Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dodokpɔwo Me Toto Le Mawu ƒe Ŋusẽ Me

Dodokpɔwo Me Toto Le Mawu ƒe Ŋusẽ Me

Dodokpɔwo Me Toto Le Mawu ƒe Ŋusẽ Me

ABE ALESI STEPAN KOZHEMBA GBLƆE ENE

Gbeɖeka zãme, le April 1951 ƒe gɔmedzedze la, agbatsɔʋu siwo me Soviet srafowo yɔ va míaƒe kɔƒe si nye Stenyatyn me le Ukraine. Asrafo siwo si tuwo nɔ ƒo xlã aƒe siwo wode dzesii do ŋgɔ, eye wolé Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome blibowo de ʋu yi Siberia. Menye ƒe 12 vi si dzi nu wɔa dɔ ɖo ŋutɔ ɣemaɣi, eye mebu tame le nusita wowɔ nu ɖe wo ŋu nenema, kple alesi woawɔ anɔ te ɖe fukpekpe mawo nui la ŋu.

WODZIM le kɔƒe si nye Stenyatyn me le October 1938 me. Dada ku esi wòdzim kwasiɖa eve megbe, eye wowu Papa le ƒe 1944 me esime wònye Soviet-srafo wonɔ aʋa wɔm kple Germany. Tasinyewo, Olena kple Anna, va kplɔm be manɔ yewo gbɔ.

Le nye ɖevime la, menya Yehowa Ðasefo geɖe siwo nɔ míaƒe dua me. Woƒoa nu na mía kple ame bubuwo tso Mesia Fiaɖuƒea ŋu ɣesiaɣi si mɔnukpɔkpɔ su wo si. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva dze xɔ̃ Ðasefo sɔhɛ aɖewo. Ewɔ mo yaa nam ŋutɔ esi Soviet srafowo va lé wo heɖe aboyo wo yi Siberia.

Gake menye Ðasefowo katãe woɖe aboyoe o. Woɖe mɔ na Stepan, si nye Ðasefo si te ɖe míaƒe aƒe ŋu la be wòatsi anyi le esi eƒe ƒometɔwo menye Ðasefowo o ta. Etsi wum ƒe ade, eye esi medo le suku la, mía kplii míewɔ atikpadɔ. Esrɔ̃ Biblia kplim, eye wòzãa Gbetakpɔxɔ ƒe tata ɖesiaɖe si wòakpɔ. Stepan, si le Mawu vavãtɔ Yehowa subɔm le Estonia fifia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi mexɔ nyɔnyrɔ le July 1956 me.

Yehowa subɔla ɖesiaɖe si nɔ Ukraine do go tsitretsiɖeŋu ale gbegbe. Dziɖuɖumegãwo tsaa aƒewo me dia Biblia-srɔ̃gbalẽwo, eyata teƒe geɖe nɔ asinye meɣlaa agbalẽawo ɖo. Tasinyewo Olena kple Anna, siwo nye Hela Katolikotɔwo mekpɔ ŋudzedze ɖe nye hadede kple Ðasefowo ŋu o. Wote kpɔ gɔ̃ hã be yewoable nunye madzudzɔ hadede kpli wo. Ɣeaɖewoɣi mesena le ɖokuinye me abe apostolo Paulo ene be, ‘wowɔ fum geɖe ŋutɔ wu alesi mate ŋui.’ Gake mía kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo doa ŋusẽm be medo dzi le dodokpɔ ɖesiaɖe me.—Korintotɔwo II, 1:8; Filipitɔwo 4:13.

Nye Akpaɖekedzimademade ƒe Ʋiʋli

Enye dzizizi be sɔhɛ siwo xɔ ƒe 18 nage ɖe Soviet-srafodɔ me. Le Biblia me sidzedze si su asinye ta la, meɖoe kplikpaa be nyemade akpa aɖeke dzi le xexeame ƒe nyawo me o, si fia be megbe gege ɖe Soviet-srafodɔa me. (Yesaya 2:4; Yohanes 17:14-16) Olena kple Anna de dzi ƒo nam be mazu asrafo, togbɔ be wowu wo nɔviŋutsu, si nye fofonye le aʋaa me hã.

Esi wona agbalẽm be mage ɖe asrafodɔ me la, meyi asrafodɔwɔƒegã si le míaƒe nutoa me va ɖe nye nukpɔsusu me na wo. Enumake wolém de xɔ esime wonɔ nutsotso siwo woatsɔ ɖe ŋunye la dzram ɖo. Womeɖe mɔ ame aɖeke kpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃a teƒe o; womena tasinyewo gɔ̃ hã nya ŋkekea o. Meɖi ɖase tsitotsito na ʋɔnudrɔ̃laa, amesamala, kple ʋɔnudrɔ̃ha me tɔ eveawo. Wowu nusianu nu le aɖabaƒoƒo 20 me. Wotso afia nam—be woadem game ƒe atɔ̃, emegbe maganɔ game ƒe atɔ̃ bubu, siwo me woaxɔ dukɔmevinyenye ƒe gomenɔamesi aɖewo le asinye.

Nye Gamenɔnɔ

Le nyadɔdrɔ̃a megbe la, wodem game le Lviv. Dzinu etɔ̃ tso esime wolém vaseɖe esime wokplɔm yi dɔsesẽwɔsaɖa me la, nyemegade ha kple Kristotɔwo o, Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖeke menɔ asinye o. Gake mekpɔtɔ nɔ ŋute le gbɔgbɔ me to ɖaseɖiɖi na hatinye gaxɔmenɔlawo, amesiwo wòwɔ mo yaa na be megbe gege ɖe asrafodɔ me la dzi. Le dzinu mawo me la, ɖokuisinusɔsrɔ̃ siwo mewɔ hafi wodem gaxɔ me lae do ŋusẽm. Nuteƒekpɔkpɔa fia nu vevi aɖem: Ðokuisi Biblia sɔsrɔ̃ kpena ɖe mía ŋu be míatu gbɔgbɔme nudzraɖoƒe aɖe ɖo si alé mí ɖe te ne dodokpɔwo va.—Yohanes 14:26.

Le April 1958 me la, woɖem yi dɔsesẽwɔsaɖa 21 lia, si gogo Dnepropetrovsk, si anɔ kilometa 700 tso míaƒe aƒe gbɔ la me be mava nɔ nye gaxɔmenɔɣi mamlɛa le afima. Le afima la, míefɔna ŋdi ga 6:00, eye le ŋdinuɖuɖu vɔ megbe la, wolɔa mí kɔna ɖe ʋu me yia teƒe si didi tso míaƒe asaɖaa gbɔ anɔ kilometa 50 míeva wɔa dɔ. Míewɔa dɔ gaƒoƒo enyi le xɔtuƒewo, eye wogakua mí yia asaɖaawo me le zãme.

Míaƒe mlɔƒewo nye asrafonɔƒewo, eye amesiwo ade alafa ɖeka nɔ xɔ ɖeka me. Nuɖuɖua menyo o, eye nɔnɔme siwo me míenɔ mede ame dzi o; gake Ðasefo eve ya teti nɔ nye asaɖa me siwo medea hã kplii. Mía dometɔ ɖesiaɖe dzea agbagba be míade dzi ƒo na mía nɔewo. Esia nye mɔ bubu si nu Yehowa tona doa ŋusẽ eƒe subɔla siwo ɖo fukpekpe me—to hati dzixɔsetɔwo ƒe hadede me.—Korintotɔwo II, 7:6.

Ðasefo siwo nɔ asaɖaawo katã me nɔ ame 12. Mía dometɔ aɖewo ƒe ƒometɔwo nɔ duta, siwo ɣlaa Gbetakpɔxɔ ɖeɖeewo ɖe nuɖuɖu bablɛwo me vanɛ na mí. Zi geɖe mía ŋu dzɔlawo ʋua nubablɛawo heléa ŋku ɖe wo ŋu hafi tsɔa wo naa mí. Gake be woagakpɔe o la, woblaa Gbetakpɔxɔ ɖeɖeewo ɖe aŋenu me tsɔ dea jam-goewo me, eye ameŋudzɔlaawo metsia dzi be yewoaʋu wo o. Ne nyatiawo nya va ka mía si ko la, míezãa asi tsɔ gbugbɔ ŋlɔa woe mana ɖe mía nɔewo dome.

Míewɔ nusianu si míate ŋui hã be míaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea, eye Yehowa yra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, meva nya gamenɔla aɖe si ŋkɔe nye Sergei, eye wònye gakɔntabula le dukɔa ƒe dɔwɔƒe aɖe va yi le Ukraine ƒe ɣedzeƒe gome. Wova kpɔe be wofi ga le eƒe dɔwɔƒe eye wolée ɖe enu hetso afia be woadee gaxɔ me ƒe ewo. Ðasefo geɖe srɔ̃ nu kplii, eye wozã magazine ɖesiaɖe si wonya kpɔ ko. Nyawo dze Sergei ŋu eye mlɔeba wògblɔ nam be: “Ne woɖe asi le ŋunye la, madi be maxɔ nyɔnyrɔ azu Yehowa Ðasefo!” Sergei wɔ ɖe eƒe nya dzi, eye ɣeyiɣi kpui aɖe le asiɖeɖe le eŋu megbe la, exɔ nyɔnyrɔ eye wòsubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe eƒe ku me.

Romatɔwo Ta 13 lia Gɔmemasemase

Woɖem le game le January 1963 me, eye metrɔ yi míaƒe kɔƒedu, si nye Stenyatyn me. Enumake mede dzesii be nane nɔ fu ɖem le Sokal hamea me. Dzitsitsi aɖe ƒomevi nɔ nɔviawo me. Nukae nye kuxia? Nuka gbɔe tɔtɔ sia tso?

Soviet dziɖuɖumegãwo dze agbagba ƒe geɖe be yewoade mama Yehowa ƒe amewo dome, eye nusi wowɔnae nye be woléa nɔviwo va biaa gbe wo eye wotsoa wo nu be United States of America ye le Ðasefowo zãm tsɔ le eƒe tameɖoɖowo ŋudɔ wɔmee. Dziɖuɖumegãawo do susu ɖa be Ðasefo siwo le Soviet Union naɖo woawo ŋutɔ ƒe habɔbɔ si anɔ vovo, eye wògblɔ kpee be ema ana ŋutifafa anɔ woa kple Dukɔa dome eye woaɖe mɔ na wo woasubɔ yometiti manɔmee. Dziɖuɖumegãawo gblɔ nya siawo wòsɔ tome.

Le November 15, 1962 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ si va do le Ukraine emegbe le July 1, 1964 me la, woƒo nu tso Romatɔwo ta 13 lia ƒe gɔmesese yeye ŋu. Do ŋgɔ na ɣemaɣi la, míese “dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na” gɔme be woawoe nye Yehowa Mawu kple Yesu Kristo, gake Gbetakpɔxɔa gblɔ be “dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na” ŋutɔŋutɔe nye anyigba dzi dziɖuɖuwo eye be ‘Mawue ɖe mɔ na wo woli.’—Romatɔwo 13:1.

Esesẽ na Ðasefo aɖewo be woaxɔ nukpɔsusu yeye sia dzi ase, le esi anyigba dzi dziɖuɖu si le Soviet Union la sẽ ŋuta ale gbegbe le woƒe agbagbadzedze be woaɖe Mawu subɔsubɔ vavãtɔ ɖa me ta. Eyata Ðasefo siawo susui be menye Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa ŋutɔŋutɔ gbɔe gɔmesese yeye si le Gbetakpɔxɔ sia me tso o. Ke boŋ wosusui be ame aɖewo siwo va wɔ ɖeka kple dziɖuɖumegãwo ye kpa nya mawo be woatsɔ ana Ðasefowo nabɔbɔ wo ɖokui ɖe Soviet Dukɔa te wu.

Eyata biabia sia dze ŋgɔ Yehowa subɔla ɖesiaɖe si le Ukraine be, Ƒuƒoƒo ka ƒe nyae dzɔ, eye ka ƒe nyae medzɔ o? Mekpɔ Ðasefowo nɔ akpa eveawo dometɔ ɖeka dzi dem, eye mebia ɖokuinye be, ‘Susu kae le wo ʋãm?’ Medidi o mete ŋu kpɔ vovototo aɖe ƒã le akpa eveawo dome.

Yehowa Ðasefo akpa gãtɔ, siwo dometɔ aɖewo mese Romatɔwo ta 13 lia gɔme bliboe o gɔ̃ hã di be yewoalé ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu. Gake ame bubuwo ya te ɖikeke le wo ɖokui me be menye Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa ŋutɔŋutɔ gbɔe agbalẽ siwo tso Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ gbɔ le ɣeyiɣi mawo me la tso o. Nukpɔsusu si gbɔ eme nɔ nɔvi mawo si le nya geɖe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wosusui be mesɔ be nyɔnu nado awu ɣi le eƒe srɔ̃kpegbe o, eye menyo hã be srɔ̃tɔwo nado srɔ̃ɖesigɛ o. Ame geɖe do le haa me. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo kpɔ woƒe vodadawo dze sii eye wotrɔ va subɔ Yehowa.

Dɔwɔwɔ le Adzame

Togbɔ be woxe mɔ ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔa nu hã la, ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, míewɔa míaƒe kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe kpekpewo le ƒuƒoƒo siwo me tɔwo anɔ 10 va ɖo 15 me. Míekpɔa gbɔgbɔ me ŋusẽdoame le kpekpeawo me, to míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ kple hadede kple mía nɔewo le nusɔsrɔ̃a megbe siaa me. Míegblɔa míaƒe nuteƒekpɔkpɔwo na mía nɔewo, eye ekpe ɖe mía ŋu míekpɔe be ʋiʋli ɖekae dze ŋgɔ mí katã. Míetsɔ nya siwo apostolo Petro ŋlɔ la de dzi me be: “Fukpekpe mawo ke va mia nɔvi, siwo le xexeame la dzi.”—Petro I, 5:9.

Gbetakpɔxɔ me nyatiwo mee míedzrona. Aleke magazineawo wɔna va kaa mía si? Ðasefo siwo tsɔ wo ɖokui wɔ agbalẽtsɔlawoe tsɔa aŋe si wotsɔ ɖea fotoe si dzi woŋlɔ nyawo ɖo gbaa de tsɔ vaa Ukraine. Fotoɖeŋe siawo toa Ðasefo aɖewo koŋ ƒe asi me ɖekaɖeka. Eye wo dometɔ ɖesiaɖe ŋlɔa geɖe na eƒe hamea. Ɣeaɖewoɣi mekpɔa gome le wo ŋɔŋlɔ me. Mewɔa dɔ ŋkeke bliboa hewɔa dɔ ŋkubiãtɔe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me le magazinewo tata le zãme kple nu bubu geɖe me. Esesẽ ŋutɔ be míazɔ ɖe ɖoɖoa dzi, gake mí amesiwo dzi agbanɔamedziwo nɔ le habɔbɔa me va srɔ̃e be Yehowa “naa lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te.”—Yesaya 40:29.

Míedi mɔnukpɔkpɔwo ƒo nu tso Biblia ŋu na amesiwo míedoa goe. Mía dometɔ geɖe míewɔa esia ne míele mɔ zɔm le ʋu me. Mɔnu ɖeka si míelɔ̃a zazã atsɔ adze dzeɖoɖo gɔmee nye be nàxlẽ nyadzɔdzɔgbalẽ eye nàƒo nu tso nyadzɔdzɔ yeye aɖe ŋu na ame bubu le ʋua me. Ne míenya dze dzeɖoɖo gɔme ko la, míehea susu yia Biblia me nyati aɖe dzi. Míeto mɔ sia dzi kaka nyanyuia le míaƒe nutoa me.

Srɔ̃nyɔnu Zazɛ̃

Le ƒe 1965 me la, meɖe Tamara, amesi wonyi le Mawu subɔsubɔ me eye wònya nusi wòfia be woaʋli ame ƒe xɔse ta le dodokpɔ me. Wolé nɔviaŋutsu Sergei hedrɔ̃ ʋɔnui zi etɔ̃ ɖe Ðasefowo ƒe dɔ wɔwɔ ta. Zi mamlɛtɔ si wolée la, wokpɔ Gbetakpɔxɔ magazinewo le eŋu, eye wotso afia be woadee game ƒe ewo. Dziɖuɖumegãwo lé Tamara ŋutɔ hã kplɔ yi woƒe dɔwɔƒegã va bia gbee eye wodo ŋɔdzi nɛ be woadee game.

Esesẽ na mí be míakpɔ teƒe anɔ le míaƒe srɔ̃ɖeɖe megbe, gake ƒome aɖe si nɔ Sokal, siwo wɔa nu nyuie ɖe Ðasefowo ŋu na xɔ sue aɖe si ƒe asi bɔbɔ mí le woƒe aƒeme. Ƒomea na kakaɖedzi mí be Tamara ate ŋu anɔ xɔa me ne wòdzɔ be wogava lém de game gɔ̃ hã. Mía kple srɔ̃nye míeda akpe na Yehowa ɖe eƒe yayra ta kple ƒomea ɖe woƒe dɔmenyo ta. Emegbe esi ame aɖe ku na ƒomea la, Tamara zã mɔnukpɔkpɔa ɖe tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa me na wo vinyɔnu Galina. Biblia me nyateƒea si wòƒã la tse ku, eye Galina tsi va lɔ̃ mía Wɔla la. Eva xɔ nyɔnyrɔ, eye fifia eya kple srɔ̃aŋutsu wole Yehowa subɔm.

Le ƒe 1970 ƒeawo ƒe kwasiɖanuwuwu geɖe la, mezɔa mɔ yia Ukraine ƒe akpa vovovowo kple Moldavia (Moldova) kpakple Carpathian-towo dzi va kpena kple amesiwo xɔa ŋgɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa me hedea dzi ƒo na wo. Zi geɖe medzona Fiɖa fiẽ hetrɔna vaa aƒeme Kwasiɖa zãme. Zi geɖe Tamara menya afisi meyina o, eye kakaɖedzi menɔa esi ne magatrɔ agbɔ gɔ̃ hã o. Nɔnɔme sia yi edzi ƒe geɖe. Nusi Biblia gblɔ le nyɔnu zazɛ̃ ŋu la dzi koe mate ŋu aɖo kpee be: “Eƒe asime sẽ wu adzagba tɔ.”—Lododowo 31:10.

Le ŋkeke mawo me la, afɔku aɖe nɔa Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ ɖesiaɖe wɔwɔ me. Yehowa ƒe ŋusẽdoame koe na míete ŋu yi dɔa dzi. Medo go nɔnɔme sesẽwo zi geɖe, esi me nyemenya nusi mawɔ o. Eyata medoa gbe ɖa na Yehowa le ɖoɖoezizi me heɖoa ŋu ɖe eƒe ŋusẽ ŋu. Ewɔwɔ nenema va ma mí.—Dɔwɔwɔwo 4:29.

Nyitsɔ Laa Ɣeyiɣiwo Me

Esi ɣeyiɣi va nɔ yiyim la, agbe va nɔ bɔbɔe wu na Yehowa subɔla siwo le Ukraine. Yometitiwo dzi ɖe kpɔtɔ, eye fedodoname va xɔ ɖe gaxɔmeyiyi teƒe. Le ƒe 1980-awo me la, dziɖuɖumegãwo va de dzesii be dukɔwo dome habɔbɔ ŋutɔŋutɔe Yehowa Ðasefowo nye. Eyata ne Dukɔa le Ðasefowo dem game le Ukraine kple Soviet Union ƒe akpa bubuwo la, ke ele bubu klom le eɖokui ŋu le dukɔ bubuwo ŋkume. Meɖo ŋku edzi be dziɖuɖumegã aɖe si nɔ gbe biamem gblɔ nam be: “Míeva kpɔe dze sii be mawusubɔsubɔ megblẽa nu le ame ŋu o. Nusi le vevie na mí koe nye be subɔsubɔha aɖeke nagagblẽ nu le Dukɔa ŋu o.”

Ɣedzeƒe Europa dukɔwo te hadede kple dukɔ bubuwo le ƒe 1980-awo ƒe nuwuwu lɔƒo, eye tso ɣemaɣi la, ablɔɖe geɖe va su mía si le Ukraine. Le ƒe 1991 me la, woda asi ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le se nu. Emegbe le September 1998 me la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ɖo alɔdzedɔwɔƒe ɖe Lviv. Le ƒe 1999 ƒe gɔmedzedze la, wodze alɔdzedɔwɔƒe yeye si me dɔwɔla siwo wu 170 anɔ tutu gɔme. Fifia amesiwo wu 112,000 ye le gbeƒãɖeɖedɔa wɔm le Ukraine, eye amesiwo wu 250,000 ye de Ŋkuɖodzia le ƒe 2000 me. Nane si ɖe dzesi wue nye sɔhɛ agbɔsɔsɔme siwo le mía dome. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe biam le takpekpe gã aɖe si míewɔ le Kiev le ƒe 1991 me be:

“Afikae ame gbogbo siawo gbegbe tso? Mebuna be Ðasefowo mele Soviet Union o, gake zi ɖeka ko mieva ɖo akpe nanewo!”

Megblɔ nɛ be: “Menye ɖeko míeva do zi ɖeka o. Ƒe geɖe enye sia míele Yehowa subɔm le afisia.”

Ebia be: “Aleke miewɔ he sɔhɛ geɖe va miaƒe subɔsubɔa me alea?”

“Nu nyuitɔe nye be nàbia gbe sɔhɛawo ŋutɔ. Na woagblɔ nusita wodi be yewoasubɔ Yehowa na wò.”

Nyadzɔdzɔŋlɔlaa gblɔ be: “Mebia wo xoxo. Wogblɔ nam be edzɔa dzi na yewo.”

Megblɔ kpee be: “Ke susu ma tae. Ne nenemae míaƒe sɔhɛawo gblɔ la, ke numeɖeɖea koe nye ma.”

Menye sɔhɛwo koe Yehowa subɔsubɔ dzɔa dzi na o. Ƒe si mía kple Tamara míetsɔ le esubɔmee vaseɖe fifia ƒe ƒuƒoƒo wu ƒe 80, eye naneke meli si ana míatrɔ míaƒe dzixɔse o. Togbɔ be míenye Yehowa Ðasefowo hã la, kuxiwo kpɔtɔ le mía ŋu. Míekpɔe dze sii be zi alesi nuɖoanyi xoxo sia kpɔtɔ li la, amesiame ado go nɔnɔme sesẽwo. Gake wodzra mí ɖo be míakpe akɔ kple dodokpɔwo wu ameha ɖesiaɖe si le anyigba dzi. Míeɖoe kplikpaa be míakpe akɔ kple dodokpɔ siawo abe tsã ene le míaƒe Mawu ŋusẽkatãtɔ Yehowa ƒe ŋusẽdoame me. Míesena le mía ɖokui me abe Mose ene esi wòdzi aʋadziɖuha sia be: “Nye ŋusẽ kple kafukafuha enye Yehowa, elabe eya gbɔ ɖeɖe tso va nam.”—Mose II, 15:2.

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Mía kple hati Ðasefowo le dɔsesẽwɔsaɖa 21 lia me

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Ukrainegbe me “Gbetakpɔxɔ” si wota wòle sue (eƒe lolome ŋutɔŋutɔe)

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Mía kple srɔ̃nye Tamara

[Nɔnɔmetata si le axa 24, 25]

Alesi nutala aɖe ta alɔdzedɔwɔƒe yeye si tum wole le Lviv lae

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Nukatae sɔhɛ geɖe siwo le Ukraine subɔa Yehowa?