Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzodzeaƒe Loo! Dzotsinu Kae Nàzã?

Dzodzeaƒe Loo! Dzotsinu Kae Nàzã?

Dzodzeaƒe Loo! Dzotsinu Kae Nàzã?

EDZƆNA zi geɖe be míezɔna toa ameŋudzɔnu sue maƒonu ma si le gli ŋu gbɔ evɔ míebua eŋu gbeɖe o! Ke hã gbeɖeka ate ŋu akpɔ míaƒe ɔfis alo dɔwɔƒe alo míaƒe aƒe gɔ̃ hã ta be mafiã o. Dzotsinu suewo ate ŋu axe mɔ ɖe kuxi sue—nutɔgba si lé dzo le gamle dzi alo xɔmetsovɔ si dzoxɔxɔmɔ̃ na wòlé dzo—nu be mava do gã ɖe edzi o. Wotrɔ asi le wo ŋu wole abe aʋawɔnu siwo wɔa dɔ enumake ene be woatsi futɔ sẽŋuta ma nu kaba hafi enu nava sẽ.

Esi futɔ sia te ŋu doa mo ɖa le nɔnɔme geɖe me—ati lédzowo, ami kple gas dzobibiwo, elektrik dzobibiwo—ta la, wowɔa dzotsinuwo hã wole vovovo. Godoo la, àdi be yeanya wò futɔ la kple wò aʋawɔnuawo. Esia mefia be nàsrɔ̃ nu ava nya eŋu abe dzotsidɔwɔla ene ya o, ke efia be nànya gɔmeɖose ʋɛ aɖewo tso wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, anye ne nukae nàwɔ le nɔnɔme si gbɔna me?

Abolomela aɖe tsɔ abolomegba yeye 20 siwo ŋu wòsi ami ɖo nyuie ɖo ga gbadzɛ aɖe dzi tsɔ de gabolokpo me be woaxɔ dzo esime wònɔ dzadzram ɖo be yeame yevubolo. Gake dzoxɔxɔfianua menɔ dɔ wɔm nyuie o eye dzoxɔxɔ nu va sẽ ale gbegbe be amia va nɔ dzudzɔ tum. Abolomela si do asiwuwo la wɔ kaba ʋu gabolokpoa eye wòhe ga gbadzɛ la do goe. Gake esia wɔwɔ na be ya su ami si le dzudzɔ tum la nyuie. Kaka wòase ko ʋum! Dzo si lé zi ɖeka la yi dzi ɖo xɔa tame. Abolomela si nuvevi aɖeke mewɔ o la ƒu du dzo va tsɔ dzotsinu si nye carbon dioxide vɛ le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe eye wòtsi dzoa enumake. Gake dzudzɔa gabla, eye amia galé dzo ake. Nusia dzɔ enuenu zi ene sɔŋ! Esi abolomela la vɔ̃ be dzotsinua avɔ kpuie ta la, ehe dzotsikuntru si le enɔƒe si te ɖe afima ŋu la hedae ɖe ga gbadzɛ la dzi. Eƒe dzi dze eme esi wòlé dzoa nu—hena wòtsi keŋkeŋ.

Godoo la, míadi be míazã dzotsinu nyuitɔ kekeake si li atsɔ atsi dzo sue si ate ŋu agblẽ nu. Gake ne ɖe abolomela la nya nu tso alesi dzo léna zi ɖekae—nusi te ŋu dzɔna godoo ne dzudzɔ le tutum—ŋu la, anye ne ɖeko wòatsi gabolokpoa, eƒe ʋɔtruawo nanɔ tutu, eye wòana nusiwo le gabolokpoa me nafa le wo ɖokui si. Alo anye ne azã dzotsikuntru la gbã, eye emegbe ne ehiã la, wòazã carbon dioxide dzotsinua. Aleke ke wònɔ o, nudzɔdzɔ sia ɖe alesi wòle vevie be míanya nu vevi aɖewo tso dzobibi kple mɔ nyuitɔ si dzi míato atsi woe ŋu la fia.

“Nu Etɔ̃” Siwo Naa Dzo Bina

Nusi woyɔna be dzo ƒe nu etɔ̃ si gɔme nya sena la mee dzobibi tsona: ne dzobinu si nye nusi dzo te ŋu bina kple ya si nye “oxygen” kpakple dzoxɔxɔ wɔ ɖeka la, enaa dzo bina. Ne èɖe nusiawo dometɔ ɖeka ɖa la, menye ɖeko nàtsi dzoa o ke ana hã be dzoa magate ŋu alé o. Mina míakpɔ alesi wòdzɔnae ɖa.

DZOBINU: Abe alesi míekuna ne míekpɔ nuɖuɖu o ene la, nenema ke dzo hã tsinae ne mekpɔ nusi wòalé o. Ne dzo dze gbe kple ave la, dzotsilawo wɔa gɔmeɖose sia ŋudɔ heɖea mɔ toa afisi koŋ dzoa ɖo tae be wòabi ase ɖe afima. Le dzodoƒe la, nusi nàwɔ atsɔ aɖe nusi dzo te ŋu bina ɖa koe nye be nàtsi gas la. Gake le nɔnɔme bubuwo me la, ete ŋu sesẽna be nàɖe nusi dzo te ŋu bina ɖa eye ɣeaɖewoɣi manya wɔ be nàɖee ɖa o.

“OXYGEN”: Ele be dzo nakpɔ ya hafi ate ŋu abi, abe alesi míawo hã míehiã na ya ene. Ne ètsɔ sofi ku ke kɔ ɖe dzo dzi alo tsɔ dzotsikuntru tsyɔ edzi la, etsina. Mehiã be ya navɔ le dzo me keŋkeŋ hafi wòatsi o. Ne èna ya si nye dzidzeme 21 le alafa me le yame la ɖiɖi va ɖo 15 le alafa me la, nu geɖe—le kpɔɖeŋu me, ami kple nu bubu aɖewo siwo te ŋu léa dzo bɔbɔe gɔ̃ hã—magate ŋu abi o.

DZOXƆXƆ: Nusi ƒe dzoxɔxɔ naa nu léa dzo ate ŋu anye dzoxɔxɔmɔ̃, gamle, elektrikka siwo ƒe do me wode nuwo fũ akpa, dzo sue aɖe alo dzoka, dzikedzo, alo dzoxɔxɔ si nɔa numiemie si le vovom me, atike siwo ƒe nɔnɔme trɔna kabakaba, alo nu bubu geɖe me. Ðo ŋku edzi be ne èkpɔ be dzudzɔ le tutum, vevietɔ tso aminuwo alo nuɖami si le dzo dzi me la, ate ŋu alé dzo le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko megbe.

Wowɔ Wo na Dzo Sue Ðesiaɖe

Togbɔ be dzotsinuwo mele aƒe geɖe me o hã la, se biana zi geɖe be woade wo dɔwɔƒewo, ɔfiswo, kple duxɔwo me. Esiwo wozãna koŋue nye tsi, atike si me tsi le, futukpɔ, pauɖa ƒomevi aɖe, kple ya si nye carbon dioxide. Wole Halon-dzotsinuwo ɖem ɖa elabena wobu be wogblẽa nu le ya si xea mɔ ɖe ɣe ƒe keklẽ nu le anyigba ƒe nutome la ŋu. Be wòakpe ɖe ezãlawo ŋu woatia dzotsinu si sɔ ne dzo le bibim ta la, wota dzesiwo ɖe dzotsinu akpa gãtɔ ŋu, alo wote ŋu tsɔa amadede dea dzesi woe, tsɔ fiaa afisi woate ŋu azã wo le kple afisi womazã wo le o. Eye ŋɔŋlɔdzesi si ƒe ɖewoe nye A, B, alo C siwo fiaa dzobibi si ƒomevi woate ŋu azãe na la nɔa akpa gãtɔ ŋu. Ne wote asi ɖe dzotsinua ƒe alɔ dzi la, ya si wozi ɖe ganugoe me tsɔ de dzotsinua me la tutua nusi le eme la toa do si le enu me sesĩe. Esi ya si wozi ɖe ganugoe mee wode dzotsinuwo me ta la, ele be woado wo akpɔ edziedzi. Eye ele be woada dzotsinuwo ɖe xɔmɔwo nu ɣesiaɣi eye woanɔ asitsɔƒe. Azɔ mina míaƒo nu tso dzotsinu ƒomevi ɖesiaɖe ŋu kpuie.

Pauɖa ƒe dzotsinuwo si me atike le tsia dzobibi nu eye ate ŋu atsi dzo ɖesiaɖe kloe. Menye ɖeko pauɖa la te ŋu tsia dzobibi siwo le hatsotso A kple hatsotso B me ko o ke wote ŋu zãnɛ na hatsotso C (elektriknuwo) ƒe dzobibiwo hã. Eme kɔ be dzotsinu sia si sɔ na dzo vovovowo tsitsi la nye ametakpɔnu nyui le aƒewòme. Edzɔna be afisi wozã pauɖa le ƒoa ɖi—gake nusi ɖiƒoƒoa agblẽ la maɖi naneke o!

Tsi si dona sesĩe ƒe dzotsinu sɔ na pepa, ati, aŋe, gbeɖuɖɔ, alo avɔ dzobibiwo tsitsi. Woyɔa nusiawo zi geɖe be hatsotso A ƒe dzobibiwo. Nusita tsi te ŋu tsia dzoe nye be ete ŋu faa dzoxɔxɔ nu kaba. Ne tsia sɔ gbɔ la, efaa dzoxɔxɔ nu kaba wu alesi dzoa agate ŋu alée, eye esia na dzoa tsina keŋkeŋ. Gake megazã tsi na ami siwo léa dzo bɔbɔe ƒe dzobibi o. Ðeko esia wɔwɔ ana dzobibia nakeke ta boŋ—enu asẽ ɖe edzi zi ɖeka! Azɔ hã esi elektrikŋusẽ te ŋu toa tsi me ta la, mègazã tsi loo alo dzotsinu ɖesiaɖe si me tsi le le afisi elektrikka siwo me ŋusẽ le ate ŋu anɔ o.

Tsitikewo ƒe dzotsinuwo nye tsi si me aɖi le si wozi ɖe ganugoe me si wɔe be wòdona sesĩe eye enyona koŋ na aminuwo kple nuɖami siwo lé dzo la tsitsi gake menyo na mɔ̃memi ƒe dzobibiwo ya o. Wote ŋu tsia hatsotso A ƒe dzobibiwo hã.

Futukpɔ ƒe dzotsinuwo tsia dzo nyuie, menye hatsotso A ƒe dzobibiwo ɖeɖeko o, ke vevietɔ ami siwo léa dzo bɔbɔe (gakpoŋumiwo, mɔ̃memiwo, aŋɔwo), siwo woyɔna be hatsotso B ƒe dzobibi hã. Futukpɔ ƒe dzotsinu ƒomevi evee li, eyata kpɔe ɖa be kae sɔ ɖe wò nuhiahiãwo nu wu hã. Ne wokɔ futukpɔa ɖe ami si lé dzo dzi la, nusi me ya mete ŋu tona o tsyɔa dzoƒaɖeawo dzi eye ewɔnɛ hã be oxygen megaɖoa eme o. Eyata ele be woakɔ futukpɔa ɖe edzi blewu ale be mayi ɖe amia te o, ke boŋ wòatsyɔ edzi enumake. Kpɔ nyuie be màgazã futukpɔa le afisi te ɖe elektrikŋusẽ ŋu o.

Carbon dioxide dzotsinuwo hã nye esi woate ŋu azã atsɔ atsi dzo ƒomevi ɖesiaɖe negbe gas dzobibi ko. Nusita wozãa carbon dioxide enye be eɖea oxygen ɖa. Gake abe alesi míekpɔe do ŋgɔ ene la, ne dzoxɔxɔ gale nusi le fiafiãm me la, agate ŋu alé le vome ake. Yae carbon dioxide nye, eyata mete ŋu wɔa dɔ tututu le gota afisi ya le ƒoƒom le o. Gake alesi ezazã meƒoa ɖi nu o na wònye dzotsinu si wozãna na mɔ̃ veviwo kple mɔ̃ siwo zãa elektrikŋusẽ. Gake ne teƒe xaxae la, carbon dioxide ate ŋu ana gbɔgbɔtsixe natsi ame ƒo, eyata ne èzãe le teƒe siawo tɔgbe eye dzoa tsi la, ke kpɔ egbɔ be yedzo le teƒea eye nàtu ʋɔa.

Dzotsikuntru * nye dzotsinu si nɔa asitsɔƒe eye ezazã le bɔbɔe wòsɔ na dzo sue siwo ate ŋu abi le wò gamle dzi alo le anyigbakuntru ƒe akpa sue aɖe. Nusi nàwɔ koe nye be nàhe kuntru si le ɖoɖo nyui me si wowɔ nɔƒe sue aɖe na ɖe glia me, akeke eme le ŋgɔwò be dzoƒaɖeawo nagame wò o, eye nàtsɔ kuntru la atsyɔ dzoa dzi. Ne mètsi dzoa tsoƒe haɖe o la, ke nàtsii kaba ne anya wɔ.

Dzotsikuntruwo xɔa ame ɖe agbe hã ne dzo lé wò awu. Ne edzɔ nenema la, ɖo ŋku mɔfiame vevi sia dzi: “Tɔ, mlɔ anyigba, eye nàmli.” Megaƒu du gbeɖe o; ɖeko nàna dzoa nu nagasẽ ɖe edzi. Ne wò ŋutɔ alo ame bubu aɖe te ŋu tsɔ dzotsikuntru xatsa ɖe ŋuwò esi nèle mimlim la, dzoa atsi kaba wu.

Nusi Nyo Wu Dzotsinuwo

Gake nusi kpɔa ame ta tso dzo si me wue nye be nàgana dzo nalé nu o; eyata wɔ susu ŋudɔ nyuie. Mègana matsesi kple dzosimɔ̃ nanɔ asitsɔƒe na ɖeviwo o. Ðe nusianu si ate ŋu alé dzo ɖa le wò gamle dzi alo egbɔ. Mègado awu abɔ legbee siwo ƒe awunugbuiwo womedo o wole ya ƒom si ate ŋu alé dzo la tsɔ ɖa nu gbeɖe o. De dzudzɔsemɔ̃wo wò aƒea me.

Aɖaŋuɖoɖo bubu aɖewo nye si. Mègade nu elektrikdowo me wòagbɔ eƒe ŋusẽ ŋu gbeɖe o. Mègagblẽ aminuwo alo nuɖamiwo ɖe dzo dzi egbɔmakpɔmakpɔe gbeɖe o. Ðɔ ŋu ɖo le afisi nèdaa mɔ̃ siwo naa dzoxɔxɔ ɖo ŋu. Ne ètsɔ ganugoe siwo me gas le da ɖe wò aƒea ŋu la, trɔ woƒe nu gbɔ—si ate ŋu awó ne elé dzo la—ɖa tso xɔa gbɔ. Zã elektrikŋusẽnutsinu ƒe lolome si sɔ. Ðɔli elektrikka gbegblẽwo.

Èbu nusi miawɔ ne dzo dze aƒe la wɔwɔkpɔ ŋua? Esia ate ŋu axɔ amewo ɖe agbe. Miwɔ ɖoɖo be ƒomea nakpe le teƒe tɔxɛ aɖe—teƒe ɖesiaɖe si le dedie si amesiame ate ŋu akpɔ eɖanye le ŋkeke me alo zã mee o. Eye mide dɔ amewo si: Amekae akpe ɖe ɖeviwo alo nuwɔametɔwo ŋu woayi dedienɔƒea? Amekae aƒo ka na dzotsidɔwɔƒea? Ẽ, nusiawo wɔwɔkpɔ kpɔa amewo ƒe agbe ta elabena enye nusi wòle be miawɔ la me toto, si nana wònya wɔna enumake ne dzo dze aƒe.

Nusi Nàwɔ Ne Afɔku Gã Dzɔ

Ðo ŋku edzi be woate ŋu agbugbɔ nuwo aɖo wo teƒe gake mele alea le agbe ya gome o. Mègade wò agbe afɔku me be yeatsi dzo o. Gake ne ele dedie be nàyi edzi anɔ dzoa tsim la, ke nɔ afisi nàte ŋu ato ado go bɔbɔe le hafi anɔ etsim. Gake nenye be mèka ɖe edzi be dzotsinu nyuitɔ ye le ye si o alo èkpɔe be mate ŋu akpe dzoa dzi o la, ke do go kaba nàƒo ka na dzotsilawo.

De dzesii hã be dzudzɔ, vevietɔ aŋenuwo ƒe dzudzɔ si me aɖi le, wua ame wòsɔa gbɔ wu amesiwo dzoƒaɖe wuna—ete ŋu wua ame hafi aɖabaƒoƒo eve nade! Eyata bɔbɔ ta ne èle sisim le xɔ si lé dzo me. Dzudzɔ mesɔa gbɔ le anyigba o, eye ya fana le afima wu. Ne anya wɔ la, de avɔ tsi me tsɔ ɖo ŋɔti nu. Hafi nàʋu ʋɔ ato enu la, tsɔ wò asita ɖo eŋu kpɔ. Ne exɔ dzo la, ke efia be dzo le eƒe akpa kemɛ; di teƒe bubu nàto ado go. Eye tu ʋɔtruwo katã ne èle dodom. Esia ɖea oxygen si ɖoa dzoa me la dzi kpɔtɔna. Mègazã dziƒoxɔliamɔ̃wo le afisi dzo le bibim le gbeɖe o—woate ŋu ava xaxa wò ɖo eye wo me nava xɔ dzo gbagbagbã!

Eyata ne èdi be yeaƒle dzotakpɔnu na wò aƒe, ʋu, alo dɔwɔƒe la, anyo wu be nàdzro nyaa me kple mia gbɔ dzotsidɔwɔƒea. Eŋuti nya tɔxɛ aɖewo ate ŋu ato vovo le dukɔ vovovowo me eye le ema ta medze le nyati sia me o.

Aleke ke wòɖale o, ne ègakpɔ ameŋudzɔnu sue maƒonu mawo dometɔ aɖe la, tɔ nàsrɔ̃ nu tso eŋu. Ana kpekpeɖeŋu vevi aɖe wò gbeɖeka.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 18 Ne dzotsikuntru zazã bɔ le dukɔ si me nèle la, ke kpɔ egbɔ be yenya ezazã nyuie. United States Dzobibi Nyawo Gbɔkpɔha la gblɔ be: “Ele be míate gbe ɖe edzi be . . . menye dzotsikuntruwoe nye nu vevitɔ o. Ne wole asitsɔƒe ko hafi woazã wo. . . . Dzotsikuntruwo mazãmazã nyuie ate ŋu ana dzudzɔ kple dzo ƒe nuveviwɔame nu nasẽ ɖe edzi ne kuntru la na dzudzɔ trɔ ɖe dziwò alo ne womeɖe kuntru la ɖa le dzoa tsitsi megbe o.”

[Nuwo ƒe nɔnɔme/Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

DZO

dzobinu

dzoxɔxɔ

oxygen

[Nɔnɔmetatawo]

HATSOTSO A

HATSOTSO B

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Chubb Fire Safety

[Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 26]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Ne awuwò lé dzo la, mègaƒu du o

1. TƆ

2. MLƆ ANYIGBA

3. MLI

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Coastal Training Technologies Corp. Míegbugbɔ Tae le Woƒe Mɔɖeɖe Nu

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Dzotsinu geɖe li siwo te ŋu tsia dzo vovovowo le aƒeme

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nɔnɔmetata si le etame: Míegbugbɔ tae le NFPA 10 - 1998, Portable Fire Extinguishers, Copyright © 1998, National Fire Protection Association, Quincy, Massachusetts 02269 ƒe mɔɖeɖe nu. Esi míegbugbɔ ta la mesɔ ɖe esi NFPA ta ɖe afisi míeɖee tsoe si me nɔnɔme bliboa ɖeɖeko dze le la nu tututu o.