣi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso dɔnɔdzikpɔkpɔ kple atikewɔwɔ ŋu.”—Tadashi Hatano, Japan.

“Le ƒe siawo me la, eva hiã be dɔnɔdzikpɔlawo nadzi woƒe dɔa ŋuti sidzedze ɖe edzi geɖe wu. Eyata didi be woasrɔ̃ nu ahase egɔme le vevie. Azɔ hã ehiã be dɔnɔdzikpɔlawo naɖe abla le nyametsotsowo wɔwɔ me eye woawɔ nu kpata ne nɔnɔmea bia nenema.”—Keiko Kawane, Japan.

“Ne ènye dɔnɔdzikpɔla la, ele be nàdo vivi ɖe ame ŋu. Ele be nàgbɔ dzi ɖi eye nàse veve ɖe ame ti.”—Araceli García Padilla, Mexico.

“Ele be dɔnɔdzikpɔla nyui nado vevie nusɔsrɔ̃, anɔ ŋudzɔ, eye wòanya eƒe dɔ nyuie. Ne dɔnɔdzikpɔla aɖe metsɔ eɖokui saa vɔe o—ne edia eɖokui tɔ alo mexɔa ŋgɔxɔla siwo nya dɔ wui ƒe aɖaŋuɖoɖowo o—la, dɔnɔdzikpɔla ma ƒe nu madze dɔnɔwo kple eƒe dɔwɔhatiwo siaa ŋu o.”—Rosângela Santos, Brazil.

“Nɔnɔme geɖewo ƒe amesinɔnɔ hiã vevie: tɔtrɔ ɖe nɔnɔmewo nu, dzidodo, kple dzigbɔɖi. Ele hã be nàlɔ̃ axɔ ame bubuwo ƒe nukpɔsusu, be mia kpli wò dɔwɔhati kple ŋgɔxɔlawo dome nanɔ nyuie. Ele be nànɔ klalo ɖe aɖaŋu yeyewo xɔxɔ ŋu be nànye dɔwɔla bibi ɣesiaɣi.”—Marc Koehler, France.

“Ele be nàlɔ̃ amewo eye wòanye wò dzimedidi be yeakpe ɖe amewo ŋu. Ele be nànya alesi woanɔ te ɖe nuteɖeamedzi nui, elabena mele be dɔnɔdzikpɔla naɖe mɔ naneke nana wòawɔ vodada o. Ele be nàlɔ̃ faa adzi wò dɔwɔwɔ ɖe edzi ne wòva dzɔ ɣeaɖewoɣi be mieva le ʋɛ wu—be naneke nagagblẽ le dɔa ƒe nyonyome ŋu o.”—Claudia Rijker-Baker, Netherlands.

Dɔnɔdzikpɔlaa Nye Belénamela

Nursing in Today’s World gblɔ be “dɔnɔdzikpɔkpɔ bia be woalé be na ame le nɔnɔme vovovo siwo ku ɖe lãmesẽkuxiwo ŋu me. Eyata míebua atikewɔwɔ be edaa dɔ na dɔnɔa eye dɔnɔdzikpɔkpɔ nyea beléle na dɔnɔa.”

Eyata belénamelae dɔnɔdzikpɔla nye. Edze ƒã be ele be dɔnɔdzikpɔla nalé be na ame. Wobia gbe dɔnɔdzikpɔla 1,200 siwo xɔ hehe deŋgɔ ɣeaɖeɣi be, “Nukae nye nu vevitɔ kekeake na wò le wò dɔnɔdzikpɔdɔ me?” Beléle nyuitɔ nanae nye ŋuɖoɖo si wo dometɔ 98 le alafa me na.

Ɣeaɖewoɣi la, dɔnɔdzikpɔlawo mekpɔa alesi gbegbe wole vevie na dɔnɔawo dzea sii o. Carmen Gilmartín, si míeyɔ le gɔmedzedzea, si nye dɔnɔdzikpɔla ƒe 12 sɔŋ, gblɔ na Nyɔ! be: “Gbeɖeka megblɔ na xɔ̃nye aɖe be ne mele dɔnɔ siwo dze dɔ vevie gbɔ kpɔm la, mesena le ɖokuinye me be nye ŋutete meɖi naneke o. Mebua ɖokuinye be ‘Kpekpeɖeŋu’ ʋɛ aɖe ko mete ŋu le nanam. Gake xɔ̃nyea ɖo eŋu be: ‘“Kpekpeɖeŋu” xɔasi wònye, elabena ne ame le dɔ lém la, wòe nye nusi hiã wu nu bubu ɖesiaɖe—dɔnɔdzikpɔla si sea veve ɖe ame ti.’

Eme kɔ ƒã be beléle na ame alea ate ŋu ana nu nati kɔ na dɔnɔdzikpɔla si wɔa dɔ gaƒoƒo ewo alo esi wu nenema gbesiagbe! Nukae ʋã belénamela ɖokuitsɔsavɔla siawo be wova zu dɔnɔdzikpɔlawo?

Nukatae Nèzu Dɔnɔdzikpɔla?

Nyɔ! bia gbe dɔnɔdzikpɔlawo le xexeame katã be, “Nukae na nètia be yeanye dɔnɔdzikpɔla?” Woƒe ŋuɖoɖowo dometɔ aɖewoe nye si.

Terry Weatherson nye dɔnɔdzikpɔla ƒe 47 sɔŋ. Fifia enye dɔnɔdzikpɔla amedokpɔla bibi le Aɖuɖɔtoemedɔdaƒe le kɔ aɖe dzi le Manchester, England. Nyɔnu sia gblɔ be: “Katoliko-ha me menɔ tsi eye Katoliko sukukpodzie menɔ de suku. Le nye ɖevime la, meɖoe be mava nye nyɔnu saɖagaxɔmenɔla alo dɔnɔdzikpɔla. Edzroam be masubɔ amewo. Àte ŋu ayɔe be ɖokuitsɔtsɔna. Abe alesi nèle ekpɔmee ene la, metia dɔnɔdzikpɔkpɔ.”

Chiwa Matsunaga, si nye nyɔnu aɖe si tso Saitama, Japan, ɖo eya ŋutɔ ƒe kɔdzi hekpɔ edzi ƒe enyi. Egblɔ be: “Fofonye ƒe nukpɔsusu kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye be ‘nu nyuitɔ kekeake na amee nye be woasrɔ̃ aɖaŋudɔ si anye agbemedɔwɔɖui.’ Eyata metia dɔ si nye dɔnɔdzikpɔkpɔ.”

Etsuko Kotani, si tso Tokyo, Japan, eye wònye dɔnɔdzikpɔlawo ƒe tatɔ ƒe 38 sɔŋ la gblɔ be: “Esi menɔ suku dem la, fofonye dze anyi eye ʋu geɖe do le eŋu. Esi menɔ fofonye dzi kpɔm le kɔdzi la, meɖoe be mava nye dɔnɔdzikpɔla be mate ŋu akpe ɖe dɔnɔwo ŋu le etsɔme.”

Le ame bubuwo gome la, nusi teƒe wokpɔ esi wonɔ dɔ lém lae ʋã wo. Eneida Vieyra, si nye dɔnɔdzikpɔla le Mexico, gblɔ be: “Esi mexɔ ƒe ade la, woxɔm ɖe kɔdzi kwasiɖa eve le dzitodzitokamedɔ ta, eye ɣemaɣie meɖoe be mava nye dɔnɔdzikpɔla.”

Edze ƒã be, dɔnɔdzikpɔkpɔ bia ɖokuitsɔtsɔsavɔ blibo. Mina míalé ŋku ɖe dɔ vevi sia wɔwɔ me kuxiwo kple viɖewo siaa ŋu geɖe wu.

Dɔnɔdzikpɔla ƒe Dzidzɔwo

Nukawoe nye dɔnɔdzikpɔkpɔ me dzidzɔwo? Biabia ma ƒe ŋuɖoɖo anɔ te ɖe dɔ si ame wɔna le dɔnɔdzikpɔkpɔ me dzi. Le kpɔɖeŋu me, dzi dzɔa vixelawo ɣesiaɣi si woxe vi na ame aɖe dedie. Vixela aɖe si tso Netherlands gblɔ be: “Enyea dzidzɔ geɖe ne èkpɔ vidzĩ aɖe dzi le eƒe ƒodomenɔɣi eye wodzii le lãmesẽ me.” Jolanda Gielen-Van Hooft, si hã tso Netherlands gblɔ be: “Kpekpeɖeŋu nana be woadzi vi nye nusiwo hea dzidzɔ vɛ na srɔ̃tɔwo—kple lãmesẽdɔwɔla—wu la dometɔ ɖeka. Nukunue wònye!”

Rachid Assam si tso Dreux, France, nye Dukɔa ƒe dɔnɔdzikpɔla xɔhehe si nye amedealɔ̃mela le eƒe ƒe 40-awo ƒe gɔmedzedze me. Nukatae dɔnɔdzikpɔkpɔ dzɔa dzi nɛ? Egblɔ be, “dzidzɔ si wònyena be mewɔ akpa aɖe le dɔwɔwɔ na ame aɖe dzidzedzetɔe me eye be menye dɔwɔna si doa dzidzɔ na ame eye wòle ŋgɔ yim ɣesiaɣi wɔlawo dometɔ ɖeka,” tae. Isaac Bangili si hã tso France, gblɔ be: “Akpedada siwo míexɔna tsoa dɔnɔwo kple woƒe ƒometɔwo gbɔ hã wɔa dɔ ɖe dzinye, vevietɔ le nɔnɔme kpata siwo me míete ŋu gbɔ agbe dɔnɔ si míebu do ŋgɔ be atsi eme la dzidzedzetɔe vɔ megbe.”

Woɖo akpedada siawo tɔgbe aɖe ɖe Terry Weatherson, si míeyɔ le gɔmedzedzea me. Ahosi aɖe ŋlɔ be: “Nyemate ŋu azi kpi nudzɔdzɔa nu nava yi nenema esi nyemaƒo nu tso gbɔdzɔe si míekpɔ tso wò tufafa, kple alesi nènɔ kpli mí le Charles ƒe dɔléɣi bliboa katã me ŋu ake o. Wò vividodoɖeameŋu de dzi ƒo na mí ŋutɔ, eye edo ŋusẽ mí ale gbegbe.”

Tenɔnɔ Ðe Kuxiawo Nu

Gake kuxi geɖe hã kpena ɖe dɔnɔdzikpɔkpɔ me dzidzɔwo ŋu. Mele be woawɔ vodadawo o! Eɖanye wole atike nam alo le ʋu ɖem alo dɔwɔnu dede ŋutilãa me alo dɔnɔa tɔtrɔ le aba dzi dzro gɔ̃ hã ye o, ele na dɔnɔdzikpɔla be wòaɖɔ ŋu ɖo vevie. Mele be wòawɔ vodada kura o—eye esia nye nyateƒe vevietɔ le dukɔ siwo me amekpɔkplɔ yi ʋɔnu bɔ ɖo. Ke hã ɣeaɖewoɣi dɔnɔdzikpɔla ɖoa nɔnɔme sesẽwo me. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be dɔnɔdzikpɔla bui be atike si ɖɔkta ŋlɔ na dɔnɔ aɖe mesɔ o alo be ebia be woawɔ nane si made dɔnɔa dzi o. Nukae dɔnɔdzikpɔlaa awɔ? Ahe nya kple ɖɔkta laa? Ebia dzinɔameƒo, ŋuɖɔɖɔɖo, kple aɖaŋudzedze—eye ate ŋu adi nya na ame. Nublanuitɔe la, ɖɔkta aɖewo melɔ̃na be amesiwo le yewo gɔme naɖo aɖaŋu na yewo kura o.

Nukae dɔnɔdzikpɔla aɖewo gblɔ le nɔnɔme sia ŋu? Barbara Reineke si tso Wisconsin, U.S.A., si nye dɔnɔdzikpɔla si xɔ hehe deŋgɔ ƒe 34 sɔŋ, gblɔ na Nyɔ! be: “Ele be dzi nanɔ dɔnɔdzikpɔla ƒo. Gbã la, se da atike ɖesiaɖe si wòana dɔnɔ alo awɔ nɛ kple nusianu si atikea agblẽ le amea ŋu ƒe agba ɖe edzi. Ele be wòanye amesi ate ŋu agbe ɖɔkta ƒe gbeɖeɖe aɖe si wòbu be egbɔ nusiwo yekpɔ mɔ ate ŋu awɔ ŋu alo ne ebui be nusi wòbia tso ye si mesɔ o. Dɔnɔdzikpɔkpɔ megale abe alesi wònɔ le Florence Nightingale ƒe ŋkekeawo me alo abe ƒe 50 siwo va yi me ene o. Fifia ehiã be dɔnɔdzikpɔla nanya ɣeyiɣi si wòle be wòagbe atikewɔlaa ƒe nya kple ɣeyiɣi si me wòle be wòaƒoe ɖe ɖɔktaa nu be wòava kpɔ dɔnɔa gbɔ, ne eganye le zãtitina gɔ̃ hã. Eye ne èwɔ vodada la, ele be nàdo dzi atsɔ nya ɖesiaɖe si ɖɔktaa ahe ɖe ŋuwò.”

Kuxi bubu si gadzea ŋgɔ dɔnɔdzikpɔlawoe nye ŋutasẽnu siwo wowɔna ɖe wo ŋu le dɔa wɔwɔ me. Nyatakaka aɖe si tso South Africa gblɔ be dɔnɔdzikpɔlawoe “nye amesiwo wode dzesii be woate ŋu awɔ nuvevii eye woasẽ ŋuta le wo ŋu le dɔwɔƒe wu. Le nyateƒe me la, woate ŋu adze dɔnɔdzikpɔlawo dzi le dɔwɔƒe wu gaxɔdzikpɔlawo alo kpovitɔwo eye dɔnɔdzikpɔla 72 le alafa me bui be woate ŋu awɔ nuvevi yewo bɔbɔe.” Wona nyatakaka sia tɔgbe ke ku ɖe United Kingdom ŋu, afisi dɔnɔdzikpɔla 97 le alafa me siwo wobia gbee le numekuku aɖe me gblɔ be yewonya dɔnɔdzikpɔla aɖe si wowɔ nuvevii le ƒe si va yi me. Nuka gbɔe ŋutasẽnuwɔna sia tsona? Zi geɖe la, dɔnɔ siwo zãa atike vɔ̃ɖi alo noa aha muame alo esiwo nu ti kɔ na alo esiwo xa nu gbɔ eme gbɔe kuxia tsona.

Nuteɖeamedzi si va wu tsɔtsɔ na ame hã nye nu bubu si ɖea fu na dɔnɔdzikpɔlawo. Dɔnɔdzikpɔlawo ƒe agbɔmasɔmasɔ hã nye kuxi bubu. Ne dɔnɔdzikpɔla kutrikula mate ŋu akpɔ dɔnɔ gbɔ alesi dze o le esi dɔa va sɔ gbɔ ɖe edzi ta la, ewɔnɛ be nu va tia kɔ nɛ kaba. Edze abe ɖeko agbagbadzedze be woakpɔ nɔnɔmea gbɔ to gbɔɖemeɣiwo ŋeŋe ɖe eme kple dɔwɔwɔ le kpakpã vɔ megbe ganaa dzi ɖena le ame ƒo wu ene.

Le xexeame katã la, kɔdzi geɖe ƒe dɔwɔlawo mede ha o. Madrid nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Mundo Sanitario ka nya ta be: “Dɔnɔdzikpɔlawo mede ha le míaƒe kɔwo dzi o. Amesiame si woda dɔ na kpɔ de dzesii be dɔnɔdzikpɔlawo le vevie.” Nukae wogblɔ be eya gbɔe woƒe agbɔmasɔmasɔa tso? Be woagagblẽ ga geɖe o tae! Nyatakaka ma ke gblɔ be dɔnɔdzikpɔdɔwɔla 13,000 sɔŋ ye hiã le Madrid kɔwo dzi!

Nu bubu si wogblɔ be ewɔnɛ be nu tia kɔ na dɔnɔdzikpɔlawoe nye be zi geɖe dɔwɔɣiwo didina eye fetua nɔna sue akpa. The Scotsman gblɔ be: “Le dɔwɔlawo ƒe habɔbɔ si nye Unison ƒe nya nu la, dɔwɔɖui bubu le Britain ƒe dɔnɔdzikpɔlawo dometɔ si wu ɖeka le atɔ̃ ɖesiaɖe me kple dɔnɔdzikpɔlawo ƒe kpeɖeŋutɔwo ƒe akpa enelia si si nu wonɔa agbe ɖo.” Dɔnɔdzikpɔla 3 le 4 ɖesiaɖe me bui be yewoƒe fetu le sue akpa. Esia na wo dometɔ geɖe susui be yewoadzudzɔ dɔa wɔwɔ.

Nu bubu geɖe li siwo wɔnɛ be nu tia kɔ na dɔnɔdzikpɔlawo. Nya siwo Nyɔ! xɔ tso dɔnɔdzikpɔlawo gbɔ le xexeame katã ɖee fia be, dɔnɔwo ƒe kuku ate ŋu ana dzi naɖe le wo ƒo vevie. Magda Souang, si nye Egiptetɔ, le dɔ wɔm le Brooklyn, New York. Esi wobiae nusi tena ɖe edzi le eƒe dɔa wɔwɔ me la, eɖo eŋu be: “Eteƒekpɔkpɔ be dɔnɔ siwo ade 30 ya teti siwo ɖo kudonu siwo ŋu meku kutri le vevie la ku le ƒe ewo me. Egbãa dzi na ame ale gbegbe.” Eyata mewɔ nuku o be nyatakaka aɖe gblɔ be: “Kutrikuku ɣesiaɣi ɖe dɔnɔ siwo va kuna ŋu ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe lãmesẽ ŋu vevie le seselelãme kple ŋutilãme gome.”

Dɔnɔdzikpɔlawo ƒe Etsɔme

Ŋgɔyiyi si wɔm wole le mɔ̃ɖaŋununya me kple eƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe nuwo dzi gadzi dɔnɔdzikpɔlawo ƒe dɔwo ɖe edzi. Kuxiae nye alesi woana akpa si mɔ̃ɖaŋununya awɔ kple akpa si amewo awɔ, si nye mɔ si nu ame léa be na dɔnɔwo le, nasɔ. Mɔ̃ aɖeke mate ŋu axɔ ɖe dɔnɔdzikpɔla ƒe asikaka ame ŋu kple dɔmetɔtrɔ teƒe gbeɖe o.

Magazine aɖe gblɔ be: “Dɔnɔdzikpɔkpɔ nye dɔwɔna si anɔ anyi tegbee. . . . Zi alesi ameƒomea li ko la, belélename, dɔmetɔtrɔ, kple nugɔmesese ahiã ɣesiaɣi.” Dɔnɔdzikpɔkpɔ kpɔa hiahiã ma gbɔ. Gake etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ nyui aɖe si ade lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ dzi wu gɔ̃ hã li. Biblia ɖee fia be ɣeyiɣi gbɔna esime ame aɖeke magblɔ be “yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Ðɔktawo, dɔnɔdzikpɔlawo, kple kɔdziwo magahiã le xexe yeye si ƒe ŋugbe Mawu do la me o.—Yesaya 65:17; Petro II, 3:13.

Biblia do ŋugbe hã be “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ke hã fifia, ele be míada akpe ɖe beléle kple ɖokuitsɔtsɔsavɔdɔ siwo katã dɔnɔdzikpɔla miliɔn geɖe siwo le xexeame katã le wɔwɔm la ŋu, elabena woawo manɔmee la, kɔdzi nɔnɔ masɔ na mí o alo manya nɔ kura gɔ̃ hã o! Eyata aleke gbegbe biabia sia sɔ enye si be, “Dɔnɔdzikpɔlawo—nukae míawɔ ne ɖe womeli o?”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22]

Florence Nightingale—Egbeŋkekea me Dɔnɔdzikpɔkpɔ Gɔmetola

Wodzi Florence Nightingale le ƒe 1820 me le Italy na dzila Britaintɔ kesinɔtɔ aɖewo, eye wowɔ vi nɛ le enyinyi me. Ðetugbi Florence gbe srɔ̃ɖenya siwo amewo do ɖe egbɔ eye wòva srɔ̃ nu tso lãmesẽmenɔnɔ kple ame dahewo ta kpɔkpɔ ŋu. Togbɔ be Florence dzilawo tsi tre ɖe eŋu hã la, eva de eɖokui dɔnɔdzikpɔlawo ƒe hehexɔsuku le Kaiserswerth, Germany. Emegbe eva srɔ̃ nu le Paris, eye esi wòxɔ ƒe 33 la, eva nye kɔdzidzikpɔla le nyɔnuwo ƒe kɔdzi le London.

Gake kuxi gãtɔ kekeake dze ŋgɔe esime wòtsɔ eɖokui na faa be yeakpɔ asrafo siwo xɔ abi la gbɔ le Crimea. Le afima la, eva hiã be eya kple eƒe dɔnɔdzikpɔla 38 ƒe ƒuƒoƒo nadzra kɔ aɖe si dzi alegeliwo xɔ aƒe ɖo la ɖo wòanɔ dzadzɛ. Dɔa dziŋɔ ale gbegbe, elabena gbã la, adzalẽ aɖeke menɔ anyi o, nuklɔƒe alo tsiletse aɖeke menɔ anyi o, eye abawo, beliwo, alo abiblavɔwo mesɔ gbɔ o. Florence kple eƒe dɔwɔhaa bla ali dzi ɖe dɔa ŋu, eye kaka aʋaa nawu enu la, ehe tɔtrɔwo vɛ le dɔnɔdzikpɔkpɔ kple kɔdzidɔdzikpɔkpɔ me. Le ƒe 1860 me la, eɖo Nightingale Dɔnɔdzikpɔlawo ƒe Hehexɔsuku le St. Thomas Kɔdzi le London—si nye dɔnɔdzikpɔkpɔ ƒe suku gbãtɔ si menɔ subɔsubɔha aɖeke ƒe dzikpɔkpɔ te o. Dɔléle na wòtsi aba dzi ƒe geɖe hafi va ku le ƒe 1910 me. Ke hã eyi edzi ŋlɔ agbalẽwo kple agbalẽviwo be yeatsɔ ana lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ nanyo ɖe edzi.

Ame aɖewo hea nya le alesi wokafua Florence Nightingale ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔe ŋu, eye wogblɔna be ne mede ɖeke o la, ame bubuwo dze na kafukafu ma tɔgbe le akpa vevi siwo wowɔ le dɔnɔdzikpɔkpɔ me ta. Gakpe ɖe eŋu la, wohe nya le eƒe nɔnɔme ŋu vevie. Le agbalẽ si nye A History of Nursing ƒe nya nu la, ame aɖewo gblɔ be enye “amesi nu venɛ kabakaba, eƒe nya me sẽ, etea tɔ ɖe eƒe nukpɔsusu dzi, enye dzikudola, kple amedzizila,” gake ame bubuwo kpɔa dzidzɔ ɖe eƒe “tagbɔɖaɖɛ kple eƒe nulédziname, eƒe ŋusẽ wɔnuku, kple eƒe amenyenye vovovoawo ŋu.” Eɖanye nɔnɔme ka tututue nɔ esi o, nu ɖeka sia le eteƒe be: Eƒe dɔnɔdzikpɔkpɔ kple kɔdzidɔdzikpɔkpɔ mɔnuwo kaka ɖo dukɔ geɖe me. Wobunɛ be enye dɔnɔdzikpɔkpɔ dɔa gɔmetola abe alesi míenyae egbea ene.

[Nɔnɔmetata]

St. Thomas Kɔdzi le Nightingale Dɔnɔdzikpɔlawo ƒe Hehexɔsukua ɖoɖo megbe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy National Library of Medicine

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 24]

Dɔnɔdzikpɔla ƒe Dzedze

Dɔnɔdzikpɔla: “Amesi xɔ hehe nyuie vevietɔ le atikewɔwɔŋutinunya veviwo me eye wòɖo hehexɔxɔ me nudidi tɔxɛ aɖewo koŋ gbɔ eye wòbi ɖe dɔnɔdzikpɔkpɔ me.”

Dɔnɔdzikpɔla si Xɔ Hehe Deŋgɔ: “Dɔnɔdzikpɔla xɔhehe si woɖe mɔ na le se nu (si ŋkɔ wode agbalẽ me) be wòawɔ dɔa le dziɖuɖu ƒe dɔnɔdzikpɔlawo ƒe sukudodokpɔwo vɔ megbe . . . eye wònye amesi woɖe mɔ na le se nu be wòatɔ dzesideŋkɔ si nye R.N. (dɔnɔdzikpɔla si xɔ hehe deŋgɔ).”

Dɔnɔdzikpɔla Amedokpɔla Bibi: “Dɔnɔdzikpɔla xɔhehe si si dɔa ŋuti sidzedze kple aɖaŋu deŋgɔ le, eye wòbi ɖe dɔnɔdzikpɔkpɔdɔ ƒe akpa aɖe koŋ me.”

Dɔnɔdzikpɔla Vixela: “Amesi xɔ hehe ƒomevi eve ku ɖe dɔnɔdzikpɔkpɔ kple vixexe ŋu.”

Dɔnɔdzikpɔla Maxɔhehe: “Amesi nya dɔnɔdzikpɔkpɔ gake mexɔ hehe le dɔnɔdzikpɔsuku aɖeke o.”

Dɔnɔdzikpɔla si Wona Mɔɖenamegbale: “Amesi xɔ hehe le dɔnɔdzikpɔsuku aɖe . . . eye woɖe mɔ nɛ le se nu be wòanye dɔnɔdzikpɔla.”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nya siawo tso United States ƒe agbalẽ si nye Dorland’s Illustrated Medical Dictionary me

UN/J. Isaac

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 25]

‘Sɔti na Lãmesẽnyawo Gbɔ Kpɔkpɔ’

Ðk. Gro Harlem Brundtland si nye Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ƒe dɔdzikpɔlagã, gblɔ le Dukɔwo Dome Dɔnɔdzikpɔlawo ƒe Ƒe Alafa Ðeka Xɔxɔzã Ðuɖu Takpekpe si wowɔ le June 1999 me be:

“Dɔnɔdzikpɔlawo, amesiwo nye lãmesẽdɔwɔlawo ƒe akpa vevitɔ, nye amesiwo ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le ɣletinyigba si dzi lãmesẽ anɔ hehe vɛ me. . . . Esi wònye dɔnɔdzikpɔlawo kple vixelawoe nye lãmesẽdɔwɔla bibiwo ƒe alafa memama 80 le dukɔ akpa gãtɔ ƒe lãmesẽtakpɔhawo me ta la, wonye dɔwɔnu sẽŋu si woate ŋu azã atsɔ awɔ tɔtrɔ siwo hiã be woate ŋu aɖo Amewo Katã ƒe Lãmesẽmenɔnɔ le ƒe alafa 21 lia me ƒe taɖodzinua gbɔ. Nyateƒee, akpa si wɔm wole le lãmesẽmenɔnɔdɔwo me lɔ lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ ƒe akpa vovovoawo katã ɖe eme . . . Edze ƒã be dɔnɔdzikpɔlawo nye sɔti na lãmesẽnyawo gbɔkpɔha ƒe akpa gãtɔ.”

Ernesto Zedillo Ponce de León si nye Mexico dukplɔla tsã, kafu Mexico dɔnɔdzikpɔlawo etɔxɛe le nuƒo aɖe me gblɔ be: “Gbesiagbe, mi katã . . . mietsɔa miaƒe sidzedze, ɖekawɔwɔ, kple dɔwɔwɔ deŋgɔtɔ kekeake le Mexicotɔwo ƒe lãmesẽ ta kpɔm eye mienaa woƒe lãme sẽna. Gbesiagbe mieɖea akɔfafa si yɔ fũ kple tufafa, dɔmetɔtrɔ, kple dɔmenyodɔ si tso dzime ke fiaa amesiwo hiãnɛ ke menye atike ko miewɔna na wo o. . . . Miawoe nye hatsotso si me tɔwo sɔ gbɔ wu le míaƒe lãmesẽnyagbɔkpɔhawo dome . . . Le agbe ɖesiaɖe si woɖe me, le ɖevi ɖesiaɖe si wodo atike na me, le kpekpeɖeŋu nana le ɖevi ɖesiaɖe si wodzi me, le lãmesẽŋutinuƒo ɖesiaɖe me, le dɔdada ɖesiaɖe me, le dɔnɔ ɖesiaɖe si ŋu wokpe ɖo eye wodo ŋusẽe me la, míaƒe dɔnɔdzikpɔlawo wɔ akpa aɖe.”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

UN/DPI Photo by Greg Kinch

UN/DPI Photo by Evan Schneider

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 27]

Ðɔkta Ŋudzedzekpɔla

Ðk. Sandeep Jauhar si le New York Presbyteria Kɔdzi lɔ̃ ɖe edzi be ele be yeakafu dɔnɔdzikpɔla nyuiwo. Dɔnɔdzikpɔla aɖe zã aɖaŋu si na wòde dzesii be dɔnɔ aɖe si ɖo kudonu hiã vevesesenutsitike geɖe. Eŋlɔ be: “Dɔnɔdzikpɔla bibiwo hã fiaa nu ɖɔktawo. Dɔnɔdzikpɔla siwo wɔa dɔ le dɔwɔƒewo abe dɔléle sesẽwo gbɔ kpɔƒe enee nye dɔwɔla siwo wona hehee le kɔa dzi la dometɔ aɖewo. Esi menye nusrɔ̃vi la, wofia lãmetsilɔmɔ̃wo kple yanamɔ̃wo zazãm. Wofiam atike siwo mele be mazã o.”

Eyi edzi be: “Dɔnɔdzikpɔlawo naa susu kple seselelãme ƒe akɔdzeanyi si hiã la dɔnɔwo elabena woawoe zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe wo ŋu wu. . . . Ƒã hafi metsona ɖe dɔ ŋu enumake wu alesi mewɔnɛ ne dɔnɔdzikpɔla si dzi meka ɖo bia tso asinye be mava kpɔ dɔnɔ aɖe gbɔ kpata.”

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

“Edzroam be masubɔ amewo.”—Terry Weatherson, England.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

“Esi menɔ fofonye dzi kpɔm le kɔdzi la, meɖoe be mava nye dɔnɔdzikpɔla.”—Etsuko Kotani, Japan.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

‘Kpekpeɖeŋu nana be woadzi vi nye nusiwo hea dzidzɔ vɛ na vixela wu la dometɔ ɖeka.’—Jolanda Gielen-Van Hooft, Netherlands.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Dzi dzɔa vixelawo eye woƒe dzi dzea eme ne wokpe ɖe ame aɖe ŋu wòdzi vi