Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Susu Aɖewo Li Si ta Mɔkpɔkpɔ Anɔ Ame Sia?

Ðe Susu Aɖewo Li Si ta Mɔkpɔkpɔ Anɔ Ame Sia?

Ðe Susu Aɖewo Li Si ta Mɔkpɔkpɔ Anɔ Ame Sia?

“Srɔ̃ɖeɖe si me nuteɖeamedziwo bɔ ɖo ƒe kuxi ɖekae nye dzixɔse sẽŋu si anɔ ame si be nuwo mate ŋu aɖɔ ɖo o. Dzixɔse ma xea mɔ ɖe tɔtrɔwɔwɔ nu elabena etsia didi si naa wodzea agbagba le ŋgɔyiyiwɔwɔ me la nu.”—ÐK. AARON T. BECK.

TSƆE be èle veve sem eye nèyi ɖɔkta gbɔ be wòado ye akpɔ. Ètsi dzi—eye esɔ be nàtsi dzi. Ne èbu eŋu kpɔ la, ɖewohĩ wò lãmesẽ—alo wò agbe ŋutɔ gɔ̃ hã—ye ɖo afɔku me. Gake tsɔe be le dodokpɔa wɔwɔ vɔ megbe ɖɔktaa gblɔ dzidzɔnya sia na wò be togbɔ be wò dɔa sesẽ hã la, woate ŋu adae. Le nyateƒe me la, ɖɔktaa gblɔ na wò be ne èwɔ ɖe nuɖuɖu kple kamedede ƒe ɖoɖo nyui dzi pɛpɛpɛ la, àte ŋu ahaya keŋkeŋ. Ðikekemanɔmee la, wò dzi adze eme ale gbegbe eye àwɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi dzidzɔtɔe!

Tsɔ kpɔɖeŋu sia sɔ kple nyati si me dzrom míele. Ðe nèle nu xam le wò srɔ̃ɖeɖe mea? Nyateƒee, kuxiwo kple masɔmasɔwo anɔ srɔ̃ɖeɖe ɖesiaɖe me. Eyata ne miaƒe ƒomedodoa le nɔnɔme sesẽ aɖewo me tom la, mefia be miaƒe srɔ̃ɖeɖea nye esi me lɔlɔ̃ mele o. Ke ne nɔnɔme vedzinamea kpɔtɔ li kwasiɖawo, ɣletiwo, alo ƒewo gɔ̃ hã ɖe? Ne nenemae la, ekema esɔ be nàtsi dzi, elabena menye fefenya wònye o. Nyateƒee, wò srɔ̃ɖeɖe ƒe nyonyome ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò agbemenuwɔna ɖesiaɖe kloe—kple viwòwo tɔ dzi. Le kpɔɖeŋu me, wobui be srɔ̃ɖeɖe me nuteɖeamedziwo ate ŋu anye nu vevi si hea kuxiwo abe blanuiléle, dɔ ʋɛ wɔwɔ, kple ɖeviwo ƒe dzidzedzemakpɔmakpɔ le suku vɛ. Gake mese ɖe afima o. Kristotɔwo nya be ƒomedodo si le yewo kple yewo srɔ̃ dome ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe yewo kple Mawu dome ƒomedodo dzi.—Petro I, 3:7.

Masɔmasɔ siwo anɔ mia kple srɔ̃wò dome mefia be naneke manya wɔ le nɔnɔmea ŋu o. Srɔ̃ɖeɖe ŋuti nukpɔsusu si sɔ—si nye be kuxiwo anɔ eme—ƒe amesinɔnɔ ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woatsɔ nukpɔsusu nyui akpɔ woƒe kuxiwoe eye woadze agbagba akpɔ wo gbɔ. Srɔ̃ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Isaac, gblɔ be: “Nyemenya kura be enye nusi le dzɔdzɔme nu be dzidzɔ kple vevesese nanɔ srɔ̃ɖeɖe me o. Mebui be nanee gblẽ le mía ŋu!”

Ne nu gblẽ le wò srɔ̃ɖeɖe ŋu wòva nye esi me lɔlɔ̃ mele o gɔ̃ hã la, miate ŋu akpɔ eta. Nyateƒee, vevesese si srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo hena vɛ la te ŋu gblẽa nu vevie, vevietɔ ne kuxiawo li ƒe geɖe. Ke hã susu sẽŋuwo li si ta mɔkpɔkpɔ anɔ ame si. Nusi hiã vevie enye didi si anɔ mewò. Ame eve siwo dome srɔ̃ɖeɖe me kuxi sesẽwo le gɔ̃ hã ate ŋu aɖɔ nɔnɔmewo ɖo ne enye nusi le vevie na wo. *

Eyata bia ɖokuiwò be, ‘Aleke gbegbe nye didi be ƒomedodo si me dzidzeme le nasu asinye la me sẽe?’ Ðe mia kple srɔ̃wò mielɔ̃ faa be yewoadze agbagba aɖɔ yewoƒe srɔ̃ɖeɖea ɖoa? Ðk. Beck si míeyɔ le gɔmedzedzea me, gblɔ be: “Ewɔa nuku nam zi geɖe le alesi wote ŋu ɖɔa ƒomedodo si me gblẽ keŋ ɖoe ta, ne srɔ̃tɔawo wɔ ɖeka kpɔ kuxiwo gbɔ eye wogbugbɔ do ŋusẽ nɔnɔme nyui siwo le woƒe srɔ̃ɖeɖea me.” Ke ne srɔ̃wòa gbe nuwɔwɔ aduadu kpli wò ya ɖe? Alo ne mese le eɖokui me be kuxi aɖeke li o ya ɖe? Ðe wòanye dagbadagba ɖe ya me ne wò ɖeka nète kpɔ be yeaɖɔ srɔ̃ɖeɖea ɖoa? Kura o! Ðk. Beck gblɔ be: “Ne ètɔtrɔ aɖewo la, esia ɖeɖe ate ŋu aʋa srɔ̃wòa be wòawɔ tɔtrɔwo—aleae wòdzɔnae zi geɖe.”

Mègaƒo nya ta dzitsitsitɔe be esia mate ŋu adzɔ le ye gome o. Nukpɔsusu gblẽnu sia ate ŋu anye wò srɔ̃ɖeɖea dome gblẽnu gãtɔ kekeake! Ehiã be mia dometɔ ɖeka nawɔ afɔɖeɖe gbãtɔ. Ðe wòate ŋu anye wòa? Ne ènya dze egɔme ko la, ɖewohĩ srɔ̃wò akpɔe be ade yewo dzi ne yewɔ ɖeka kpli wò le ƒome kpɔdzidzɔ ɖoɖo anyi me.

Eyata nukae miate ŋu awɔ—wò ɖeka loo alo mi ame evea—atsɔ akpɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖe ta? Biblia nye kpekpeɖeŋutsoƒe sẽŋu aɖe le nya sia ŋu ɖoɖo me. Mina míakpɔ alesi wòwɔnɛ ɖa.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Enye nyateƒe be le nudzɔdzɔ aɖewo siwo gbɔ eme gome la, ɖewohĩ asɔ be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu naklã ya. (Korintotɔwo I, 7:10, 11) Gakpe ɖe eŋu la, Biblia ɖe mɔ be woate ŋu anɔ te ɖe ahasiwɔwɔ dzi agbe ame srɔ̃. (Mateo 19:9) Ne woagbe srɔ̃tɔ mawɔnuteƒea alo woatsɔe akee nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso, eye mele be ame bubuwo naƒoe ɖe srɔ̃tɔ si medze agɔ o nu be wòagbe srɔ̃a loo alo wòatsɔe akee o.—Kpɔ agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, axa 158-61, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., ta.