Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hehenana si Naa Agbe

Hehenana si Naa Agbe

Hehenana si Naa Agbe

“Bibliae nye mɔfianu nyuitɔ kekeake le agbenɔnɔ me.”—Thomas Tiplady, ƒe 1924.

MENYE vividodo ɖe nu ŋue wònye ne míegblɔ be hehenana si nɔ te ɖe Biblia dzi trɔa amewo ƒe agbe o. Ena gɔmesese kple mɔkpɔkpɔ va su amesiwo bu mɔkpɔkpɔ eye dzi ɖe le wo ƒo la si. Dzilaɖekɛ aɖe si tso Namibia ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le South Africa be:

“Mexɔ ƒe 29, eye metsɔ ŋkeke eve ko xlẽ Questions Young People Ask—Answers That Work ƒe agbalẽa. Ede dzi gbɔ nam ale gbegbe elabena metsi akogo ŋutɔ. Nye ahiãvi ku le ʋufɔku me eye wògblẽ vi eve dzi kpɔkpɔ ɖe dzinye. Míele fu kpem ale gbegbe. Ɣeaɖewoɣi mebunɛ be ade dzinye wu ne mewu wo hewu nye ŋutɔ ɖokuinye hã. Gake esi agbalẽ sia ka asinye la, metrɔ nye susu. Taflatse miva wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.”

Biblia nye mɔfiamegbalẽ si ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woakpɔ dzidzedze le agbemenuwɔna ɖesiaɖe me—le kadodo kple ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo, kple woƒe nutoawo me tɔwo me. (Psalmo 19:8; Timoteo II, 3:16) Enaa mɔfiame siwo sɔ le alesi woalé nu nyui wɔwɔ me ɖe asi atsri vɔ̃e ŋu. Enye agbalẽ si ƒo nu tso alesi woanɔ agbe vavãe ŋu. Ne èle exlẽm la, àkpɔe be eyɔ fũ kple nudzɔdzɔ siwo ku ɖe ame ŋutɔŋutɔ siwo nɔ anyi kpɔ ŋu. Àkpɔ nusi na dzidzɔ kple viɖe nɔ ame aɖewo ƒe agbe me kple esiwo na ame bubuwo se veve eye woƒe nu wɔ nublanui la adze sii. Àva kpɔ nusiwo ŋu asixɔxɔ le kple esiwo ŋu asixɔxɔ mele o la dze sii kɔte.

Hehenana si Naa Agbe Fifia

Biblia te gbe ɖe nunya vavãtɔ ƒe amesinɔnɔ ƒe vevienyenye dzi. Egblɔ be: ‘Nunyae xɔ asi wu. Ƒle nunya.’ (Lododowo 4:7) Ede dzesii hã be nunya menɔa amegbetɔwo si ɣeawokatãɣi o, eyata exlɔ̃ nu be: “Ne mia dometɔ aɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa.”—Yakobo 1:5.

Aleke mía Wɔla, Yehowa Mawu, naa nunya faae? Ewɔa esia to eƒe Nya, Biblia, si wòde dzi ƒo na mí be míaxlẽ la dzi. Mawu xlɔ̃ nu be: “Vinye, ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe, eye nèdzra nye sewo ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ, be nèƒu wò to anyi ɖe nunya ŋu . . . , àse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu. Elabena Yehowa naa nunya.” (Lododowo 2:1, 2, 5, 6) Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nya me dzi eye míekpɔ alesi wowɔa dɔe la, míekpɔnɛ be eɖe Mawu ƒe nunya fia vavã.

Mítsɔ tenɔnɔ ɖe ahedada nu ƒe nya wɔ kpɔɖeŋui. Biblia kafu dɔsesẽwɔwɔ eye wòxlɔ̃ nu tsi tre ɖe nuwɔna siwo gblẽa nu ʋɛ si le ame si dome la ŋu. Eyata edze ƒã be nugbegblẽwɔwɔwo abe atamanono kple ahatsunono ene nye nusiwo tsi tre ɖe Biblia me gɔmeɖosewo ŋu.—Lododowo 6:6-11; 10:26; 23:19-21; Korintotɔwo II, 7:1.

Ke ŋusẽ si míaƒe zɔhɛwo ate ŋu akpɔ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi ya ɖe? Biblia gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) Ède dzesii be zi geɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu kplɔa amewo—sɔhɛwo kple ame tsitsiwo siaa—dea ahamumu, atikevɔ̃ɖizazã, kple agbegbegblẽnɔnɔ mea? Ẽ, ne míede ha kple amesiwo wɔa nu mawo la, míava nɔ abe woawo ke ene, abe alesi Biblia gblɔe ene be: “Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.”—Korintotɔwo I, 15:33.

Kakaɖedzitɔe la, mí katã míedi be míakpɔ dzidzɔ. Gake aleke wòate ŋu ava eme na míi? Ðe nède dzesii be Biblia gblɔ be menye nunɔamesiwo kokokoe ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ o, ke boŋ nɔnɔme kple ƒomedodo nyuiwo, vevietɔ ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu yea? (Timoteo I, 6:6-10) Yesu Kristo gblɔ le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me be dzidzɔtɔ akuakuawoe nye ‘amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me,’ “ame fafawo,” ‘amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe tsikɔ le wuwum,’ ‘nublanuikpɔlawo,’ ‘dzimedzadzɛtɔwo,’ kple ‘ŋutifafawɔlawo.’—Mateo 5:1-9.

Ne èbu tame vevie le Biblia ƒe nufiafiawo ŋu la, àkpɔ ŋudzedze ɖe alesi woate ŋu akpe ɖe mía ŋu afia mɔ mí le agbenɔnɔ mee ŋu. Biblia le etɔxɛ le aɖaŋuɖoɖowo nana me. Eƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖea vi ɣesiaɣi—menye nususuŋlɔ dzro koe wònye o, eye megblẽa nu le mía ŋu gbeɖe o. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ ɖea vi na edziwɔlawo ɣesiaɣi.

Hehenana si Naa Agbe

Gakpe ɖe Biblia ƒe vi ɖeɖe na mí fifia ŋu la, ena agbenɔnɔ le etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ hã mí. Eƒo nu tso anyigbadzidzadzraɖo kple etɔtrɔ wòazu aƒe dzeani na amesiwo subɔa Mawu ŋu. De dzesi etsɔme ŋuti nya dodzidzɔname sia bena: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4; Lododowo 2:21, 22.

Wò ya bu eŋu kpɔ ko: Ðevi lédɔ aɖeke maganɔ anyi o, dɔwuame maganɔ anyi o, dɔléle dziŋɔ siwo gbɔdzɔa ŋutila maganɔ anyi o, eye vevesese aɖeke maganɔ anyi o! Dziɖeleameƒo, mɔkpɔkpɔbuɖeame, kple nuxaxa ƒe aɖatsiwo nu ayi, elabena woaɖɔ nɔnɔme siwo hea nu mawo vɛ ɖo alo woaɖe wo ɖa. Esi Mawu ƒe dziƒodɔlawo atsrɔ̃ amesiwo ɖona koŋ wɔa nu vɔ̃ɖiwo ɖa ta la, fiafitɔwo, amewulawo, aʋatsokalawo, kple ame bubu siwo na dziɖeɖi mele agbe me o maganɔ anyi o. Amewo atso woa ŋutɔ ƒe aƒe eye woanɔ wo me le dziɖeɖi me.—Yesaya 25:8, 9; 33:24; 65:17-25.

Ðe nya sia do dzidzɔ na wòa? Àdi be yeanya nu geɖe tso Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ ŋu be wòaɖe vi na wò fifia kple le etsɔmea? Ne nenemae la, ke taflatse te ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu, eye adzɔ dzi na wo be yewoatsɔ mia kple wò ƒomea ade woƒe xexeme godoo “hehenana si naa agbe” ƒe ɖoɖoa me.