Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusi Agbagbadzedze be Woawɔ Nu Geɖe Fũ Gblẽna

Nusi Agbagbadzedze be Woawɔ Nu Geɖe Fũ Gblẽna

Nusi Agbagbadzedze be Woawɔ Nu Geɖe Fũ Gblẽna

NUWO WƆWƆ KABAKABA FUKPEKPE MANƆMEE VA XƆ AƑE ÐE EGBEGBE ƔETOÐOƑEDUKƆWO ME.

AGBAKLƆMƆ̃WO ɖea ɣeyiɣi geɖe zazã dzi kpɔtɔna. Nunyãmɔ̃wo hã ɖea ɣeyiɣi geɖe zazã dzi kpɔtɔna le nunyãƒe. Megahiã gɔ̃ hã be ame miliɔn geɖe nadzo le aƒeme ayi asiƒleƒe kple gadzraɖoƒe azɔ o—ɖeko wosia woƒe kɔmpiuta hewɔa nusiawo to Internet dzi boŋ.

Ẽ, nuzazã siwo ɖea ɣeyiɣi kple dagbadagba dzi kpɔtɔna va bɔ ɖe xexeame ƒe akpa aɖewo ya teti. Eyata àbui be ɣeyiɣi geɖe wu asu amewo si woazã ɖe woƒe ƒomewo ŋu eye woatsɔ aɖi ɖe eme. Ke hã zi geɖe la, amewo gblɔna be ɖeɖi tea yewo ŋu eye nu tia kɔ na yewo wu tsã. Nusiwo gbɔ wòtso sɔ gbɔ hele vovovo.

Ganyawo ƒe sesẽe nye kuxiawo ƒe gbãtɔ. Australiatɔwo ƒe Mɔ̃ɖaŋudɔwɔwɔ ƒe Kadodowo Ŋuti Numekuku Kple Hehexɔƒe lé ŋku ɖe gaƒoƒo si amewo zãna le dɔ me le dukɔ ma me ŋu eye wokpɔe be “ame gbogbo aɖewo wɔa dɔ wòwua gaƒoƒo 49 le kwasiɖa ɖeka me ɣesiaɣi” eye be “dɔwɔɣiwo ƒe dzidziɖedzi alea ate ŋu agblẽ nu le ƒome kple nutome gbenɔnɔ ŋu vevie.” Dɔwɔla geɖe tiae be yewoanɔ dugãwo ƒe akpa siwo sa ɖe aga henya kpɔ eye tomefafa le wu. Ema ate ŋu awɔe be woazã gaƒoƒo geɖe kwasiɖa ɖesiaɖe—alo gbesiagbe gɔ̃ hã—anɔ keteke kple ʋu siwo yɔ tititi me alo anɔ mɔdodo siwo dzi amewo le fũ dzi anɔ yiyim anɔ gbɔgbɔm. Ale wɔ esia gadidia dɔwɔŋkekea kple eƒe dzimaɖitsitsiwo ɖe edzi.

Ðe Alɔ̃tsiameŋu Le Fu Wɔm Wòa?

Alɔ̃dɔdɔkuxiwo va bɔ le ƒe siawo me ale gbegbe be wova ɖo alɔ̃dɔdaƒewo ɖe dukɔ geɖe me le xexeame. Numekulawo va kpɔe be ne amewo medɔ alɔ̃ wòsu wo o ɣesiaɣi la, alɔ̃ va nɔ wo ŋu tsim. Le dzɔdzɔme nu la, woƒe ametia dina be woadɔ alɔ̃ atsɔ aɖee ɖa eye ametia ʋãa ame be wòadɔ alɔ̃ to nana be woasee be ɖeɖi te yewo ŋu me. Gake le alɔ̃ ŋeŋeɖeme gbenɔnɔ si va bɔ egbea ta la, ɖeɖiteameŋu si nɔa anyi ɖaa ɖea fu na ame geɖe.

Le Ɣetoɖoƒedukɔ aɖe me la, alɔ̃dɔɣi dzi ɖe kpɔtɔ alafa memama 20 le ƒe alafa ɖeka si va yi me heɖiɖi tso gaƒoƒo asieke zã ɖeka dzi va ɖo gaƒoƒo adre le mama dedie nu. Numekulawo kpɔ kpeɖodzi gbogbo aɖewo siwo fia be alɔ̃tsiameŋu hea nusɔsrɔ̃ kple ŋkuɖoɖonudzi ƒe kuxiwo vɛ, egblẽa nu le ʋukuɖaŋu ŋu, eye wògbɔdzɔa ŋutilã ƒe dɔlélenutsiŋutete. Mía dometɔ akpa gãtɔ ŋutɔ de dzesii be susu si ŋu ɖeɖi te wɔa vodada geɖe. Nublanuitɔe la, vodada siawo ate ŋu anye ŋkubiãnya eye wòagblẽ ga geɖe hã.

Nusiwo Gbegbe Nutikɔname Gblẽna

Wogblɔ be nutikɔname si tsoa dɔwɔwɔ ɣeyiɣi didi kple dɔwɔlawo dzi tsotso gbɔ hã le nusiwo he afɔku gãtɔ kekeake siwo dzɔ le ƒe alafa 20 lia ƒe nuwuwu lɔƒo dometɔ aɖewo vɛ la me. Esiawo dometɔ aɖewoe nye nukliafɔku si dzɔ le Chernobyl, Ukraine; yamenutomeyimɔ̃ si nye Challenger ƒe wowó; kple ami si amitsɔmeli si nye Exxon Valdez gbagba ɖi esi wòlɔ kpe le Prince William Sound ƒukɔmea gbɔ le Alaska.

Nusi wó le Chernobyl dzɔ esime wonɔ dodokpɔ tɔxɛ aɖe wɔm le nukliaŋusẽmɔ̃a nɔƒe. Martin Moore-Ede gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The 24-Hour Society me be dodokpɔa “nɔ edzi yim le elektrikmɔ̃ɖaŋudɔwɔha aɖe ƒe dzikpɔkpɔ te, amesiwo ŋu ɖeɖi te le esi wonɔ dɔwɔƒea wòde gaƒoƒo 13 ya teti, eye ɖewohĩ awu nenema elabena wohe wo ɖe megbe gaƒoƒo ewo le mɔbiabia na egɔmedzedze me.” Aleke ke nyaa ɖale o, nyitsɔ laa ƒe numekuku aɖe gblɔ be, keklẽŋusẽa ƒe wowó me tsonu siwo anɔ anyi didi la dometɔ ɖekae nye vehlo ŋu kansa ƒe dzidziɖedzi zi gbɔ zi ewo le ɖeviwo dome le Ukraine tso ƒe 1986 me.

Esi wowɔ numekuku tsitotsito le yamenutomeyimɔ̃ si nye Challenger ƒe wowó ŋu vɔ megbe la, dziɖuɖu ƒe numekuha aɖe ka nya ta be dɔwɔha aɖe si si wode dɔae ƒe dɔwɔlawo gbɔ ɣeyiɣi si woawɔ dɔ agbɔ game dzi ase ɖo si nye gaƒoƒo 20 la ŋu zi gbɔ zi 480 eye dɔwɔha bubu ƒe dɔwɔlawo hã gbɔ eŋu zi gbɔ zi 2,512. Nyatakakaa gblɔ kpee be alesi ɖeɖi te dɔdzikpɔlaawo ŋui, si tso “dɔwɔɣi siwo ƒe didime le vovovo kple alɔ̃masuame gbɔ,” hã nye nusiwo ta koŋ wona yamenutomeyimɔ̃a ho yi yame vodadatɔe la dometɔ ɖeka. Nyatakakaa gblɔ be “ne wowɔ dɔ wògbɔ game dzi fũ la, dɔwɔlawo ƒe dɔ ƒe nyonyome ɖiɖina eye alesi wòate ŋu adzɔe be ame nawɔ vodada hã dzina ɖe edzi.”

Dziɖuɖumegãwo gblɔ be dɔwɔlawo dzi tsotso, si wobu be ana gazazã dzi naɖe akpɔtɔ la, bia be ƒudzidela siwo nɔ amitsɔmeli si nye Exxon Valdez me nawɔ dɔ gaƒoƒo geɖe wu eye woawɔ dɔ bubuwo akpee. Afɔkua ŋuti nyatakaka aɖe gblɔ be ʋumefia etɔ̃lia si nɔ melia kum hafi wònyrɔ le zã ga wuieve megbe teti la nɔ ŋu tso gbemagbe fɔŋli ke. Tomemi si de galɔn miliɔn 11 kloe—si nye ami gbogbotɔ kekeake si gbagba ɖi le United States ƒe ŋutinya me—la gblẽ nu ŋɔdzitɔe le ƒutawo kple ƒumelãwo ŋu eye wogblẽ ga si wu dɔlar biliɔn 2 le nusiwo gblẽ ɖɔɖɔɖo me.

Nusiwo Ðeɖiteameŋu Gblẽna si Medzena Gaglã O

Akɔntabubu aɖe gblɔ be ɖeɖiteameŋu kple nutikɔname wɔnɛ be xexeame gblẽa ga dɔlar biliɔn 377 ya teti ƒe sia ƒe! Ga home aɖeke made amewo ƒe agbe kple lãmesẽ, siwo hã ŋu wògblẽa nu le zi geɖe la nu o. Le kpɔɖeŋu me, bu lɔrifɔkuwo ŋu kpɔ. Alɔ̃dɔdaƒe si le Sydney, Australia, gblɔ be lɔrifɔku siwo dzɔna le dukɔ ma me dometɔ alafa memama 20 vaseɖe 30 tsoa ʋukulawo ƒe alɔ̃dɔdɔ le ʋukuɣi gbɔ. Wobui be le United States la, akɔlɔ̃edɔdɔ gbɔe lɔrifɔku 100,000 ya teti tsona ƒe sia ƒe.

Gake nutikɔname ƒe nugblẽƒe mese ɖe afima o. Amesi nuvevi wɔ wotsɔ yi kɔdzi kpata be woawɔ dɔ nɛ kpɔa mɔ be yeƒe ɖɔkta le ŋute heɖɔa ŋu ɖo. Gake le ɖɔktaa ƒe ɖoɖowɔɖi si me vovo mele o kple dɔwɔwɔ gaƒoƒo geɖe ta la, ɖewohĩ manɔ ŋute ahaɖɔ ŋu ɖo tututu o! Australia Lãmesẽ Kple Dedienɔnɔ Dɔwɔƒe ƒe nyatakaka aɖe ɖee fia be ɖɔkta alafa memama 10 wɔa dɔ wu alesi dze, wòɖoa gaƒoƒo 65 le kwasiɖa ɖeka me, dɔléle tɔxɛwo dala alafa memama 17 wɔa dɔ gaƒoƒo geɖe wu ema, eye “ɖɔkta siwo metsi boo o” ƒe alafa memama 5 wɔa dɔ wu gaƒoƒo 80 le kwasiɖa ɖeka me!

Martin Moore-Ede gblɔ be: “Wotoa mɔfiamegbalẽwo, nuxlɔ̃amedzesiwo, kple hehexɔxɔwo dzi kpɔa mɔ̃wo ta. Amegbetɔwo vaa xexe sia me ametakpɔnu siawo tɔgbe aɖeke manɔmee. . . . Nyateƒe si wɔ nublanui enye be nusiwo míenya tso amegbetɔ ƒe wɔwɔme ŋu mede nusiwo míenya tso mɔ̃ siwo míezãna ƒe akpa vovovowo kple wo zazã ɖaŋuwo ŋu nu kura o.”

Dzesi kple mɔ̃ siwo xlɔ̃a nu mí be míatɔ te alo míagbɔ dzi ɖi la mele míaƒe ŋutilãwo ŋu o. Ke hã enaa dzesiwo mí tsɔ xlɔ̃a nu mí. Esiawo dometɔ aɖewoe nye ɖeɖiteameŋu si nɔa anyi ɖaa, amenyenye ƒe tɔtrɔ, blanuiléle, kple alesi dɔlékui siwo bɔ te ŋu dzea ame dzi bɔbɔe. Ne nusiawo ɖea fu na wò—gake ŋutilãmedɔléle alo lãmesẽkuxi aɖeke mele fu ɖem na wò hafi o—la, ke ɖewohĩ ɣeyiɣi de be nàgbugbɔ alé ŋku ɖe alesi nènɔa agbee ŋu.

Nusiwo Vovomanɔameŋu Gblẽna le Hadomegbenɔnɔ Ŋu

Nuteɖeamedzi kple alɔ̃ŋeŋeɖeme gbenɔnɔ la gblẽa nu le amewo dome ƒomedodowo hã ŋu. De ŋugble le John kple Maria, * siwo ɖe wo nɔewo yeyee ŋu kpɔ. Wodi nusi srɔ̃tɔ yeye akpa gãtɔ dina—aƒe si me dziɖeɖi le kple ganyawo ƒe dedienɔnɔ. Eyata wo ame evea ƒo wo ɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔwɔɖui me. Gake esi woƒe dɔwɔɣiwo ɖɔlina edziedzi ta la, ɣeyiɣi ʋɛ aɖe koe wonɔa wo nɔewo gbɔ ɖekae. Medidi o nu va te gbegblẽ le woƒe ƒomedodoa ŋu. Gake woŋe aɖaba ƒu dzesiawo dzi, eye wovu ɖe woƒe ɖoɖowɔɖi siwo me vovo mele o la ŋu vaseɖe esime woƒe srɔ̃ɖeɖe, si mekpɔ ɖo afi aɖeke haɖe o la, dome gblẽ.

Agbalẽ si nye The 24-Hour Society gblɔ be: “Amesiwo gbea wo nɔewo le ƒome siwo me tɔwo ƒe dɔmedeɣiwo ɖɔlina me la sɔ gbɔ alafa memama 60 wu ŋkeke me dɔwɔla siwo ƒe dɔmedeɣiwo metrɔna o tɔ.” Gake ne srɔ̃tɔwo ƒe dɔmedeɣi ɖɔlina loo alo meɖɔlina o, wo dometɔ geɖe dzea agbagba ƒoa wo ɖokui ɖe nu geɖe akpa wɔwɔ me ale gbegbe be, enana be woƒe srɔ̃ɖeɖe me va gblẽna. Le ame bubuwo gome la, nuteɖeamedzi kple nutikɔname ate ŋu awɔe be ɣesiaɣi woanɔ atikewo mimi kple ahamumu dzi eye womaɖu nu nyui o—menye ɖeko nusiawo dzia ɖeɖiteameŋu kple nutikɔname ɖe edzi o ke woate ŋu ahe kuxi bubu geɖe vɛ, ate ŋu anye ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu gɔ̃ hã.

Be woakpe ɖe dzilawo ŋu woanɔ te ɖe woƒe ɖoɖowɔɖi siwo me vovo mele o nu la, wole ɖevidzikpɔƒewo ƒe xexlẽme dzim ɖe edzi, eye wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã le dɔ wɔm gaƒoƒo 24 gbesiagbe. Gake le ɖevi geɖe gome la, television va zua amenublenu koŋ. Hafi ɖeviwo natsi ava zu ame tsitsi ɖotawo eye woada asɔ le seselelãme gome la, ehiã be wo dzilawo nakpɔ vovo ɖe wo ŋu nyuie. Eyata nunya anɔ eme be dzila siwo ŋu ɖeɖi tena ale gbegbe be womekpɔa vovo ɖe wo viwo ŋu o le agbagbadzedze be woanɔ agbe kɔkɔ aɖe ta la nabu nusiwo gbegbe wòava gblẽ—le wo viwo kple woa ŋutɔwo ŋu—la ŋuti.

Le egbegbe xexe si me mɔ̃ɖaŋununya naa nuwo yina kabakaba me la, zi geɖe egblẽa nu geɖe le ame tsitsiwo hã ŋu. Nuwo ƒe tɔtrɔ kabakaba kple alesi wole mɔ̃ yeye geɖe tom vɛ ɣesiaɣi be woaƒle ta la, ame geɖe senɛ le wo ɖokui me be yewotɔtɔ, yewomele dedie o, vɔvɔ̃ ɖo yewo, alo be yewozu tsigãdzimewo gɔ̃ hã. Eyata aleke etsɔme anɔ na woe?

Ðe mí katã—ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa—ƒe agbe nɔ te ɖe xexe sia si dze abe anɔ ablaɖeɖe dzi ɖaa ene la dzi keŋkeŋua? Alo ɖe nanewo li míate ŋu awɔ be wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe enu ahana míaƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzia? Dzidzɔtɔe la, woli, abe alesi míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 20 Míetrɔ ŋkɔawo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Ðewohĩ nutikɔname hã gbɔe nukliafɔku si dzɔ le Chernobyl, “Challenger” yamenutomeyimɔ̃ si wó, kple “Exxon Valdez” meli si gbagba ami ɖi la tso

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy U.S. Department of Energy’s International Nuclear Safety Program

NASA photo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 19]

Agbemehloloetsotsowo ate ŋu agblẽ srɔ̃ɖeɖewo me

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ame aɖewo tea kpɔ be yewoanɔ te ɖe nɔnɔmea nu to ahamumu me