Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukata Papa Dzo le Mía Gbɔ?

Nukata Papa Dzo le Mía Gbɔ?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukata Papa Dzo le Mía Gbɔ?

“Nyemese nusi tututu ta fofonye dzo gɔme o. Nusi menya koe nye nya si danye gblɔ nam.”—James. *

NE VIFOFO aɖe fɔ agba dzo le aƒeme la, ehea vevesese kple dzigbagbã gã aɖe vɛ na amesiwo wògblẽ ɖi. James si xɔ ƒe 14, si míeyɔ le gɔmedzedzea gblɔ be: “Metɔtɔ ale gbegbe esime dada kple papa gbe wo nɔewo.” Ne vifofo dzo nya aɖeke magblɔmagblɔe eye mena kadodo aɖeke le wo kple ƒomea dome o la, fɔbuameɖokui kple amegbegbe ƒe seselelãmewo kpakple dzikudodo ate ŋu awɔ fu viawo ƒe geɖe. *

Ne wò ŋutɔ fofowò dzo la, ɖewohĩ ànya nu tso susu dodzikuname si tae wòdzo ŋu. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Michael gblɔ be: “Nyɔnu bubu tae Fofonye dzo ɖo. Mekpɔ woa kple nyɔnua kpɔ, eye dɔme vem ŋutɔ. Mese le ɖokuinye me be Papa flu mí.” Gake ɣeaɖewoɣi la, dzodzo alea ate ŋu ana woakpɔ gbɔdzɔe. Melissa si fofo nye ahamula, gblɔ be: “Ne ɖe wòle aƒeame la, nɔnɔmewo agasẽ na mí wu.”

Gake zi geɖe la, ɖeviwo menyaa nusita wo fofo dzo o, eye esia ate ŋu awɔe be eƒe anyimanɔmanɔ nagate ɖe wo dzi wu. Nyateƒee be ɖewohĩ ànya be masɔmasɔwo le dziwòlawo dome, gake mava susu me na wò gbeɖe be woava klã tso wo nɔewo gbɔ o. Robert ɖo ŋku edzi be: “Esime Papa dzo la, nyemese nusiwo nɔ edzi yim la katã gɔme tututu o. Nusi menya koe nye be kuxi sesẽwo nɔ anyi elabena dzre nɔa dzinyelawo dome ɣesiaɣi.”

Ke nukata vifofo aɖewo dzona le aƒeme ɖo? Ne wò ŋutɔ fofowò dzo la, ɖe wòle be nàbui be eɖoe koŋ gbe wòa? Eye nukata ɖewohĩ dziwòlawo agbe eŋunya geɖe gbɔgblɔ na wò? Ðe mehiã be woaɖe nu me na wò oa?

Nusita Womia Nu Ðe Edzi

Susu siwo ta vifofo dzona medoa dzidzɔ na ame ɣeaɖekeɣi o. Zi geɖe la, etsoa ahasiwɔwɔ gbɔ—si nye agbegbegblẽnɔnɔ si wotsɔ ɣlaa ƒomea me tɔwo. Ne srɔ̃nyɔnu va nya nu tso nugbegblẽwɔwɔa ŋu la, ate ŋu atso nya me be yeagbe ye srɔ̃a. Ate ŋu abia tso ŋutsua si gɔ̃ hã be wòadzo kpoo do ŋgɔ hafi wòava bia srɔ̃gbegbalẽ le ʋɔnu. Ðewohĩ ɖeviawo manya naneke kura tso nusita nusia le dzɔdzɔm ŋu o.

Gake dze agbagba nàse nusi anɔ eme be eyatae dawò mete ŋu gblɔ nusi tututu dzɔ na wò o la gɔme. Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be ɖewohĩ abui be fofowò ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu nya gbɔgblɔ na wò ava wu tsɔtsɔ na wò. Bu alesi gbegbe wòagbã dzi na nyɔnue ne eva nya be ye srɔ̃ mewɔ nuteƒe o la hã ŋu kpɔ. (Maleaxi 2:13, 14) Eyata ne ahasiwɔwɔ tae dziwòlawo gbe wo nɔewo la, megawɔ nuku na wò ne nyaa gbã dzi na dawò vevie be mete ŋu gblɔe na wò o.

Ke fofowò ya ɖe? Eme kɔ be ne ele eme be mewɔ nuteƒe na dawò o la, eŋunya gbɔgblɔ na wò asesẽ nɛ. Ŋutsu aɖewo ƒe agbegbegblẽnɔnɔ kpea ŋu na wo ale gbegbe be wo viwo gɔ̃ hã ƒe mo kpɔkpɔ sesẽna na wo! Gake le vifofo geɖe gome la, togbɔ be wowɔ ŋukpenanu sia hã la, woyia edzi lɔ̃a wo viwo eye wote ŋu dzea agbagba ganaa kadodo nɔa wo kpli wo dome.

Ɣeaɖewoɣi la, vifofoa dzona le srɔ̃anyɔnu ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ta, eye wòdzea agbagba ɖesiaɖe nɔa ƒomedodo kplikplikpli me kple viawo. Gake le nudzɔdzɔ bubuwo me la, menye ahasiwɔwɔ gbɔe srɔ̃gbegbe tsona kura o, ke boŋ etsoa srɔ̃ɖeɖe me dzrehehe ƒe geɖe si va wu tsɔtsɔ na ame gbɔ. * (Lododowo 18:24) Esi wònye zi geɖe nusia yia edzi le woawo ɖeɖe dome ta la, màte ŋu anya nusi he dzrea vɛ o.

Biblia gblɔ le Lododowo 25:9 be: ‘Wɔ wò ŋutɔ wò dzre kple hawòvi; ke megaʋu go ame tutɔ ƒe nya ɣaɣla o.’ Ɣeaɖewoɣi la, srɔ̃ɖeɖe me nyaʋiʋliwo kuna ɖe srɔ̃tɔawo ɖeɖe ko dome nyawo ŋu. Togbɔ be egɔmesese asesẽ na wò hã la, ade dziwò wu ne mèxa se nya mawo o. Gawu la, ɖeko goʋuʋu “nya ɣaɣla” naa nɔnɔmea gagblẽna ɖe edzi. Nyaa sese awɔe be nàde akpa ɖeka dzi—eye ɖeko wòagade mama wò ƒomea me ɖe edzi. Eyata nyataƒoƒoa koe nye be ade dziwò wu ne dziwòlawo mia nu ɖe nusiwo gbɔ woƒe dzrehehe aɖewo tso dzi.

Za Nugɔmesese Nàtsɔ Aɖu Dzikudodo Dzi

Gake asesẽ be dzi nagaku wò o ne fofowò dzo le aƒeme, eye màte ŋu aɖo biabia si nye, Nukatae? la ŋu o. Ke hã Biblia gblɔ le Lododowo 19:11 be: ‘Ame ƒe nugɔmesese faa eƒe dziku nu, menye kokoko be wòaɖee o.’ Eye mahiã be nàse nyawo katã hafi ase nu gɔme o.

Le kpɔɖeŋu me, Biblia na míekpɔe be mía dzilawo mede blibo o. Egblɔ be: “[Amewo] katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim.” (Romatɔwo 3:23) Lɔlɔ̃ ɖe nyateƒenya wɔnublanui sia dzi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàtsɔ nukpɔsusu si sɔ akpɔ dziwòlawo ƒe vodadawoe. Le kpɔɖeŋu me, ne fofowò mede bubu eƒe srɔ̃ɖetamkaka ŋu o la, enye agɔdzedze gã—si nye nusi ŋu wòabu akɔnta le na Mawu. (Hebritɔwo 13:4) Gake mefia kokoko be egbe wò alo be melɔ̃ wò o.

Srɔ̃tɔwo katã kpɔa “xaxa le ŋutilã me.” (Korintotɔwo I, 7:28) Eye togbɔ be womate ŋu atsɔ xaxa siawo ado taflatsee o hã la, ŋutsu kple nyɔnu aɖewo wɔa nugbegblẽ le agbemenyaƒoɖeamenu siwo le xexe sia si me xaxawo bɔ ɖo me ta. Robert ɖo ŋku edzi be: “Papa tsɔ ɖe le míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ me vevie. Ena ƒomea ʋu yi nuto aɖe me afisi wòbu be nuwo ate ŋu ade ye dzi le dɔwɔɖui gome wu be aƒe nyui nate ŋu asu mía si eye ƒomea nakpɔ dzidzɔ.” Gake medidi o fofoa ƒe susu nyui sia kple agbagba siwo wòdze be yeana agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi na eƒe ƒomea va trɔ bubui kuraa. Robert ɖe nu me be: “Papa megava tsɔa dzo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo yiyi ŋu o. Emegbe dɔ va ge le esi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva nɔa ŋutasẽnuwo wɔm ɖe danye kple nɔvinyenyɔnu ŋu.” Medidi o nɔnɔmewo va gblẽ ɖe edzi ale gbegbe be fofoa kple dadaa gbe wo nɔewo.

Robert ate ŋu ado dziku vevie le fofoa ƒe kpododonu alea ta hafi. Gake nusiwo me fofoa to gɔmesese na eƒe dziku nu fa. Togbɔ be Robert dzilawo ƒe wo nɔewo gbegbea gbã dzi nɛ vevie hã la, esrɔ̃ nu vevi aɖe tso eme. Robert gblɔ be: “Ne ƒome va su asinye la, ele be gbɔgbɔmenuwo naxɔ nɔƒe gbãtɔ.”

Michael si míeyɔ va yi hã dze ŋgɔ alesi wòanɔ te ɖe dzikudodo ƒe seselelãmewo nui kpɔ. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Medina be mawɔ nu wòave fofonye le nusi wòwɔ ɖe mía ŋu ta.” Gake ena ƒomedodo nyui boŋ nɔ eya kple fofoa dome. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Michael te ŋu ɖu eƒe dzikua dzi gɔ̃ hã eye wònɔ agbe alesi dze.

Anyo be wò hã nàdze agbagba ana wò kple fofowò dome ƒomedodo nali ke alesi nɔnɔmeawo aɖe mɔe. Nyateƒee, eƒe nuwɔna anya gblẽ nu le wò kple dawò ŋu vevie ya. Gake ɖewohĩ mènya nyateƒe bliboa o. Evɔ ne èva nya be ewɔ nugbegblẽ hã la, fofowò koe wòkpɔtɔ nye. Wobia tso asiwò be nàde bubu aɖe ya teti eŋu. (Efesotɔwo 6:1-3) Ƒo asa na “dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ” ne èle nu wɔm kplii. (Efesotɔwo 4:31) Ne anya wɔ la, megade nu dziwòlawo dome srɔ̃ɖeɖe me dzrehehewo me o. To nuwɔwɔ wòafia be èlɔ̃ dziwòla evea siaa me la, àte ŋu anɔ ƒomedodo nyui me kple wo ame evea siaa.

Menye Wò Vodadae O

Ame fofo ƒe dzodzo le aƒeme nye nu veame siwo ate ŋu adzɔ ɖe dziwò la dometɔ ɖeka. Gake ne mète ŋu nya susu siwo tae wòdzo la katã o hã la, mehiã be nàbu fɔ ɖokuiwò o. Nyateƒee, ana nàse le ɖokuiwò me be egbe ye ya. Gake ƒã hafi wogbea srɔ̃ le ɖeviawo ta. Dziwòlawo ka atam le Mawu ŋkume be yewoanɔ anyi ɖekae. Woawo dzie agba le—menye dziwò o—be woawɔ edzi.—Nyagblɔla 5:3-5.

Ke ne ètɔtɔ, eye fɔbuameɖokui ƒe seselelãmewo nu gbe yiyi eye nèkpɔtɔ bunɛ be ye gbɔe wòtso la, nukata màgblɔe na dziwòlawo kpɔ o? Ðewohĩ woake nu agblɔ kakaɖedzinya aɖewo siwo hiã la na wò. James si míeyɔ le gɔmedzedzea me lɔ̃ ɖe edzi be: “Mebunɛ tsã be fɔbubua le dzinye, emegbe hafi danye kple fofonye va gbɔ dzi ɖi ƒo nu nam.” Ðetugbi Nancy hã bu fɔ eɖokui esi fofoa kple dadaa gbe wo nɔewo. Le dzeɖoɖo kple dadaa enuenu megbe la, Nancy te ŋu va ƒo nya ta be: “Mele be ɖeviwo nabu fɔ wo ɖokui le wo dzilawo ƒe nuwɔna ta o.” Ẽ, nana be dziwòlawo ‘natsɔ woa ŋutɔwo ƒe agba’ awɔe be wò seselelãme nagatɔtɔ akpa o. (Galatiatɔwo 6:5) Gake aleke nàte ŋu anɔ te ɖe enui fifia esi nèle tɔmanɔsiƒe me? Míana ŋuɖoɖo aɖewo le nya sia siwo tsiã ɖe enu la dometɔ ɖeka si míata emegbe la me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 4 Kpɔ akpaa dzi nyati si nye “Tɔmanɔsiƒomewo—Kuxia Nu Tsitsi Kuraa” siwo tsiã ɖe enu le Nyɔ! ƒe tata si nye February 8, 2000 me.

^ mm. 12 Gake Biblia na eme kɔ ƒã be nusi ko dzi woate ŋu anɔ te ɖo le Ŋɔŋlɔawo nu agblẽ srɔ̃ɖeɖe aɖe me eye ame evea siaa akpɔ mɔ agate ŋu aɖe srɔ̃ enye ahasiwɔwɔ.—Mateo 19:9.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Mègabu fɔ ɖokuiwò le dziwòlawo ƒe srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo ta o