Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Dzinyelawo Susu Be Nyemetsi Aɖo Gbe Ði O Ðe?

Ne Dzinyelawo Susu Be Nyemetsi Aɖo Gbe Ði O Ðe?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Ne Dzinyelawo Susu Be Nyemetsi Aɖo Gbe Ði O Ðe?

“Dada, èku nyagã. Menye ƒe 1950-awo mee míele o. Amesiame le gbe ɖom ɖi! Menye vinyɔnuvi sue meganye fifia na wò o.”—Janie, si xɔ ƒe 16. *

NE WOGBLƆ na ame aɖe be metsi aɖo gbe ɖi o la, ate ŋu ado nuxaxa nɛ. Sɔhɛ aɖe gblɔ be: “Medi be mawɔ nusi Biblia gblɔ abu fofonye kple danye, gake nyemebui be wo tɔ dzɔ o. Nyemenya alesi maƒo nu tso eŋui na wo gɔ̃ hã o.” Abe ɖekakpui sia ene la, àsusu be ye dzilawo ƒe nya gbɔ eme akpa eye womesea veve ɖe ye nu o. Ðewohĩ èdo go ame aɖe si ƒe nya nèlɔ̃ vevie eye nèdi be yeanyae nyuie. Alo ɖewohĩ èsusu be ne ye hã ye te gbeɖoɖoɖi la, akpe ɖe ye ŋu yeasɔ kple ye hatiwo. Michelle gblɔ be: “Nyaƒoɖeamenuwo bɔ. Ne mèɖoa gbe ɖi o la, sukuviwo susuna be mèle ɖeke me o.”

Ƒomeɖaŋuɖola aɖe gblɔ le gbeɖoɖoɖi ŋu be: “Dzilawo ƒe nya megbɔ eme akpa le nya aɖeke me o.” Gake esi wòwɔ na wò abe ɖe dziwòlawo ƒe nya gbɔ eme akpa ene ta ɖe wòfia be nenemae wòle nyateƒea? Ne èbu eŋu kpɔ la, Mawu ɖoe dziwòlawo dzi be woafia nu wò, ana hehe wò, woakpɔ tawò, eye woafia mɔ wò. (Mose V, 6:6, 7) Ðe wòanye be nane tae dziwòlawo tsi dzi ɖe wò dedienɔnɔ ŋu ɖoa? Dzila aɖe gblɔ be: “Mekpɔe be afɔku gbɔna, eye wòdzi ŋɔ ŋutɔ.” Nukatae gbeɖoɖoɖi kaba akpa tsoa dzika ƒo na dzila geɖe ɖo?

Seselelãme Manyomanyowo

Beth, si xɔ ƒe 14 la fa konyi be: “Dzinyelawo wɔe wòdze abe ɖe nane gblẽ le ame aɖe ƒe nya gbɔ lɔlɔ̃ ŋu ene.” Gake ne dziwòlawo nye Kristotɔwo la, ke wonya nyuie be Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu be woƒe nu nanyo wo nɔewo ŋu. (Mose I, 2:18-23) Wonya be amenunyoameŋu sia le dzɔdzɔme nu, eye be ewɔa dɔ le ɖekawɔwɔ me kple tame si mía Wɔla la ɖo be ameƒomea ‘nayɔ anyigba la dzi.’—Mose I, 1:28.

Gakpe ɖe eŋu la, dziwòlawo nya alesi gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo nu te ŋu sẽnae ne ‘èkpɔtɔ nye sɔhɛ dzaa ko.’ (Korintotɔwo I, 7:36) Wonya hã be mèkpɔ srɔ̃ alesi nàɖu dzodzro mawo dzi nyuie vɔ haɖe o. Ne èdze egɔme le nyɔnuvi alo ŋutsuvi gbɔ nɔm, ƒoa nu kplii le telefon dzi, alo ŋlɔa lɛta gɔ̃ hã nɛ alo ɖoa nyatakaka ɖee to kɔmpiuta dzi fũ akpa la, eƒe nu ate ŋu ava nyo ŋuwò. Ðewohĩ àbia be ‘nukae gblẽ le nu ma ŋu nenema gbegbe?’ Enyo, mɔ aɖe li si dzi nàto aɖi kɔ na dzodzro mawo le se nua? Èdzra ɖo ŋutɔŋutɔ alé seselelãme mawo me ɖe asi atsɔ ayi afisi wòkplɔa ame yinae—si nye srɔ̃ɖeɖe mea? Ðewohĩ mèdzra ɖo o.

Eyata gbeɖoɖoɖi kaba akpa kplɔa ame dea afɔku gãwo me. Biblia xlɔ̃ nu be: “Ðe ame aɖe ate ŋu aɖe dzo ɖe akɔnu, eye eƒe avɔ nagbe fiafiã?” (Lododowo 6:27) Zi geɖe la, gbeɖoɖoɖi kaba akpa kplɔa ame dea gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me, eye wònaa sɔhɛwo te ŋu fɔa gbɔmeyafu eye wote ŋu xɔa nulɔdɔ. (Tesalonikatɔwo I, 4:4-6) Le kpɔɖeŋu me, esi sɔhɛ Tammy dzilawo meɖe mɔ nɛ be wòaɖo gbe ɖi o la, esusu be womewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o. Eyata ete gbeɖoɖoɖi kple ame aɖe dzaa le suku. Gake eteƒe medidi o Tammy fɔ fu—eye eƒe agbe trɔ. Eʋu nya me azɔ be: “Gbeɖoɖoɖi mele abe alesi woƒoa nu tsoa eŋui ene kura o.”

Ke ne sɔhɛ kpɔ egbɔ pɛpɛpɛ be yeƒo asa na gododo masɔmasɔ kple amea ya ɖe? Ne ele nenema gɔ̃ hã la, afɔku li be woanyɔ lɔlɔ̃ ƒe seselelãme ɖe wo nɔewo me kaba akpa. (Hawo ƒe Ha 2:7) Dzodzro siwo ƒe geɖe megbe le etsɔme koe woate ŋu aɖi kɔ na le se nu nyɔnyɔ ɖe ame ɖokui me ate ŋu atɔtɔ ame eye wòakplɔ ame ade nɔnɔme wɔnublanui me.

Susu bubu siwo ŋu nàde ŋugble le: Ðe nuteƒekpɔkpɔ geɖe su asiwò le agbe me ne nànya nusi ŋu wòle be nàlé ŋku ɖo le amesi ava nye srɔ̃wò ŋu tututua? (Lododowo 1:4) Le go bubu me la, ɖe nɔnɔme kple dɔwɔna siwo hiã be woanɔ asiwò be nànye srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu si woalɔ̃ ahade bubu eŋu ŋutɔŋutɔ la le asiwò xoxoa? Ðe dzigbɔɖi kple tameɖoɖo kplikpaa si hiã be woate ŋu alé ƒomedodo me ɖe asi eteƒe nadidi la le asiwò nyateƒea? Mewɔ nuku o be ƒewuivi akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃kadodowo nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko hewua enu kple vevesese. Wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe va nyea srɔ̃ɖeɖe si nɔa anyi ɣeyiɣi didi.

Eyata Monica si xɔ ƒe 18 ƒo nyaa ta nyuie ale: “Xɔ̃nyewo katã le suku ƒoa nu tsoa wo xɔlɔ̃ ŋutsuwo ŋu nam. Gake srɔ̃ koe woɖe kaba evɔ wometsi o alo woƒe ƒomedodoa va wu enu kple vevesese elabena womesu te haɖe aɖe srɔ̃ o.” Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Brandon hã gblɔ be: “Ne èkpɔe be yemele klalo aɖe ame aɖe o gake esi nèɖo gbe ɖi ta èse le ɖokuiwò me be yemate ŋu aɖe ɖa le amea ŋu o la, edoa nuxaxa na ame ŋutɔ. Aleke nàwɔ aɖe ɖokuiwò ɖa le amea ŋu vevesese madomado nɛ?”

Ðikeke mele eme o be esi dziwòlawo le dziwò zim be mègaɖo gbe ɖi o vaseɖe esime nàtsi ate ŋu ado srɔ̃ɖeŋugbe hafi la, ɖe wole agbagba dzem be yewoaɖe wò tso vevesese kple dzigbãnyawo me. Le nyateƒe me la, ɖeko wole nu wɔm le ɖekawɔwɔ me kple nuxlɔ̃ame si tso gbɔgbɔ me, si dze le Nyagblɔla 11:10 be: “Ðe dziku ɖa le wò dzi ŋu, eye vɔ̃ neƒo asa na wò ŋutilã.”

‘Ame Ðokui Keke’

Gake esia mefia be màte ŋu ade ha kple ŋutsuvi alo nyɔnuvi kura o. Gake nukata wòle be nàde ha kple ame ɖeka ko? Biblia de dzi ƒo na mí le nya bubu aɖe me be ‘míakeke mía ɖokui’ le míaƒe hadedewo me. (Korintotɔwo II, 6:12, 13) Ema nye aɖaŋuɖoɖo nyui aɖe na sɔhɛwo. Mɔ siwo nu woate ŋu awɔ esia le dometɔ ɖekae nye be woade ha kple ŋutsuwo kple nyɔnuwo le ƒuƒoƒo me. Tammy gblɔ be: “Mesusu be edoa dzidzɔ na ame wu ne míewɔe nenema. Enyo wu ne xɔlɔ̃wo sɔ gbɔ le asiwò.” Monica gblɔ be: “Hadede le ƒuƒoƒo me nye susu nyui aɖe elabena àkpɔ amewo ƒe nɔnɔme vovovowo eye ana nàkpɔe be ame geɖe li si mèkpɔ dze si haɖe o.”

Ðewohĩ dziwòlawo alɔ̃ gɔ̃ hã be yewoakpe ɖe ŋuwò miawɔ ɖoɖo ado go kple sɔhɛ bubuwo ahado dzidzɔ na mia ɖokui. Anne, amesi si vi eve le ɖe nu me be: “Míekpɔa egbɔ ɣesiaɣi be dzidzɔ le míaƒe aƒeme, afisi ɖeviawo dina be yewoanɔ. Míekpea wo xɔlɔ̃wo vaa aƒea me, míenaa numeɖenuwo wo, eye míenaa wofea fefewo. Ewɔwɔ alea na be womesenɛ le wo ɖokui me be yewoado go ado dzidzɔ na yewo ɖokui o.”

Gake le ƒuƒoƒo gɔ̃ hã me la, egahiã kokoko be nàkpɔ nyuie be màku ɖe ame ɖeka aɖe koŋ ŋu o. Sɔhɛ aɖewo susuna be zi alesi yewole ame bubuwo dome ko la, yewomele gbe ɖom ɖi ŋutɔŋutɔ o. Ƒo asa na ameɖokuibeble sia. (Psalmo 36:3) Ne èzɔna kple ame ɖeka ma ko ɣesiaɣi si mia kple xɔ̃wòwo miado go la, gbeɖoɖoɖie nye ema. * Dze agbagba nàzã nuŋububu nyui le xɔlɔ̃dzedze ŋutsuviwo alo nyɔnuviwo me.—Timoteo I, 5:2.

Lala ƒe Asixɔxɔ

Menyaxɔna bɔbɔe be woagblɔ na wò be mètsi aɖo gbe ɖi haɖe o. Gake menye ɖe dziwòlawo le didim be yewoawɔ nuvevi wò o. Ke boŋ agbagba dzemee wole be yewoawɔ nusianu si yewoate ŋui atsɔ akpe ɖe ŋuwò ahakpɔ tawò. Eyata le esi teƒe be nàɖo dzi ɖe ɖokuiwò ŋu ahagbe woƒe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ la, nukatae màwɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔa ŋudɔ o? Le kpɔɖeŋu me, nukatae màbia woaɖo aɖaŋu na wò ɣesiaɣi si kuxi aɖe ado mo ɖa le wò nuwɔwɔ kple ŋutsuvi alo nyɔnuvi me ŋu o? Lododowo 28:26 ɖo ŋku nu dzi na mí be: “Amesi ɖoa dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe gɔmesese ŋu la, bometsilae.” Ðetugbi Connie gblɔ be: “Ne ŋutsuvi aɖe lɔ̃ nye nya gbɔ la, nusi kpena ɖe ŋunye metsia tre ɖe gbeɖoɖoɖi ƒe nyaƒoɖeamenu ŋue nye nyaa gbɔgblɔ na danye. Egblɔa nusiwo dzɔ ɖe exɔlɔ̃wo kple ƒomea dzi le ɣeyiɣi siwo va yi me la nam. Ekpe ɖe ŋunye vavã.”

Lala ɣeyiɣi aɖe megbe hafi aɖo gbe ɖi magblẽ nu le wò seselelãmewo ŋu alo wòaxɔ wò ablɔɖe le asiwò o. Esi mèxɔ ame tsitsiwo ƒe agbanɔamedzi si nye zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃ɖeɖe ƒu ɖokuiwò dzi o ta la, ablɔɖe anɔ asiwò ‘nàkpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime.’ (Nyagblɔla 11:9) Lala ana nàkpɔ ɣeyiɣi atu nɔnɔme nyuiwo, tsitsinyenye, eye vevietɔ wu la, wò gbɔgbɔmemenyenye ɖo. (Konyifahawo 3:26, 27) Abe alesi sɔhɛ Kristotɔ aɖe gblɔe ene la, “ele be nàku ɖe Yehowa ŋu gbã hafi aku ɖe ame bubu ɖesiaɖe ŋu.”

Ne èle tsitsim eye wò ŋgɔgbedede dze amesiame kpɔ la, dziwòlawo atsɔ nukpɔsusu bubu akpɔ wòe azɔ. (Timoteo I, 4:15) Eye ne èsu te aɖo gbe ɖi la, ɖikeke mele eme o be womatsi tre ɖe eŋu o.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔawo.

^ mm. 17 Ne èhiã nyatakaka bubu kpee la, ke kpɔ agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta, axa 232-3.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]

Kuku ɖe nyɔnuvi alo ŋutsuvi aɖe ŋu atsɔ beléle tɔxɛ anɔ enam . . .

. . . anyɔ lɔlɔ̃ ƒe seselelãme ɖe mewò godoo

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Le esi teƒe be nàtsɔ ɖe le ame ɖeka aɖe ko me la, keke wò xɔlɔ̃wɔwɔ ɖe enu boŋ