Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ameɖeɖe Wɔnuku Aɖe

Ameɖeɖe Wɔnuku Aɖe

Ameɖeɖe Wɔnuku Aɖe

Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le BENIN gbɔ

“YEHOWA ÐASEFOWOE ɖe ŋutsu etɔ̃ mawo be wogale agbe!” Emae nye nya si kaka ɖe Calavi dugã bliboa katã me abe dzobibi ene le Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ si nye Benin me, le Kuɖa, April 19, 2000, dzi. Amekawoe nye ame etɔ̃ mawo, eye aleke Yehowa Ðasefowo ɖe woe?

Anɔ ŋdi ga 6:30 la, Philippe Elegbe kple Roger Kounougbe nɔ dzadzram ɖo be yewoava wɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpewɔƒe si te ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Benin ŋu. Gbemagbe ƒe fiẽ me la, ame alafa nanewo akpe ta le afima hena Yesu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi si wowɔna ƒe sia ƒe la wɔwɔ. * Kasia nane ɖi sesĩe le ɖoɖoezizi si nɔ anyi ŋdi ma la me. Enumake Philippe kple Roger de dzesii be afɔku aɖe dzɔ le mɔdodoa dzi.

Medidi o, wose ŋutsu aɖe do ɣli be: “Nye dɔsrɔ̃vi etɔ̃ le simintikotokuawo gɔme!” Philippe kple Roger ƒu du yi mɔa to. Esi woɖo afima la, wokpɔ agbatsɔʋu si ƒe kpekpeme anɔ tɔn 20 wòdze anyi ɖe axa dzi. Kotoku geɖe siwo me siminti nɔ dudu tso ʋua me.

Josué Didolanvi, si hã nɔ dɔ wɔm le takpekpewɔƒea ɖo afima xoxo, eye wònɔ ŋutsu aɖe hem do goe tso ʋua ƒe ŋgɔgbe kple simintikotokuawo dome. Dzidzi ƒo ʋua kula, si te ŋu wɔ ɖɔɖɔɖɔ do go tso ʋua me. Gake edo dzi do ɣli be: “Ame eve gakpɔtɔ le siminti kotokuawo gɔme!” Amesiwo va afima dometɔ aɖewo dze kotokuawo fɔfɔ gɔme, gake medidi o, wona ta le dzoxɔxɔ sẽŋu si nɔ dodom la ta. Ðeko woɖe simintiawo tso kpodzo me le wo wɔƒe koe nye ma!

Ameawo Ðeɖe

Philippe, Roger, kple Josué dze simintikotoku siwo li kɔ ɖi la fɔfɔ gɔme ɖekaɖeka. Simintikotoku siwo ƒe kpekpeme nye kilogram 50 la ƒe dzoxɔxɔ nɔ woƒe asiwo mem vevie. Nusi gagblẽ nyaa ɖe edzie nye be siminti nɔ kɔkɔm tso kotoku siwo vuvu me, nɔ asi ɖum na wo eye gbɔgbɔ zu dɔ. Josué gblɔ emegbe be: “Dzoxɔxɔ lé nye asi, vevietɔ nye asibidɛwo. Gake nye susu nɔ gbɔgblɔm nam be ɖewohĩ míate ŋu aɖe amesi xaxa ɖe kotokuawo gɔme.”

Esi ŋutsu etɔ̃awo fɔ kotoku siwo de 40 kloe vɔ la, woƒe ŋku kli ketiba aɖe. Nukutɔe la, wokpɔ ŋutsu eveawo le afima—le abaa gɔme tututu. Wonɔ agbe! Hafi ʋua nadze anyi la, ŋutsuawo dɔ alɔ̃ ɖe aba si woɖo ɖe simintikotokuawo dzi la dzi le ʋua ƒe megbe. Esi woge tso ʋua me la, abaa va tsyɔ wo dzi, eye wòkpɔ wo ta be simintikotoku xɔdzoawo meme wo o.

Le ameawo ɖeɣi kple emegbe la, ame geɖe va ƒo ƒu nɔ nu kpɔm. Ewɔ nuku na wo katã be Philippe, Roger, kple Josué te ŋu fɔ simintikotoku siwo ade tɔn eve si li kɔ la kaba nenema le nɔnɔme sesẽ mawo me. Ewɔ dɔ ɖe wo dzi hã be ŋutsu etɔ̃ siawo ku kutri nenema gbegbe be yewoakpe ɖe amesiwo womenya gɔ̃ hã o la ŋu. Eteƒe medidi o amesiame se nu tso woƒe kalẽwɔwɔa ŋu le Calavi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe sedede dzi me la, Yehowa Ðasefowo wɔa ŋkuɖodzi kɔkɔe sia ƒe sia ƒe.—Luka 22:19.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Roger lé abaa ɖe asi le ameawo ɖeɖe vɔ megbe