Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tenɔnɔ Ðe Tsinyegoe Me Kuxiwo Nu

Tenɔnɔ Ðe Tsinyegoe Me Kuxiwo Nu

Tenɔnɔ Ðe Tsinyegoe Me Kuxiwo Nu

“Esi mexɔ ƒe 54 la, mete aɖuɖɔ ɖɔɖɔ edziedzi, ɣeaɖewoɣi aɖabaƒoƒo 30 ɖesiaɖe. Nɔnɔme sia na be meva te ɖe ɖɔkta aɖe ŋu, eye meva kpɔe be ahiã be woaɖe nye prostate [tsinyegoe] ɖa.” Kuxi mawo ƒomevi bɔ le tsinyegoe kɔwo dzi le xexeame godoo. Nukae ŋutsu ate ŋu awɔ atsɔ axe mɔ ɖe tsinyegoe me dɔlélewo nui? Ɣekaɣie wòle be wòate ɖe atikewɔla ŋu?

TSINYEGOE nye nu nogoe si le aɖuɖɔtoea gɔme eye wòƒo xlã kakalikɛa. (Kpɔ ŋutsu ƒe alime ƒe nɔnɔmetata.) Ŋutsu geɖe tɔ ƒe kpekpeme nɔa gram 20, eye ne elolo ƒã la, eƒe viaviame ƒe dzidzeme nɔa sentimeta 4, eƒe didime nɔa sentimeta 3, eye eƒe kekeme nɔa sentimeta 2. Eƒe dɔe nye be wòawɔ tsi aɖe si nɔa ŋutsu ƒe tsinyenye me henyea eƒe akpa 30 le alafa me. Anɔ eme be tsi sia, si me citric acid, calcium, kple enzyme-wo le la dzia nugbagbe siwo le tsinyenyea me ƒe zɔzɔŋutete (le tsi me) kple vidzidziŋutete ɖe edzi ene. Gawu la, zinc si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be ekpɔa kakalikɛa ta tso dɔléle si me la nɔa tsi si dona tsoa tsinyegoea me la me.

Dzesidede Tsinyegoe si me Dɔléle Le

Tsinyegoe me vevesese alo tete gbɔe ŋutsuwo ƒe alime vevesese geɖe tsona. Prostatitis—si nye tsinyegoe me vevesese—ate ŋu ahe ŋudza, aɖuɖɔɖɔɖɔ me vevesese, kple alimeƒu alo aɖuɖɔtoe me vevesese vɛ. Ne tsinyegoea te ŋutɔ la, ate ŋu ana be amea magate ŋu aɖɔ aɖuɖɔ o. Ne dɔlékuiwo gbɔe vevesesea tso la, woyɔa dɔlélea be bacterial prostatitis, eye enu ate ŋu asẽ alo wòanɔ anyi didi. Zi geɖe ena woxɔa aɖuɖɔtoƒe me dɔwo. Gake le nɔnɔme akpa gãtɔ me la, womete ŋu kpɔa nusi gbɔ vevesesea tso o, eyata woyɔa dɔlélea be nonbacterial prostatitis.

Kuxi siwo tsinyegoe me dɔléle hena vɛ zi geɖe enye aɖuɖɔɖɔɖɔ edziedzi, aɖuɖɔɖɔɖɔ le zãme, aɖuɖɔɖɔɖɔ si nu mesẽ o, kple sese le ameɖokui me be aɖuɖɔ mevɔ le aɖuɖɔtoea me keŋkeŋ o. Dzesi siawo fia be woxɔ dɔléle si nye tsinyegoe ƒe tete si mewua ame o, (benign prostatic hyperplasia [BPH])—enye tsinyegoe ƒe tete si me kansa mele o—si ate ŋu adze ŋutsu siwo xɔ wu ƒe 40 dzi. BPH te ŋu dzea ame dzi bɔbɔe wu ne wole tsitsim. Ele amesiwo xɔ ƒe 55 dometɔ 25 le alafa me ŋu eye wòle amesiwo xɔ ƒe 75 dometɔ 50 le alafa me ŋu.

Ƒoƒoe vɔ̃ɖi hã ate ŋu ate tsinyegoea. Zi geɖe la, dodokpɔ si wowɔna edziedzi mee wotona kpɔa tsinyegoe me kansa, togbɔ be tsinyegoe me dɔléle ƒe dzesi aɖeke madze o gɔ̃ hã. Ne nɔnɔmea gblẽ yi ŋgɔ la, aɖuɖɔ ate ŋu atsi aɖuɖɔtoea me eye wòate. Ne kansaa kaka ɖo ŋutinu bubuwo gbɔ la, ate ŋu ahe dzimeve, ahɔhɔ̃ me dɔlélewo, kple afɔtete le lãmetsika siwo me xe ta vɛ. Le nyitsɔ laa ƒe aɖe me la, wokpɔ tsinyegoe me kansa le amesiwo ade 300,000 ŋu, eye amesiwo wòwu de 41,000 le United States ɖeɖe. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo xɔe se be tsinyegoe me kansa adze ŋutsu siwo xɔ tso ƒe 60 va ɖo 69 la dometɔ 30 le alafa me kple esiwo xɔ tso ƒe 80 va ɖo 89 dometɔ 67 le alafa me dzi.

Ameka Dzie Wòate Ŋu Adze Bɔbɔe Wu?

Numekukuwo ɖee fia be enɔa bɔbɔe kura wu be tsinyegoe me kansa nadze ame dzi ne woxɔ tso ƒe 50 yina. Le United States la, kansa sia dzea ŋutsu siwo nye ameyibɔwo dzi zi gbɔ zi eve wu yevuwo. Dɔléle sia ƒe amedzidzedze le vovo le xexeame ƒe akpa vovovowo, ebɔ le Dziehe Amerika kple Europa dukɔwo me, ele ʋɛ wu le Anyiehe Amerika, eye mebɔ le Asia o. Esia fia be nutome alo nuɖuɖu me vovototowo wɔa akpa vevi aɖe le tsinyegoe me kansa ƒe tsitsi me. Ne ŋutsu zɔ mɔ yi dukɔ si me wòbɔ ɖo me la, ate ŋu adze edzi bɔbɔe wu.

Ele bɔbɔe be tsinyegoe me kansa nadze ŋutsu siwo dɔlélea le woƒe ƒometɔ aɖe ŋu la dzi wu. Amerikatɔwo ƒe Kansa Habɔbɔ ɖe nu me be: “Anɔ bɔbɔe zi gbɔ zi eve wu be tsinyegoe me kansa nadze amesi dɔlélea le fofoa alo nɔviaŋutsu ŋu la dzi. Nusiwo gbɔ dɔlélea ate ŋu atso dometɔ aɖewoe nye tsitsi, ŋutilã ƒe amadede, dukɔ si me wole, ne enɔ ƒomea me tɔ aɖe ŋu kpɔ, nuɖuɖu, kple dɔmawɔmawɔ. Anɔ bɔbɔe wu be kansa sia nadze ŋutsu siwo ɖua aminu geɖe eye wonɔa teƒe ɖeka dzi.

Mɔxexe Ðe Tsinyegoe me Dɔlélewo Nu

Togbɔ be vaseɖe fifia dzɔdzɔmeŋutinunyalawo menya nusi tututue naa tsinyegoe me kansa o hã la, woxɔe se be ƒometɔ ŋu nɔnɔ kple lãmetsiŋusẽ wɔa akpa aɖe. Dzidzɔtɔe la, míate ŋu atrɔ asi le nusiwo hea kuxia vɛ dometɔ eve ŋu—nuɖuɖu kple dɔmawɔmawɔ. Amerikatɔwo ƒe Kansa Habɔbɔ kafu “ʋulã damiwo dzi ɖeɖekpɔtɔ kple amagbe geɖe ɖuɖu.” Ekafui hã be woaɖu “atikutsetsewo kple detsiƒonuwo zi gbɔ zi atɔ̃ gbeɖeka” eye woaɖu abolo, nukuwo, makaroni, nuku bubuwo, mɔli, kple ayi hã. Nunyiame si nye lycopene geɖe le tomatos, grapefruit kple adzamatrewo me—eye wonye nunyiame si kpɔa domenyiŋusẽfianu ta eye ate ŋu awɔe be tsinyegoe me kansa nagadze ame dzi bɔbɔe o. Eŋutinunyala aɖewo hã gblɔ be gbetike kple amenyinu aɖewo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu.

Amerikatɔwo ƒe Kansa Habɔbɔ kple Amerikatɔwo ƒe Aɖuɖɔtoemeŋutinunyalawo ƒe Habɔbɔ xɔe se be amewo dodokpɔ be woakpɔ tsinyegoe me kansa ƒe dzesiwo ate ŋu axɔ amewo ɖe agbe. Enɔa bɔbɔe wu be woada kansa la ne wokpɔe kaba. Amerikatɔwo ƒe Kansa Habɔbɔ kafui be ŋutsu siwo xɔ wu ƒe 50, alo wu ƒe 45 le teƒe siwo dɔlélea bɔ ɖo gome nana woado wo kpɔ ƒe sia ƒe. *

Le dodokpɔa me la, ele be woaɖo koŋ adi tsinyegoe me protein si dzia dɔléle ɖe edzi ƒe dzesi (PSA), le ʋua me. Tsinyegoe me lãmenugbagbeviwoe wɔa protein sia. Esɔna agbɔ ɖe edzi ne wole tsinyegoe me dɔ lém. Amerikatɔwo ƒe Kansa Habɔbɔ gblɔ be: “Ne wò PSA dodokpɔa menyo o la, bia wò ɖɔkta ne wòagblɔ kansa ƒe kuxi siwo wòate ŋu ahe vɛ kple dodokpɔ bubu siwo wòhiã be nàgawɔ na wò.” Wowɔa asibidɛ ƒoƒo ɖe ame ƒe minyeƒe (DRE) dodokpɔwo hã. Ne ɖɔktaa ƒo asi ɖe dɔnɔa ƒe minyeƒe la, ate ŋu akpɔ ne tɔtɔ aɖe va tsinyegoea me le esi wòte ɖe minyeƒea nu ta. (Kpɔ ŋutsu ƒe alime ƒe nɔnɔmetataa le axa 16.) Mɔ̃ zazã atsɔ alé ŋku ɖe minyeƒea (transrectal ultrasound test [TRUS]) ŋu ɖea vi “ne PSA alo DRE dodokpɔawo ɖee fia be nane gblẽ le tsinyegoea ŋu” eye wòhiã be ɖɔktaa natso nya me ne ahiã be wòaɖe tsinyegoea alé ŋku ɖe eŋu. Dodokpɔa wɔwɔ xɔa abe aɖabaƒoƒo 20 ene.

Tsɔ kpe ɖe tsinyegoe me kansa si dodokpɔ wɔwɔ ƒe sia ƒe ana woakpɔ ŋu la, agate ŋu ana woake ɖe BPH, si míeyɔ va yi hã ŋu kaba, ale be eŋutitikewɔwɔ nanɔ bɔbɔe wu. (Kpɔ aɖaka si nye “BPH ƒe Atikewɔwɔ.”) Agbedzadzɛnɔnɔ kpɔa ame ta tso nulɔdɔ, siwo ate ŋu ahe tsinyegoe me dɔlélewo vɛ la me.

Ele vevie be nàkpɔ wò tsinyegoe ta ahalé be nɛ. Ŋutsu si ƒe nya míegblɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze gblɔ be yehaya keŋkeŋ tso dɔ si wowɔ na ye la me. Egblɔ be “ele be ŋutsu ɖesiaɖe nana woanɔ edom kpɔ ƒe sia ƒe be woatsɔ axe mɔ ɖe dɔlélea nu,” ne dɔlélea ƒe dzesi aɖeke mele eŋu o gɔ̃ hã.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 13 Ne èle amesiwo xɔ ƒe siawo dome la, ekema míekpe wò be nàxlẽ aɖaka si nye “Tsinyegoe ƒe Tete si Mewua Ame O (BPH) ƒe Dzesiwo.”

[Aɖaka si le axa 17]

Tsinyegoe ƒe Tete si Mewua Ame O ƒe Dzesiwo (BPH)

Mɔfiamewo: Te fli ƒo xlã xexlẽdzesi si sɔ nàtsɔ aɖo biabia siwo le ete ŋu.

Biabia 1-6 ŋu ɖoɖo:

0—Kura o

1—Mede zi ɖeka le atɔ̃ ɖesiaɖe me o

2—Mede ɣeyiɣia ƒe afã o

3—Anɔ ɣeyiɣia ƒe afã

4—Ewu ɣeyiɣia ƒe afã

5—Ɣesiaɣi kloe

1. Le dzinu si va yi me la, zi nenie nèse le ɖokuiwò me be aɖuɖɔ mevɔ le yeƒe aɖuɖɔtoea me keŋkeŋ o le aɖuɖɔɖɔɖɔ vɔ megbe? 0 1 2 3 4 5

2. Le dzinu si va yi me la, zi nenie nèɖɔ aɖuɖɔ wu zi ɖeka le gaƒoƒo eve me? 0 1 2 3 4 5

3. Le dzinu si va yi me la, zi nenie nèkpɔ be ne yele aɖuɖɔ ɖɔm la, aɖuɖɔa tsona hafi gavana zi geɖe? 0 1 2 3 4 5

4. Le dzinu si va yi me la, zi nenie aɖuɖɔɖɔɖɔ gbɔ ŋuwò kloe? 0 1 2 3 4 5

5. Le dzinu si va yi me la, zi nenie nèkpɔ be yeƒe aɖuɖɔ nu mesẽ o? 0 1 2 3 4 5

6. Le dzinu si va yi me la, zi nenie wòhiã be nàsi ɖokuiwò hafi aɖuɖɔ nado? 0 1 2 3 4 5

7. Le dzinu si va yi me la, zi nenie nèfɔna le zãme ɖɔa aɖuɖɔ hafi ŋu kena? (Te fli ƒo xlã zi agbɔsɔsɔme si nèɖɔe ŋu.) 0 1 2 3 4 5

Xexlẽdzesi siwo ŋu nète fli ɖo ƒe ƒuƒoƒoe nye wò BPH ƒe dzesi. Enu Mesẽ O: 0-7; Enu Sẽ Vie: 8-19; Enu Sẽ Ŋutɔ: 20-35.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Etso Amerikatɔwo ƒe Aɖuɖɔtoemeŋutinunyalawo ƒe Habɔbɔ gbɔ

[Aɖaka si le axa 18]

BPH ƒe Atikewɔwɔ

ATIKEWO: Wozãa atike geɖe, le alesi dɔlélea le nu. Wò ɖɔkta koe ate ŋu aŋlɔ wo na wò.

ŊKULÉLE ÐE AMEÐOKUI ŊU: Dodokpɔwo koe dɔnɔa wɔna edziedzi eye mezãa atikewo o.

DƆWƆWƆNAME:

(a) Le nuƒoƒo ɖe tsinyegoe me to kakalikɛa me (TURP) gome la, amekolaa tsɔa dɔwɔnu si nye (resectoscope) si me elektrik dɔwɔnu aɖe le ƒona ɖe kakalikɛa me tsɔ lãa kawo hetrea ʋukawo nu. Mehiã be woade abi gotaŋutilãa ƒe akpa aɖeke ŋu o. Exɔna abe aɖabaƒoƒo 90 ene. Nuƒoƒo ɖe kakalikɛa me mevena abe amekoko ƒe mɔnu bubuwo ene o.

(b) Nuƒoƒo ɖe kakalikɛa me atsɔ ako tsinyegoea ƒe akpa aɖewo (TUIP) le abe TURP ene. Gake mɔnu sia kekea kakalikɛa ɖe enu eye wòdea abi suesue aɖuɖɔtoea nu kple tsinyegoea ŋutɔ ƒe akpa aɖewo.

(d) Wokoa tsinyegoea ne womate ŋu aƒo nu ɖe kakalikɛa me o le esi tsinyegoea te ta. Tsinyegoe koko bia be woade abi gotaŋutilã ŋu.

(ɖ) Dɔwɔwɔ si me womade abi amea ŋu o nye mɔ̃ zazã atsɔ ana dzoxɔxɔ naɖo tsinyegoea me afia ka siwo ŋu dɔlélea le.

Dɔnɔae atso nya me le atikewɔmɔnu siwo li la dometɔ si wòawɔ ŋu. Nyatakaka aɖe si dze le The New York Times me nyitsɔ laa gblɔ be kakaɖedzi mele eŋutinunyala aɖewo si le tsinyegoe me kansa dodokpɔ ŋu o, vevietɔ le ŋutsu tsitsiwo gome, elabena “ate ŋu anye dɔléle si metsina kaba o, eye magblẽ nu le ame ƒe lãmesẽ ŋu o, gake zi geɖe edada ate ŋu ahe kuxi sesẽwo vɛ.”

[Aɖaka si le axa 18]

Nya Siwo Nàte Ŋu Abia Ðɔkta Hafi Woawɔ Dɔ Na

1. Dɔ ka ƒomevie nèdi be woawɔ nam?

2. Nukatae wòhiã be woawɔ dɔa nam?

3. Ðe atike bubuwo li si woawɔ ɖe dɔwɔwɔ teƒea?

4. Viɖe kawoe le dɔa wɔwɔ ŋu?

5. Afɔku kawoe le dɔa wɔwɔ me? (Le kpɔɖeŋu me, ʋu geɖe ƒe dodo le ame ŋu alo gbɔdɔnu ƒe tutu.)

6. Nukae adzɔ ne womewɔ dɔa nam o?

7. Afikae màte ŋu akpɔ eŋutinumeɖeɖe bubu le?

8. Nuteƒekpɔkpɔ kae le asiwò le dɔ sia wɔwɔ ʋumanɔmee me?

9. Afikae woawɔ dɔa le? Ðe atikewɔlawo kple dɔnɔdzikpɔlawo dea bubu gome si le dɔnɔa si be wòatia be woado ʋu alo woagadoe na ye o ŋua?

10. Amededealɔ̃me ƒe mɔnu kae wòazã nam? Ðe nuteƒekpɔkpɔ su amedealɔ̃melaa si le dɔwɔwɔname ʋumadomadoe mea?

11. Ɣeyiɣi didi kae wòaxɔ hafi mahaya?

12. Ho nenie dɔa wɔwɔ axɔ?

[Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 16]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Ŋutsu ƒe alime ƒe nɔnɔmetata

Aɖuɖɔtoe

Tsinyegoe

Minyeƒe

Kakalikɛ

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Nuɖuɖu si me nunyiame le kple kamedede si sɔ ate ŋu awɔe be tsinyegoe me kansa nagadze ame dzi bɔbɔe o