Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Atikewɔmɔnu Bubuwo—Nusita Ame Geɖe Zãa Wo

Atikewɔmɔnu Bubuwo—Nusita Ame Geɖe Zãa Wo

Atikewɔmɔnu Bubuwo—Nusita Ame Geɖe Zãa Wo

ATIKEWƆMƆNU bubuwo lɔ dɔdaɖaŋu kple atikewɔmɔnu geɖe ɖe eme. Woyɔa wo dometɔ geɖe be dzɔdzɔmenuwo tsɔtsɔ da dɔe, si nye alesi wozãa dzɔdzɔmenuwo alo nu bubuwo be wòakpe ɖe ŋutilãa ŋu be wòayɔ dɔ eɖokui. Egbegbe tikewɔlawo va dzudzɔ alo ŋe aɖaba ƒu atikewɔmɔnu siawo dometɔ geɖe, si ŋudɔ wowɔ ƒe alafa nanewo la dzi.

Le kpɔɖeŋu me, Journal of the American Medical Association ƒe August 27, 1960, tɔ gblɔ be tsi fafɛ kɔkɔ ɖe ŋutilã ƒe akpa si dzo fiã dzi “nye mɔnu nyanyɛ aɖe le blematɔwo dome, gake edze abe atikewɔlawo kple atikeŋumanyalawo siaa ŋea aɖaba ƒua edzi ene. Togbɔ be woƒo nu tsɔ kafu atikewɔmɔnu sia le agbalẽa ƒe akpa aɖewo hã la, ame geɖe mezãnɛ egbea o. Le nyateƒe me la, atikewɔla geɖe gblɔna be ‘womewɔnɛ o,’ togbɔ be ame aɖeke menya nusitae o hã.”

Gake le nyitsɔ laa ƒewo me la, atike nyanyɛ wɔlawo gava le tsi fafɛ alo nu fafɛ tsɔtsɔ aɖo afisi fiã dzi tiam. The Journal of Trauma, September 1963 tɔ ka nya ta be: “Amewo gava le mɔnu si nye tsi fafɛ tsɔtsɔ akpɔ teƒe si fiã gbɔ enumake zãm tso esime Ofeigsson kple Schulman wɔ woƒe numekukuwo le ƒe 1959 kple 1960 me. Míele mɔnu sia zãm na dɔnɔwo tso ƒe si va yi me; eƒe dɔwɔwɔ de dzi ƒo.”

Ne míagblɔe la, tsi fafɛ zazã nyo, eye wònaa dzidzeme. Wozãa tsi le mɔ vovovo nu tsɔ daa dɔlélewoe le atikewɔmɔnu bubuwo me, eye fifia wozãa atikewɔmɔnu mawo ƒomevi vovovowo le egbegbe tikewɔwɔwo me. *

Nenema ke atikewɔmɔnu bubuwo ŋudɔwɔlawo zãa numiemiewo tsɔ daa dɔe. Wole ezãm ƒe alafa geɖe—alo akpe nanewo gɔ̃ hã—le anyigba ƒe teƒe aɖewo. Le kpɔɖeŋu me le India la, gbewo koŋue wozãna le woƒe atikewɔwɔ me. Egbea le afisiafi kloe la, lãmesẽŋutinunyalawo da asi ɖe numiemie aɖewo ƒe dɔyɔŋutete dzi.

Nuteƒekpɔkpɔ Ðedzesi Aɖe

Anɔ ƒe alafa ɖeka enye si va yi la, nane si dzɔ ɖe ƒe ewo vi si nye Sepp Schwab dzi la wɔ dɔ ɖe exɔlɔ̃ vevi Richard Willstätter, si va zu numiemiewo ŋutinusrɔ̃la emegbe la dzi vevie. Dɔ vɔ̃ɖi aɖe ɖo Sepp ƒe afɔ eye ɖɔkta gblɔ be ehiã be woalã afɔa hafi wòate ŋu atsi agbe, gake Sepp dzilawo bia be woagalã afɔa o vaseɖe ŋufɔke ŋdi. Hafi ŋu nake la, wote ɖe alẽkplɔla aɖe si wonya be ebi ɖe gbetikewɔwɔ me ŋu. Alẽkplɔlaa ŋe gbe vovovo, hefli wo nyuie wòsɔ gbɔ, eye wòtsɔe ɖo abia dzi.

Kaka ŋu nake la, abia ka ɖe eme vie, eye wogatutu afɔa lalã yi ŋgɔe. Woyi atikewɔwɔa dzi, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, abia ku keŋkeŋ. Willstätter yi edzi va srɔ̃ atikedodokpɔ le Munich Yunivɛsiti le Germany eye emegbe wòva xɔ Nobel nunana le eƒe nusɔsrɔ̃ tso numiemiewo ŋu, vevietɔ le aŋgba mumu me nuwo ŋu ta. Eɖe dzesi be atike siwo wowɔna egbea dometɔ 25 le alafa me nye esiwo wozã numiemie me nuwo tsɔ kpena ɖe nu bubuwo ŋu wɔe, alo eya koŋue wotsɔ wɔe.

Nusita Dadasɔ Hiã

Gake ele be woade dzesii be le atikewɔwɔ gome la, atike si wɔ dɔ nyuie na ame aɖe mawɔ dɔ na ame bubu o. Be atikewɔmɔnu aɖe nawɔ dɔ la nɔ te ɖe nu vovovowo dzi, siwo dometɔ aɖewoe nye dɔléle si wònye kple alesi enu sẽe kpakple alesi dɔnɔa ƒe lãmesẽ le. Ɣeyiɣi siwo me woazã atikea gɔ̃ hã le vevie.

Zi geɖe la, atikewɔmɔnu bubuwo ƒe dɔwɔwɔ nɔa blewu wu atikewɔmɔnu nyanyɛwo, eyata ate ŋu adzɔ be dɔléle si ne woke ɖe eŋu hedae kaba la anye ne magblẽ nu o la nasẽ ɖe edzi va ɖo afisi wòabia be woazã atike sesẽ—alo dɔwɔwɔname gɔ̃ hã—be woaxɔ amea ɖe agbe. Eyata nunya manɔ eme be woalé ɖe atikewɔmɔnu ɖeka aɖe ŋu abe ke eya koe woate ŋu azã le dɔ dada me ene o.

Atikewɔmɔnu bubuwo to vovo na atikewɔmɔnu nyanyɛwo le eƒe dɔwɔwɔ me. Zi geɖe la, mɔxexe ɖe dɔlélea nu ŋue wotsia dzi ɖo, eye woléa ŋku ɖe amea ƒe agbenɔnɔ kple nutoa me kpakple alesi nusiawo akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe lãmesẽ dzii ŋu. Ne míagblɔe bubui la, zi geɖe la, atike siwo mebɔ o wɔlawo léa ŋku ɖe ameti bliboa ŋu tsɔ wu be woalé ŋku ɖe ŋutinu aɖe si ŋu dɔléle le ŋuti.

Ðikekemanɔmee la, nu vevi aɖe si na atikewɔmɔnu bubuwo dzea amewo ŋu wue nye nukpɔsusu sia be eƒe atikewɔmɔnuwo le bɔbɔe eye mewɔa fu ame abe atikewɔmɔnu nyanyɛwo ene o. Eyata esi ame geɖe va le dzi tsim ɖe atikewɔmɔnu nyuitɔ si me woanɔ dedie le ŋu ta la, míaƒo nu tso atikewɔmɔnu bubuwo dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ!, June 22, 1988, axa 25-6.