Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lãmesẽ si Nyo Wu—Ðe Wole Mɔnu Yeye Zãmaa?

Lãmesẽ si Nyo Wu—Ðe Wole Mɔnu Yeye Zãmaa?

Lãmesẽ si Nyo Wu—Ðe Wole Mɔnu Yeye Zãmaa?

Nya ʋɛ aɖewo koe le vevie na amewo wu lãmesẽnyawo. Ɣeaɖewoɣi la, edze abe ɖe eŋuti nukpɔsusuwo sɔ gbɔ abe alesi lãmesẽŋutinunyalawo hã sɔ gbɔe ene. Le esi teƒe be Nyɔ! nade akpa aɖe dzi la, ɖeko nyati siawo si tsya ɖe wo nɔewo nu te kpɔ be woaka nya ta le atikewɔmɔnu siwo wolɔ̃a yɔyɔ be atikewɔmɔnu bubuwo ŋu. Míekafu atikewɔmɔnu siwo me míadzro alo bubu aɖeke o. Atikewɔmɔnu geɖe li siwo míeyɔ o—ɖewo xɔ ŋkɔ, bubuwo nye esiwo ŋu wohea nya le. Míexɔe se be le nyagbɔgblɔ gbadza nu la, nusɔsrɔ̃ tso lãmesẽnyawo ŋu ɖea vi; eye lãmesẽnyawo ŋuti nyametsotsowo nye ame ŋutɔ ƒe nya.

AMESIAME di be yeanɔ lãmesẽ me. Gake menɔa bɔbɔe be woanɔ lãmesẽ me o, abe alesi amesiwo ŋu lãmesẽkuxiwo le ƒe xexlẽme ɖee fiae ene. Ewɔna na ame aɖewo be ame geɖe dze dɔ egbea wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe si va yi.

Be woawɔ avu kple dɔléle la, ɖɔkta geɖe ŋlɔa atike siwo atikewɔdzrahawo wɔna hedoa bobloe atraɖii la na dɔnɔwo. Eɖe dzesi be atike mawo ƒeƒle le xexeame yi dzi ŋutɔ le nyitsɔ laa ƒewo me, tso dɔlar biliɔn ʋɛ siwo wodzrana le ƒe ɖeka me va ɖo dɔlar biliɔn alafa geɖe ƒe sia ƒe. Nukae do tso eme?

Atike siwo atikewɔlawo ŋlɔ na amewo kpe ɖe ame geɖe ŋu. Ke hã amesiwo noa atikewo ƒe lãmesẽ kpɔtɔ le alesi wòle, alo gagblẽ ɖe edzi. Eyata le nyitsɔ laa ɣeyiɣiwo me la, amewo va dze atikewɔmɔnu bubuwo zazã gɔme.

Mɔnu Siwo Ŋu Ame Geɖe Va Le Tɔtrɔm Ðo

Le teƒe siwo woda asi ɖe atikewɔmɔnu nyanyɛwo dzi be eyae nye nyuitɔ la, ame geɖe va le tɔtrɔm ɖe mɔnu siwo woyɔna be atikewɔmɔnu bubuwo, alo kpekpeɖeŋu tikewɔmɔnuwo ŋu. May 2000 ƒe Consumer Reports gblɔ be: “Edze abe Berlin Gli si ma atikewɔmɔnu bubuwo kple atikewɔmɔnu nyanyɛwo dome ɣeyiɣi didi la le mumum ene.”

The Journal of the American Medical Association (JAMA), ƒe November 11, 1998, tɔ gblɔ be: “Nyadzɔdzɔŋlɔlawo, atikewɔlawo, dziɖuɖudɔwɔƒewo, kple dukɔmeviwo va le tɔtrɔm ɖe atikewɔmɔnu bubu siwo ƒe dɔwɔwɔ wobuna be wonye avulénuwo, si womefiana le atikesrɔ̃sukuwo o, eye womebɔ le United States kɔdziwo o la ŋu.”

Gake esi Journal of Managed Care Pharmacy nɔ nu ƒom tso nusiwo le dzɔdzɔm le ŋkeke siawo me ŋu la, eɖe nu me le ƒe 1997 me be: “Tsã la, atike nyanyɛ wɔlawo meƒoa nu nyui le atikewɔmɔnu bubuwo ŋuti o, gake atikesrɔ̃suku 27 le United States [akɔntabubu si do nyitsɔ laa gblɔ be woɖo 75] fiaa nu tso atikewɔmɔnu bubuwo ŋu fifia, eye wo dometɔ aɖewoe nye Harvard, Stanford, Arizona Yunivɛsiti, kple Yale.”

JAMA gblɔ nusi wɔm dɔnɔ geɖe le be yewoƒe lãmesẽ naka ɖe eme. Eka nya ta be: “Le ƒe 1990 me la, amesiwo ade ame 1 (19.9%) le ame 5 ɖesiaɖe me si dea ɖɔkta si wɔa atike nyanyɛ gbɔ le dɔléle aɖe ta la gazãa atikewɔmɔnu bubuwo hã. Xexlẽme sia dzi ɖe edzi ɖo ame 1 (31.8%) le ame 3 ɖesiaɖe me le ƒe 1997 me.” Nyatia gblɔ hã be: “Dukɔwo ƒe numekuku siwo wowɔ le United States godo ɖee fia be ame geɖe zãa atikewɔmɔnu bubuwo le dukɔ deŋgɔwo katã me.”

Le JAMA ƒe nya nu la, dukɔmevi siwo zãa atikewɔmɔnu bubuwo le dzinu 12 siwo va yi me nɔ alafa memama 15 le Canada, alafa memama 33 le Finland, kple alafa memama 49 le Australia. JAMA lɔ̃ ɖe edzi be: “Ame gbogbo siwo va le atikewɔmɔnu bubuwo zãm la ɖe dzesi.” Esia nye nyateƒe, vevietɔ le esi womebua atikewɔmɔnu bubuwo dea lãmesẽɖoɖo si nugblẽfexedɔwɔƒewo wɔna la me ale o ta. Eyata JAMA me nyatia wu enu be: “Anɔ eme be ame xexlẽme si zãa atikewɔmɔnu siawo fifia mava ɖi naneke o, ne nugblẽfexedɔwɔƒewo va dze wo dede woƒe ɖoɖowo me geɖe wu le etsɔme.”

Atikewɔmɔnu bubuwo kple atikewɔmɔnu nyanyɛwo wɔlawo va le nu wɔm ɖekae ɣeyiɣi didi aɖe le dukɔ geɖe me. Ðk. Peter Fisher, si le London Fiahawo ƒe Homeopathic Kɔdzi gblɔ be atikewɔmɔnu bubuwo va zu “atikewɔmɔnu nyanyɛwo le teƒe geɖe. Atikewɔmɔnu eve siwo woayɔ be nyanyɛa kple esi mebɔ o megali o. Nusi koe li ye nye atike nyuitɔ kple manyomanyoa.”

Eyata atikewɔla bibi geɖe siwo li egbea va le dzesi demee be viɖe le atikewɔmɔnu nyanyɛwo kple bubuawo siaa ŋu. Le esi teƒe be woate tɔ ɖe edzi be dɔnɔa nazã atikewɔmɔnu ɖeka ƒomevi aɖe alo ekemɛa la, wokafunɛ be wòatia dɔyɔmɔnu siwo katã li la dometɔ si xɔna nɛ.

Atikewɔmɔnu bubuwo, alo kpekpeɖeŋu tikewɔmɔnuwo ƒe dɔyɔmɔnu aɖewo ɖe? Ɣekaɣi, eye afikae wo dometɔ aɖewo dzɔ tso? Eye nukatae ame geɖe va le wo zãm?