Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Akpɔ Wò Srɔ̃ɖeɖe Ta!

Àte Ŋu Akpɔ Wò Srɔ̃ɖeɖe Ta!

Àte Ŋu Akpɔ Wò Srɔ̃ɖeɖe Ta!

Biblia yɔ fũ kple aɖaŋuɖoɖo siwo wɔa dɔ siwo ate ŋu aɖe vi na srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo. Esia mewɔ nuku o, elabena Amesi to eƒe gbɔgbɔ dzi na woŋlɔ Biblia la kee nye srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖoa Gɔmeɖoanyila.

BIBLIA ƒo nu tso alesi srɔ̃ɖeɖe le ŋutɔŋutɔ ŋu. Elɔ̃ ɖe edzi be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu akpɔ “xaxa” alo, “vevesese kple nuxaxa” abe alesi New English Bible gɔmeɖeɖe gblɔe ene. (Korintotɔwo I, 7:28) Gake Biblia gblɔ hã be srɔ̃ɖeɖe ate ŋu ahe dzidzɔ, alo vivisese gɔ̃ hã vɛ, eye be ele be wòanɔ nenema. (Lododowo 5:18, 19) Susu eve siawo metsi tre ɖe wo nɔewo ŋu o. Ðeko wòfia be togbɔ be kuxi sesẽwo anɔ anyi hã la, ƒomedodo kplikplikpli si me lɔlɔ̃ le ate ŋu anɔ srɔ̃tɔwo dome.

Ðe nɔnɔme sia bu le wò srɔ̃ɖeɖe mea? Ðe vevesese kple mɔkpɔkpɔbuɖeame tsi lɔlɔ̃ kple dzidzɔ si nɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖea me la nua? Ne wò srɔ̃ɖeɖe nye esi me lɔlɔ̃ mele o ƒe geɖe hã la, àte ŋu aɖɔ nɔnɔmea ɖo. Gake ele be nàkpɔ alesi tututu nɔnɔmea le. Ŋutsu kple nyɔnu madeblibo aɖeke mate ŋu akpɔ dzidzedze bliboe le srɔ̃ɖeɖe me o. Ke hã àte ŋu aɖe afɔ aɖewo atsɔ aɖɔ nɔnɔme madeamedziwo ɖo.

Ne èle nyati si gbɔna xlẽm la, dze agbagba nàde dzesi nya siwo koŋ ku ɖe wò srɔ̃ɖeɖe ŋu. Le esi teƒe be nànɔ susu hem yi srɔ̃wò ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi la, tia aɖaŋuɖoɖo ʋɛ aɖewo siwo wò ŋutɔ nàte ŋu azã, eye nàwɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖoa dzi. Àkpɔe be mɔkpɔkpɔ le wò srɔ̃ɖeɖea ŋu wu alesi nèbui.

Mina míadzro nɔnɔmewo me gbã elabena wò nukpɔsusu le ɖokuitsɔtsɔna ŋu kple alesi nèsena le ɖokuiwò me ɖe srɔ̃wò ŋui nye nusiwo le vevie wu.

Wò Nukpɔsusu le Ðokuitsɔtsɔna Ŋu

Ele vevie be nàbu nusi nàwɔ be wò srɔ̃ɖeɖe nanyo la be enye nusi yeanɔ wɔwɔm ɖaa. Ne èbu eŋu kpɔ la, Mawu ɖo srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖoa anyi be wòana ame eve nawɔ ɖeka ɖaa. (Mose I, 2:24; Mateo 19:4, 5) Eyata mia kple srɔ̃wò dome ƒomedodo mele abe dɔwɔɖui aɖe si ŋu nàte ŋu aɖe asi le alo aƒe si me nàte ŋu aʋu dzo le ne ègblẽ xɔhayaɖoɖoa me ko ene o. Ke boŋ esime nènɔ srɔ̃ ɖem la, èdo ŋugbe be yeaku ɖe ye srɔ̃ ŋu eɖanye nuka ke adzɔ o. Ðokuitsɔtsɔna ƒe seselelãme deto wɔ ɖeka kple nya si Yesu Kristo gblɔ ƒe 2,000 kloe nye sia be: “Nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.”—Mateo 19:6.

Ame aɖewo agblɔ be, ‘Míekpɔtɔ le mía nɔewo gbɔ ɖe. Ðe esia meɖo kpe edzi be míetsɔ mía ɖokui na mía nɔewo oa?’ Ate ŋu anɔ eme nenema. Gake abe alesi míegblɔe le nyati sia siwo tsiã ɖe enu ƒe gbãtɔ mee ene la, dzidzɔ kple lɔlɔ̃ mele srɔ̃tɔ aɖewo siwo le wo nɔewo gbɔ ƒe srɔ̃ɖeɖe me o. Wò taɖodzinue nye be yeana yeƒe srɔ̃ɖeɖe me navivi, ke menye be wòanɔ anyi ɖaa ko o. Mele be ɖokuitsɔtsɔna nanye nuteƒewɔwɔ na srɔ̃ɖeɖoɖoa ɖeɖeko o, ke na amesi nèka atam be yealɔ̃ ahalé be na hã.—Efesotɔwo 5:33.

Nya siwo nègblɔna na srɔ̃wò ate ŋu aɖe alesi gbegbe wò ɖokuitsɔtsɔna de toe fia. Le kpɔɖeŋu me, le nyahehe sesẽwo me la, srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu aɖewo tsɔa dzitsitsi gblɔa nya aɖewo, siwo ƒe ɖewoe nye “Madzo le gbɔwò!” alo “Mava di amesi akpɔ ŋudzedze ɖe ŋunye!” Ne womeɖoe be woawɔ nya mawo dzi ŋutɔŋutɔ o hã la, wonaa ɖokuitsɔtsɔna me gbɔdzɔna eye efiana be kaklã ƒe agbowo le ʋuʋu ɖi ɣesiaɣi eye be nyaa gblɔla le klalo be yeadzo ɣesiaɣi.

Be miagana lɔlɔ̃ nanɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖe me la, mitsri dzigbãnya mawo gbɔgblɔ le miaƒe dzeɖoɖowo me. Ne èbu eŋu kpɔ la, ɖe nàvu ɖe atsyɔ̃ɖoɖo na aƒe aɖe si nènya be ate ŋu adzɔ be yeaʋu le eme ɣesiaɣi ŋua? Ke nukatae nàkpɔ mɔ be srɔ̃wò nadze agbagba ɖe srɔ̃ɖeɖe si ɖewohĩ manɔ anyi didi o la ŋu? Miɖoe kplikpaa be yewoadze agbagba vevie akpɔ nɔnɔmeawo gbɔ.

Nusiae srɔ̃nyɔnu aɖe wɔ le woa kple srɔ̃aŋutsu ƒe masɔmasɔ ƒe ɣeyiɣi sesẽ me toto vɔ megbe. Egblɔ be: “Togbɔ be eƒe nu menyoa ŋunye ɣeaɖewoɣi hã la, nyemebu mía dome ƒomedodoa me kaklã ŋu o. Aleke ke nɔnɔmea gblẽe o, míetoa mɔ aɖe nu ɖɔnɛ ɖo. Eye fifia le nɔnɔme seswo me toto ƒe eve megbe la, mate ŋu agblɔ le anukware me be míegale dzidzɔ kpɔm ɖekae.”

Ẽ, ɖokuitsɔtsɔna bia nuwɔwɔ ɖekae—menye anyinɔnɔ ɖekae ko o ke nuwɔwɔ aduadu hena taɖodzinu ɖeka aɖe gbɔ ɖoɖo. Gake ɖewohĩ àbui be fifia ya la, alesi wònye nusi wobia tso ame si ta koe yewoli ɖekae. Ne nenemae la, ke megabu mɔkpɔkpɔ o. Ðewohĩ miagate ŋu ana lɔlɔ̃ nanɔ anyi. Le mɔ ka nu?

Bubudede Srɔ̃wò Ŋu

Biblia gblɔ be: “Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome.” (Hebritɔwo 13:4; Romatɔwo 12:10) Woɖe Helagbe me nya si gɔme woɖe le afisia be “bubu” la gɔme ake le Biblia ƒe akpa bubuwo be “vevienyenye,” “bubudede,” kple “asixɔxɔ.” Ne nane nye nu xɔasi na mí la, míedzea agbagba ɖesiaɖe léa be nɛ. Ðewohĩ ède dzesi esia ƒe nyateƒenyenye le ŋutsu aɖe si si ʋu xɔasi yeye aɖe le gome. Ana eƒe ʋu si gbɔ melɔ̃a nu le o la nanɔ dzo dam nyuie eye wòanɔ nɔnɔme nyui me ɣesiaɣi. Ne nane ƒlɔ ʋua ƒe teƒe aɖe vie gɔ̃ hã enyea nuxaxa nɛ! Nenema ke ame bubuwo hã tsia dzi ɖe woƒe lãmesẽmenɔnɔ ŋui. Nukatae? Elabena wodea asixɔxɔ woƒe lãmesẽmenɔnɔ ŋu, eyata wodi be yewoakpɔ eta.

Ðe takpɔkpɔ beléletɔe sia ke fia ɖe wò srɔ̃ɖeɖe ŋu. Biblia gblɔ be lɔlɔ̃ ‘kpɔa mɔ na nuwo katã.’ (Korintotɔwo I, 13:7) Le esi teƒe be míanɔ susu ɖedzileameƒowo bum—ɖewohĩ abui be nɔnɔmeawo magaɖɔ ɖo o, ahanɔ gbɔgblɔm be, “Míelɔ̃ mía nɔewo ŋutɔŋutɔ o,” “Míetsi hafi ɖe mía nɔewo o,” alo “Míenya nusi wɔm míenɔ o” la—nukata miakpɔ mɔ na nuwo ƒe kaka ɖe eme ahate kpɔ awɔe wòanyo wu eye mialala akpɔ emetsonuwo o? Srɔ̃ɖeɖeŋutiɖaŋuɖola aɖe gblɔ be: “Srɔ̃tɔ siwo vana gbɔnye dometɔ geɖe gblɔna be, ‘Eva glom azɔ!’” “Le esi teƒe be woalé ŋku ɖe ƒomedodoa ŋu akpɔe ɖa be eƒe akpa kawoe yewoawɔ asitɔtrɔ le hã la, ɖeko wotsɔa dzitsitsi gbea nu le srɔ̃ɖeɖoɖo si wolé ɖe te to kutrikuku geɖe me, si me nusiwo gbɔ womelɔ̃a nu le o, woƒe agbemenudzɔdzɔ siwo me woto, kple etsɔmemɔkpɔkpɔ ɖesiaɖe si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo hã le, la gbɔ.”

Agbemenuteƒekpɔkpɔ kawo mee mia kple srɔ̃wò mieto? Eɖanye nɔnɔme sesẽ kawo me tom miele le miaƒe ƒomedodoa me o, kakaɖedzitɔe la, miate ŋu aɖo ŋku miaƒe dzidzɔkpɔɣiwo, dzidzedzekpɔkpɔwo, kple kuxi siwo gbɔ miekpɔ ɖekae dzi. Mide ŋugble le ɣeyiɣi mawo ŋu, eye miaɖee afia be yewodea bubu yewoƒe srɔ̃ɖeɖe kple mia srɔ̃ ŋu to agbagbadzedze atrɔ asi le ƒomedodoa ŋu wòanyo ɖe edzi me. Biblia ɖee fia be Yehowa Mawu tsɔ ɖe le alesi srɔ̃tɔwo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋui me vevie. Le kpɔɖeŋu me, le nyagblɔɖila Maleaxi ƒe ŋkekeawo me la, Yehowa he nya ɖe srɔ̃ŋutsu siwo nɔ Israel siwo wɔ nu tovo ɖe wo srɔ̃wo ŋu to wo gbegbe gbɔɖiametɔe me la ŋu. (Maleaxi 2:13-16) Kristotɔwo di be yewoƒe srɔ̃ɖeɖe nahe bubu vɛ na Yehowa Mawu.

Dzrewɔwɔ—Aleke Gbegbe Wònye Ŋkubiãnyae?

Nu vevi siwo naa dzidzɔ menɔa srɔ̃ɖeɖe me o dometɔ ɖekae nye alesi srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu menya alesi woatsi dzrehehe nui o. Esi ame eve aɖeke meli si sɔ kple wo nɔewo o ta la, masɔmasɔwo ado mo ɖa le srɔ̃tɔwo dome ɣeaɖewoɣi. Gake ɖewohĩ srɔ̃tɔ siwo hea nya ɣesiaɣi ava kpɔe be esi ƒeawo va le yiyim la, yewomegalɔ̃a yewo nɔewo tututu o. Woate ŋu aƒo nya ta gɔ̃ hã be, ‘Míesɔ na mía nɔewo kura o. Míewɔa dzre ɣesiaɣi!’

Gake mele be dzrehehe dzro ko nahe srɔ̃ɖeɖea va nuwuwui o. Biabia lae nye be, Aleke wokpɔa dzrehehe gbɔe? Le srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzedzewo me la, srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu srɔ̃a alesi woaƒo nu tso kuxiwo ŋui na wo nɔewo le mɔ si mana be woava nye “futɔ veviwo,” abe alesi ɖɔkta aɖe yɔe ene o.

“Aɖe ƒe Ŋusẽ”

Ðe mia kple srɔ̃wò mienya alesi miaƒo nu tso miaƒe kuxiwo ŋui na mia nɔewoa? Ele be mi ame evea siaa mialɔ̃ faa aƒo nu tso wo ŋu. Nyateƒee, esia bia aɖaŋu—si sɔsrɔ̃ ate ŋu asesẽ. Nukata? Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be, mí katã ‘míedaa vo le nuƒoƒo me’ ɣeaɖewoɣi le blibomademade ta. (Yakobo 3:2) Azɔ hã la, wonyi ame aɖewo le aƒe siwo me dzilawo doa dziku le ɣesiaɣi. Le mɔ aɖe nu la, wona hehe wo be woabui be naneke megblẽ le bublu ɖe ame dzi le dziku me kple nya madzeto gbɔgblɔ ɖe ame ŋu ŋuti o. Ŋutsuvi si wonyi le nɔnɔme sia me ate ŋu ava tsi anye “dɔmedzoetɔ,” kple “dzikutɔ.” (Lododowo 29:22) Nenema ke nyɔnuvi si wonyi le nɔnɔme ma me ate ŋu ava nye “nyɔnu nyadɔewɔla kple dzikutɔ.” (Lododowo 21:19, The Bible in Basic English) Asiɖeɖe le tamebubu kple dzeɖoɖo mɔnu siwo ƒo ke ɖe to le ame me ŋu ate ŋu anye nu sesẽ ŋutɔ. *

Eyata mɔxexe ɖe dzrehehe nu bia be woasrɔ̃ tamesusuwo ɖeɖe gblɔ ƒe mɔnu yeyewo. Menye nya feŋui aɖee esia nye o, elabena Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Ku kple agbe le aɖe si me.” (Lododowo 18:21) Ẽ, aleke ke wòaɖi nya tsɛe hã la, alesi nèƒoa nu na srɔ̃wò ate ŋu agblẽ miaƒe ƒomedodoa me alo ado ŋusẽe. Biblia me lododo bubu gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” (Lododowo 12:18)

Ne edze abe srɔ̃wò koŋue wɔa nu alea hã la, ɖɔ ŋu ɖo le nya siwo nàgblɔ ne masɔmasɔwo do mo ɖa ŋu. Ðe wò nyawo wɔa nuvevi ame loo alo daa gbe le ame ŋu? Ðe wodoa dziku na ame loo alo faa dzi na ame? Biblia gblɔ be: “[Nyaveame gbɔgblɔ, NW] nana dɔmedzoe flana.” Gake “nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu.” (Lododowo 15:1) Nyaveamewo gbɔgblɔ—ne ɖe wogblɔe tufafatɔe gɔ̃ hã—ana dziku nafla ɖe edzi.

Nyateƒee, ne nane ɖe fu na wò la, nèkpɔ mɔ aɖee agblɔ. (Mose I, 21:9-12) Gake àte ŋu agblɔe manye le gbɔɖiame, amedzudzu, kple ŋukpedoame mɔ nu o. Ðo seɖoƒe siwo dzi nàzɔ ɖo kokoko la na ɖokuiwò—nanewo si nàɖo kplikpaa be yemagblɔ ɖe ye srɔ̃ ŋu o, abe “melé fu wò” alo “evem be míeɖe mía nɔewo,” ene. Togbɔ be menye srɔ̃ɖeɖe ŋu koŋue Kristotɔ apostolo Paulo nɔ nu ƒom le o hã la, nunya le eme be míaƒo asa na nusi wòyɔ be “nyaʋawɔwɔ” kple “nyahehe dzodzro.” * (Timoteo I, 6:4, 5) Ne srɔ̃wò lɔ̃a nya mawo zazã la, mele be wò hã nàɖo nya ŋu nɛ kple nya mawo tɔgbe o. Ne ate ŋu anye, nusi ke atso gowò me la, di ŋutifafa.—Romatɔwo 12:17, 18; Filipitɔwo 2:14.

Nyateƒee, ne dziku fla la, esesẽna be ame naɖɔ ŋu ɖo le eƒe nyagbɔgblɔ me. Biblia-ŋlɔla Yakobo gblɔ be: ‘Aɖe la, dzo wònye; ame aɖeke mate ŋu amlãe o, nuvɔ̃ madzudzɔmadzudzɔ, si aɖi wuame yɔ fũ la wònye.’ (Yakobo 3:6, 8) Ke nukae nàte ŋu awɔ ne wò dzi ho gbɔna? Aleke nàte ŋu aƒo nu na srɔ̃wò le mɔ si atsi dzrehehe nu tsɔ wu be wòana wòafla?

Alesi Nàtsi Dzre Gãwo Nui

Ame aɖewo kpɔe be ele bɔbɔe be woana dziku nu nafa eye woakpɔ kuxiwo gbɔ ne wotsi dzi ɖe alesi wòkpɔ ŋusẽ ɖe woƒe seselelãmewo dzii ŋu tsɔ wu be woatsi dzi ɖe wo srɔ̃wo ƒe nuwɔnawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne wogblɔ be “Nya si nègblɔ vem” la, ewɔa dɔ nyuie wu gbɔgblɔ be “Nèwɔ nuvevim” alo “Ele be nàgblɔ nya si me susu le wu ema.” Gake ne miele alesi miese le mia ɖokui me gblɔm la, mele be miatsɔ dziku alo dzregbe aƒo nui o. Miaƒe taɖodzinu nanye be yewoahe susu ayi kuxia dzi ke menye amesi wɔ nua dzi o.—Mose I, 27:46–28:1.

Gakpe ɖe eŋu la, ɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be “ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.” (Nyagblɔla 3:7) Ne ame eve le nu ƒom le ɣeyiɣi ɖeka me la, wo dometɔ aɖeke meɖoa to nɔvia o, eye meɖea vi aɖeke hã o. Eyata ne eɖo dziwò be nàɖo to la, ‘ɖe abla le nusese me, nànɔ blewu le nuƒoƒo me.’ Ele vevie hã be nànɔ “blewu hã le dziku me.” (Yakobo 1:19) Mègase gbedaɖeamegbɔnya ɖesiaɖe si srɔ̃wò agblɔ gɔme le nya la ŋutɔŋutɔ nu o; eye “wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o.” (Nyagblɔla 7:9) Ke boŋ dze agbagba nànya seselelãme siwo na srɔ̃wò gblɔ nya mawo. Biblia gblɔ be: “Amesi gbɔa dzi blewu la, [nugɔmeselae] eye bubu wònye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.” (Lododowo 19:11) Nugɔmesese ate ŋu akpe ɖe srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu ŋu be wòakpɔ nu ayi ŋgɔe wu alesi nuwɔna masɔmasɔ aɖe adzee ko.

Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ srɔ̃nyɔnu ƒe nyatoƒoetoto be ye srɔ̃ mekpɔa vovo ɖe ye ŋu o manye gaƒoƒo kple aɖabaƒoƒo agbɔsɔsɔ me aɖe ŋu nya gblɔm wòanɔ o. Anye be eƒe sese le eɖokui me be wogblẽ ye ɖi alo womekpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu o ye wòwɔnɛ. Nenema ke ɖewohĩ srɔ̃ŋutsu ƒe nyahehe ku ɖe nane si dzro srɔ̃anyɔnu wòƒle ŋu manye dzikudodo ɖe ga si wòzã ŋutɔŋutɔ ŋu o. Anye le eƒe sese le eɖokui me be mebia yeƒe nukpɔsusu o koŋ ŋuti. Be srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu nase nu gɔme fia be wòakpɔ nu ayi ŋgɔe wu nusi le dzedzem le gota ko eye woase nusiwo na kuxia do mo ɖa gɔme.—Lododowo 16:23.

Ðe nya sia gbɔgblɔ le bɔbɔe wu edziwɔwɔa? Nyateƒee! Ɣeaɖewoɣi la, àdze agbagba ɖesiaɖe si nàte ŋui, gake àva gblɔ nyaveame aɖewo eye woado dziku na ame. Ne èkpɔe be esia le mo dom ɖa ko la, ahiã be nàwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Lododowo 17:14 dzi, be: ‘Dzudzɔ, hafi ne dzre nava do gã.’ Naneke megblẽ le eŋu ne èdzudzɔ nyaa gbɔgblɔ vaseɖe esime dzikua nu fa o. Ne èkpɔ be yewomate ŋu akpɔ nyaa gbɔ le tomefafa me o la, anyo be xɔlɔ̃ tsitsi aɖe nava kpe ɖe mia ŋu miakpɔ masɔmasɔa gbɔ. *

Nukpɔsusu si Sɔ Nenɔ Asiwò

Dzi megaɖe le ƒowò ne wò srɔ̃ɖeɖe meva le abe alesi nèsusui be ava nɔ ene le miaƒe zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɣi o. Eŋutinunyalawo ƒe ha aɖe gblɔ be: “Ame akpa gãtɔ ƒe srɔ̃ɖeɖe meva nye esi me dzidzɔkpɔkpɔ nɔna ɖaa o. Dzidzɔ nɔa anyi ɣeaɖewoɣi eye nuwo sesẽna ɣebubuɣiwo.”

Nyateƒee, srɔ̃ɖeɖe manɔ abe ŋutinyagbalẽ me lɔlɔ̃ɖeɖefia ene ya o, gake mele be wòanye dzigbãnu hã o. Togbɔ be ahiã ɣeaɖewoɣi be mia kple srɔ̃wò miado dzi le mia nɔewo ƒe nuwɔna aɖewo me hã la, ɣeyiɣiwo anɔ anyi si hã me miate ŋu aŋe aɖaba ƒu miaƒe masɔmasɔwo dzi eye miakpɔ dzidzɔ le anyinɔnɔ ɖekae, dzidzɔdodo na mia ɖokui, kple nuƒoƒo na mia nɔewo xɔlɔ̃tɔe me. (Efesotɔwo 4:2; Kolosetɔwo 3:13) Ɣeyiɣi siawo mee ɖewohĩ miate ŋu agbugbɔ ade dzo lɔlɔ̃ si nu tsi la me.

Ðo ŋku edzi be, amegbetɔ madeblibo eve mate ŋu akpɔ dzidzedze bliboe le srɔ̃ɖeɖe me o. Gake woate ŋu akpɔ dzidzɔ vaseɖe afi aɖe. Nyateƒee, le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me la, mia kple srɔ̃wò dome ƒomedodoa ate ŋu anye dzidzemetsoƒe gã aɖe. Nyateƒe ɖeka sia li be: Ne mia kple srɔ̃wò siaa miedze agbagba eye mielɔ̃ faa trɔna ɖe nɔnɔmewo ŋu hedia ame kemɛ ƒe nyonyo la, susu nyuiwo li si ta miaxɔe se be miate ŋu akpɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖe ta.—Korintotɔwo I, 10:24.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 22 Womate ŋu atsɔ dzilawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi le gbedada ɖe ame srɔ̃ gbɔ me ado taflatse o. Gake ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase alesi nɔnɔme ma tɔgbe ate ŋu ama ame ale gbegbe be wòasesẽ be woaɖe asi le eŋui gɔme.

^ mm. 25 Woagate ŋu aɖe Helagbe me nya si gɔme woɖe be “nyahehe sesẽwo le nu suewo ŋu” la gɔme be “ame nɔewo dome dzikudodo.”

^ mm. 31 Hamemegã siwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le Yehowa Ðasefowo si. Togbɔ be menye woƒe dɔ be woade nu srɔ̃tɔwo ŋutɔ ƒe nyawo me o hã la, hamemegãawo ate ŋu anye amesiwo naa gbɔdzɔe srɔ̃tɔ siwo ɖo xaxa me.—Yakobo 5:14, 15.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]

Ðe wò nyawo wɔa nuvevi ame loo alo daa gbe le ame ŋu?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

DA BƆL LA BLEWUU

Biblia gblɔ be: “Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.” (Kolosetɔwo 4:6) Edze ƒã be esia wɔa dɔ le srɔ̃ɖeɖe me! Le kpɔɖeŋu me: Le fefe si me wodaa bɔl na ame nɔewo le me la, ɖe wodaa bɔl la be woate ŋu axee bɔbɔe. Màdae sesĩe be wòawɔ nuvevi ame kemɛa o. Wɔ gɔmeɖose ma ke ŋudɔ ne èle nu ƒom kple srɔ̃wò. Ðeko gbedada ɖe ame nɔewo gbɔ gblẽa nu. Ðe eteƒe la, ƒo nu blewu—amenuveve nanɔ eme—ale be wò kpeɖeŋutɔ nase wò nyaa me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 11]

ŊKUÐOÐO TSÃ ƔEYIƔIWO DZI!

Xlẽ ɣeyiɣi siwo va yi ƒe lɛta kple agbalẽ siwo mieɖo ɖe mia nɔewo. Kpɔ fotowo. Bia ɖokuiwò be, ‘Nukae na nye kpeɖeŋutɔ ƒe nu lé dzi nam? Eƒe nɔnɔme kawoe dze ŋunye wu? Dɔ kawoe míewɔ ɖekae? Nukawoe doa nukokoe na mí?’ Azɔ ƒo nu tso blema nudzɔdzɔ mawo ŋu na wò kpeɖeŋutɔa. Dzeɖoɖo si gɔme wodze kple nya sia tɔgbe be “Èɖo ŋku ɣemaɣi si . . . dzia?” akpe ɖe mia kple srɔ̃wò ŋu be miana seselelãme ma si nɔ mia me va yi la nagava.

[Aɖaka si le axa 12]

SRƆ̃ YEYE, KUXI MAWO KE

Edzroa srɔ̃tɔ aɖewo siwo megalɔ̃ wo srɔ̃wo o be yewoadi kpeɖeŋutɔ yeye kura. Gake Biblia ƒo nu tsi tre ɖe srɔ̃gbegbe ŋu, eye wògblɔ be amesi wɔa nuvɔ̃ sia nye “tagbɔ gbegblẽtɔ [“bometsila yakame,” New English Bible]” eye wòdi be “yeatsrɔ̃ yeƒe agbe.” (Lododowo 6:32) Mlɔeba la, srɔ̃gbela matrɔdzime ƒe nu megadzea Mawu ŋu o—eye wònye amedomegbegblẽ vɔ̃ɖitɔ kekeake.—Hebritɔwo 13:4.

Alesi gbegbe srɔ̃gbegbe nye bometsinui la gadzena le mɔ bubuwo nu. Le go ɖeka me la, anɔ eme be amesi gbe srɔ̃ va ɖe bubu la ado go kuxi mawo ke si nɔ eƒe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ me. Ðk. Diane Medved gaƒo nu tso nu bubu si ŋu wòle be míabu ŋu ale: “Nu gbãtɔ si srɔ̃wò yeyea srɔ̃ tso ŋuwòe nye be nuteƒe menya wɔna na wò o. Enya be àte ŋu able amesi nèdo ŋugbe na be yeade bubu eŋu. Be èbi ɖe ɖokuiwò nu ɖeɖe me ŋutɔ. Be wote ŋu blea nuwò nègbea ŋugbedodo dzi wɔwɔ. Be ŋutilã me dzodzrowo alo kɔɖiɖi na wò ŋutilã nye mɔ̃ siwo ɖea wò bɔbɔe. . . . Aleke srɔ̃wò yeyea awɔ anya be nu mawo magable wò ake o?”

[Aɖaka si le axa 14]

NUNYA SIWO TSO BIBLIA ME LODODOWO ME

Lododowo 10:19: “Dadaƒu megbea nuƒoƒo vivivo me o; ke amesi kpɔa eƒe nuyiwo dzi la, nunyalae.”

Ne dzi ku wò la, àte ŋu agblɔ nya geɖe wu alesi nèdi—eye emegbe àse veve ɖe eta.

Lododowo: 15:18: “Dɔmedzoetɔ dɔa avu, ke tufala tsia dzre nu.”

Fɔbubu ame dɔmedzoetɔe ana wò kpeɖeŋutɔ naʋli eɖokui ta, gake toɖoɖo dzigbɔɖitɔe akpe ɖe mi ame evea siaa ŋu be miakpɔ kuxia gbɔ.

Lododowo 17:27: “Amesi mekea nu kplakplakpla o la, sidzedze le esi, eye ame ɖɔŋuɖo enye nugɔmesela.”

Ne èkpɔ be wò dziku le hohom la, anyo wu be nàzi ɖoɖoe ale be wòagava zu dzre ŋutɔŋutɔ o.

Lododowo 29:11: “Bometsila dudua eƒe dɔmedzoe katã kɔna ɖi; ke nunyala fa enu emegbe.”

Ðokuidziɖuɖu le vevie. Ðeko dziku tsɔtsɔ aƒo nu ɖo ɖe wò kpeɖeŋutɔ gbɔ adãtɔe ana magalɔ̃ wò o.