Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wokpɔtɔ Le Egbɔkpɔnuwo Dim

Wokpɔtɔ Le Egbɔkpɔnuwo Dim

Wokpɔtɔ Le Egbɔkpɔnuwo Dim

TSO esime woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔa anyi kee wotsi dzi ɖe ɖeviwo kple woƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Le ƒe 1946 ƒe nuwuwu la, woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dukɔwo Dome Ðeviwo Ŋu Nya Kpatawo Gbɔkpɔha (UNICEF) be woatsɔ anɔ ɖeviwo ƒe kuxiwo nu lém le nuto siwo me aʋawɔwɔ gblẽ nu le.

Le ƒe 1953 me la, wotrɔ nyakpatawo gbɔkpɔha sia wòva zu habɔbɔ si va li koŋ. Togbɔ be fifia wonyae koŋ be Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha hã la, wokpɔtɔ tsɔa eƒe ŋkɔ gbãtɔ bliboa ƒe gɔmedzeŋɔŋlɔdzesiwo, UNICEF, ɖɔnɛ. Eyata UNICEF le nuɖuɖu, nudodo, kple atikewo nam ɖeviwo le xexeame katã eye wòle agbagba dzem be yeakpɔ ɖeviwo ƒe nuhiahiã veviwo gbɔ ƒe 50 kple edzivɔwoe nye sia.

Wova tsi dzi ɖe ɖeviwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu geɖe wu le ƒe 1959 me esime Dukɔ Ƒoƒuawo wɔ Ðeviwo ƒe Gomenɔamesise aɖewo. (Kpɔ aɖakaa me, le axa 5 lia.) Wokpɔ mɔ be se siawo ana woatsɔ ɖe le ɖeviwo ƒe kuxiwo me eye wòana woakpɔ wo gbɔ to alesi wòana amewo nado alɔe, le ga gome kple le mɔ vovovowo nu me.

Gake abe alesi Collier ƒe 1980 Year Book gblɔe ene la, le “ƒe blaeve megbe la, womete ŋu wɔ nu boo aɖeke le ‘gomenɔamesi siawo’—vevietɔ esiwo ku ɖe nunyiame, lãmesẽ, kple ŋutilãmenuwo ƒe amesinɔnɔ—ŋuti na ɖevi biliɔn 1.5 siwo le xexeame dometɔ geɖe o.” Eyata esi Dukɔ Ƒoƒuawo kpɔ alesi wòva le hiahiãm be woakpɔ ɖeviwo ƒe kuxiwo gbɔe, kple le ɖekawɔwɔ me kple eƒe taɖodzinuwo la, wotia ƒe 1979 wònye Dukɔwo Dome Ƒe na Ðeviwo. Dziɖuɖuwo, dukɔmeviwo, subɔsubɔhawo, kple kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo le xexeame katã tso ɖe egbɔkpɔnuwo didi ŋu enumake.

“Fewuɖunuwɔna Dzro” aɖe Koe Wònyea?

Nublanuitɔe la, UNICEF ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be, nɔnɔmeawo mede ɖevi siwo le dukɔ madeŋgɔwo me dzi le Dukɔwo Dome Ƒe na Ðeviwo la me o. Le ƒea ƒe nuwuwu la, wo dometɔ miliɔn 200 mekpɔa nu nyui ɖuna o, eye woate ŋu agblɔ be nunyuimaɖumaɖu gbɔe wo dometɔ miliɔn 15 siwo metsi xɔ ƒe atɔ̃ hafi ku o ƒe afã tso. Ðevi 100 siwo wodzi le aɖabaƒoƒo ɖeka ɖesiaɖe me le dukɔ mawo me le ƒe ma me dometɔ 15 ku esi womekpɔ xɔ ƒe ɖeka o. Wo dometɔ siwo made 40 le alafa me o ye te ŋu wu gɔmedzesuku nu. Nyadzɔdzɔtalawo ƒe nya aɖe si dze le Indian Express nyadzɔdzɔgbalẽ me fa konyi le UNICEF ŋu be Ðeviwo ƒe Ƒea va trɔ zu “fewuɖunuwɔna dzro” aɖe ko.

Ame aɖewo kpɔ kpododonu sia do ŋgɔ. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe ma ƒe gɔmedzedze ke la, Fabrizio Dentice ŋlɔ ɖe magazine si nye L’Espresso me be: “Nusi de ŋgɔ wu Ðeviwo ƒe Ƒea ye hiã be woatsɔ akpɔ nɔnɔmea gbɔe.” Magazinea gblɔ be: “Alesi míenɔa agbee egbeae na míeva le nɔnɔme sia me, eye eya ŋue wòhiã be míatrɔ asi le.”

Le ɖeviwo ƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu siwo dim wole ta la, wowɔ takpekpe aɖe le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔwɔƒegã le September 1990 me. Enye takpekpe gãtɔ kekeake si xexeme ŋgɔxɔlawo wɔ le ŋutinya me. Dziɖuɖumegã siwo wu 70 ye de. Kpekpea nye esi wowɔ be woatsɔ ado ŋusẽ Ðeviwo ƒe Gomenɔamesi Nubabla, si dzi woda asi ɖo le November 20, 1989, dzi eye wòdze dɔwɔwɔ gɔme le September 2, 1990, dzi. Kaka ɣleti ma nawu enu la, dukɔ 39 da asi ɖe nubablaa dzi xoxo.

UNICEF gblɔ nyitsɔ laa be, “Nubablaa va zu amegbetɔwo ƒe gomenɔamesi nubabla si dzi wole asi dam ɖo kabakaba le teƒe geɖe wu ɖesiaɖe, eye wòle ŋusẽ dom ɖeviwo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ le xexeame katã.” Le nyateƒe me kaka November 1999 naɖo la, dukɔ 191 sɔŋ ye da asi ɖe Nubablaa dzi. UNICEF gblɔ dadatɔe be: “Wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le ɖeviwo ƒe gomenɔamesiwo nana wo kple etakpɔkpɔ me le ƒe ewo siwo kplɔ Ðeviwo ƒe Gomenɔamesi Nubablaa ɖoɖo anyi ɖo la me wu ɣeyiɣi ma tɔgbe ɖesiaɖe le amegbetɔ ƒe ŋutinya me.”

Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi sia hã la, Germanytɔwo ƒe Dukplɔla Johannes Rau gblɔ be: “Ewɔ nublanui be le míaƒe ɣeyiɣia me gɔ̃ hã la, egahiã be woaɖo ŋku edzi na mí be gomenɔamesiwo le ɖeviwo si.” Alo ehiã be woagaɖo ŋku edzi na mí be kuxi sesẽwo gakpɔtɔ le fu ɖem na wo! UNICEF lɔ̃ ɖe edzi le November 1999 me be “ehiã be woagawɔ nu geɖe,” eye wòɖe nu me be: “Le xexeame godoo la, wobui be ɖevi miliɔn 12 siwo mexɔ ƒe atɔ̃ o kuna ƒe sia ƒe, eye zi geɖe la nusiwo nu woate ŋu axe mɔ ɖo bɔbɔe hafi ye wua wo. Ðevi siwo ade miliɔn 130 mele gɔmedzesuku dem le dukɔ madeŋgɔwo me o . . . Nu manyomanyo ɖuɖu gblẽ nu le ɖevi siwo ade miliɔn 160 ŋu vevie alo egblẽ nu le wo ŋu vaseɖe afi aɖe. . . . Ðevi siwo wogbe geɖe le fu kpem le tsyɔ̃evidzikpɔƒewo kple amedzikpɔƒe bubuwo eye womede wo suku ahakpɔ woƒe lãmesẽnyawo gbɔ nyuie o. Wowɔa fu ɖevi siawo zi geɖe. Wobui be ɖevi miliɔn 250 le kluvidɔ ƒomevi aɖe wɔm.” Woƒo nu tso ɖevi miliɔn 600 siwo da ahe kolikoli kple wo dometɔ miliɔn 13 siwo kaka ƒe 2000 nawu enu la, wo dzila ɖeka teti aku le AIDS ta hã ŋu.

Edze abe dunyahehe me ŋgɔxɔlawo do kpo kuxi siawo gbɔ kpɔnu adodoewo kpɔkpɔ ene. Gake menye dukɔ madeŋgɔwo me koe ɖeviwo ƒe kuxiwo le o. Le Ɣetoɖoƒedukɔwo me la, nu medea ɖevi geɖe dzi o le mɔ vovovowo nu.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

“Ewɔ nublanui be le míaƒe ɣeyiɣia me gɔ̃ hã la, egahiã be woaɖo ŋku edzi na mí be gomenɔamesiwo le ɖeviwo si”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 5]

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo ƒe Gomenɔamesisewo:

● Ŋkɔ ƒe amesinɔnɔ kple dukɔmevinyenye ƒe gomenɔamesi.

● Beléle, lɔlɔ̃, kple nugɔmesese ɖeɖefia ame kpakple ŋutilãmenuwo ƒe dedienɔnɔ ƒe gomenɔamesi.

● Nunyiame si sɔ, aƒe, kple atikewɔwɔ na ame ƒe gomenɔamesi.

● Beléle na ame etɔxɛe ne wonye nuwɔametɔ, eɖanye le ŋutilã me, susu me, alo le hadome o, ƒe gomenɔamesi.

● Be woanɔ amesiwo ta woakpɔ gbã ahana kpekpeɖeŋui le nɔnɔme ɖesiaɖe me dome ƒe gomenɔamesi.

● Ametakpɔkpɔ tso amegbegbe, ŋutasesẽ, kple ametafatafa ƒomevi ɖesiaɖe me ƒe gomenɔamesi.

● Mɔnukpɔkpɔ nana ɖevi bliboe be wòafe eye wòaɖe modzaka kple mɔnukpɔkpɔ nanae sɔsɔe be wòade suku si se bia femaxee, be ɖevia nate ŋu atu eƒe ŋutetewo ɖo eye viɖe nava nɔ eŋu le hadome ƒe gomenɔamesi.

● Eƒe ŋutetewo tutuɖo le ablɔɖe kple bubudedeameŋu ƒe nɔnɔmewo me ƒe gomenɔamesi.

● Nugɔmesese, dzigbɔgbɔɖi, xɔlɔ̃dzedze, ŋutifafa, kple amewo katã ƒe nɔvisiléle ƒe gbɔgbɔ tsɔtsɔ nyi ame ƒe gomenɔamesi.

● Ablɔɖe siawo me nɔnɔ eɖanye ameƒomevinyenye, ŋutigbalẽ ƒe vovototo, ŋutsu alo nyɔnu nyenye, subɔsubɔha, dunyahehe alo nukpɔsusu ƒe vovototo, dukɔmevinyenye alo hadometɔnyenye, kple nunɔamesi, dziƒe, alo ɖoƒe bubu kae amea ɖale o, ƒe gomenɔamesi.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Everyman’s United Nations mee woɖe nyaawo tsoe

[Picture Credit Lines on page 3]

UN PHOTO 148038/Jean Pierre Laffont

UN photo

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]

Photo siwo le axa 4 kple 5 Giacomo Pirozzi/Panos Pictures