Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afikae Nàte Ŋu Axɔ Hehe Nyuitɔ Kekeake Le?

Afikae Nàte Ŋu Axɔ Hehe Nyuitɔ Kekeake Le?

Afikae Nàte Ŋu Axɔ Hehe Nyuitɔ Kekeake Le?

“Alesi ko woate ŋu atrɔ asi le kpe zɔzrɔ̃e ŋu wòazu kpetatae la, nenema ke hehexɔxɔ ate ŋu atrɔ asi le luʋɔa ŋui.”—Joseph Addison, ƒe 1711.

ÈDE suku kpɔa? Ame akpa gãtɔ ate ŋu aɖo eŋu be ẽ—gake menye amesiame o. Esi míege ɖe ƒe alafa 21 lia me la, ɖevi miliɔn gbogbo aɖewo mele suku dem o. Esia le alea ɣeyiɣi didi aɖee nye esia, si wɔe be egbea ame tsitsi siwo ade biliɔn ɖeka kloe menya agbalẽ o.

Gake hehe nyui xɔxɔ nye nuhiahiã vevi aɖe. Le ebubu be enye amedzidenu si gbɔ manya ɖo o teƒe la, egbea ame geɖe kpɔe be enye gomenɔamesi si li na ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa. Gake aleke wòanya wɔe be woaxɔ hehe nyui ne kpekpeɖeŋunu siwo hiã la meli o? Ke ne agbalẽwo mesɔ gbɔ o, nufiala xɔhehewo meli o, eye sukuwo mesɔ gbɔ o ɖe?

Le nyateƒe me la, afikae amewo akpɔ hehe nyui si me amesiame akpɔ gome le, wòana woanya nu geɖe tso xexeme si ƒo xlã wo la ŋu, eye wòana gbɔgbɔmegɔmeɖose siwo ate ŋu aɖɔ woƒe agbe ɖo le axɔ? Hehenana kae tea gbe ɖe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu nyuitɔ dzi, hefiaa alesi woawɔ anɔ agbe ɖɔʋu, eye wònaa etsɔmemɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le ame? Ðe hehenana ma tɔgbe li amesiame ate ŋu axɔa?

Nu Vevi si Dzi Hehenana Nyuitɔ Kekeake Nɔ Te Ðo

Míate ŋu aɖo eŋu kakaɖedzitɔe be ẽ, hehenana nyui aɖe li amesiame ate ŋu axɔ, togbɔ be adze nu wɔmoyae hã. Nusitae nye be hehenadɔwɔnu sẽŋu aɖe li si woate ŋu azã. Eyae nye “nusrɔ̃gbalẽ” si ŋu wode bubui ɣeyiɣi didi, eye wota agbalẽ bliboa katã alo eƒe akpa aɖe wòle xexeame ƒe gbegbɔgblɔ siwo wu 2,200 me. Ele gbegbɔgblɔ si gɔme anyigbadzitɔ ɖesiaɖe kloe te ŋu sena me. Agbalẽ kae?

Eyae nye Biblia, agbalẽ si ŋu nya de du be enye agbalẽ vevitɔ kekeake si woŋlɔ kpɔ. William Lyon Phelps, si nye ƒe alafa 20 lia me agbalẽnyala ŋlɔ be: “Woate ŋu ayɔ amesiame si si Biblia ŋuti sidzedze su nyuie wòasɔ be enye agbalẽnyala. Nusɔsrɔ̃ alo dekɔnu bubu aɖeke, eɖanye aleke ke wòkeke ta alo de ŋgɔe o, . . . mate ŋu axɔ ɖe eteƒe wòasɔ o.”

Biblia nye agbalẽ vovovo siwo woŋlɔ le ɣeyiɣi ƒe didime si ade ƒe 1,600 me ƒe ƒuƒoƒo. Phelps gagblɔ le agbalẽdzraɖoƒe vevi sia ŋu be: “Míaƒe nukpɔsusuwo, míaƒe nunya, míaƒe xexemenunya, míaƒe agbalẽwo, míaƒe aɖaŋudɔ, míaƒe dzidzenuwo, ƒe akpa gãtɔ tso Biblia me wu esiwo tso agbalẽ bubuwo katã me. . . . Mebui be Biblia me sidzedze ƒe amesisusu kɔledzinusɔsrɔ̃ manɔmee le vevie sã wu kɔledzinusɔsrɔ̃ Biblia me sidzedze manɔmee.”

Egbea la, Kristotɔ Yehowa Ðasefowo le Biblia me hehenadɔ ɖedzesi aɖe wɔm le xexeame katã. Hehenana sia yi ŋgɔ wu nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ŋuti nu veviwo sɔsrɔ̃ ko. Enaa hehe amewo le susu kple agbenɔnɔ gome. Enaa etsɔmenukpɔsusu nyui sua amewo si, si naa mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le wo be nusi le ŋgɔ la nyo sasasã wu nusiwo dzɔ va yi.

Taflatse xlẽ nu tso hehenaɖoɖo sia si naa agbe ŋu le nyati si kplɔe ɖo me be nànya nu geɖe tso eŋu.