Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Atikewɔwɔ si Nàtia—Ðe Wòle Veviea?

Atikewɔwɔ si Nàtia—Ðe Wòle Veviea?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Atikewɔwɔ si Nàtia—Ðe Wòle Veviea?

LÃMEGBEGBLẼ, dɔléle, kple nuveviwɔame nye nusiwo ɖea fu na ameƒomea enuenu. Ame geɖe wɔa atike ne lãmesẽkuxi siawo dometɔ aɖe dze wo dzi. Yesu Kristo de dzesi viɖe siwo ate ŋu anɔ agbagbadzedze mawo ŋu, eye wògblɔ be “menye lãmesesẽtɔwoe hiãa gbedala o, negbe dɔlélawo ko.”—Luka 5:31.

Atikewɔlae Biblia ŋlɔla Luka, amesi ŋlɔ nya mawo la nye. (Kolosetɔwo 4:14) Ðewohĩ Luka ƒe atikeŋutinunya ɖe vi aɖewo na apostolo Paulo esime wozɔ mɔ ɖekae. Gake ɖe Ŋɔŋlɔawo na mɔfiame aɖewo le atikewɔmɔnu siwo nyo na Kristotɔwo ŋua? Ðe atikewɔmɔnu si nàtia le veviea?

Ŋɔŋlɔawo me Mɔfiamewo

Biblia ate ŋu afia mɔ ame le nyametsotso si me nunya le wɔwɔ me le atikewɔnyawo me. Le kpɔɖeŋu me, Mose V, 18:10-12 na eme kɔ be nuwɔnawo abe afakaka kple akunyawɔwɔ ene nye “ŋunyɔnu” na Yehowa. Nusiawo siwo ŋu wode se ɖo la kpe ɖe ‘gbɔgbɔyɔyɔ’ si ŋu Paulo xlɔ̃ nu le ŋu. (Galatiatɔwo 5:19-21) Eyata Kristotɔ vavãtɔwo tsria dɔléle dodokpɔ alo atikewɔmɔnu siwo me gbɔgbɔyɔyɔ le.

Biblia ɖe asixɔxɔ gã si Wɔla la dea agbe kple ʋu ƒe nukɔkɔenyenye ŋu hã fia. (Mose I, 9:3, 4) Esi Yehowa Ðasefowo ɖoe kplikpaa be yewoawɔ ɖe se si wode be ‘míatsri ʋu’ dzi ta la, wogbea atikewɔmɔnu siwo nye dada le Biblia ƒe se si nye be míatsri ʋu la dzi. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Esia mefia be wogbea atikewɔwɔ ɖesiaɖe o. Ke boŋ wodia atikewɔwɔ nyuitɔ kekeake na woawo ŋutɔ kple wo viwo. Gake wobiana tso atikenyalawo si be woawɔ atike siwo sɔ ɖe woƒe subɔsubɔdzixɔsewo nu na yewo.

Lé Ŋku Ðe Wò Afɔɖeɖewo Ŋu

Fia Salomo xlɔ̃ nu be, “ame bebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” (Lododowo 14:15) Ne atikewɔwɔ si woatia menye dada le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi tẽ o hã la, ele be ame ‘nalé ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.’ Menye atikewɔmɔnuwo katãe ɖea vi o. Menye ɖe Yesu nɔ asi dam ɖe atikewɔmɔnu siwo katã nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la dzi esime wògblɔ be ‘dɔlélawo hiã gbedala’ o. Enya be atikewɔmɔnu aɖewo nyo eye bubuwo nye ameflunuwo. *

Nenema ke egbea atikewɔmɔnu aɖewo anye nu dzodzro, alo ametafatafa gɔ̃ hã. Ŋumaɖɔɖo ate ŋu ana ame nade eɖokui afɔku me madzemadzee. Ele be woade dzesii hã be ate ŋu adzɔ be atike si xɔ ame aɖe la maxɔ ame bubu o—alo agblẽ nu le eŋu gɔ̃ hã. Ne nunyala le nyametsotso wɔm ku ɖe atikewɔnyawo ŋu la, ade ŋugble le mɔnuawo ŋu nyuie, tsɔ wu be ‘wòaxɔ nya sia nya dzi ase,’ ne wòle aɖaŋuɖoɖo xɔm tso exɔlɔ̃ siwo si susu nyui le gbɔ gɔ̃ hã. Aɖe ‘susuŋudɔwɔwɔ’ afia ne edi nyatakaka si ŋu kakaɖedzi le bene wòate ŋu awɔ tiatia si sɔ.—Tito 2:12.

Nukpɔsusu si Sɔ Nanɔ Asiwò eye Nàda Asɔ

Esɔ be woatsi dzi ɖe ame ƒe lãmesẽ ŋu. Dzitsitsi si da sɔ ɖe ame ƒe ŋutilã me lãmesẽmenɔnɔ ŋu nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖefia ɖe agbe ƒe nunana kple Mawu si nye Enala ŋu. (Psalmo 36:10) Togbɔ be Kristotɔwo di be woawɔ atike si sɔ na yewo hã la, ele be woada asɔ le lãmesẽnyawo gome. Le kpɔɖeŋu me, ne amesi le lãmesẽ me alesi dze va tsi dzi ɖe lãmesẽmenɔnɔ kple kamedede ŋu wògbɔ eme la, ate ŋu ana wòaŋe aɖaba aƒu ‘nusiwo le vevie wu’ dzi.—Filipitɔwo 1:10; 2:3, 4.

Nyɔnu aɖe si dze dɔ eye wòtsi dzi vevie le Yesu ƒe ŋkekea me la ‘gblẽ nusiwo katã le esi,’ tsɔ nɔ gbedada dim na dɔléle si nɔ eŋu ɣeyiɣi didi la. Nukae do tso eme? Le esi teƒe be wòakpɔ dɔyɔyɔ la, ɖeko eƒe nɔnɔmea gagblẽ ɖe edzi, eye anɔ eme be ena wòtɔtɔ ɖe edzi. (Marko 5:25, 26) Ewɔ ɖesiaɖe si wòate ŋui be yeakpɔ gbɔdzɔe, gake medze edzi o. Eƒe nuteƒekpɔkpɔa ɖe afisi atikewɔwɔŋutinunya si nɔ anyi le eƒe ŋkekea me yi ŋgɔ se ɖo fia. Egbea gɔ̃ hã, togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi le atikeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋuŋutinunya me hã la, ame geɖe le nɔnɔme ma tɔgbe me. Eyata ele be nukpɔsusu si sɔ nanɔ ame si le nusiwo atikeŋutinunya ate ŋu awɔ ŋu. Womate ŋu anɔ lãmesẽ blibo me fifia o. Kristotɔwo de dzesii be ɣeyiɣi si me Mawu ‘ayɔ dɔ dukɔwo’ la kpɔtɔ le etsɔme. (Nyaɖeɖefia 22:1, 2) Eyata ele be atikewɔnyawo ŋuti nukpɔsusu si da sɔ nanɔ mía si.—Filipitɔwo 4:5.

Edze ƒã be tiatia siwo míewɔna la le vevie. Eyata ne wòva hiã be míawɔ nyametsotso le atikewɔwɔ ŋu la, ele be tiatia si míawɔ naɖe míaƒe didi be míanɔ lãmesẽ me kple míaƒe didi be míanɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu afia. Ne míele ewɔm nenema la, míate ŋu ayi edzi atsɔ dzideƒo anɔ mɔ kpɔm na Yehowa ƒe ŋugbe si wòdo be le ŋutikɔkɔe xexe yeye si gbɔna me la, ‘duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o,’ la ƒe emevava.—Yesaya 33:24.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Le kpɔɖeŋu me, le Dioscorides ƒe ƒe alafa gbãtɔ me atikewɔwɔ ŋuti numekugbalẽ me la, egblɔ be asrã dzẽ (jaundice) dada ƒe mɔnu aɖee nye be woano wein kple gbɔmi si woblu! Gake míenya be nuwɔna ma agblẽ dɔnɔa ƒe kuxiwo ɖe edzi godoo.

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

“Atikewɔla La,” ƒe 1891, si Aƒetɔ Luke Fildes ta

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Tate Gallery, London/Art Resource, NY