Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔnɔdzikpɔlawo—Nukata Míehiã Wo Ðo?

Dɔnɔdzikpɔlawo—Nukata Míehiã Wo Ðo?

Dɔnɔdzikpɔlawo—Nukata Míehiã Wo Ðo?

“Dɔnɔdzikpɔkpɔ nye aɖaŋudɔ sesẽtɔ kekeakewo dometɔ ɖeka. Dɔmetɔtrɔe ʋãa ame, gake sidzedzee nye míaƒe dɔwɔŋusẽ ɖeka kolia.”—Mary Adelaide Nutting, si nye xexeame katã ƒe dɔnɔdzikpɔkpɔ ŋuti nufialagã gbãtɔ le ƒe 1925 me.

DƆNƆDZIKPƆKPƆ le eƒe nɔnɔme bɔbɔetɔ me la nye dɔ si wɔm wole ƒe akpe geɖe enye sia—wowɔe le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ke gɔ̃ hã. (Fiawo I, 1:2-4) Le ŋutinya katã me la, nyɔnu ɖedzesi geɖewo kpɔ dɔnɔwo dzi. Le kpɔɖeŋu me, bu Elizabeth si tso Hungary (ƒe 1207-31), si nye Fia Andrew II ƒe vinyɔnu ŋu kpɔ. Ewɔ ɖoɖo woma nuɖuɖu le dɔŋɔli aɖe le ƒe 1226 me. Emegbe ena wotu kɔdziwo, eye wòkpɔ anyidzelawo dzi le kɔ siawo dzi. Elizabeth ku esi wòxɔ ƒe 24 ko, eye ezã eƒe agbenɔɣi kpui ma ƒe akpa gãtɔ tsɔ kpɔ dɔnɔwo dzii.

Amesi mele be woaŋlɔ be ne wole nu ƒom tso dɔnɔdzikpɔkpɔ ƒe ŋutinya ŋu o ye nye Florence Nightingale. England-nyɔnu veviedonula sia kple dɔnɔdzikpɔla 38 ƒe ƒuƒoƒo aɖe gbugbɔ trɔ asi le asrafokɔdzi si le Scutari, si nye Constantinople ƒe golɔgoe aɖe, ŋu le Crimea Ʋa wɔɣi le ƒe 1853-56 me. Esi wòɖo afima la, amesiwo ade 60 le alafa me kloe ye kuna; gake esi wòdzo le ƒe 1856 me la, amesiwo kuna mede 2 le alafa me o.—Kpɔ aɖaka si le axa 22 lia.

Nu bubu si gakpɔ ŋusẽ ɖe dɔnɔdzikpɔkpɔ dzie nye Protestant-hamedadawo ƒe Nusrɔ̃ƒe si woɖo anyi le Kaiserswerth, Germany, afisi Nightingale srɔ̃ nu le hafi va yi Crimea. Emegbe la, wova ɖo dɔnɔdzikpɔha ɖedzesi bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1903 me la, Agnes Karll ɖo Germany Dɔnɔdzikpɔla Bibiwo ƒe Habɔbɔ anyi.

Egbea la, wobui be dɔnɔdzikpɔlawoe nye lãmesẽnyagbɔkpɔlawo ƒe hatsotso gãtɔ kekeake. Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔa ka nya ta be dɔnɔdzikpɔla kple vixela 9,000,000 kple edzivɔe le dɔ wɔm le dukɔ 141 me fifia. Eye dɔ vevi ka gbegbee nye si wɔm wole! The Atlantic Monthly gblɔ be dɔnɔdzikpɔlawo “wɔa nu le beléle, nunya, kple kakaɖedzi me, si nye nusiwo le vevie hena dɔnɔ ƒe hayahaya.” Eyata esɔ be míabia nya sia ku ɖe dɔnɔdzikpɔlawo ŋu be, Nukae míawɔ ne ɖe womeli o?

Akpa si Dɔnɔdzikpɔla Wɔna le Hayahaya Me

Numekugbalẽ aɖe ɖe nusi dɔnɔdzikpɔkpɔ fia gɔme be enye “mɔ si nu dɔnɔdzikpɔla kpena ɖe dɔnɔ ŋu le be wòahaya tso dɔléle alo nuveviwɔame me, alo be wòagaɖo eɖokui me alesi wòanya wɔe.”

Nyateƒee, esia wɔwɔ bia nu geɖe ŋutɔ. Ebia nu geɖe wu amedodokpɔ edziedzi, abe dzia ƒe tsotso kple ʋusisi ƒe sesẽme dodokpɔ ene ko. Dɔnɔdzikpɔlaa wɔa akpa vevi aɖe le dɔnɔ ƒe hayahaya me. The American Medical Association Encyclopedia of Medicine gblɔ be, “dɔnɔdzikpɔlaa tsia dzi ɖe nusiwo katã me tom dɔnɔa le ŋu wu dɔlélea ŋutɔ, eye wòwɔa nusi wòate ŋui be yeana ŋutilã, kple susu me vevesesewo nu nabɔbɔ, eye ne anya wɔ la, yeana dɔa naganyra ɖe edzi o.” Gakpe ɖe eŋu la, dɔnɔdzikpɔlaa ɖea “nugɔmesese ƒe beléle fiana, si bia be wòaɖo to dɔnɔa ƒe dzimaɖitsitsiwo kple vɔvɔ̃wo le dzigbɔɖeanyi me, eye wòado ŋusẽe afa akɔ nɛ le seselelãme gome.” Numekugbalẽ sia gblɔ be ne dɔnɔa ɖo kudonu la, akpa si dɔnɔdzikpɔlaa wɔnae nye be “wòakpe ɖe dɔnɔa ŋu ade bubu eŋu alesi wòanya wɔe be wòagakpe fu boo hafi aku o.”

Dɔnɔdzikpɔla geɖewo wɔa nu geɖe wu nusi wobia tso wo si. Le kpɔɖeŋu me, Ellen D. Baer ŋlɔ nu tso nusi teƒe wòkpɔ le Montefiore Kɔdzi le New York City ŋu. Medina be yeawɔ ŋdia me ƒe dɔ dzimagbɔɖitɔe kpe ɖe amekoha la ŋu o. Eŋlɔ be: “Medina be manɔ dɔnɔawo gbɔ. Medina be mawɔ dɔ tso woƒe gbɔgbɔ ŋu, alé wo woazɔ, aklɔ woƒe abiwo agbugbɔ ablae na wo nyuie, aɖo woƒe biabiawo ŋu, aɖe nuwo me na wo, eye mafa akɔ na wo. Ðekawɔwɔ kple ƒomedodo me nɔnɔ kple dɔnɔwo dzɔa dzi nam.”

Ðikekemanɔmee la, amesiame si woxɔ ɖe kɔdzi kpɔ ate ŋu aɖo ŋku dɔnɔdzikpɔla veveseɖeamenula aɖe si ɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe nɔnɔme ma tɔgbe fiae la dzi. Gake nukae wòbia be woanye dɔnɔdzikpɔla bibii?

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Florence Nightingale

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 19]

Courtesy National Library of Medicine