Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔkpɔkpɔ Le Asinye Togbɔ Be Menye Nuwɔametɔ Hã

Mɔkpɔkpɔ Le Asinye Togbɔ Be Menye Nuwɔametɔ Hã

Mɔkpɔkpɔ Le Asinye Togbɔ Be Menye Nuwɔametɔ Hã

ABE ALESI KONSTANTIN MOROZOV GBLƆE ENE

Esime wodzim le July 20, 1936, dzi la, ƒu sesẽ aɖeke menɔ nye ametia ƒe akpa aɖeke tsɔ wu nye tago kple dzimeƒuwo o. Nye lãmeƒuwo katã nɔ ko abe ƒuxlɔ̃e si le ame tsitsi ƒe tolã me ene. Nye kpekpeme mede kilogram afã o. Dzesi siwo fia be agbe le menye koe nye dzi si nɔ dɔ wɔm dzadzadza, gbɔgbɔ si nu mesẽ o, kple ʋaʋã vivivi.

NYEE nye vi asieke dometɔ adrelia le ƒome aɖe si nɔ kɔƒedu si nye Sara, le Ul’yanovsk Oblast, si le Russia ƒe titina la me. Esi mexɔ kwasiɖa etɔ̃ la, dzinyelawo kɔm yi sɔleme be woade tsi ta nam. Nunɔla la wɔ kaba hlẽ tsi ɖe dzinye eye wògblɔ na dzinyelawo be woakɔm ayi aƒemee kaba, elabena egblɔ be mele kuku ge le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe.

Le January 1937 me la, dzinyelawo kɔm yi dugã si nye Kazan’, si nye Russia ƒe nuto si nye Tatarstan ƒe fiadu la me be woatsɔm ava kpɔ atikewɔla bibi aɖewo. Ɣemaɣi la, mete ŋu gblɔa “Dada,” “Papa,” kple “Babushka” (Mama), eye menya nɔvinyeŋutsuwo ƒe ŋkɔwo. Esi ɖɔktawo lé ŋku ɖe ŋunye la, wogblɔ na dzinyelawo be mele kuku ge le ƒe ɖeka me. Wodo susua ɖa be yewoawum atsɔ ade ahuhɔ̃eɖaka me wòanye nukpɔkpɔ be woatsɔ anɔ nu fiam atikewɔwɔ ŋuti nusrɔ̃lawoe. Aleke gbegbe medaa akpe na dzinyela lɔlɔ̃awoe nye si be wotso nya me kaŋ gbe!

Ðevimenɔɣi si Yɔ Kple Fukpekpewo

Megaɖoa ŋku edzi kokoko be menɔa veve sem le nye ŋutilã me ɣesiaɣi. Ke hã tso ɖevime ke la, medzea agbagba be nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ asinye eye medzea agbagba be mako nu geɖe ahase vivi na agbe. Nɔnɔme siae tsi asinye. Nye lãmeƒuwo dze sesẽ vivivi, eye mete ŋu nɔa anyi tana vivivi. Nyemetsi abe ɖevi bubuwo ene o, eye nuwɔame gblẽ nu le ŋunye vevie. Gake mete ŋu srɔ̃a nu, eye kaka maxɔ ƒe atɔ̃ la, mete ŋu xlẽa nu heŋlɔa nu.

Le ƒe 1941 ƒe May me la, danye gakɔm yi sɔleme zi evelia. Ame geɖe nɔ afima, eye wo katã wodze klo nɔ gbe dom ɖa. Nyɔnu subɔla aɖe va Dada gbɔ hebiae nusita medze klo o. Esi Dada tsɔm fiae la, eyi va ƒo nu kple nunɔla la. Esi subɔlaa trɔ la, ekplɔ mí yi mɔa nu eye wògblɔ na Dada be wòagblẽm ɖe gota ne eya ɖeka nage ɖe xɔa me. Egblɔ be le dzinyelawo ƒe nuvɔ̃ tae “makɔmakɔtɔ” la tsɔm na wo. Dada trɔ yi aƒeme kple aɖatsi. Mebu tame le nusia ŋu ɣeyiɣi didi. Mebiaa ɖokuinye be, ‘Amekae nye “makɔmakɔtɔ” sia?’

Le ƒe 1948 me, esime mexɔ ƒe 12 la, Dada kɔm yi kɔƒe si nye Merenki me le Chuvash Nutoa, si didi anɔ kilometa 80 tso míaƒe aƒe gbɔ. Dɔyɔtsiwo nɔ afima, eye Dada nɔ mɔ kpɔm be woate ŋu ayɔ dɔ nam le tsia me. Nusiwo nunɔlawo bia be woawɔ hafi woayɔ dɔ nam dometɔ ɖekae nye be nyemegaɖu nu o ŋkeke etɔ̃. Wobia hã be maxɔ Nuɖuɖu Kɔkɔe le sɔlemea. Togbɔ be nyemeka ɖe sɔlehaa dzi boo o hã la, melɔ̃ ɖe nusiwo wobia la dzi. Mɔzɔzɔa didi nam eye wòtea ɖeɖi ame ŋu, gake medo dzi, mena gbe dama dzeani siwo nɔ mɔa dzi xɔ nye susu me.

Amewo yɔ sɔlexɔa me. Esi Dada kɔm to ameawo dome yina la, nyɔnu tsitsi aɖe tsɔ kpetike aɖe nam. Mexɔe de nye kotoku me. Esi wòɖo dzinye be maxɔ Nuɖuɖu Kɔkɔea la, nyɔnu tsitsia do ɣli be: “Fada, megana Nuɖuɖu Kɔkɔe lae o! Eɖu kpetike fifi laa!” Meɖe eme be kpetikea le nye kotoku me, gake nunɔlaa do ɣli be: “Wò nuwɔametɔ mabuame! Alakpa hã da ge nèlea? Mikɔe dzoe le sɔlexɔa me!” Gake ŋufɔke la, nunɔla bubu nam Nuɖuɖu Kɔkɔea eye wòtsɔ “tsi kɔkɔe” klɔ ŋunye. Gake nukunu aɖeke medzɔ o. Nye lãmegbegblẽa ganɔ anyi.

Agbalẽsɔsrɔ̃ me Ŋgɔyiyiwo

Togbɔ be menye nuwɔametɔ ale gbegbe le ŋutilã me hã la, le nye ƒewuiwo me la, meminya agbalẽsɔsrɔ̃ me taɖodzinu geɖe. Le ƒe 1956 me la, meɖo Komsomol (Kɔmiunist Sɔhɛwo ƒe Nubabla) me, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mefia Komsomol ŋutinya sɔhɛ siwo ganɔ mía yome. Menye Dekɔnunyawo Gbɔkpɔƒe me tɔ le nuwɔametɔwo ƒe aƒe aɖe me, eye menye radio dɔwɔƒe dzikpɔla kple radio dzi dɔwɔla le afima.

Gakpe ɖe eŋu la, menye agbalẽdzraɖoƒedzikpɔla le ŋkunɔwo ƒe agbalẽ siwo wolé ɖe agba dzi tsɔ tsanae dzikpɔƒe, eye wotiam be manye Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe Ha si Tsi Tre Ðe Ahatsunono Ŋu me tɔ. Mede ha kple hadziha aɖe hã, si me medzi ha, heƒo haƒonu geɖe hã le.

Le Nuwɔametɔwo ƒe Aƒeme

Le ƒe 1957 me esime mexɔ ƒe 21 la, nye lãmegbegblẽa zi dzinye be meva nɔ nuwɔametɔwo ƒe aƒeme. Gake meɖoe kplikpaa be nyemana ta o. Le ƒe 1963 ƒe October me la, meyi ɖe Moscow ƒe Ŋutinuwo Ðɔɖɔɖo Ŋutinusrɔ̃ƒe. Le afima la wowɔ dɔ vovovo 18 nam be woatsɔ adzɔ nye afɔwoe.

Gbã wohe nye afɔwo. Le ŋkeke enyi megbe la, wowɔ dɔ le wo ŋu. Emegbe wobla afɔawo be woanɔ wo teƒe vaseɖe ɣeyiɣi si woawɔ dɔ si akplɔe ɖo. Dɔnɔdzikpɔlaa faa avi ne ekpɔ fu si gbegbe kpem menɔ.

Le dzinu ene siwo kplɔe ɖo me la, mesrɔ̃ zɔzɔ kple bunɔwo ƒe atizɔti. Mete ŋu zãa bunɔwo ƒe atizɔtiawo tsɔ tsona eye nye kɔkɔme va ɖo afɔ etɔ̃ kloe. Nye kpekpeme wu kilogram 25 vie. Esi mete zɔzɔ kple bunɔwo ƒe atizɔtiawo ko la, megatrɔ yi nuwɔametɔwo ƒe aƒeame le ƒe 1964 me. Nublanuitɔe la, nye afɔmeƒu masẽmasẽawo mete ŋu tsɔa nye ametia ƒe kpekpeme o, eye medidi o eva hiã be maganɔ tatam, alo azã bunɔkeke hafi azɔ. Vaseɖe egbe la, bunɔkeke koŋue mezãna tsɔ zɔnae.

Nyemegadea sɔleme azɔ̃ o. Nya si wogblɔ be “makɔmakɔtɔ” ye tsɔm na wodzi la kua dzi nam ale gbegbe. Melɔ̃ fofonye kple danye ale gbegbe, eye nyemate ŋu axɔe ase be woawo kple Mawue na mele nɔnɔme ma me o. Medzea agbagba be nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ asinye. Medina be mawɔ nyui na amewo, eye vevietɔ wu la, matsɔ ana kakaɖedzi ɖokuinye be nye hã mate ŋu awɔe.

Ðokuinyesi Nɔnɔ

Le ƒe 1970 me la, meɖe Lidia, amesi ƒe akpa aɖewo tu tso ɖevime ke. Míeƒle aƒe sue aɖe si me míenɔ ƒe 15 sɔŋ. Le ɣemaɣiwo la, mía kple evea siaa míewɔa dɔ tsɔ kpɔa mía ɖokui dzii. Mesrɔ̃ gaƒoɖokui kple mɔ̃ sue bubuwo dzadzraɖo.

Mezã avu si wona hehee tsɔ wɔa dɔ vevi geɖe hena ɣeyiɣi aɖe. Le nyateƒe me la, mía kple ame aɖe si naa hehe avuwo míewɔ kɔmega tɔxɛ aɖe na avuawo. Avu eve nɔ asinye—ɖeka ŋkɔe nye Vulkan eye eveliae nye Palma. Palma nye zɔhɛ nuteƒewɔla ƒe geɖe. Ne míeyi fiase me la, eva tsɔa nuɖuɖu bablɛwo vɛ nam. Nusi ko medina be yeawɔ o enye be wòanɔ fli me ne míeyina fe xe ge. Etsɔa eƒe aɖuwo léa nye gakotokua eye nulénu sue aɖe nɔ eƒe kɔmegaa ŋu si ŋu metsi nye asiƒlekplo ɖo.

Le ƒe 1973 me la, danye dze dɔ vevie. Esi wònye menɔ aƒeme ɣesiaɣi ta la, mía kple srɔ̃nye míetso nya me be míava kplɔe wòava nɔ mía gbɔ. Kaka ɣemaɣi naɖo la, fofonye kple nɔvinyeŋutsu atɔ̃ ku xoxo, eye nɔvinye etɔ̃ mamlɛawo nɔ Russia ƒe akpa bubuwo. Esime Dada nɔ mía gbɔ la, medze agbagba be mawɔ ɖesiaɖe si mate ŋui nɛ. Eva ku mlɔeba esi wòxɔ ƒe 85.

Le ƒe 1978 me la, meɖoe be mawɔ ʋu na ɖokuinye. Esi mete kpɔ wɔ geɖe tsɔ srɔ̃ ewɔwɔ vɔ megbe la, mete ŋu wɔ ɖeka mlɔeba si sɔ nam. Dukɔa ƒe Ʋukukudɔdzikpɔƒe si le afima ɖe mɔ nam be makui atsɔ adoe kpɔ ne woadee agbalẽ me. Mena ŋkɔe be Osa (Wasp). Mía kple srɔ̃nye míewɔ kekexɔ sue aɖe ɖe eŋu si ate ŋu atsɔ agba si ƒe kpekpeme ade kilogram 300. Mía kple evea míete ŋu nɔa eme tsana hetsɔa nuwo ɖe ŋuti. Míezã ʋu sia vaseɖe ƒe 1985 me.

Le ɣeyiɣi sia me la, nye miame ŋku gbã, eye nye ɖusime ŋku meganɔ nu kpɔm nyuie o. Emegbe dzidɔ va dze Lidia dzi. Le ƒe 1985 ƒe May me la, míaƒe lãmegbegblẽa zi mía dzi be míeʋu yi nuwɔametɔwo ƒe aƒe aɖe me le dugã si nye Dimitrovgrad me.

Nusita Dzi Dzɔam Ale Gbegbe Fifia

Le ƒe 1990 ƒe dzomeŋɔli la, Yehowa Ðasefowo va nuwɔametɔwo ƒe aƒe si me míenɔ la me. Woƒe nufiafiawo dzɔ dzi nam ale gbegbe. Woxlẽ nu tso ŋutsu si wodzi wònye ŋkunɔ si ƒe nya le Yohanes ƒe Nyanyuia me la ŋu nam. Yesu gblɔ le eŋu be: “Menye amesia alo eƒe dzilawoe wɔ nuvɔ̃ o.” (Yohanes 9:1-3) Woɖe eme nam be ɖe míenyi nuvɔ̃ kple dɔléle dome tso mía tɔgbui Adam gbɔ.—Romatɔwo 5:12.

Ƒo wo katã ta la, nyateƒe si nye be Mawu ayɔ dɔ amesiwo katã akpɔ agbe anɔ Via Yesu Kristo ƒe Dziɖuɖua te, esime woagbugbɔ Paradiso ava anyigba dzi la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. (Psalmo 37:11, 29; Luka 23:43; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Dzidzɔɖatsiwo nɔ dodom le mo nam, eye megblɔ na ɖokuinye be: “Mekpɔ nyateƒe la, nyateƒe la, nyateƒe la!” Mesrɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo ƒe ɖeka, eye le ƒe 1991 me la, mexɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me tsɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu dzi.

Togbɔ be edzroam vevie be masubɔ Yehowa eye maɖe gbeƒã eƒe tameɖoɖo wɔnukuawo hã la, mɔxenu geɖe ɖe kpe nam. Tsã la, mehiã be matsa o, gake fifia eva hiã be mado ava gblɔ nye dzixɔsewo na amewo. Nye anyigbamama gbãtɔ si me maɖe gbeƒã le enye míaƒe nuwɔametɔwo ƒe aƒeame, afisi amesiwo wu 300 le. Be mate ŋu aɖo ame geɖe alesi nu anya wɔ gbɔ la, mebia be woana dɔm le xɔ si me wokpɔa aƒeamenyawo gbɔ le la me.

Ŋdi sia ŋdi la, menɔa nye dɔwɔƒe nɔa nye dɔdasiwo wɔm. Le nye dɔa wɔwɔ me la, medze xɔlɔ̃ yeye geɖe eye medzroa Biblia me nyati dodzidzɔnamewo me kpli wo. Wo dometɔ geɖe xɔ agbalẽ kple magazine geɖe siwo kpe ɖe wo ŋu be wose Biblia gɔme. Eva ma amesiwo vaa afima be woana maxlẽ Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo na wo. Le ŋdɔnuɖuɣiwo la, amewo yɔa xɔ si me mía kple srɔ̃nye míele me ale gbegbe be ɣeaɖewoɣi, ame bubu aɖeke magate ŋu ava eme o.

Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamea me kpena ɖe ŋunye geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me. Wotsɔa Biblia-srɔ̃gbalẽwo vɛ na mía kple srɔ̃nye hezãa ɣeyiɣi ɖe mía ŋu. Wokpena ɖe ŋunye le Fiaɖuƒe Akpata me yiyi hena hamea ƒe kpekpewo hã me. Ðasefo aɖe ƒle dzokeke si ŋu kekeʋu nɔ be wòatsɔ anɔ nye kɔmee. Enye dzidzɔ be nɔvi bubu siwo si ʋu le va kɔam le vuvɔŋɔli me dzinuwo me.

Belélename lɔlɔ̃tɔe alea wɔe be mete ŋu de takpekpe gã, alo Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiakpekpe geɖe. Gbãtɔ si medee nye dukɔwo dome takpekpe gã si wowɔ le Moscow si ame gbogbo aɖe de le July 1993 me, afisi vavalawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake ɖo 23,743, tso dukɔ siwo wu 30 me. Ehiã be mazɔ mɔ abe kilometa 1,000 ene hafi ade takpekpe ma. Tso ɣemaɣi la, Yehowa ƒe amewo ƒe takpekpe gã aɖeke meto ŋunye kpɔ o.

Nuwɔametɔwo ƒe aƒe si me míele la dzi kpɔlawo dea bubu ŋunye ale gbegbe, eye medaa akpe ɖe eta. Srɔ̃nye Lidia, amesi mía kplii míeli ɖekae ƒe 30 hã kpena ɖe ŋunye, togbɔ be meda asi ɖe nye subɔsubɔdzixɔsewo dzi o hã. Gake ƒo wo katã ta la, Yehowa zãa eƒe alɔkame sesẽ la kpena ɖe ŋunye eye wòkɔa eƒe yayra wɔnukuwo ɖe dzinye. Nyitsɔ laa, le September 1, 1997, dzi la, woɖom menye gbesiagbe mɔɖela, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawoe.

Nɔnɔmewo do mo ɖa zi geɖe le nye agbe me si ate ŋu ana nye dzi nadzudzɔ dɔwɔwɔ eye maku hafi. Aleke gbegbe dzi dzɔam be medzɔ nenema o, eye meva nya Agbenala, Yehowa Mawu helɔ̃e enye si! Medi be mayi edzi awɔ ɖeka kple nye gbɔgbɔme nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo le xexeame godoo asubɔe zi alesi nye dzi kpɔtɔ le dɔ wɔm.

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Mía kple srɔ̃nye Lidia

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Nufiafia nusrɔ̃vi aɖe le míaƒe nuwɔametɔwo ƒe aƒeme