Ne Seselelãmewo Wu Tsɔtsɔ na Wò
Ne Seselelãmewo Wu Tsɔtsɔ na Wò
ŊUTSU tsitsi aɖe gblɔ be: “Esi wogblɔ nam be kudɔ lémee mele la, medze agbagba be maɖu alesi mevɔ̃e dzi, gake ɖikeke ƒe seselelãme si nɔ menye la kpe dzinye ŋutɔ.” Eƒe nyawo te gbe ɖe nyateƒe si wònye be esi dɔléle nana ame ƒe lãme gbɔdzɔna ta la, egblẽa nu le ame ƒe seselelãmewo hã ŋu dzi. Togbɔ be ele alea hã la, ame aɖewo li siwo te ŋu le te nɔm ɖe fuwɔame siawo nu dzidzedzetɔe. Wo dometɔ geɖe adi be yewoaka ɖe edzi na wò be mɔ vovovowo li si dzi woate ŋu ato anɔ te ɖe dɔmavɔleameŋu nu dzidzedzetɔe. Gake hafi míadzro nusi nàte ŋu awɔ me la, mina míalé ŋku ɖe seselelãme siwo me nàte ŋu ato le gɔmedzedzea me ƒe ɖewo ŋu gbã.
Edzimaxɔse, Gbegbe, Dzidzɔmakpɔmakpɔ
Alesi nàse le ɖokuiwò me la ato vovo sã tso ame bubuwo tɔ gbɔ. Ke hã lãmesẽŋutinunyalawo kple dɔnɔwo gblɔ be, zi geɖe la, amesiwo dzi lãmesẽkuxiwo dzena la toa seselelãme ɖeka tɔgbe aɖewo me. Dzidzi si ƒoa ame kple alesi womekana ɖe edzi le gɔmedzedzea me o ana be woagbe agblɔ be: ‘Menye nyateƒee o.’ ‘Woanya wɔ vodada aɖe.’ ‘Ðewohĩ dodokpɔ si wowɔ la anya ɖɔli kple ame bubu tɔ.’ Esi nyɔnu aɖe nɔ alesi wòwɔ nui esi wòse be kansa le eŋu ɖɔm la, egblɔ be: “Àse le ɖokuiwò me be yeahe avɔ atsyɔ ta, ahakpɔ mɔ be kaka yeaɖee ɖa la dɔa avɔ keŋkeŋ.”
Gake, ne dɔa va le dzedzem ŋutɔŋutɔ azɔ la, alesi mèka ɖe edzi o la ahe dzidzɔmakpɔmakpɔ ƒe seselelãme aɖe si anɔ dziwò abe afɔku aɖe si adzɔ godoo ene vɛ. ‘Ɣeyiɣi didi kae manɔ agbe?’ ‘Ðe wòfia be matsɔ vevesese anɔ agbe si kpɔtɔ nam la?’ kple biabia siawo ƒomevi ate ŋu aɖe fu na wò. Adzro wò be yeanɔ agbe abe alesi ye nɔe hafi wova ke ɖe dɔlélea ŋu ene, gake màte ŋui o. Eteƒe madidi o seselelãme veame siwo nu sẽna ŋutɔ la aɖe fu na wò. Wo dometɔ aɖewo enye kawo?
Ðikeke, Dzimaɖitsitsi, Vɔvɔ̃
Dɔléle dziŋɔwo kplɔa ɖikeke kple dzimaɖitsitsi sẽŋu ƒua ame. Ŋutsu aɖe si dzi Parkinson (ƒoƒodɔ) dze gblɔ be: “Tamanyamanya le nye nɔnɔmea ŋu nana agbenɔnɔ tiam ɣeaɖewoɣi. Nyemenyana alesi ŋkeke ɖesiaɖe anɔ o.” Wò dɔlélea ate ŋu ado ŋɔdzi hã na wò. Ne edzɔ ɖe dziwò le vo me la, àvɔ̃ kutɔkutɔe. Gake ne exɔ ƒe geɖe hafi wote ŋu ke ɖe dɔléle si ŋu womenɔ kekem ɖo o ŋu la, vɔvɔ̃a nu masẽ fũ akpa o. Gbã la, àse le ɖokuiwò me gɔ̃ hã be yekpɔ gbɔdzɔe be amewo axɔe ase mlɔeba be yedze dɔ vavã eye be menye alakpa damee yele o. Gake eteƒe madidi o dɔlélea me tsonuwo nyanya ƒe vɔvɔ̃ akplɔ gbɔdzɔe si nèkpɔ la ɖo.
Vɔvɔ̃ be màgate ŋu akpɔ wò ŋutɔ ɖokuiwò dzi o hã aɖe fu na wò. Vevietɔ ne èdina be yeanɔ ye ɖokui si la, eŋu bubu be ye gbɔna agba zu ge na ame bubuwo ate ŋu ana nàtsi dzi. Aɖe fu na wò be wò dɔlélea te ŋusẽkpɔkpɔ ɖe wò agbe kple nuwɔna ɖesiaɖe dzi.
Dziku, Ŋukpe, Akogotsitsi
Sidzedzee be ŋusẽ le vɔvɔm le ye ŋu hã ate ŋu ana nàdo dziku. Àbia ɖokuiwò be: ‘Nukata wòanye nye dzie wòadzɔ ɖo? Nukae mewɔ si ta wòle be nusia nadzɔ ɖe dzinye ɖo?’ Nusi gblẽ le wò lãmesẽ ŋu adze abe esi mesɔ o eye susu mele eme o ene. Ŋukpe kple mɔkpɔkpɔbuɖeame hã ate ŋu aɖe fu na wò. Ame aɖe si ƒe lãme tu gblɔ be: “Ŋu kpem ŋutɔ be afɔku manyatalenu aɖee na nusiawo katã dzɔ ɖe dzinye!”
Akogotsitsi hã ate ŋu aɖe fu na wò. Ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga te ŋu naa ame tsia akogo le hadome bɔbɔe. Ne wò dɔlélea na nètsi teƒe ɖeka la, màgate ŋu ade ha kple xɔ̃wòwo o. Ke hã àdi be amewo nasrã ye akpɔ wu. Le amewo ƒe dodo ɖe dziwò bibibi kple kaƒoƒo gbãtɔawo megbe la, amesiwo agava nɔ srãwòm kpɔ la dzi anɔ ɖeɖem kpɔtɔ.
Esi xɔlɔ̃wo ƒe dzodzo le ame gbɔ nye nusi vena ŋutɔ ta la, àdi be yeanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ sia nu to ɖokuiwò ɖeɖe ɖe aga me. Le nyateƒe me la, eme kɔ be àdi be yeanɔ ye ɖokui si vie hafi ame bubuwo nagado ɖe ye dzi. Gake ne ègaɖe ɖokuiwò ɖe aga tso ame bubuwo gbɔ wu alesi dze le go sia me la, wò nɔnɔmea agblẽ ɖe edzi tso akogotsitsi le hadome (ne amewo megavaa gbɔwò o) me ava nye akogotsitsi le seselelãme (ne mègadi be amewo nakpɔ ye o) me. Le go eveawo siaa me la, ànɔ avu wɔm kple akogotsitsi ƒe seselelãme sẽŋuwo. * Ɣeaɖewoɣi la, àbia ɖokuiwò ase ne yeate ŋu aganɔ te ɖe enu le ŋkeke bubu dzi.
Nusɔsrɔ̃ tso Ame Bubuwo Gbɔ
Gake mɔkpɔkpɔ li. Ne lãmesẽkuxiwo wu tsɔtsɔ na wò le ŋkeke siawo me la, afɔ nyuiwo li nàte ŋu aɖe siwo akpe ɖe ŋuwò be ŋusẽ nagaɖo ŋuwò vaseɖe afi aɖe.
Le nyateƒe me la, eɖanye nuka kee wònye o, nyati siawo siwo tsiã ɖe enu makpɔ wò lãmesẽkuxi siwo gbɔ didi gbɔ o. Gake nyatakaka siwo le wo me akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ mɔ siwo nu nàte ŋu anɔ te ɖe wo nu le. Nyɔnu aɖe si le kansa lém la gblɔ nusiwo me wòto la kpuie ale: “Le gbegbe be manye nyateƒee o megbe la, dzi kum vevie eye emegbe medi nusiwo màte ŋu awɔ le nɔnɔmea ŋu.” Wò hã ate ŋu awɔ numekuku sia, to tɔtrɔ ɖe amesiwo to nɔnɔme ma ke me do ŋgɔ na wò ŋu ahasrɔ̃ tenɔnɔ ɖe nɔnɔmea nu ƒe mɔnu siwo ŋudɔ nàte ŋu awɔ tso wo gbɔ.
[Etenuŋɔŋlɔ]
^ mm. 12 Ele eme baa be ame geɖe sea seselelãme vovovo siawo le mɔ vovovowo kple nɔnɔme vovovowo nu.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]
Àbia ɖokuiwò be, ‘Nukata wòanye nye dzie wòadzɔ ɖo? Nukae mewɔ si ta wòle be nusia nadzɔ ɖe dzinye ɖo?’