Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Srɔ̃ɖeɖe Nanye Agbenɔɣi Katã ƒe Ðekawɔwɔa?

Ðe Wòle Be Srɔ̃ɖeɖe Nanye Agbenɔɣi Katã ƒe Ðekawɔwɔa?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wòle Be Srɔ̃ɖeɖe Nanye Agbenɔɣi Katã ƒe Ðekawɔwɔa?

NUKATAE wòle be míabia nya ma gɔ̃ hã ɖo? Ne míayɔ Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me atamkaka me nyawo tẽ la, ɖe mele be srɔ̃tɔwo nanɔ wo nɔewo gbɔ “le nɔnɔme nyui alo gbegblẽa gɔ̃ hã me” eye “vaseɖe esime ku nama mía dome” oa? Ẽ, zi geɖe la srɔ̃ɖeɖe me atamkakawo fiana be ŋugbetɔa kple ŋugbetɔsrɔ̃a le wo ɖokuiwo tsɔm na wo nɔewo le woƒe agbemeŋkekewo katã me. Gake ame geɖe megabunɛ be ŋugbedodo vevi ma bla yewo o. Srɔ̃tɔ gbogbo aɖewo dome le gbegblẽm—ɖewo le ɣleti aɖewo megbe, eye bubuwo le ƒe aɖewo megbe. Nukatae asixɔxɔ dede srɔ̃ɖeɖe ŋu dzi le ɖeɖem kpɔtɔ? Biblia ɖo eŋu.

Taflatse lé ŋku ɖe Timoteo II, 3:1-3 ŋu, eye nàtsɔe asɔ kple nusi teƒe kpɔm nèle le xexeame egbea. Kpukpui mawo ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena amewo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, . . . ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, . . . amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o.” Nyagblɔɖi ma le eme vam pɛpɛpɛ. Nɔnɔme mawo gblẽ srɔ̃ɖegbenɔnɔ me hegbɔdzɔ wo le xexeame godoo eye srɔ̃gbegbe ƒe dzidziɖedzi kabakaba ɖo kpe edzi.

Edze ƒã be ame geɖe megadea bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu o. Le esia ta, míabia be: Ðe wòle be woabu srɔ̃ɖeɖe ŋkubiãnyaea? Ðe nusi woyɔna be srɔ̃ɖeɖe ƒe nu kɔkɔenyenye lia? Aleke wòle be Kristotɔwo nabu srɔ̃ɖeɖee? Kpekpeɖeŋu kae Biblia na srɔ̃tɔwo egbea?

Ðe Mawu ƒe Nukpɔsusu Trɔa?

Le gɔmedzedzea me la, Mawu meƒo nu tso srɔ̃ɖeɖe ŋu be enye ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nu o. Wogblɔ alesi wòte ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ ƒo ƒui la ɖe Mose I, 2:21-24, eye womegblɔ be tiatia aɖeke li na srɔ̃gbegbe alo kaklã o. Ðe eteƒe la, kpukpui 24 gblɔ be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.” Nukae ŋɔŋlɔ ma fia?

De ŋugble le amegbetɔ ƒe ŋutilã, alesi wolɔ̃ lãmeka vovovoawo ɖekae kpeƒemanɔŋui kple alesi ƒunukpeƒewo sẽ evɔ wòʋãna bɔbɔe, ŋu kpɔ. Aleke wowɔ ɖekae nye si! Aleke woanɔ anyi eteƒe nadidi enye si! Gake aleke wòvena enye si ne nugbagbe sia si ɖeke mesɔ kplii o la xɔ abi vevie! Eyata, nya “ŋutilã ɖeka” si wozã le Mose I, 2:24 ɖo kpe srɔ̃ɖegbenɔnɔ me ƒomedodo kplikplikpli kple anyinɔnɔ ɖaa dzi. Eganye nuxlɔ̃ame vevi aɖe be ne wotu nubabla ma la, ehea vevesese gã vɛ.

Togbɔ be tɔtrɔ siwo katã wowɔ le ƒe akpe siwo va yi me la trɔ amegbetɔwo ƒe nukpɔsusuwo hã la, Mawu gakpɔtɔ bua srɔ̃ɖeɖe be enye ame ɖokui tsɔtsɔ na le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Anɔ abe ƒe 2,400 enye si va yi la, Yuda-ŋutsu aɖewo nɔ asi ɖem le wo srɔ̃ gbãtɔwo ŋu henɔ ɖetugbiwo ɖem. Mawu bu fɔ nuwɔna sia, eye wògblɔ to eƒe nyagblɔɖila Maleaxi dzi be: “Mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye megawɔ nu tovo ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu o. Elabena melé fu srɔ̃gbegbe, Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe.”—Maleaxi 2:15, 16.

Le ƒe alafa ene kple edzivɔ megbe la, Yesu gagbugbɔ te gbe ɖe nukpɔsusu si le Mawu si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la dzi esime wòyɔ nya tso Mose I, 2:24 me hegblɔ be: “Nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.” (Mateo 19:5, 6) Le ƒe aɖewo megbe la, apostolo Paulo fia nu be “[srɔ̃nyɔnu] nagagbe srɔ̃a o” eye be “[srɔ̃ŋutsu] hã nagagbe srɔ̃a o.” (Korintotɔwo I, 7:10, 11) Ŋɔŋlɔ siawo gblɔ Mawu ƒe nukpɔsusu ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu wòsɔ pɛpɛpɛ.

Ðe Biblia ɖe mɔ be woate ŋu agblẽ srɔ̃ɖeɖe mea? Ẽ, srɔ̃ɖeɖe wua enu ne kpeɖeŋutɔawo dometɔ aɖe ku. (Korintotɔwo I, 7:39) Ahasiwɔwɔ hã ate ŋu agblẽ srɔ̃ɖeɖe me ne srɔ̃tɔ maɖifɔa tso nya me nenema. (Mateo 19:9) Esiawo manɔmee la, Biblia de dzi ƒo na srɔ̃tɔwo be woanɔ wo nɔewo gbɔ ɖaa.

Alesi Woawɔ Srɔ̃ɖeɖe Nanɔ Anyi Ðaa

Mawu di be srɔ̃ɖeɖe nanɔ anyi ɖaa, menye abe ʋiʋli be woatsi agbe ene o, ke abe mɔzɔzɔ dodzidzɔname aɖe ene. Edi be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nakpɔ woƒe kuxiwo gbɔ ahase vivi deto le wo nɔewo gbɔ nɔnɔ me. Srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ le eye wònɔa anyi didina ŋuti mɔfiamewo le eƒe Nya la me. Taflatse de dzesi mawunyakpukpui siwo gbɔna.

Efesotɔwo 4:26: “Ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o.” * Srɔ̃ŋutsu kpɔdzidzɔ aɖe ka ɖe edzi be ŋɔŋlɔ sia kpena ɖe ye kple yesrɔ̃ ŋu be yewoakpɔ masɔmasɔwo gbɔ enumake. Egblɔ be: “Ne masɔmasɔ aɖe wɔe be mète ŋu le alɔ̃ dɔm o la, ekema nane mesɔ o. Màte ŋu aɖe mɔ kuxia nakpɔtɔ anɔ anyi o.” Ɣeaɖewoɣi la, eya kple srɔ̃a woƒoa nu tso kuxiwo ŋu kakaka zã tsina. Gake eɖea vi. Egblɔ kpee be: “Biblia ƒe gɔmeɖosewo tsɔtsɔ wɔ dɔe tsea ku nyuiwo.” To esia wɔwɔ me la, ŋutsu sia kple srɔ̃a se vivi le srɔ̃ɖeɖe me ƒe 42 sɔŋ.

Kolosetɔwo 3:13: “Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo.” Srɔ̃ŋutsu aɖe ɖe alesi eya kple srɔ̃a tsɔ esia de dɔwɔna mee me be: “Srɔ̃tɔwo ate ŋu ado dziku na wo nɔewo si menye nu gbegblẽ aɖee wowɔ kokoko hafi o, le esi gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple nɔnɔme siwo mesɔ na ame bubuwo o la le amesiame si ta. Míehea adodo kple mía nɔewo to alesi míeɖea mɔ be nusiawo nagblẽ mía domee o dzi.” Ðikeke mele eme o be seselelãme ma kpe ɖe srɔ̃tɔ siawo ŋu le ƒe 54 siwo woɖe wo nɔewo me!

Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siawo tsɔtsɔ awɔ dɔe gagbugbɔ doa ŋusẽ nublanu si bla srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo ɖekae la. Eye esia awɔe be dzidzɔ kple dzidzeme nate ŋu anɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea me eteƒe nadidi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Le ƒe alafa gbãtɔ me Titina Ɣedzeƒe ƒe ɣeyiɣi xexlẽ nu la, ŋkekea wua enu le ɣeɖoto me. Eyata ɖe Paulo nɔ dzi dem ƒo na nuxlẽlawo be woawɔ ŋutifafa kple ame bubuwo hafi ŋkeke ɖesiaɖe nawu enu.