Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔse Dodokpɔ le Poland

Xɔse Dodokpɔ le Poland

Xɔse Dodokpɔ le Poland

ABE ALESI JAN FERENC GBLƆE ENE

ÐEVI dzaa ko menye esime wonɔ Xexemeʋa II wɔm. Meɖo ŋku tɔnyeɖia aɖe si nye Yehowa Ðasefo dzi nyuie. Evaa míaƒe aƒeme va xlẽa nu tso Biblia me na mí. Dzinyelawo metsɔ ɖeke le eme o, gake nyaawo dze mía kple nɔvinyeŋutsu Józef, kple nɔvinyenyɔnu Janina, ya ŋu vevie. Medidi o, mí katã míexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe míaƒe adzɔgbeɖeɖe dzi na Yehowa. Ƒe 14 ko mexɔ esime mexɔ nyɔnyrɔ.

Esi mía dzilawo kpɔ ŋusẽ nyui si Biblia sɔsrɔ̃ nɔ kpɔkpɔm ɖe míaƒe agbe dzi la, wodze egɔme nɔ to ɖom. Esime fofonye va kpɔ be Biblia ƒo nu tsi tre ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu la, egblɔ be: “Ne aleae Mawu ƒe Nya gblɔ la, ke nunɔlawo gblẽ mí ɖe viviti me. Vinye, ɖe nɔnɔmewɔwɔwo katã ɖa le glia ŋu tsɔ ƒu gbe!” Anɔ ƒe eve megbe la, dzinyelawo hã xɔ nyɔnyrɔ. Wosubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe woƒe ku me.

Kuxi Siwo Míedo Goe

Yehowa Ðasefowo to nɔnɔme sesẽwo me le aʋaa megbe. Le kpɔɖeŋu me, amewo tso Dukɔa ƒe Dedienɔnɔdɔwɔƒe va dze míaƒe dɔwɔƒe si nɔ Lodz dzi helé amesiwo nɔ dɔ wɔm le afima. Le Poland ƒe ɣedzeƒe gome la, Katoliko hakplɔlawo ƒoe ɖe Dukɔa ƒe Asrafowo ƒe vivimeʋawɔlawo nu wodze Yehowa Ðasefowo dzi heƒo wo vevie. *

Azɔ le ɣeyiɣi ma ke me la, Kɔmiunist dziɖuɖua te fli ɖe mɔ si woɖe na mí tsã be míawɔ míaƒe takpekpewo la me, eye wodze agbagba be woagblẽ takpekpe siwo nɔ edzi yim la me. Gake ɖeko tsitretsiɖeŋu si nɔ dzidzim ɖe edzi la gadzi míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míayi edzi aɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ɖe edzi. Le ƒe 1949 me la, Ðasefo siwo wu 14,000 ye bu akɔnta le Poland.

Medidi o meva zu mɔɖela, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla. Dɔdasi gbãtɔ si wonam la didi tso aƒe gbɔ anɔ kilometa 500. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖom be manye dzikpɔla mɔzɔla le teƒe aɖe si le Lublin ƒe ɣedzeƒe gome, eye medidi tso afisi dzinyelawo nɔ gbɔ o.

Wolém Hewɔ Fum

Le June 1950 me la, Kɔmunist dziɖuɖua lém hetso nunye be menɔ ŋku tsam na United States dziɖuɖua. Wodem xɔgɔmenudzraɖoxɔ ƒoɖi aɖe me. Le zãme la, dɔwɔla numekula aɖe va kplɔam doa goe va biaa gbem. Egblɔna nam be: “Kɔmamãe miaƒe subɔsubɔhaa nye eye enye Dukɔa ƒe futɔ. Amerikatɔwo ƒe adzamenumekuhae miaƒe dɔwɔƒea ƒe ta wɔa dɔ na. Kpeɖodziwo le mía si! Nɔviwòwo lɔ̃ ɖe edzi xoxo be yewotsa le dukɔ bliboa me hexɔ nyatakakawo ku ɖe aʋawɔnuwo kple wo wɔƒewo ŋu.”

Le nyateƒe me la, nutsotso siawo katã nye alakpa sɔŋ. Ke hã, numekulaa ɖo aɖaŋu nam be made asi agbalẽ te agbe nu le ha si wòyɔna be “miaƒe ŋukpenanuwɔhabɔbɔ” la gbɔ. Edze agbagba zi geɖe be yeana made asi ete. Ete kpɔ gɔ̃ hã be yeana maŋlɔ Ðasefo siwo katã menya ƒe ŋkɔ kple adrɛswo kple afisiwo womãa míaƒe agbalẽwo le. Eƒe agbagbadzedzewo meɖe vi aɖeke o.

Emegbe asrafoawo ƒom kple kpo ʋuu vaseɖe esime meku ƒenyi. Emegbe wokɔ tsi ɖe dzinye megagbɔa agbe, ale be wogayia nyawo biabia dzi. Zã si kplɔe ɖo me la, woƒo nye afɔkpodzi kutɔkutɔe. Medo ɣli ɖe kuku na Mawu be wòana ŋusẽm matsɔ ado dzii. Mekpɔ be enam hã. Woyi edzi biaa gbem le zãme nenema edziedzi hena ƒe ɖeka kloe.

Woɖem le game le April 1951 me, gake Ðasefo geɖe kpɔtɔ nɔ game. Meyi Ðasefo aɖe si dzi woate ŋu aka ɖo gbɔ be wòana dɔ yeyem. Ebiam be, “mèle vɔvɔ̃m be woagalé ye ake oa?” Meɖo eŋu be: “Meɖoe kplikpaa wu tsã be mawɔ dɔ le afisi hiahiãa lolo le wu.” Megadze nye dzikpɔla mɔzɔzɔdɔa gɔme, eye emegbe wokpem be mava wɔ ɖoɖo ɖe míaƒe agbalẽwo tata kple wo mama le Poland ŋu.

Ɣemaɣi la, míezãa blema gbalẽtamɔ̃wo tsɔ taa Gbetakpɔxɔ lae. Míaƒe nuŋɔŋlɔawo meɖena nyuie o, eye míexea ga gbogbo ɖe pepa, si nɔ vevem ɣemaɣi la ta. Míetaa agbalẽawo le teƒe ɣaɣlawo, abe avawo, xɔgɔmexɔwo, kple xɔtaxɔwo ene me. Ne wolé ame aɖe la, wodenɛ game.

Meɖoa ŋku vudo aɖe si me tsi mele o si míezã dzi. Míeɖe mɔ to ʋea, si goglo anɔ afɔ 35 la me va ge ɖe xɔ sue aɖe me eye afimae míetaa magazineawo le. Hafi míayi afima la, ele be míaku ɖe ka ŋu woaɖiɖi ɖe ʋea me. Gbeɖeka menɔ atigo gã aɖe me wonɔ nye ɖiɖim kasia kaa tso. Mege va dze anyi heŋe afɔ. Le kɔdzi nɔnɔ ɣeyiɣi aɖe megbe la, megbugbɔ va yi agbalẽtamɔ̃a zazã dzi.

Ɣeyiɣi sia mee medo go Danuta, si nye subɔla mɔɖela veviedola aɖe. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1956 me, eye le ƒe ene siwo kplɔe ɖo me la, míewɔ subɔsubɔdɔa ɖekae le titina Poland. Kaka ƒe 1960 naɖo la, vi eve nɔ mía si, eye míeɖoe be Danuta nadzudzɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ be wòakpɔ wo gbɔ. Medidi o wogalém, eye azɔ wodem gaxɔ aɖe si me alegeliwo bɔ ɖo me. Dzinu ade megbe la, wotso afia be woadem game ƒe eve.

Gaxɔmeyiyi Kple Dodo

Gamenɔla siwo wu 300 ye nɔ Bydgoszcz gaxɔa me, eye medo gbe ɖa na Yehowa be mate ŋu agblɔ Fiaɖuƒegbedasia na dzianukwaretɔwo. Meƒo nu kple gaxɔa dzi kpɔla, gblɔ nɛ be mate ŋu anɔ ta kom na gamenɔlaawo. Ewɔ nuku nam be wòlɔ̃. Medidi o, meva nɔ ge ƒlɔm, henɔa ta kom na gamenɔlaawo, eye meɖia ɖase na amesiwo edze abe nyaa dze wo ŋu ene.

Eteƒe medidi o, gamenɔla si nye takola kpe ɖe ŋunye la dze wɔwɔ ɖe míaƒe dzeɖoɖoa me nyawo dzi. Edze nusiwo srɔ̃m wònɔ le Biblia me gbɔgblɔ na amewo gɔ̃ hã. Medidi o gaxɔa dzikpɔla ɖe gbe na mí be míadzudzɔ nusi wòyɔ be “dugbanyawo” la kaka. Hatinye takola la nɔ te sesĩe. Eɖe nu me be: “Mefia fi tsã, gake fifia medzudzɔ. Atamanono mam tsã, gake fifia nyemeganonɛ o. Tameɖoɖo va su asinye le agbeme, eye medi be mazu Yehowa Ðasefo.”

Esi woɖem le game la, nɔviawo dɔm ɖo ɖe Poznan be mava kpɔ “abolomeme” dɔ, si nye alesi míeyɔa míaƒe adzame gbalẽtaƒewoe dzi. Kaka ƒe 1950-awo nawu enu la, míaƒe agbalẽtata ka ɖe eme kura wu tsã. Míesrɔ̃ alesi míazã mɔ̃ awɔ míaƒe agbalẽwo ƒe axawo wòanɔ sue wu hã—enye nu ɖedzesi aɖe le míaƒe mɔ̃ɖaŋununya me—eye míesrɔ̃ Rotaprint gbalẽtamɔ̃ zazã hã. Le ƒe 1960 me la, míedze agbalẽwo tata kple wo babla hã gɔme.

Emegbe kpuie la, aƒelika aɖe va zɔ mía gɔme, eye wogalém ake. Esi woɖe asi le ŋunye le ƒe 1962 me megbe la, mexɔ dɔdasi be mava subɔ le Szczecin kpe ɖe nɔvi bubu geɖewo ŋu. Gake hafi míadze mɔ la, míexɔ agbalẽ aɖe si míawo míesusu be etso nɔviŋutsu Kristotɔ nuteƒewɔlawo gbɔ be míayi Kielce boŋ. Gake esi míeɖo afima la, wolé mi, eye wotso afia nam be woagadem game ƒe ɖeka kple afã. Ameflula siwo va tra ɖe mía me ye de mí asi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míeva dze si wo heɖe wo le mía dome.

Esime wova ɖem tso game mlɔeba la, woɖom be makpɔ agbalẽwo tata dzi le Poland katã. Le ƒe 1974 me, esime medze agbagba be woagalém o ƒe ewo megbe la, woɖiam gava lém le Opole. Emegbe kpuie la, wokplɔm yi ɖade game le Zabrze. Gaxɔdzikpɔlaa gblɔ nam be: “Wò bisiɔpdɔwɔnawo wu enu. Ne èyi wò togblẽnyawo kaka dzi la, àyi ameɖekɛgaxɔ me.”

Gbeƒãɖeɖe le Gaxɔ Me

Gake nye subɔsubɔdɔa mewu enu le mɔ aɖeke nu o. Le nyateƒe me, medze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple hatinye gamenɔla eve. Mlɔeba, wowɔ ŋgɔyiyi va ɖo afisi mena nyɔnyrɔ wo ɖe tsilegba gã aɖe me le gaxɔa me.

Ame bubuwo hã wɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖea dzi, eye le April 1977 me la, míekpe ɖekae ɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. (Luka 22:19) Dzinu eve megbe, le June 1977 me la, woɖe asi le ŋunye eye womegalém azɔ o.

Le ɣeyiɣi mawo me la, dziɖulawo va nɔ mɔ ɖem ɖe míaƒe dɔa ŋu wu. Ðikeke mele eme o be Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa me tɔwo ƒe sasrãkpɔ wɔ akpa vevi aɖe. Le ƒe 1977 me la, wo dometɔ etɔ̃ ƒo nu kple dzikpɔlawo, mɔɖelawo, kple Ðasefo siwo subɔ ɣeyiɣi didi le dugã geɖe me. Ƒe eve megbe la, wo dometɔ eve de va ƒo nu kple Subɔsubɔnyawo Dɔdzikpɔƒe ƒe amegãwo. Gake ƒe 1989 me ke hafi wova ɖe mɔxenuwo ɖa le míaƒe dɔa dzi. Ðasefo 124,000 ye le dɔ wɔm le Poland fifia.

Lãmegbegblẽ wɔe be Danuta megate ŋu zɔa mɔ kplim le ƒe siawo me o, gake edea dzi ƒo nam eye wòdi be mayi edzi anɔ hamewo srãm kpɔ. Mada akpe nɛ ɖaa ɖe eƒe ŋusẽdoame si wònam le nye gaxɔmenɔɣi geɖeawo la ta.

Kakaɖedzi le asinye be nyametsotso si mewɔ ƒe 50 enye si va yi be masubɔ Yehowa Mawu ye nye nyuitɔ. Mekpɔ dzidzɔ blibo le esubɔsubɔ kple dzi blibo me. Mía kple srɔ̃nye míekpɔ nya siwo woŋlɔ ɖe Yesaya 40:29 la ƒe nyateƒenyenye be: “[Yehowae] naa lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo.”

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Kpɔ 1994 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, axa 213-22.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]

Míezã “mimeograph” gbalẽtamɔ̃, eye emegbe míeva zã “Rotaprint” gbalẽtamɔ̃ tsɔ ta agbalẽwoe

[Nɔnɔmetata siwo le axa 30]

Mía kple srɔ̃nye Danuta