Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Dzɔdzɔmeŋutinunya Ate Ŋu Ahe Agbe Mavɔ Vɛa?

Ðe Dzɔdzɔmeŋutinunya Ate Ŋu Ahe Agbe Mavɔ Vɛa?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Dzɔdzɔmeŋutinunya Ate Ŋu Ahe Agbe Mavɔ Vɛa?

ƑE AÐEWO enye si va yi la, woabu biabia ma be susu mele eme o. Gake fifia amewo le tame bum le mɔkpɔkpɔ ma ŋu vevie. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo te ŋu zã aɖaŋu si ame aɖewo susu be woava zã na amegbetɔwo tsɔ dzi nudzodzoewo kple ŋɔviwo ƒe agbe ɖe edzi zi gbɔ zi eve.

Numekukuwo ɖee fia be amegbetɔ ƒe lãmenugbagbeviwo kuna, eye womana va ɖoa xexlẽme aɖe ko. Emegbe wodzudzɔa mama. Enye nɔnɔme si wotsɔ sɔ kple gaƒoɖokui si le mía me, si kpɔa ŋusẽ ɖe ɣeyiɣi si amewo atsi aku dzi. Fifia dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le dɔ wɔm be yewoatrɔ gaƒoɖokuia ƒe dɔwɔwɔ.

Nufiafia aɖe si bɔe nye be alesi woawɔ anya alesi amegãkuku dzɔnae la le domenyiŋusẽfianu ƒe nugbɔwo, afisi woyɔna be telomere me. Wotsɔ telomere-wo sɔ kple aŋe si wotsɔ bla afɔkpaka ƒe nugbɔwo, be kaa nagatu o. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo de dzesii be ɣesiaɣi si lãmenugbagbeviwo nama la, telomere-awo zua kpuie, abe ɖe wolólo ene. Edze abe mlɔeba telomere-awo zua kpuie va ɖo afisi wodzudzɔa mama ene. Gake nunyiame ƒomevi aɖe si le ʋua me wɔnɛ be telomere-awo megatona ɖe eme o. Eyata le nufiafiaa nu la, mɔkpɔkpɔ li be lãmenugbagbeviawo ate ŋu ayi edzi anɔ mamam ɖaa. Dɔwɔƒe si le dɔ sia wɔm ƒe amegã aɖe gblɔ be: “Esiae nye zi gbãtɔ si míate ŋu abu tame le amegbetɔ ƒe makumaku ŋu.” Gake menye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo katãe lɔ̃ ɖe edzi o.

Alesi Ku Wɔ Va Dzɔ

Ƒe akpe nanewoe nye sia si amesiwo xɔ Biblia dzi se xɔe se be amegbetɔwo ate ŋu anɔ agbe mavɔ. Menye amegbetɔ dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ŋue woɖoa ŋu ɖo o, ke Yehowa Mawu, amesi nye Dzɔdzɔmeŋutinunyala Gãtɔ, si wɔ nu gbagbewo katã boŋ ŋue.—Psalmo 104:24, 25.

Biblia ɖee fia be amegbetɔ ƒe ku mekpe ɖe Wɔla la ƒe tameɖoɖo ŋu o. Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔ amegbetɔ gbãtɔ ɖo eye wòda wo ɖe paradisobɔ me. Wode blibo, eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke menɔ woƒe susu alo ŋutilã me o. Eyata mɔkpɔkpɔ nɔ wo si be woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Emae nye Mawu ƒe didi na wo. Ede se na wo be woadzi viwo eye vivivi la woakeke Paradiso la ɖe nu wòaxɔ anyigba katã dzi.—Mose I, 1:27, 28; 2:8, 9, 15.

Abe alesi woɖee fia le Mose I, ta 3 ene la, Adam dze aglã ɖe Mawu ŋu, togbɔ be enya be kue woatsɔ ahe to na ye hã. Gawu la, eƒe tomaɖomaɖoa he nuvɔ̃ kple ku va eƒe dzidzimevi siwo mekpɔ dzɔ haɖe o la dzi. Apostolo Paulo ɖe eme ale: “To ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.” (Romatɔwo 5:12) Ne míagblɔe bubui la, nuvɔ̃ si Adam wɔ la wɔe be eƒe ŋutilã megade blibo o. Vivivi la, etsi ku amegã heku. Eƒe dzidzimeviwo nyi kpɔtsɔtsɔ ma dome.

Eyata Adam ƒe aglãdzedze kple ʋɔnu si Mawu drɔ̃e ye he amegbetɔ ƒe ku vɛ. Amegbetɔwo mate ŋu atrɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ma o. Togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo wɔ ŋgɔyiyi geɖe le atikewɔwɔ me hã la, nya siwo gbɔgbɔ ʋa Mose wòŋlɔ ƒe 3,500 enye si va yi la kpɔtɔ nye nyateƒe be: “Míaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, ne ede ƒã la, ƒe blanyi, eye fuɖename kple hiã nye wo adegbeƒonu; elabena wova yi kabakaba, eye míedzo.”—Psalmo 90:10.

Yehowa ƒe Mɔnuɖoɖo na Agbe Mavɔ Nɔnɔ

Dzidzɔtɔe la, mɔkpɔkpɔ li! Togbɔ be amegbetɔ ɖesiaɖe kuna fifia hã la, menye Yehowa ƒe tameɖoɖoe nye be nɔnɔme sia nayi edzi ɖaa o. Togbɔ be edze be Adam kple Xawa naku hã la, Mawu nyae be ame aɖewo anɔ woƒe dzidzimevi siwo mekpɔ dzɔ haɖe o la dome siwo awɔ nu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe ɖe eƒe dzikpɔkpɔ lɔlɔ̃tɔe ŋu. Ewɔ ɖoɖo na ame mawo be woanɔ agbe mavɔ le anyigba dzi. Hakpala la ŋlɔ be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Gake aleke esia awɔ ava eme?

Menye domenyiŋusẽfianu ƒe nya ɣaɣla si gɔme amegbetɔwo ase dzie wòato ava o. Ke boŋ agbe mavɔ anye nunana si Yehowa atsɔ ana amesiwo xɔa edzi sena. Esi wòde dzesii be Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo hiã ɖeɖe la, ewɔ ɖoɖo na wo be woato edzi akpɔ agbe mavɔ—eyae nye Yesu Kristo ƒe tafevɔsa la. Yesu ƒo nu tso ɖoɖo sia ŋu esi wògblɔ be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.

Yesu nye ame deblibo abe Adam ene. To vovo na Adam la, Yesu ɖo to Mawu bliboe. Eyata Yesu te ŋu tsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo xe fe ɖe Adam ƒe nuvɔ̃ ta. To lɔlɔ̃ ƒe mɔnuɖoɖo sia si ɖo dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenuwo gbɔ dzi la, woate ŋu aɖe Adam ƒe dzidzimeviwo tso nuvɔ̃ ƒe fɔbuame me. Eyata amesiame si aɖe Yesu dzixɔxɔse fia la axɔ Mawu ƒe nunana si nye agbe mavɔ.—Romatɔwo 5:18, 19; Timoteo I, 2:5, 6.

Nenye ɖe amegbetɔwo ate ŋu aɖu blibomademade dzi eye woana agbe mavɔ wo ɖokui la, anye ne tafea magahiã o. Biblia ɖo aɖaŋu sia si me nunya le be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o. Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina. Woayra amesi Yakob ƒe Mawu la nye xɔname na, amesi ƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la dzi; eya, amesi wɔ dzi kple anyi, atsiaƒu kple nusiwo katã le eme, eya, amesi léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi tegbee.”—Psalmo 146:3-6.

Yehowae ahe agbe mavɔ vɛ, ke menye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe numekuku o. Nusianu si Mawu ɖo be yeawɔ la, ate ŋu awɔe eye awɔe hã. “Naneke mesẽ na Mawu o.”—Luka 1:37.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 26]

© Charles Orrico/SuperStock, Inc.