Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbãtɔ Si Woɖo Ƒe Alafa Ðeka Enye Si Va Yi

Gbãtɔ Si Woɖo Ƒe Alafa Ðeka Enye Si Va Yi

Gbãtɔ Si Woɖo Ƒe Alafa Ðeka Enye Si Va Yi

Wode Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa ƒe dɔwɔɖoɖo si le se nu agbalẽ me le Pennsylvania, U.S.A., le December 15, 1884 dzi. * Afimae woɖo habɔbɔ sia ƒe dɔwɔƒegã ɖo. Emegbe le April 23, 1900, dzi la, woƒle anyigba hena alɔdzedɔwɔƒe gbãtɔ tutu le London, England. Enɔ 131 Gipsy Lane, Forest Gate, le Ɣedzeƒe London, abe alesi wòdze le afisia ene.

ESIME woɖo alɔdzedɔwɔƒe gbãtɔ ma ƒe alafa ɖeka enye sia la, Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowoe ɣemaɣi, 138 ye nɔ England. Le ƒe eve megbe, si nye ƒe 1902 me la, woɖo alɔdzedɔwɔƒe evelia ɖe Germany; eye kaka 1904 naɖo la, woɖo alɔdzedɔwɔƒe bubuwo ɖe Australia kple Switzerland.

Le ƒe 1918 me, si nye ƒe si me Xexemeʋa I ke la, Biblia Nusrɔ̃vi 3,868 ye bu gbeƒãɖeɖedɔa ŋuti kɔnta le xexeame godoo. Ƒe si kplɔe ɖo mee woɖo Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe atɔ̃lia—ɖe Canada. Azɔ esi gbeƒãɖeɖe Biblia me gbedasia nɔ ta kekem la, woɖo alɔdzedɔwɔƒe yeyewo ɖe dukɔ geɖe me, eye woɖo wo ame ade le ƒe 1921 ɖeɖe me.

Le ƒe 1931 me, si nye ƒe si me Biblia Nusrɔ̃viawo tsɔ ŋkɔ si tso Biblia me si nye Yehowa Ðasefowo la, alɔdzedɔwɔƒe 40 ye nɔ xexeame katã. (Yesaya 43:10-12) Le ƒe etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me la, xexlẽmea dzi ɖe edzi ɖo 49! Kaka ƒe 1938 naɖo la, Ðasefowo ƒe agbɔsɔsɔme si nɔ gbeƒã ɖem la ɖo 59,047 le dukɔ 52 me, gake le ɣeyiɣi mawo me la, tsitretsiɖeŋu sesẽwo dze kplamatse dodo na woƒe Kristotɔwo ƒe dɔa le teƒe geɖe.

Esime ŋutasẽdziɖuɖu kple dzizizidziɖuɖu nɔ ta kekem tso dukɔ ɖeka me yi bubu me eye Xexemeʋa II dze egɔme le September 1939 me la, wotu Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo le dukɔ geɖe me. Kaka ƒe 1942 naɖo la, wo dometɔ 25 koe kpɔtɔ nɔ dɔ wɔm. Gake nukutɔe la, le aʋa dziŋɔtɔ kekeake ma si wowɔ kpɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me wɔɣi la, Yehowa Ðasefowo kpɔtɔ nɔ dɔ wɔm le xexeame katã eye wokpɔ ŋgɔyiyi si ƒo ɖesiaɖe ta le woƒe egbeŋkekeawo me ŋutinya me la dometɔ ɖeka.

Esime Xexemeʋa II nɔ kekem le ƒe 1945 me—eye wogblẽ nuwo dome le xexeame ƒe akpa geɖe—hã la, wogbugbɔ nɔ Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo nu ʋum eye wonɔ yeyewo ɖom. Kaka ƒe 1946 naɖo la, alɔdzedɔwɔƒe 57 ye nɔ xexeame godoo. Eye Ðasefo nenie nɔ dɔ wɔm? Woƒe agbɔsɔsɔme nɔ 176,456! Ema nye xexlẽme si nɔ anyi le ƒe 1938 me la teƒe etɔ̃ kloe!

Alesi Alɔdzedɔwɔƒe Gbãtɔawo Keke Tae

Le ƒe 1911 me la, woɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe gbãtɔ si nɔ London, England, la yi 34 Craven Terrace, afisi teƒe geɖe li na ɔfiswo kple xɔdɔmewo. Emegbe le April 26, 1959, dzi la, wokɔ alɔdzedɔwɔƒe yeye ŋu le Mill Hill, London. Wogakeke dɔwɔƒexɔwo ɖe enu emegbe, eye mlɔeba (le ƒe 1993 me) la, wokɔ agbalẽtaƒe kple dɔdzikpɔƒe ƒe xɔ siwo wotu ɖe anyigba si ƒe lolome nɔ meta 18,500 togodo si te ɖe alɔdzedɔwɔƒe xoxoa ŋu dzi la ŋu. Afisiae wotaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! si ƒe xexlẽme wu miliɔn 90 ɖe gbegbɔgblɔ 23 me ƒe sia ƒe la le.

Takeke siwo va le Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe evelia gome ya gawɔ nuku wu gɔ̃ hã. Le ƒe 1923 me la, woɖe Germany lɔdzedɔwɔƒea yi Magdeburg. July 15, 1923, ƒe Gbetakpɔxɔ ye nye gbãtɔ si wota le Habɔbɔa ŋutɔ ƒe agbalẽtaƒea. Le ƒe ʋɛ siwo kplɔe ɖo me la, woƒle anyigba le teƒe si te ɖe afima ŋu, eye wotu xɔwo kpe ɖe eŋu, eye woƒle agbalẽblamɔ̃ kple agbalẽtamɔ̃ bubuwo kpee. Le ƒe 1933 me la, Nazi dziɖuɖua xɔ alɔdzedɔwɔƒea akpa sesẽe, woxe mɔ ɖe Ðasefoawo nu, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wolé wo dometɔ akpe eve de fuwɔamegaxɔwo me.

Esi Xexemeʋa II ke le ƒe 1945 me la, wogbugbɔ míaƒe xɔ siwo nɔ Magdeburg, si nye East Germany ƒe akpa aɖe ɣemaɣi la na Habɔbɔa eye wogbugbɔ ʋu alɔdzedɔwɔƒea. Gake le August 30, 1950, dzi la, Kɔmiunist kpovitɔwo va dze dɔwɔƒea dzi eye wolé dɔwɔlawo, eye woxe mɔ ɖe Ðasefo siwo nɔ East Germany ƒe dɔ nu. Le ƒe 1947 me la, woƒle anyigba le Wiesbaden, le West Germany. Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, wokeke alɔdzedɔwɔƒexɔ siwo nɔ afima ɖe enu edziedzi be woate ŋu akpɔ agbalẽ ƒe hiahiã si nɔ dzidzim ɖe edzi la gbɔ.

Esi teƒe meganɔ anyi be woakeke xɔawo ɖe enu le Wiesbaden o ta la, woƒle anyigba si ƒe lolome anɔ agbleka gã 30 le teƒe si te ɖe Selters ŋu le ƒe 1979 me. Le xɔtudɔ si xɔ abe ƒe atɔ̃ ene megbe la, wokɔ alɔdzedɔwɔƒe gã aɖe ŋu le April 21, 1984, dzi. Tso ɣemaɣi la, wokekee ɖe enu ale be alɔdzedɔwɔƒea ƒe dɔwɔla siwo wu akpe ɖeka nate ŋu anɔ afima. Dzinu ɖesiaɖe la, agbalẽtamɔ̃ gã si le Selters la taa magazine siwo ƒe xexlẽme wu miliɔn 16 le gbegbɔgblɔ 30 me; eye le nyitsɔ laa ƒe aɖe me la, wota agbalẽ siwo wu miliɔn 18, kple Bibliawo le agbalẽblaƒea.

Alɔdzedɔwɔƒe Bubu Siwo Taa Agbalẽ Geɖe

Wotu alɔdzedɔwɔƒe zi gbãtɔ ɖe Kobe, Japan, le ƒe 1927 me, gake yometiti sesẽ si va Ðasefowo dzi le Xexemeʋa II me la na woƒe dɔa yi to. Gake le aʋaa ƒe keke megbe teti la, wogbugbɔ alɔdzedɔwɔƒea tu ɖe Tokyo. Esi teƒe megava nɔ anyi woakeke alɔdzedɔwɔƒea ɖe enu le afima o ta la, wotu alɔdzedɔwɔƒe yeye ɖe Numazu. Wokɔ eŋu le ƒe 1973 me. Esi dɔwɔlawo va sɔ gbɔ wu xɔ siwo nɔ afima la, wotu yeye siwo lolo wu ɖe Ebina, eye wokɔ wo ŋu le ƒe 1982 me. Wowu xɔ siwo wokeke ɖe enu siwo me ame 900 ate ŋu anɔ la tutu nu le teƒe sia nyitsɔ laa. Wota Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe xexlẽme si wu miliɔn 94 ɖe Japangbe ɖeɖe dzaa me le ƒe 1999 me, tsɔ kpe ɖe agbalẽ miliɔn geɖe ŋu.

Wokeke alɔdzedɔwɔƒe geɖe ɖe enu le dukɔ bubuwo me nenema ke. Wotu alɔdzedɔwɔƒe ɖe Mexico City, le Mexico le ƒe 1929 me. Emegbe esime Ðasefowo ƒe agbɔsɔsɔme ɖo 60,000 la, wotu xɔ yeye si lolo wu ɖe teƒe si te ɖe dugãa ŋu. Wokɔ eŋu le ƒe 1974 me, eye wotu bubuwo kpe ɖe eŋu le ƒe 1985 kple 1989 me. Fifi laa la, esusɔ vie woawu agbalẽtaƒe si lolo ŋutɔ kple xɔdɔme bubuwo nu. Esia wɔe be madidi o dɔwɔla siwo ade 1,200 ate ŋu anɔ Mexico alɔdzedɔwɔƒea. Fifi laa la, wotaa magazine kple agbalẽwo le alɔdzedɔwɔƒe ma na Ðasefo siwo wu 500,000 kple ame miliɔn geɖe bubu siwo le Mexico kpakple amesiwo le dukɔ siwo te ɖe wo ŋu me.

Le ƒe 1923 me la, wotu alɔdzedɔwɔƒe ɖe Rio de Janeiro, Brazil, eye emegbe wotu xɔdɔme nyuiwo ɖe afima. Gake esi wònye São Paulo ye nye Brazil ƒe asitsadugã si me ʋumɔ geɖe to ta la, le ƒe 1968 me la, wotu alɔdzedɔwɔƒe yeye ɖe dugã ma me. Kaka wòaɖo ƒe 1970-awo ƒe domedome la, Ðasefo siwo ade 100,000 ye nɔ Brazil. Gake teƒe meganɔ anyi woakeke xɔawo ɖe enu le São Paulo o, eyata woƒle anyigba si ƒe lolome nye agbleka gã 115, le Cesário Lange, si didi tso São Paulo gbɔ anɔ kilometa 150. Le March 21, 1981, dzi la, wokɔ alɔdzedɔwɔƒe si wotu ɖe teƒe yeye ma la ŋu. Xɔawo kekeɖenu wɔe be ame 1,200 ate ŋu anɔ alɔdzedɔwɔƒea. Wotaa magazinewo kple agbalẽwo le Brazil hena Anyiehe Amerika ƒe akpa gãtɔ kple xexeame ƒe akpa bubuwo.

Wowu alɔdzedɔwɔƒe gã bubu si wotaa agbalẽ le la tutu nu le ƒe 1990 ƒeawo ƒe gɔmedzedze le Bogotá, Colombia. Wotaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! le afima ɖona ɖe Anyiehe Amerika ƒe dzieheɣetoɖoƒe nutowo katã me.

Alɔdzedɔwɔƒe bubu siwo taa magazine miliɔn geɖe ƒe sia ƒe la le Argentina, Australia, Canada, Finland, Italy, Korea, Nigeria, Philippines, South Africa, kple Spain. Italy ƒe alɔdzedɔwɔƒea hã taa agbalẽ miliɔn geɖe tsɔ kpe ɖe Bibliawo ŋu ƒe sia ƒe le gbegbɔgblɔ geɖe me. Gake wokpɔtɔ taa agbalẽ siwo wotana ƒe sia ƒe la ƒe akpa gãtɔ si ade agbalẽ miliɔn 40 kple magazine siwo wu biliɔn ɖeka la le Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York, kple eƒe agbalẽtaƒe si le New York ƒe dziehe gome.

Nyateƒee, eɖe dzesi be alɔdzedɔwɔƒewo ƒe agbɔsɔsɔme dzi ɖe edzi tso ɖeka si nɔ anyi ƒe alafa ɖeka enye si va yi dzi va ɖo 109 egbea, siwo kpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe hiahiãwo gbɔ le dukɔ 234 me. Kristotɔ ɖeadzɔgbe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo ade 13,000 siwo wɔa dɔ le teƒe mawo hã ɖe dzesi! Kakaɖedzitɔe la, dɔ si wowɔna tsɔ kpe ɖe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 5,500 siwo wɔa dɔ le Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã ŋu la, wɔa akpa vevi aɖe le nyagblɔɖi si Yesu Kristo gblɔ la me vava me be ‘woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, eye ekema nuwuwu aɖo.’—Mateo 24:14.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Woyɔnɛ ɣemaɣi be Zion’s Watch Tower Tract Society.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Tom Hart, amesi wosusu be eyae nye Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔ le England

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

London alɔdzea, le 34 Craven Terrace (le ɖusime fotoa me)

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Dɔwɔƒe siwo wozãna fifia le London