Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðeviwo Dze na Beléle Kple Lɔlɔ̃

Ðeviwo Dze na Beléle Kple Lɔlɔ̃

Ðeviwo Dze na Beléle Kple Lɔlɔ̃

“NE ÈÐE lɔlɔ̃ vi aɖe fia ɖevi la, aɖe vi geɖe na wò emegbe.” John Ruskin, si nye ƒe alafa 19 lia me Englandtɔ agbalẽŋlɔla kple ɖikela ye ŋlɔ nya mawo. Dzila geɖe alɔ̃ ɖe edzi be ame ŋutɔ ƒe viwo lɔlɔ̃ va ɖea vi emegbe, menye lɔlɔ̃ si woawo hã ava ɖe fia wò ɖeɖeko ta o, ke vevietɔ wu la, alesi wòava kpɔ ŋusẽ nyui ɖe wo dzi emegbe hã tae.

Le kpɔɖeŋu me, agbalẽ si nye Love and Its Place in Nature (Lɔlɔ̃ Kple Akpa si Wòwɔna le Agbe Me) gblɔ be lɔlɔ̃ manɔmee la, “ɖeviwo dome gblẽna.” Eye Ashley Montagu si nye Britaintɔ amegbetɔŋutinusrɔ̃la xɔŋkɔ, gblɔ nya si yi ŋgɔ wu be: “Ðevi si womeɖe lɔlɔ̃ fia o to vovo le seselelãme, ŋutilã, kple susu gome kura tso esi wolɔ̃na gbɔ. Vovototo nɔa esi womeɖe lɔlɔ̃ fia o ƒe tsitsi kple esi woɖe lɔlɔ̃ fia tɔ dome gɔ̃ hã.”

Toronto Star ka nya ta le numekuku aɖe si gblɔ nya ma ƒomevi ŋu. Egblɔ be: “Ðevi siwo womewɔa atuu na, kaa asi wo ŋu lɔlɔ̃tɔe alo doa vivi ɖe wo ŋu edziedzi o . . . ƒe nuteɖeamedzi seselelãmewo nu sẽna ale gbegbe.” Le nyateƒe me la, vivimadomado ɖe vidzĩ ŋu “ate ŋu agblẽ nu le eƒe nusɔsrɔ̃ kple ŋkuɖoɖonudzi ŋu vevie le etsɔme.”

Nya siawo te gbe ɖe dzilawo ƒe wo viwo gbɔ nɔnɔ dzi. Esia manɔmee la, aleke ƒomedodo kplikplikpli anɔ dzila kple vi domee? Gake nublanuitɔe la, le xexeame ƒe akpa siwo kesinɔnuwo bɔ ɖo me la, nɔnɔme si bɔ fifiae nye be woadze agbagba aƒle ɖevi ƒe nuhiahiãwo nɛ evɔ edzilawo menɔa egbɔ o. Woɖoa ɖeviwo ɖe suku, woɖoa wo ɖe Kwasiɖagbe suku, wona wova wɔa dɔ, wodaa wo ɖe ɖeviwo ƒe dzomeŋɔlifefewɔƒewo, eye wonaa ga wo heɖoa wo ɖe modzakaɖeƒewo. Ne woɖe ɖeviawo ɖe aga tso ƒomea gbɔ alea la, wo dometɔ miliɔn geɖe va sena le wo ɖokui me—alo ewɔna na wo—be wogbe yewo, wometsɔ ɖeke le yewo me o, eye womelɔ̃ yewo o, le ame tsitsi mabuameŋuwo dome. Ðewohĩ alesi ɖevi geɖe va le esem le wo ɖokui me alea hã tae ɖevi tsigbɔdome siwo wobu be woade 3,000 va le Berlin. Le kpɔɖeŋu me, Micha si nye ɖevi dzaa gblɔ be: “Ame aɖeke megatsɔ ɖeke le eme nam o.” Germany ŋutsuvi si xɔ ƒe asieke fa konyi nenema ke be: “Asɔ nam be manye míaƒe avu boŋ.”

Ŋlɔmiwɔwɔ le Ðeviwo Ŋu ƒe Mɔnuwo Le Vovovo

Ðeviwo gbegblẽɖi nye ŋlɔmiwɔwɔ ƒomevi si Biblia yɔ be ‘ame ƒe nya malɔ̃malɔ̃’ ɖeɖefia. (Romatɔwo 1:31; Timoteo II, 3:3) Eye ate ŋu ana woawɔ nu manyomanyo siwo gbɔ eme ɖe ame ŋu. Le kpɔɖeŋu me, tso esime woɖu Dukɔwo Dome Ƒe na Ðeviwo le ƒe 1979 me la, ŋlɔmiwɔwɔ le ɖeviwo ŋu kple wo gbɔ dɔdɔ sesẽe ŋu koŋue wotrɔ susu ɖo. Nyateƒee, esesẽ be woaƒo eŋutikɔntabubu siwo sɔ tututu nu ƒu, eye woto vovo le dukɔ vovovo me. Gake ɖikeke mele eme o be esesẽna be ɖevi siwo gbɔ wodɔ sesẽe ƒe seselelãmebiwo naku ne wole tsitsim.

Eɖanye ŋlɔmiwɔwɔ ka tɔgbe ye o, enaa ɖeviwo sena le wo ɖokui me be womelɔ̃ yewo o eye be wometsɔ ɖeke le yewo me o. Eye edze abe kuxi sia le dzidzim ɖe edzi ene. Le Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Die Welt ƒe nya nu la, “ɖevi gbogbo aɖewo le tsitsim va le ame maɖɔʋuwo zum le hadome.” Egblɔ kpee be: “Ðeviwo mekpɔa vividoɖeameŋu si nɔa aƒeme o. [Gerd Romeike si nye tatɔ le Hamburg ɖevitakpɔdɔwɔƒe aɖe], gblɔ be ɖeviwo kple dzilawo dome seselelãmekadodo me le gbɔdzɔgbɔdzɔm, alo be wometu kadodo ma ɖo gɔ̃ hã o. Ðevi mawo sena le wo ɖokui me be wogbe yewo, eye woƒe didi be yewoanɔ dedie mevaa eme o.”

Ðevi siwo womena beléle kple lɔlɔ̃ si wòdze be woana wo o ate ŋu ado dziku vevie, eye woaɖe woƒe dzikua ɖe amesiwo gbe wo alo ɖewohĩ amesiame ko ŋu. Ƒe ewoe nye si va yi la, Canadatɔwo ƒe numekuha aɖe ɖee fia be ehiã be woaɖe afɔ kpata, bene dzidzime blibo “si bunɛ be amegbetɔƒomea metsɔ ɖeke le yewo me o” dome nagagblẽ o.

Ðewohĩ adzro ɖevi siwo womeɖea lɔlɔ̃ fiana heléa be na o be yewoasi adzo le aƒeme be yewoakpɔ gbɔdzɔe tso kuxiawo me, gake wova kpɔa wo ɖokui le kuxi gãwo wu me le dugã siwo me nuvlowɔwɔ, atikevɔ̃ɖizazã, kple agbegbegblẽnɔnɔ bɔ ɖo me. Le nyateƒe me ƒe 20 kple edzivɔwo enye sia la, kpovitɔwo bu akɔnta be ɖevi sisila 20,000 siwo mekpɔ xɔ ƒe 16 haɖe o nɔ United States ƒe dugãnuto ɖeka ko me. Wogblɔ le wo ŋu be “wonye aƒe siwo me ma eye ŋutasẽnuwɔwɔ, siwo tsoa dzila ahamula alo atikevɔ̃ɖizãlawo gbɔ, bɔ ɖo la me tɔwo. Wozua ablɔdzitsilawo, wowɔa gbolo tsɔ kpɔa wo ɖokui dzi, ŋutsu gbolositsalawo zia wo dzi eye bubu megava nɔa wo ŋu o, eye vɔvɔ̃ nɔa wo me be ne yewote kpɔ be yewoasi la, habɔbɔ manɔsenu sia matsɔe ake yewo o.” Nublanuitɔe la, togbɔ be wodze agbagba geɖe be woatrɔ nɔnɔme gbãdziname sia hã la, egakpɔtɔ li kokoko.

Ðevi siwo tsi le nɔnɔme siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la me va zua ame tsitsi siwo meda sɔna o, eye zi geɖe la, womete ŋu nyia woa ŋutɔ ƒe viwo nyuie o. Esi womeɖe ɖetsɔleme kple lɔlɔ̃ fia woawo ŋutɔ o ta la, wodzia vi siwo va nɔna abe woawo ke ene—ɖevi siwo sena le wo ɖokui me be wometsɔ ɖeke le yewo me helɔ̃ yewo o. Germanytɔ dunyahela aɖe gblɔe kpokploe wòsɔ ale: “Ðevi siwo womeɖe lɔlɔ̃ fia o tsina va zua ame tsitsi fuléamelawo.”

Gake dzila miliɔn geɖe le wo tɔ sinua wɔm be yewoana yewo viwo nanya be yewole vevie eye wolɔ̃ wo. Menye ɖeko wogblɔnɛ na wo ko evɔ o, ke woɖoa kpe edzi to beléle na wo lɔlɔ̃tɔe kple ɖetsɔleme si ɖevi ɖesiaɖe dze na ɖeɖe fia wo hã me. Ke hã kuxiwo gakpɔtɔ li—wonye kuxi siwo gbɔ dzila ɖekaɖekawo ŋutɔ mate ŋu akpɔ o. Le kpɔɖeŋu me, le xexeame ƒe akpa aɖewo la, amegbetɔ ƒe ganyawo kple dunyaheɖoɖo madeblibowo mete ŋu kpɔ lãmesẽnyawo gbɔ alesi dze, sukudede si sɔ, kple nuɖuɖu si asu ɖeviwo nu, kpakple takpɔkpɔ tso kluvidɔwɔwɔ ƒe fuwɔame kple agbenɔnɔ le nɔnɔme wɔnublanuiwo me gbɔ o. Eye zi geɖe la, ame tsitsi ŋuklẽla, nufitifitiwɔla, ɖokuitɔdila, kple ameŋumabulawo naa nɔnɔme siawo gagblẽna ɖe edzi.

Kofi Annan si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã yɔ kuxi gã aɖewo siwo me tom ɖeviwo le egbea esi wòŋlɔ be: “Ðevi miliɔn geɖe yi edzi le ahedada ƒe gbɔɖiame dziŋɔwo ƒe fu kpem; wo dometɔ akpe alafa geɖe kpea fu le aʋawɔwɔ kple ganyawo ƒe gbegblẽ ta; wo dometɔ akpe geɖe zu nuwɔametɔwo le aʋawɔwɔwo ta; bubu geɖewo zu tsyɔ̃evi alo woku le HIV/AIDS ta.”

Gake menye nyadzɔdzɔawo katãe nye nublanuinya o! Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔwɔhawo, abe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha (UNICEF) kple Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ene wɔ geɖe be woatsɔ ana ɖeviwo ƒe nɔnɔmea naka ɖe eme. Annan gblɔ be: “Wodzia ɖevi geɖe wu wole lãmesẽ me eye wonaa mɔxexe na dɔléle tike wo dometɔ geɖe wu; geɖe wu ate ŋu axlẽ nu ahaŋlɔ nu; geɖe wu kpɔ ablɔɖe ate ŋu asrɔ̃ nu, afe eye woanɔ agbe abe alesi dze ɖeviwo ene wu alesi míebu le ƒe ʋɛ siwo va yi me be wòava nɔ.” Ke hã exlɔ̃ nu be: “Menye fifiae nye ɣeyiɣi si me míaɖe dzi ɖi le dzidzedze siwo míekpɔ va yi ta o.”

Esiwo Gbɔ Wòle Be Woakpɔ Etɔxɛe

Edze be woakpɔ ɖevi aɖewo gbɔ etɔxɛe. Le ƒe 1960-awo ƒe gɔmedzedze la, nyatakaka siwo tso dukɔ geɖewo me ku ɖe vidzĩ akpe geɖe siwo woyɔ be thalidomide-viwo ŋu la ʋuʋu xexeame. Ne funɔwo mi thalidomide sia si nye alɔ̃dɔtike la, egblẽa nu le wo ŋu le manyamanya me eye wònaa wodzia vi siwo ƒe abɔwo alo atawo tuna alo menɔa wo ŋu kura o. Zi geɖe abɔwo kple afɔwo nɔa sue ŋutɔ.

Le ƒe 40 megbe la, ametsrɔ̃nu si ate ŋu ana ɖeviwo nazu nuwɔametɔwo ye nye tomebɔmbwo. * Ame aɖewo bu akɔnta be tomebɔmb siwo ade miliɔn 60 va ɖo miliɔn 110 siwo ate ŋu awó ye woɖi ɖe xexeame katã. Ewua ame siwo ade 26,000 alo na wozua nuwɔametɔwo ƒe sia ƒe—siwo dome ɖevi geɖe hã le. Tso ƒe 1997 me, esime Jody Williams xɔ Nobel Ŋutifafa Nunana le eƒe tsotso ɖe tomebɔmbwo ɖeɖe ɖa ŋu ta la, wova trɔ susu ɖe kuxi sia ŋu geɖe wu. Gake teƒe siwo woɖi tomebɔmbwo ɖo gakpɔtɔ li. Germanytɔ dunyahela aɖe gblɔ ku ɖe agbagba siwo dzem wole be woaɖe tomebɔmbwo ɖa le xexeame ŋu be: “Ðeko wòsɔ kple alesi woatsɔ gatsivi anɔ tsi kum le tsilegba me be wòavɔ le esime woʋu pɔmpi wòle kɔkɔm ɖe eme.”

Ðeviwo ƒe hatsotso bubu si gbɔ wòle be woakpɔ etɔxɛe nye dzilamanɔsiviwo. Yehowa Mawu, amegbetɔ Wɔla, ɖoe be ɖeviwo natsi le vidada kple vifofo siaa ƒe beléle lɔlɔ̃tɔe me. Ðevi hiã dzilawo ƒe ɖetsɔleme sia si da sɔ eye wodze nɛ.

Tsyɔ̃evidzikpɔƒewo kple vixɔnyihabɔbɔwo dzea agbagba kpɔa ɖevi siwo si dzilawo mele o ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Gake nublanuitɔe la, zi geɖe ɖevi dahe akpa gãtɔ siwo koŋ wòhiã be woaxɔ anyi la boŋue wogblẽna ɖi—esiwo nye dɔnɔwo, esiwo nusɔsrɔ̃ tɔtɔa susu na, alo nuwɔametɔwo alo esiwo nye amedzroviwo.

Woɖo habɔbɔwo anyi siwo dea dzi ƒo na amewo be woanɔ ga dzɔm edziedzi be woate ŋu “axɔ” ɖevi siwo le dukɔ siwo me kesinɔnuwo mebɔ ɖo o la anyi. Wozãa ga siwo wodzɔna la tsɔ dea ɖevia suku alo tsɔ kpɔa eƒe agbemenuhiahiãwo gbɔe. Ne ehiã la, woate ŋu aɖo fotowo kple lɛtawo ɖe wo nɔewo atsɔ ado ŋusẽ ƒomedodoae. Togbɔ be ɖoɖo sia ɖe vi aɖewo hã la, menye egbɔkpɔnu adodoea ye wònye o.

Nu ɖedzesi bubu si wowɔ tsɔ na kpekpeɖeŋu dzilamanɔsiviwo ƒe kpɔɖeŋue nye habɔbɔ aɖe si ɖu eƒe ƒe 50 xɔxɔzã le ƒe 1999 me.

SOS-Ðeviwo ƒe Kɔƒe

Le ƒe 1949 me la, Hermann Gmeiner ɖo ɖoɖo si wòyɔ be SOS Ðeviwo ƒe Kɔƒe anyi le Imst, Austria. Tso gɔmedzedze nyaŋui sia dzi la, eƒe habɔbɔa keke ta va nye kɔƒe kple habɔbɔ mawo tɔgbe siwo ade 1,500 kloe le Afrika, Amerika, Asia, kple Europa dukɔ 131 sɔŋ me.

Gmeiner tu eƒe kpekpeɖeŋunadɔa ɖe gɔmeɖose ene dzi—siwo nye vidadaa, nɔviwo, aƒeame, kple kɔƒea. “Vidada” dzie “ƒome” si me ɖevi atɔ̃ alo ade—ɖewohĩ esi wu nenema—le dzi kpɔkpɔ nɔa te ɖo. Enɔa wo gbɔ eye wòdzea agbagba ɖea lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme fiaa wo abe alesi dze vidada ŋutɔŋutɔ ene. Ðeviawo wɔa ɖeka le “ƒome” ɖeka ma me kple “vidada” ma ke vaseɖe esime ɣeyiɣia nade be woaʋu le “aƒeme.” Ðevi siwo xɔ ƒe vovo ye nɔa “ƒomea” me. Esi “nɔviŋutsu” kple “nɔvinyɔnu” tsitsiwo kple suetɔwo siaa nɔa eme ta la, ɖeviawo srɔ̃na alesi woalé be na wo nɔewo, si wɔnɛ be womeva zua ɖokuiŋudzelawo o. Wodzea agbagba be woana ɖeviawo nawɔ ɖeka anye “ƒome” tso keke woƒe ɖevime ke alesi wòanya wɔe. Wokpɔa egbɔ be amesiwo nye dadaviwo nyea “ƒome” ɖeka me tɔwo ɣesiaɣi.

“Ƒome” siwo ade 15, siwo dometɔ ɖesiaɖe wotso aƒe na ye le kɔƒea ɖesiaɖe me. Wona hehe ɖeviawo katã be woakpe ɖe wo “dada” ŋu le aƒemedɔ siwo hiã la wɔwɔ me. Togbɔ be ɖewohĩ vifofo meli o hã la, wowɔ ɖoɖo ŋutsu va wɔa vifofo ƒe wɔƒe le aɖaŋuɖoɖo kple hehenana si hiã gome. Ðeviawo dea suku siwo le nutoa me. Wonaa ga home aɖe si woɖo ɖi koŋ “ƒome” ɖesiaɖe be woatsɔ akpɔ nuhiahiãwo gbɔe. Woƒlea nuɖuɖu kple nudodowo le nutoa me. Taɖodzinua enye be woana ɖeviawo nato ƒomegbenɔnɔ kple eƒe kuxiwo kpakple dzidzɔwo katã me, be wòana woanɔ agbe abe amesiame ene alesi wòanya wɔe. Esia dzraa wo ɖo na ƒomeɖoɖoanyi ne wova tsi.

Wokpɔtɔ Le Egbɔkpɔnu Adodoea Dim

Vixɔnyihabɔbɔwo, tsyɔ̃evidzikpɔƒewo, SOS Ðeviwo ƒe Kɔƒewo, UNICEF, kple habɔbɔ alo ƒuƒoƒo mawo tɔgbewo ɖea vi nyuiwo le woƒe agbagbadzedze le kpekpeɖeŋunana ɖevi dahewo me. Gake wo dometɔ aɖeke mate ŋu asẽ nu be ame aɖewo da ahe o. Aleke gbegbe woadze agbagbae o, womate ŋu aɖɔ ɖevi nuwɔametɔ ƒe ŋutinuwo ɖo, ada dɔ na esiwo le tagbɔdɔ lém, ana ɖevi nagawɔ ɖeka kple edzila siwo dome klã alo wogbe wo nɔewo, alo ana wòagawɔ ɖeka lɔlɔ̃tɔe kple dzila si ku le egbɔ o.

Aleke ke amegbetɔwo ɖadze agbagbae o, womate ŋu ahe ɖeviwo ƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu adodoea vɛ o. Gake woava kpɔ wo gbɔ! Ẽ, eye ɖewohĩ woakpɔ wo gbɔ kpuie wu alesi nàsusui. Gake aleke?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 17 Kpɔ nyati siwo tsiã ɖe enu si nye “Land Mines—What Can Be Done?” (“Tomebɔmbwo—Nukae Woate Ŋu Awɔ le Eŋu?”) si le míaƒe tata si nye May 8, 2000, Eŋlisigbe me tɔ me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]

Ðevi hiã dzila evea siaa ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia kple belélename eye edze be woanae