Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Enu Fifia si Papa Dzo le Mía Gbɔ?

Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Enu Fifia si Papa Dzo le Mía Gbɔ?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Enu Fifia si Papa Dzo le Mía Gbɔ?

“Menɔ bɔbɔe esi menɔ tsitsim eye fofonye menɔ gbɔnye o. Nusi medi koe nye be ame aɖe ƒe susu nanɔ ŋunye vie hafi.”—Henry. *

JOAN xɔ ƒe 13 esime fofoa dzo le aƒeme. Esi ahamumu zu numame nɛ ale gbegbe ta la, medze agbagba gobii aɖeke be yeate ɖe ye viwo ŋu le eƒe dzodzo megbe o. Nublanuitɔe la, menye Joan ɖeka koe le nɔnɔme sia me o; sɔhɛ geɖe fofowo gblẽ wo ɖi.

Ne edzɔ ɖe dziwò alea la, anɔ eme be tenɔnɔ ɖe enu mele bɔbɔe na wò o. Vevesese kple dziku aɖe fu na wò tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi. Nu ate ɖe dziwò eye nàlé blanui ɣeaɖewoɣi. Adzro wò gɔ̃ hã be nàdze aglã. Abe alesi Biblia ŋlɔla Salomo gblɔe kpɔ ene la, “teteɖeanyi ɖeɖe dzaa ate ŋu ana nunyala nawɔ nu aɖaʋatɔe.”—Nyagblɔla 7:7, NW.

‘Nuwɔwɔ Aɖaʋatɔe’

James ‘wɔ nu aɖaʋatɔe’ esi fofoa dzo le aƒeme. James gblɔ be: “Nyemegasea ame tsitsi aɖeke ƒe gbe o, nyemeɖoa to danye gɔ̃ hã o. Medaa kɔ zi geɖe. Medaa alakpa hesina doa go le zãme ɣesiaɣi elabena ame aɖeke meli ahe to nam o. Dada dze agbagba be yeatɔ tem, gake edo kpoe.” Ðe aglãdzedze na be nuwo ka ɖe eme na James wua? Kura o. James gblɔ be eteƒe medidi o, yeva nɔ “atike vɔ̃ɖiwo zãm, nɔ suku dam ƒu, eye yemenɔ dɔ nyui wɔm le suku o.” Medidi o eƒe agbebaɖanɔnɔa va do fievo ɖe edzi. Eʋu eme be: “Mefia fi le fiasewo me, eye medzea amewo dzi. Wolém zi eve de gaxɔ me ɣeyiɣi kpui aɖe, gake ema metɔ tem o.”

Esi wobia James nusi na wòdze aglã nenema gbegbe la, egblɔ be: “Elabena fofonye dzo, eye ame aɖeke meli ahem o. Nyemebu tame ŋutɔŋutɔ le nuvevi si gbegbe wɔm menɔ danye, nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu suetɔwo, kple nye ŋutɔ hã ŋu o. Medi be fofonye natrɔ susu ɖe ŋunye ana hehem.”

Gake ɖeko aglãdzedze naa nɔnɔme vloe gagblẽna ɖe edzi. (Hiob 36:18, 21) Le kpɔɖeŋu me, menye James ŋutɔ ɖeɖeko dzie wòhe kuxiwo vɛ o, ke boŋ na dadaa kple nɔviawo hã, amesiwo dzi wòhe nuteɖeamedzi kple vevesese vɛ madzemadzee. Nusi ganye ŋkubiãnya wue nye be aglãdzenuwɔna ate ŋu ana ame ƒe nu madze Mawu ŋutɔ ŋu o. Ne èbu eŋu kpɔ la, Yehowa de se na ɖeviwo be woaɖo to wo dada.—Lododowo 1:8; 30:17.

Dzikua Dzi Ðuɖu

Ekema aleke nàwɔ anɔ te ɖe dziku kple vevesese si anɔ mewò ɖe fofowò ŋu la nu? Gbã, ahiã be nàɖo ŋku edzi be menye wò vodadae wònye be fofowò dzo o. Eye mefia kokoko hã be megalɔ̃ wò alo tsɔ ɖeke le eme na wò o. Ne míagblɔe la, ave ame ŋutɔ ne vifofo medze agbagba gobii aɖeke be yeaƒo ka alo asrã viawo kpɔ o. Gake abe alesi nyati si do ŋgɔ le nyati siawo si tsiã ɖe nu me gblɔe ene la, * vifofo geɖe siwo dzona le aƒeme megana wo viwo sea wo ŋkɔ o, menye le esi womegalɔ̃ wo ta o, ke boŋ le esi fɔbuameɖokui kple ŋukpe do agba ɖe wo dzi ta. Atikevɔ̃ɖizazã kple ahamumu zua numame na bubuwo abe Joan fofo ene, eye wòna womegate ŋu wɔa nu alesi dze o.

Aleke ke nɔnɔmea le o, dze agbagba nàɖo ŋku edzi be dziwòlawo mede blibo o. Biblia gblɔ be: “Wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim.” (Romatɔwo 3:23; 5:12) Nyateƒee, esia menye taflatsedodo ɖe nuwɔna veame alo nunyamanɔmenuwɔna nu o. Gake ne ède dzesii be mí katã míenyi blibomademade ƒe dome la, ana wòanɔ bɔbɔe na wò wu be nàɖe asi le dzikudodo kple vevesese kaɖikaɖi ŋu.

Nya si wogblɔ le Nyagblɔla 7:10 ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe dziku kple vevesese si anɔ mewò ɖe dziwòlawo ŋu la nu. De dzesi nuxlɔ̃ame si wòna ku ɖe susu tsɔtsɔ aku ɖe tsã ɣeyiɣiwo ŋu be: “Megagblɔ be, nukata tsã ŋkekewo nyo wu fifitɔwo hã o, elabena mèle biabiam ɖe nunya me o.” Eyata, le esi teƒe be nànɔ tsã ɣeyiɣiwo ŋu bum la, enyo wu be nàbu tame le alesi nàwɔ be wò nɔnɔmea naɖe vi geɖe wu na wò ŋu boŋ.

Afɔ Gbãtɔ Ðeɖe

Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu ado ŋgɔ aɖe afɔ le ɖokuiwò si adi fofowò yomemɔ. Nyateƒee, eyae gblẽ wò ɖi, eye àsusui wòasɔ be eyae wòle be wòawɔ afɔɖeɖe gbãtɔ. Gake ne meɖe afɔa o eye kadodo si mele mia kplii dome o le fu ɖem na wò eye wòna dzi medzɔa wò o la, ɖe maɖe vi na wò be nàdze agbagba be wò ŋutɔ nàɖɔ nɔnɔmea ɖo oa? Bu tame le alesi Yesu Kristo wɔ nui esime eƒe xɔlɔ̃ aɖewo wɔ nu wòvee ŋu kpɔ. Le eƒe amegbetɔnyenye ƒe zã mamlɛtɔ me la, eƒe apostolowo gblẽe ɖi. Petro ƒo adegbe be yealé ɖe Yesu ŋu le nɔnɔme ɖesiaɖe me. Gake Petro gbe nu le Yesu gbɔ—menye zi ɖeka o ke zi etɔ̃ sɔŋ!—Mateo 26:31-35; Luka 22:54-62.

Togbɔ be enɔ nenema hã, Yesu yi edzi lɔ̃ Petro togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo nɔ Petro ŋu hã. Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, Yesue wɔ afɔɖeɖe gbãtɔ be yeagbugbɔ yewoƒe ƒomedodoa aɖo te esi wòɖe eɖokui fia Petro etɔxɛe. (Korintotɔwo I, 15:5) Nukutɔe la, esi Yesu bia Petro be, ‘èlɔ̃m’ hã la, Petro ɖo eŋu be “Ẽ, Aƒetɔ, wòe nyae bena, nyemelɔ̃a nu gbɔwò o.” Togbɔ be Petro wɔ ŋukpenanuwo hã la, ekpɔtɔ lɔ̃ Yesu.—Yohanes 21:15.

Abe alesi wònɔ le Petro kple Yesu gomee ene la, ɖewohĩ mia kple fofowò dome nɔnɔmea megblẽ nenema gbegbe abe alesi wòdzee ene o. Ðewohĩ awɔ nu nyuie ne èwɔ afɔɖeɖe gbãtɔ ƒo ka nɛ, ŋlɔ lɛta nɛ, alo va srãe kpɔ. Henry si míeyɔ le gɔmedzedzea me ɖo ŋku edzi be: “Meŋlɔ lɛta na fofonye zi ɖeka, eye wòɖo eŋu nam gblɔ be yekpɔ ŋudzedze ɖe ŋunye ŋutɔ. Mede lɛta ma ahuhɔ̃e me hetsi ɖe nye gli ŋu ƒe geɖe. Ekpɔtɔ le asinye vaseɖe egbe.”

Joan kple nɔviawo hã wɔ afɔɖeɖe gbãtɔ va srã wo fofo si zu ahanomunɔtɔ la kpɔ. Joan lɔ̃ ɖe edzi be: “Nɔnɔme si me wònɔ menyo ale o, gake enyo be míeyi ɖakpɔe ɖa.” Ðewohĩ aɖe vi na wò be nàwɔ afɔɖeɖe gbãtɔ. Ne fofowò meɖe afɔ aɖeke le tɔwò si nèɖe megbe o la, ɖewohĩ anyo be nàna ɣeyiɣi aɖe nava yi eye nàgatee akpɔ.

Tenɔnɔ Ðe Amegbegbe ƒe Vevesese Nu

Salomo ɖo ŋku edzi na mí be “nudiɣi li, eye nubuɣi li.” (Nyagblɔla 3:6) Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be ɖevi natsɔ vevesese alɔ̃ ɖe nyateƒea dzi be ye fofo megadi be ƒomedodo nanɔ ye kple ye viwo dome o. Ne nenemae wòle le fofowò gome la, ɖewohĩ gbeɖeka ava nyɔ le eɖokui me akpɔ nusi gbegbe wòbu esi wògbe mia kplii dome ƒomedodo ta kpɔkpɔ.

Gake kakaɖedzi nenɔ asiwò be eƒe wò gbegbe mefia be viɖe aɖeke mele ŋuwò o. Biblia me hakpala Dawid gblɔ be: “Ne fofonye kple danye wogblẽm ɖi hã la, Yehowa axɔm.” (Psalmo 27:10, NW) Ẽ, asixɔxɔ gã gale ŋuwò le Mawu ŋkume.—Luka 12:6, 7.

Eyata ne dzi ɖe le ƒowò alo nèlé blanui la, te ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me. (Psalmo 62:9) Gblɔ alesi tututu wò seselelãmewo le nɛ. Kakaɖedzi nenɔ asiwò be aɖo to wò ahafa akɔ na wò. Biblia me hakpala bubu ŋlɔ be: “Mele ŋugble geɖe dem le nye dzi me, ke wò akɔfaname doa dzidzɔ na nye luʋɔ.”—Psalmo 94:19.

Hadede kple hati Kristotɔwo si me vividoɖeameŋu le hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànɔ te ɖe amegbegblẽɖi sia nu. Lododowo 17:17 gblɔ be: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” Àte ŋu akpɔ zɔhɛ vavã mawo ƒomevi le Yehowa Ðasefowo ƒe Kristo-hamea me. Aɖe vi vevietɔ ne ète ɖe hamemegã siwo le hamea me ŋu. Joan nɔviŋutsu Peter ɖo aɖaŋu sia be: “Ƒo nu kple ame tsitsi siwo le hamea me, eye woakpe ɖe ŋuwò geɖe. Ne fofowò gblẽ wò ɖi la, na woanya wò seselelãmewo.” Hamea me dzikpɔlawo ate ŋu aɖo aɖaŋu nyui aɖewo hã le agbanɔamedzi aɖewo siwo fofowò tsɔna tsã, abe aƒea dzadzraɖo ene la gbɔ kpɔkpɔ ŋu.

Dawò hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Nyateƒee, anɔ eme be eya ŋutɔ hã ƒe seselelãmewo le fu ɖem nɛ. Gake ne ègblɔ wò seselelãmewo nɛ bubutɔe la, ɖikeke mele eme o be awɔ ɖesiaɖe si wòate ŋui akpe ɖe ŋuwò.

Do Alɔ Wò Ƒomea!

Fofowò ƒe anyimanɔmanɔ akpɔ ŋusẽ ɖe miaƒe ƒomea dzi le mɔ geɖe nu. Ðewohĩ ahiã be dawò nadi dɔ—ate ŋu anye dɔwɔɖui eve gɔ̃ hã—hafi ate ŋu akpɔ nuhiahiãwo gbɔ. Ava hiã be mia kple nɔviwòwo miatsɔ aƒeame ƒe agbanɔamedzi geɖe wu. Gake àte ŋu anɔ te ɖe tɔtrɔ mawo nu ne ètu Kristotɔwo ƒe ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ ɖo. (Kolosetɔwo 3:14) Esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ asiwò eye nàɖu vevesese dzi. (Korintotɔwo I, 13:4-7) Peter gblɔ be: “Kpekpeɖeŋu nana nye ƒomea nye nu nyui aɖe, eye ena nye dzi dzea eme esi menya be danye kple nɔvinyenyɔnuwo ŋue mele kpekpem ɖo ta.”

Ðikeke mele eme o be nu wɔnublanui si vea amee wònye be ame fofo nadzo le aƒeme. Gake kakaɖedzi nenɔ asiwò be to Mawu, Kristotɔ xɔlɔ̃ lɔ̃amewo, kple ƒometɔwo ƒe kpekpeɖeŋu me la, mia kple wò ƒomea miate ŋu anɔ te ɖe enu. *

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 11 Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Nukata Papa Dzo le Mía Gbɔ?” si dze le míaƒe December 8, 2000 ƒe tata me.

^ mm. 27 Ne èdi nyatakaka geɖe ku ɖe dzilaɖekɛƒomewo me nɔnɔ ŋu la, kpɔ “Sɔhɛwo Biana Be . . .” me nyati siwo dze le Eŋlisigbe me December 22, 1990, kple March 22, 1991 tɔwo me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 19]

Sɔhɛ aɖewo wɔ afɔɖeɖe gbãtɔ di wo fofo yomemɔ