Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ɖeɖe Si Me Lɔlɔ̃ Mele O ƒe Mɔ̃ Ðe Wo

Srɔ̃ɖeɖe Si Me Lɔlɔ̃ Mele O ƒe Mɔ̃ Ðe Wo

Srɔ̃ɖeɖe Si Me Lɔlɔ̃ Mele O ƒe Mɔ̃ Ðe Wo

“Le amegbetɔƒome si me srɔ̃gbegbe bɔ ɖo me la, menye ɖeko srɔ̃ɖeɖe siwo me dzidzɔ mele o dometɔ geɖe me ava gblẽ ko o, ke srɔ̃ɖeɖe geɖe wu ava nye esiwo me dzidzɔ manɔ o.”—ƑOMEŊUTIÐAŊUÐOHA LE AMERIKA.

WOGBLƆ be agbe me dzidzɔkpɔkpɔ kple fukpekpe siaa ƒe akpa gãtɔ tsoa teƒe ɖeka ma ke—ame ƒe srɔ̃ɖeɖe me. Nyateƒee, agbe me nu ʋɛ aɖewo koe te ŋu hea dzidzɔ vɛ—alo hea nuxaxa vɛ de enu. Abe alesi aɖaka si kpe ɖe eŋu ɖee fiae ene la, srɔ̃tɔ geɖe ŋutɔ va le nu xam wu alesi dze.

Gake kuxia ƒe akpa aɖe koe srɔ̃gbegbe ŋuti kɔntabubuwo ɖena fiana. Ne srɔ̃ɖeɖe ɖeka do kpo nu la, bubu geɖe ya nɔa te gake kuxiwo doa agbogbo ɖe wo me. Nyɔnu aɖe si ɖe srɔ̃ ƒe 30 kple edzivɔ lɔ̃ ɖe edzi be: “Míenye ƒome kpɔdzidzɔ tsã, gake ƒe 12 siwo va yi dzi ŋɔ ale gbegbe. Srɔ̃nye metsɔa ɖeke le nye seselelãmewo me o. Le nyateƒe me la, eyae nye nye futɔ gãtɔ kekeake le seselelãmenyawo gome.” Nenema ke srɔ̃ŋutsu aɖe si nye srɔ̃tɔ ƒe 25 kloe fa konyi be: “Srɔ̃nye gblɔ nam be yemegalɔ̃m o. Egblɔ be ne míate ŋu anɔ anyi anye xɔɖekamenɔlawo ko eye amesiame awɔ nusi dze eŋu le vovoɣiwo zazã gome la, nɔnɔmeawo ade mía dzi wu.”

Nyateƒee, ame aɖewo siwo le nɔnɔme wɔnublanui sia me la dometɔ aɖewo gbe wo nɔewo. Gake le ame geɖe gome la, womebua srɔ̃gbegbe ŋu o. Nukatae? Ðk. Karen Kayser gblɔ be, nuwo abe ɖeviwo, nutome ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi, ganyawo, xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo, kple subɔsubɔdzixɔsewo ate ŋu alé srɔ̃tɔwo ɖe wo nɔewo ŋu, ne wo dome megale vivim o gɔ̃ hã. Egblɔ be: “Esi srɔ̃tɔ siawo mate ŋu agbe wo nɔewo le se nu o ta la, wonɔa anyi ɖekae gake hegbe wo nɔewo le seselelãme gome.”

Ðe wòle be srɔ̃tɔ siwo dome megale vivim o nade wo ɖokui agbenɔnɔ si me dzidzeme mele o mea? Ðe ame nɔewo gbegbe nye nusi ko woate ŋu awɔ tso srɔ̃ɖeɖe si me lɔlɔ̃ mele o ŋua? Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be woate ŋu akpɔ srɔ̃ɖeɖe geɖe siwo me kuxiwo le ta—menye tso vevesese si srɔ̃gbegbe ahe vɛ ko me o ke tso lɔlɔ̃maɖemaɖefia ƒe nɔnɔme wɔnublanui hã me.

[Aɖaka si le axa 3]

SRƆ̃GBEGBE LE XEXEAME GODOO

Australia: Srɔ̃gbegbe dzi ɖe edzi zi gbɔ zi ene kloe tso ƒe 1960-awo ƒe gɔmedzedze.

Britain: Wobu akɔnta be srɔ̃tɔ 10 ɖesiaɖe dometɔ 4 agbe wo nɔewo.

Canada kple Japan: Srɔ̃gbegbe gblẽa srɔ̃ɖeɖe etɔ̃ ɖesiaɖe dometɔ ɖeka dome.

United States: Tso ƒe 1970 me la, kakaɖedzi gobii aɖeke mele amesiwo le srɔ̃ ɖem si be yewoanɔ anyi ɖekae wòadidi o.

Zimbabwe: Srɔ̃tɔ 5 ɖesiaɖe dometɔ 2 gbea wo nɔewo.